TA SIA ƑE TAÐODZINU

Ale si Yehowa na Fiaɖuƒe nyateƒea ƒe nukuwo le tsitsim

1, 2. (a) Nu ka tae nusrɔ̃lawo tɔtɔ? (b) Nuŋeŋe ka ŋue Yesu le nu ƒom tsoe?

YESU ƒe nusrɔ̃lawo tɔtɔ le wo ɖokui me. Nu ka tae? Yesu gblɔ na wo be: “Mifɔ mo dzi, eye miakpɔ agbleawo dzi ɖa, be woƒu hena ŋeŋe.” Gake esi wokpɔ agble siwo dzi Yesu nɔ asi fiamee la, nuku aɖeke meƒu o, wokpɔtɔ le mumu, elabena ɖeko ƒo siwo woƒã la to aŋgba teti koe nye ema. Eya ta woanya bia wo ɖokuiwo be, ‘Nuŋeŋe kae wòwɔnɛ? Esusɔ ɣleti geɖe hafi nuŋeɣi naɖoe?’—Yoh. 4:35.

2 Gake menye nuŋeŋe ŋutɔŋutɔ ŋue Yesu le nu ƒom tsoe o. Ke boŋ ɖe wòdi be yeafia nu vevi eve aɖewo yeƒe nusrɔ̃lawo tso gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ, si nye amewo nu ƒoƒo ƒu dɔa, ŋu. Nu vevi eve kawoe? Be míanya la, mina míadzro ŋutinya sia me yi ŋgɔ vie.

Dɔa Hiã Kpata Eye Dɔwɔlawo Akpɔ Dzidzɔ

3. (a) Nu kae anya ʋã Yesu wògblɔ be: ‘agbleawo dzi ƒu hena ŋeŋe’? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (b) Aleke Yesu na wonya be menye nuŋeŋe ŋutɔŋutɔ ŋue yele nu ƒom tsoe o?

3 Ƒe 30 M.Ŋ. ƒe nuwuwue Yesu gblɔ nya sia na eƒe nusrɔ̃lawo le Samaria du si nye Sixar gbɔ lɔƒo. Esi nusrɔ̃lawo ge ɖe dua me la, Yesu ya tɔ ɖe vudo aɖe to. Eɖe Mawu subɔsubɔ ŋuti nyateƒenya aɖewo me na nyɔnu aɖe si va afi ma, eye nyɔnua kpɔ nu siwo wòfiae la ƒe vevienyenye dze sii enumake. Esi nusrɔ̃lawo trɔ va Yesu gbɔ la, nyɔnua ɖe abla yi Sixar dua me ɖaka nya wɔdɔɖeamedzi siwo wòse la ta na dua me tɔwo. Eƒe nyawo nyɔ ame geɖewo ƒe ɖetsɔleme eye dua me tɔ geɖewo do bibibi gbɔna Yesu gbɔ le vudoa to. Anɔ eme be ɣemaɣie, esi Yesu kpɔ agbleawo dzi eye wòkpɔ Samariatɔawo wogbɔna le adzɔge ʋĩi lae wògblɔ be: “Mifɔ mo dzi, eye miakpɔ agbleawo dzi ɖa, be woƒu hena ŋeŋe.” * Azɔ esi Yesu di be yeana woanya be gbɔgbɔmenuŋeŋe ŋue yele nu ƒom tsoe, ke menye nuŋeŋe ŋutɔŋutɔ o la, egblɔ kpee be: “Nuŋela le . . . kutsetse nu ƒom ƒu hena agbe mavɔ.”—Yoh. 4:5-30, 36.

4. (a) Nu vevi eve kae Yesu fia tso nuŋeŋedɔa ŋu? (b) Nyabiase kawo mee míadzro?

4 Nu vevi eve kae Yesu fia tso gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa ŋu? Gbãtɔae nye be, dɔa hiã kpata. Esi wògblɔ be, ‘agbleawo ƒu hena ŋeŋe’ la, ɖe wòdi be yeade dzo ye yomedzelawo me ɖe dɔa ŋu. Be wòakpe ɖe eƒe nusrɔ̃laawo ŋu woakpɔ ale si gbegbe  dɔa hiã kpatae la, egblɔ kpee be: “Fifia kura gɔ̃ hã la, nuŋela le fetu xɔm.” Ɛ̃, esia fia be nuŋeŋea dze egɔme xoxo, eya ta mele be woahe ɖe megbe o! Evelia, dɔwɔlawo akpɔ dzidzɔ. Yesu gblɔ be nukuwula kple nuŋela siaa ‘akpɔ dzidzɔ ɖekae.’ (Yoh. 4:35b, 36) Abe ale si ko Yesu ŋutɔ anya kpɔ dzidzɔ esi ‘Samariatɔ geɖe xɔ edzi se’ ene la, nenema kee eƒe nusrɔ̃lawo hã akpɔ dzidzɔ geɖe ne wowɔ nuŋeŋedɔa tso luʋɔ blibo me. (Yoh. 4:39-42) Gɔmesese vevi aɖe le ƒe alafa gbãtɔ me nudzɔdzɔ sia ŋu na mí egbea, elabena ehe susu yi gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ gãtɔ kekeake si wɔm míele egbea dzi. Ɣekaɣie egbegbe nuŋeŋedɔ sia dze egɔme? Ame kawoe le gome kpɔm le eme? Nu kawoe le dodom tso eme?

Míaƒe Fia La Xɔ Ŋgɔ Na Nuŋeŋedɔ Gãtɔ Kekeake Si Le Edzi Yim

5. Ame kae xɔ ŋgɔ na xexea me katã ƒe nuŋeŋedɔa, eye alekee ŋutega si Yohanes kpɔ la ɖee fia be dɔa hiã kpata?

5 Yehowa ɖee fia le ŋutega aɖe si wòɖe fia apostolo Yohanes me be yetia Yesu be wòaxɔ ŋgɔ na amewo nu ƒoƒo ƒu dɔ si wɔm wole le xexea me katã. (Mixlẽ Nyaɖeɖefia 14:14-16.) Woɖɔ Yesu le ŋutega ma me be eɖɔ fiakuku eye wòlé hɛ gobɛ aɖe ɖe asi. ‘Sikafiakuku si le ta na Yesu’ la ɖo kpe eƒe ɖoƒe abe Fia si le dzi ɖum ene dzi. ‘Hɛ gobɛ ɖaɖɛ si le esi’ la he susu yi eƒe ɖoƒe si nye Nuŋela dzi. Esi Yehowa to mawudɔla aɖe dzi gblɔ be “anyigba la ƒe nukuwo ɖi nyuie” la, ele gbe tem ɖe edzi be dɔa hiã kpata. Ɛ̃, “gaƒoƒo la ɖo be woaŋe nu,” eya ta hehe ɖe megbe meli o! Mawu ɖe gbe na Yesu be, “do wò hɛ gobɛ la ɖa,” eye Yesu wɔ ɖe edzi heŋe nu le anyigba dzi, si fia be eƒo amewo nu ƒu le anyigba dzi. Ŋutega wɔdɔɖeamedzi sia le ŋku ɖom edzi na mí be ‘agbleawo ƒu hena ŋeŋe’ le míaƒe ɣeyiɣia me hã. Ðe ŋutega sia kpe ɖe mía ŋu be míanya ɣeyiɣi si me xexea me katã ƒe nuŋeŋedɔa dze egɔmea? Ɛ̃!

6. (a) Ɣekaɣie “nuŋeɣia” dze egɔme? (b) Ɣekaɣie wodze “anyigba la ƒe nukuwo” ŋeŋe gɔme? Ðe eme.

6 Esi Yohanes ɖɔ Yesu le eƒe ŋutega si le Nyaɖeɖefia ta 14 me be enye Nuŋela si ɖɔ fiakuku la, (kpukpui 14) esia fia be woɖoe Fia le ƒe 1914 me hafi nya siawo va eme. (Dan. 7:13, 14) Ɣeyiɣi aɖe le Yesu ɖoɖo Fia megbee woɖe gbe nɛ be wòadze nuŋeŋedɔa gɔme (kpukpui 15). Esia wɔ ɖeka kple ɣeyiɣi si Yesu fia asii le lu ŋuti lododoa me be luawo ŋeŋe adze egɔme. Egblɔ be: “Nuŋeɣi lae nye nuɖoanyi aɖe ƒe nuwuɣi.” Eya ta nuŋeɣi la kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la dze egɔme le ɣeyiɣi ɖeka me—si nye ƒe 1914. Ɣeyiɣi aɖe le “nuŋeɣia” me, hafi nuŋeŋedɔa ŋutɔŋutɔ va dze egɔme. (Mat. 13:30, 39) Ne míetrɔ kpɔ megbe la, míakpɔe be nuŋeŋedɔa dze egɔme ƒe aɖewo esi Yesu dze dziɖuɖu abe Fia ene megbe. Gbãa, tso ƒe 1914 va ɖo ƒe 1919 ƒe gɔmedzedze la, Yesu wɔ amewo ŋu kɔkɔ dɔ aɖe le eyomedzela amesiaminawo dome. (Mal. 3:1-3; 1 Pet. 4:17) Emegbe, le ƒe 1919 me la, “anyigba la ƒe nukuwo” ŋeŋe  dze egɔme. Yesu mehe ɖe megbe kura o, eto kluvi nuteƒewɔla si wòɖo teti koe nye ema la dzi kpe ɖe nɔviwo ŋu wokpɔe be gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata. Aleke wòwɔe? Mina míakpɔe ɖa.

7. (a) Nu ka me dzodzroe kpe ɖe nɔviwo ŋu wokpɔe be gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata? (b) Nu kae wode dzi ƒo na mía nɔviwo be woawɔ?

7 Le July 1920 me la, wogblɔ le Gbetakpɔxɔ me be: “Ŋɔŋlɔawo me dzodzro kpe ɖe mía ŋu míekpɔe kɔtɛ be wona mɔnukpɔkpɔ gã aɖe hame la be wòaɖe gbeƒã fiaɖuƒea.” Le kpɔɖeŋu me, Yesaya ƒe nyagblɔɖi aɖewo kpe ɖe nɔviawo ŋu wokpɔe be ele be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia le xexea katã me. (Yes. 49:6; 52:7; 61:1-3) Womenya ale si tututu dɔ sia anya wɔe ya o, gake woka ɖe edzi be Yehowa aʋu mɔ na yewo. (Mixlẽ Yesaya 59:1.) Esi wova se egɔme nyuie alea be gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata ta la, wode dzi ƒo na nɔviwo be woadzi woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa ɖe edzi. Aleke nɔviawo wɔ nui?

8. Le ƒe 1921 me la, nu vevi eve kae nɔviwo kpɔ dze sii le gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?

8 Le December 1921 me la, gbeƒãɖeɖe sia dze le Gbetakpɔxɔ me be: “Míewɔ dɔ le ƒe sia me wu bubu ɖe sia ɖe. Ame geɖewo se nyateƒe gbedeasia le ƒe 1921 me wu ƒe ɖe sia ɖe si va yi.” Gbetakpɔxɔa gblɔ kpee be: “Gake dɔ geɖe gali míawɔ. . . . Mina míatsɔ dzi kpɔdzidzɔ awɔe.” Ède dzesii be nɔviawo kpɔ nu vevi eve siwo tututu dzi Yesu he eƒe apostoloawo ƒe susu yi ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la dze siia? Wokpɔe be dɔa hiã kpata, eye be dɔwɔlawo akpɔ dzidzɔ.

9. (a) Le ƒe 1954 me la, nya kae Gbetakpɔxɔ gblɔ tso nuŋeŋedɔa ŋu, eye nu ka tae? (b) Aleke gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi le xexea ƒe teƒeteƒewo le ƒe 50 siwo va yi me? (Kpɔ aɖaka si nye “Dzidziɖedzi Si Le Xexea Me Vam.”)

9 Esi nɔviawo va se egɔme le ƒe 1930-awo me be alẽ bubuawo ƒe ameha gã aɖe ava xɔ Fiaɖuƒegbedeasia la, wogade dzo gbeƒãɖeɖedɔa me ɖe edzi. (Yes. 55:5; Yoh. 10:16; Nyaɖ. 7:9) Nu kae do tso eme? Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso 41,000 le ƒe 1934 me va ɖo 500,000 sɔŋ le ƒe 1953 me! Eya ta December 1, 1954 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒo nya ta wòsɔ nyuie be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔa kple ŋusẽ si le eƒe Nyaa ŋu lae na xexea me katã ƒe nuŋeŋedɔ gã sia le dzidzedze kpɔm.” *Zax. 4:6.

DZIDZIÐEDZI SI LE XEXEA ME VAM

Dukɔ

1962

1987

2013

Australia

15,927

46,170

66,023

Brazil

26,390

216,216

756,455

France

18,452

96,954

124,029

Italy

6,929

149,870

247,251

Japan

2,491

120,722

217,154

Mexico

27,054

222,168

772,628

Nigeria

33,956

133,899

344,342

Philippines

36,829

101,735

181,236

U.S. of America

289,135

780,676

1,203,642

Zambia

30,129

67,144

162,370

ALE SI BIBLIA NUSƆSRƆ̃WO LE DZIDZIM ÐE EDZI

1950

234,952

1960

646,108

1970

1,146,378

1980

1,371,584

1990

3,624,091

2000

4,766,631

2010

8,058,359

 Kpɔɖeŋu Wɔdɔɖeamedzi Siwo Yesu Wɔ Tsɔ Gblɔ Nuŋeŋedɔa Me Tsonuwo Ði

10, 11. Le sinapi-ku ŋuti kpɔɖeŋua me la, nukua ƒe tsitsi ƒe akpa kawo dzie wohe susu yi?

10 Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu siwo ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu me la, ezã nya wɔdɔɖeamedziwo tsɔ gblɔ nuŋeŋedɔa me tsonuwo ɖi. Mina míadzro sinapi-ku kple amɔwɔʋãnu ŋuti kpɔɖeŋuawo me kpɔ. Ale si kpɔɖeŋu mawo le eme vam le nuwuɣi sia me koŋ ŋue míaƒo nu tsoe.

11 Sinapi-ku ŋuti kpɔɖeŋua. Ŋutsu aɖe ƒã sinapi-ku ɖe agble me. Emegbe etsi va zu ati gã aɖe si ƒe alɔwo me xeviwo va nɔna. (Mixlẽ Mateo 13:31, 32.) Nukua ƒe tsitsi ƒe akpa ka dzie kpɔɖeŋu sia he susu yi? (1) Ale si nukua tsi kabakaba la wɔ nuku. “Anyigba dzi nuku suetɔ kekeake” la tsi va zu ati si ɖe “alɔ gãwo.” (Marko 4:31, 32) (2) Kakaɖedzi li be nukua atsi. ‘Esi woƒã nukua la, etsi.’ Yesu megblɔ be, “Ðewohĩ ele tsitsi ge o.” Ke boŋ egblɔ be: “Etsi.” Naneke mate ŋu axe mɔ na eƒe tsitsi o. (3) Xevi geɖewo kpɔe be yewoate ŋu akpɔ nɔƒe le ati si le tsitsim la me. ‘Dziƒoxewo vana eye wonɔa eƒe vɔvɔli te.’ Aleke nu etɔ̃ siawo ku ɖe gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ si le edzi yim egbea ŋu?

12. Aleke sinapi-ku ŋuti kpɔɖeŋua ku ɖe nuŋeŋedɔ si le edzi yim egbea ŋu? (Kpɔ aɖaka si nye “Ale Si Biblia Nusɔsrɔ̃wo Le Dzidzim Ðe Edzi” hã.)

12 (1) Dzidziɖedzia vana kabakaba: Sinapi-ku ŋuti kpɔɖeŋua ku ɖe Fiaɖuƒegbedeasia ƒe ta keke kple Kristo hamea ƒe dzidziɖedzi ŋu. Tso ƒe 1919 me la, woƒo ame siwo tsɔ veviedodo le nuŋeŋedɔa wɔm la nu ƒu ɖe Kristo hame si wogagbugbɔ ɖo anyi la me. Dɔwɔla ʋɛ aɖewo koe nɔ anyi ɣemaɣi, gake wodzi ɖe edzi kabakaba. Nyateƒee, dzidziɖedzi si va tso ƒe 1900-awo ƒe gɔmedzedze va se ɖe egbea la wɔ nuku ŋutɔ. (Yes. 60:22) (2) Kakaɖedzi: Naneke mete ŋu xe mɔ na Kristo hamea ƒe dzidziɖedzi o. Togbɔ be Mawu ƒe futɔwo li kɔ tsitretsiɖeŋu gbogbo aɖewo ɖe atiku suea dzi be wòagatsi o hã la, tsitsi dzi ko wòle. (Yes. 54:17) (3) Nɔƒe: ‘Dziƒoxe’ siwo va kpɔ nɔƒe le atia ƒe alɔwo me la le tsitre ɖi na dzinyuitɔ miliɔn geɖe siwo se Fiaɖuƒegbedeasia le dukɔ siwo wu 240 me eye wova zu Kristo hamea me tɔwo. (Eze. 17:23) Wokpɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu, dzidzeme, kple takpɔkpɔ le afi ma.—Yes. 32:1, 2; 54:13.

Sinapi-ku ŋuti kpɔɖeŋua ɖee fia be ame geɖewo va kpɔ nɔƒe kple takpɔkpɔ le Kristo hamea me (Kpɔ memama 11, 12)

13. Dzidziɖedzia ƒe akpa kawo dzie amɔwɔʋãnu ŋuti kpɔɖeŋua he susu yi?

13 Amɔwɔʋãnu ŋuti kpɔɖeŋua. Esi nyɔnu aɖe tsɔ amɔwɔʋãnu vi aɖe de amɔwɔ gbogbo aɖe me la, amɔwɔ bliboa ʋã. (Mixlẽ Mateo 13:33.) Dzidziɖedzia ƒe akpa kawo dzie kpɔɖeŋu sia he susu yi? Mina míadzro wo dometɔ eve me. (1) Dzidziɖedzia hea tɔtrɔ vɛ. Amɔwɔʋãnua nɔ kakam ɖe amɔwɔa me vivivi “va se ɖe esime amɔwɔ bliboa ʋã.” (2) Dzidziɖedzia kekena ɖe enu. Amɔwɔʋãnua na “amɔwɔ dzidzenu gã teƒe etɔ̃” la katã ʋã. Alekee nu eve siawo ku ɖe egbegbe gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa ŋu?

14. Aleke amɔwɔʋãnu ŋuti kpɔɖeŋua ku ɖe nuŋeŋedɔa ŋu egbea?

 14 (1) Tɔtrɔ si wòhena vɛ: Amɔwɔʋãnua le tsitre ɖi na Fiaɖuƒegbedeasia, eye amɔwɔ bliboa le tsi tre ɖi na ameƒomea. Ale si ko ne wotsɔ amɔwɔʋãnu de amɔwɔ me wòtrɔa amɔwɔa henana wòʋãna la, nenema kee Fiaɖuƒegbedeasia hea tɔtrɔ vaa ame siwo xɔnɛ la ƒe dzi me. (Rom. 12:2) (2) Ale si wòkekena ɖe enu: Amɔwɔʋãnua ƒe kaka ɖe amɔwɔa me le tsitre ɖi na ale si Fiaɖuƒegbedeasia le ta kekem. Amɔwɔʋãnu kakana ɖe amɔwɔ me va se ɖe esime wòxɔa amɔwɔ bliboa katã me. Nenema kee Fiaɖuƒegbedeasia le ta kekem “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Kpɔɖeŋua ƒe akpa sia ɖee fia be le dukɔ siwo me woɖo asi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le kura gɔ̃ hã me la, Fiaɖuƒegbedeasia akeke ta, togbɔ be ɖewohĩ gbeƒãɖeɖedɔa madze gaglã woakpɔ le teƒe mawo o hã.

15. Aleke Yesaya 60:5, 22 me nyawo le eme vam egbeae? (Kpɔ aɖaka si nye “Naneke Mesesẽ Na Yehowa O,” le axa 93, kple esi nye “Ale Si ‘Ame Ʋɛwo’ Zu ‘Dukɔ Sesẽ,’” le axa 96-97 hã.)

15 Ƒe 800 aɖewo hafi Yesu nagblɔ kpɔɖeŋu mawo la, Yehowa to Yesaya dzi gblɔ ale si gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa akeke ta egbeae kple dzidzɔ si wòahe vɛ la ŋu nya ɖi le mɔ  wɔdɔɖeamedzi aɖe nu. * Yehowa ƒo nu tso ale si amewo “atso didiƒe” anyẽ zi ava eƒe habɔbɔa me ŋu. Yehowa gblɔ nya siwo gbɔna na amesiamina susɔe siwo le anyigba dzi egbea, si wotsɔ “nyɔnu” wɔ kpɔɖeŋu na la, be: “Àkpɔe, eye àko atsemenu, wò dzi adzo kpo, eye wòavu eɖokui; elabena atsiaƒu me nu xɔasiwo do agbogbo ɖe dziwò, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo va na wò.” (Yes. 60:1, 4, 5, 9) Nya siawo va eme nyateƒe! Egbea, ame siwo le Yehowa subɔm ƒe geɖee nye esia ƒe dzi kpɔa dzidzɔ le esi wokpɔ eteƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖela ʋɛ siwo nɔ woƒe dukɔa me la dzi ɖe edzi va zu ame akpeakpewo fifia ta.

Nu Si Ta Wòle Be Yehowa Subɔlawo Katã Nakpɔ Dzidzɔ

16, 17. Susu siwo ta ‘nukuwula kple nuŋela siaa kpɔa dzidzɔ ɖekae’ la dometɔ ɖeka ɖe? (Kpɔ aɖaka si nye “Ale Si Trakt Eve Ðo Ame Eve Ƒe Dzi Gbɔ Le Amazon Nutoawo Me” hã.)

16 Ànya ɖo ŋkui be Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo be: “Nuŋela le . . . kutsetse nu ƒom ƒu hena agbe mavɔ, ale be nukuwula kple nuŋela siaa nakpɔ dzidzɔ ɖekae.” (Yoh. 4:36) Aleke míekpɔa “dzidzɔ ɖekae” le xexea me katã ƒe nuŋeŋedɔa mee? Esia dzɔna le mɔ geɖe nu. Mina míadzro wo dometɔ etɔ̃ me.

17 Gbã la, míekpɔa dzidzɔ elabena míekpɔa Yehowa ƒe asi le dɔ si wɔm míele me. Ne míeɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia la, ke nukue nye ema wum míele. (Mat. 13:18, 19) Ne míekpe ɖe ame aɖe ŋu wòva zu Kristo ƒe nusrɔ̃la la, ke nukue nye ema míeŋe. Dzidzɔ manyagblɔ aɖe yɔa mí katã me ne míekpɔ ale si Yehowa nana Fiaɖuƒea ƒe nukuwo “miena hetsina.” (Marko 4:27, 28) Nuku siwo míewuna la dometɔ aɖewo va miena emegbe eye ame bubuwo ŋea wo. Ðewohĩ nuteƒekpɔkpɔ aɖewo su asiwò, siwo de sɔsɔ ge kple mía nɔvinyɔnu Joan, si le Britain eye wòxɔ nyɔnyrɔ ƒe 60 ye nye esia la tɔ. Egblɔ be: “Medoa go ame aɖewo siwo gblɔna nam be meƒã nyateƒea ƒe nuku ɖe yewoƒe dzi me esi meɖe gbeƒã na yewo ƒe aɖewo va yi. Le nye manyamanya me la, Ðasefo bubuwo va srɔ̃ Biblia kpli wo emegbe hekpe ɖe wo ŋu wozu Yehowa subɔlawo. Mekpɔa dzidzɔ be nuku siwo meƒã la va tsi eye woŋe wo.”—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 3:6, 7.

18. Susu bubu si ta wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖo kae dze le 1 Korintotɔwo 3:8?

18 Evelia, míekpɔa dzidzɔ ne míena nya siwo Paulo gblɔ la le susu me na mí be: “Ame sia ame axɔ ye ŋutɔ ƒe fetu le ye ŋutɔ ƒe [dɔwɔwɔ] nu.” (1 Kor. 3:8) Wonaa fetu ame ɖe eƒe dɔwɔwɔ nu, ke menye ɖe nu siwo do tso dɔ si wòwɔ me nu o. Aleke gbegbe nya siawo faa akɔ na ame siwo le gbeƒã ɖem le anyigbamama siwo metsea ku boo o mee nye esi! Le Yehowa gbɔ la, Ðasefo ɖe sia ɖe si nya tsɔ dzi blibo le gome kpɔm le nukuwuwu dɔa me la le “ku geɖe tsem,” eye esia nye susu si ta wòle be wòakpɔ dzidzɔ ɖo.—Yoh. 15:8; Mat. 13:23.

19. (a) Aleke Yesu ƒe nyagblɔɖi si le Mateo 24:14 la ku ɖe míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu? (b) Ne míekpɔ ame aɖeke asrɔ̃ Biblia kplii o hã la, nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí?

19 Etɔ̃lia, míekpɔa dzidzɔ be míaƒe dɔa na nyagblɔɖi aɖe le eme vam. Esi apostolowo bia Yesu be, “Nu kae anye wò anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” la, bu ale si  wòɖo eŋui ŋu kpɔ. Egblɔ na wo be dzesia ƒe akpa aɖe anye gbeƒãɖeɖedɔ si woawɔ le xexea me katã. Nusɔsrɔ̃ kple amewo ƒe nya gblɔm wòlea? Ao. Egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mat. 24:3, 14) Esia fia be gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea, alo nukuwo wuwu, ye nye dzesia ƒe akpa aɖe. Eya ta esi míele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe nya nyuia la, ele be wòanɔ susu me na mí be ne míekpɔ ame aɖeke srɔ̃ nu kplii o hã la, míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖeɖe nye “ɖaseɖiɖi” na wo. * Ɛ̃, aleke kee amewo ɖawɔ nu ɖe míaƒe gbedeasia ŋui o, míena Yesu ƒe nyagblɔɖia le eme vam eye bubue wònye na mí be míenye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo.” (1 Kor. 3:9) Ðe esia menye susu nyui aɖe si ta wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖo oa?

“Tso Ɣedzeƒe Va Se Ðe Ɣetoɖoƒe”

20, 21. (a) Aleke Maleaxi 1:11 me nyawo le eme vamee? (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ le nuŋeŋedɔa me, eye nu ka tae?

20 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yesu kpe ɖe eƒe apostolowo ŋu wokpɔe be nuŋeŋedɔa hiã kpata. Tso ƒe 1919 me ke la, Yesu le kpekpem ɖe eƒe nusrɔ̃la siwo li egbea hã ŋu be woakpɔ nyateƒenya sia adze sii. Eya ta Mawu ƒe amewo va tsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu geɖe wu. Le nyateƒe me la, wole nuŋeŋedɔa dzi madzudzɔmadzudzɔe. Abe ale si nyagblɔɖila Maleaxi gblɔe ɖi ene la, wole gbeƒãɖeɖedɔa wɔm egbea “tso ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe.” (Mal. 1:11) Nyateƒee, nukuwulawo kple nuŋelawo siaa le dɔa dzi hele dzidzɔ kpɔm ɖekae tso ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe, ɛ̃ le anyigbaa ƒe afi sia afi. Eye míenɔa dɔ sia dzi tso esime ɣe dzena va se ɖe esime ɣe ɖoa to hã, ɛ̃ tso ŋdi yi fiẽ, elabena míenya be dɔa hiã kpata.

21 Ne míetrɔ kpɔ megbe, le ƒe 100 siwo va yi me, eye míekpɔ ale si Mawu subɔla ʋɛ siwo nɔ anyi dzi ɖe edzi va zu “dukɔ sesẽ” egbea la, míaƒe dzi ‘dzoa kpo, eye wòvua eɖokui’ le dzidzɔ si gbegbe míekpɔna ta. (Yes. 60:5, 22) Neva eme be dzidzɔ sia kple lɔlɔ̃ na Yehowa, “nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la,” naʋã mía dometɔ ɖe sia ɖe míayi edzi awɔ mía tɔ sinua be míawu nuŋeŋedɔ gãtɔ kekeake si le edzi yim egbea la nu!—Luka 10:2.

^ mm. 3 Le Helagbe me la, nya si Yesu gblɔ be ‘agbleawo dzi ƒu’ la fia be ‘agbleawo dzi fu ɣi.’ Ate ŋu anɔ eme be awu ɣi ye Samariatɔ siwo wòkpɔ wogbɔna la do, eya tae wògblɔ nya ma.

^ mm. 9 Míele dzi dem ƒo na wò be nàxlẽ agbalẽ si nye Jehovah’s WitnessesProclaimers of God’s Kingdom (Les Témoins de Jéhovah: Prédicateurs du Royaume de Dieu) ƒe axa 425-520 be nàkpɔ ale si dɔa yi edzi le ƒe mawo kple esiwo kplɔe ɖo me, elabena eƒo nu tso nuŋeŋedɔ si wowɔ tso ƒe 1919 va se ɖe ƒe 1992 me la ŋu.

^ mm. 15 Be nàkpɔ numeɖeɖe bubuwo tso nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi sia ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II, axa 303-320.

^ mm. 19 Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔwo se nyateƒe vevi ma gɔme xoxoxo. November 15, 1895 ƒe Zion Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Ne lu ʋɛ aɖewo nu koe míate ŋu aƒo ƒu hã la, míate ŋu aɖi ɖase na ame geɖe ya tso nyateƒea ŋu. . . . Mí katã míate ŋu aɖe gbeƒã nya nyuia.”