Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 7

Gbeƒãɖeɖemɔnuwo​—Wole Mɔnu Ðe Sia Ðe Zãm Be Nya Nyuia Naɖo Amewo Gbɔ

Gbeƒãɖeɖemɔnuwo​—Wole Mɔnu Ðe Sia Ðe Zãm Be Nya Nyuia Naɖo Amewo Gbɔ

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Mawu ƒe amewo zãa mɔnu vovovowo le gbeƒãɖeɖedɔa me be yewoate ŋu aɖo ame gbogbotɔ kekeake gbɔ

1, 2. (a) Mɔnu kae Yesu zã esi wòdi be yeaƒo nu na ameha gã aɖe? (b) Aleke Kristo yomedzela wɔnuteƒewo le eƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m, eye taɖodzinu ka tae?

GBE ɖeka esi ameha gã aɖe ƒo zi ɖe Yesu ŋu le ƒu ta la, ege ɖe tɔdziʋu me eye wòna woku ʋua yi ƒua dzi vie. Nu ka tae? Enya be ne yele ƒua dzi hafi ƒo nu la, tsiawo awɔe be yeƒe nuƒoa aɖi nyuie amehawo nase.​—Mixlẽ Marko 4:1, 2.

2 Le ƒe ʋɛ siwo do ŋgɔ na Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi kple esiwo kplɔe ɖo siaa me la, Kristo yomedzela wɔnuteƒewo srɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua, elabena woto mɔnu yeyewo vɛ be yewoatsɔ ana Fiaɖuƒe nya nyuia naɖo ame gbogbotɔ kekeake gbɔ. Le Fia la ƒe mɔfiafia te la, Mawu ƒe amewo yi edzi le mɔnu yeyewo zãm hele tɔtrɔm ɖe nɔnɔmeawo kple mɔ̃ɖaŋunu yeye siwo le totom la ŋu. Míedi be nya nyuia naɖo ame gbogbotɔ kekeake gbɔ hafi nuwuwua nava. (Mat. 24:14) Mina míadzro mɔnu siwo míezã va yi be míate ŋu aɖo amewo gbɔ le afi sia afi la dometɔ aɖewo me kpɔ. Ne míele eme dzrom la, de ŋugble tso ale si nàte ŋu asrɔ̃ ame siwo ɖe gbeƒã nya nyuia le ɣeyiɣi mawo me ƒe xɔsee la ŋu.

Gbeƒãɖeɖe Na Ame Hahowo

3. Nu kae ku dzi na nyateƒea ƒe futɔwo?

3 Nyadzɔdzɔgbalẽwo. Tso ƒe 1879 me ke la, Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛwo to Gbetakpɔxɔ dzi na Fiaɖuƒegbedeasia nɔ ame geɖe gbɔ ɖom. Gake le ƒe ʋɛ siwo do ŋgɔ na ƒe 1914 me la, edze ƒãa be Kristo kpe ɖe wo ŋu woto mɔnu bubuwo dzi na nya nyuia gaɖo ame geɖe gbɔ wu tsã. Nu siawo tɔgbi te dzɔdzɔ tso ƒe 1903 me. Le ƒe ma me la, Aƒetɔ E. L. Eaton, si xɔ ŋgɔ na Protestantɔwo ƒe osɔfo aɖewo la, ƒu asi akɔ be esi wònye ze wu ze, tɔ gbɔ wokpɔnɛ le ta, ye kple Charles Taze Russell yewoakpe le amehawo ŋkume ŋkeke aɖewo ne yewoakpɔe ɖa be ame kae aɖe Biblia ƒe nufiafiawo me nyuie wu hã. Eaton ŋlɔ lɛta ɖo ɖe Russell gblɔ be: “Esi wònye be nya aɖewo li siwo me nye kpli wò ƒe susu to vovo le . . . ta la, mesusui be adzɔ dzi na amehawo ŋutɔ ne nye kpli wò míedzro nya siawo me le dutoƒo.” Russell kple eƒe zɔhɛwo hã kpɔe be numedzodzroa aɖe vi na amehawo, eya ta wowɔ ɖoɖo be woanɔ numedzodzro siawo tam ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ xɔŋkɔ aɖe me  (The Pittsburgh Gazette). Amewo kpɔ dzidzɔ ɖe nyati mawo siwo wotana ɖe nyadzɔdzɔgbalẽa me, kple ale si Russell ɖea Biblia me nyateƒea me nyuie la ŋu ŋutɔ, eye esia wɔe be nyadzɔdzɔgbalẽa talawo doe ɖa be yewoanɔ Russell ƒe nuƒo bubuwo tam kwasiɖa sia kwasiɖa. Esia ku dzi na nyateƒea ƒe futɔwo ale gbegbe!

Kaka ƒe 1914 naɖo la, nyadzɔdzɔgbalẽ 2,000 kple edzivɔwoe taa Russell ƒe nuƒowo

4, 5. Nɔnɔme nyui kae Russell ɖe fia, eye aleke ame siwo le agbanɔamedzinɔƒe ate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

4 Eteƒe medidi o, nyadzɔdzɔgbalẽ geɖewo di be yewoanɔ Russell ƒe nuƒowo tam. Kaka ƒe 1908 naɖo la, Gbetakpɔxɔ te ŋu ka nya ta be wotaa eƒe nuƒowo ɖe “nyadzɔdzɔgbalẽ 11 me edziedzi.” Gake nɔvi siwo nya nu tso nyadzɔdzɔgbalẽ tata dɔwo ŋu la ɖo aɖaŋu na Russell be ne ena woɖe Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã tso Pittsburgh yi du bubu si xɔ ŋkɔ wu me la, nyadzɔdzɔgbalẽ bubu geɖewo alɔ̃ anɔ eƒe Biblia me nyatiwo tam. Esi Russell de ŋugble tso woƒe aɖaŋuɖoɖoa ŋu heda nu bubuwo kpɔ nyuie vɔ la, ena woɖe dɔwɔƒea yi Brooklyn, New York, le ƒe 1909 me. Nu kae do tso eme? Le ɣleti ʋɛ aɖewo ko megbe la, nyadzɔdzɔgbalẽ 400 sɔŋ dze eƒe nuƒowo tata, eye bubuwo va le ekpem tso ŋkeke yi ŋkeke. Kaka woaɖo Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me la, nyadzɔdzɔgbalẽ 2,000 kple edzivɔwoe le Russell ƒe nuƒowo kple nyati siwo wòŋlɔna la tam ɖe gbegbɔgblɔ ene me!

5 Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia me? Anyo be ame siwo le agbanɔamedzinɔƒe le Mawu ƒe habɔbɔa me egbea nasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui si Russell ɖo. Le mɔ ka nu? Ne wole nyametsotso veviwo wɔm la, anyo be woabu aɖaŋu siwo ame bubuwo aɖo hã ŋu.​—Mixlẽ Lododowo 15:22.

6. Gblɔ ame siwo to nyati siwo wotana ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo me dzi xɔ nyateƒea la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka.

6 Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒenya siwo wota ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ mawo me la trɔ amewo ƒe agbenɔnɔ. (Heb. 4:12) Le kpɔɖeŋu me, Ora Hetzel, si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1917 me la, nye ame gbogbo siwo to nyati mawo dzi xɔ nyateƒea la dometɔ ɖeka. Ora gblɔ be: “Le nye srɔ̃ɖeɖe megbe la, meyi ɖasrã danye kpɔ le Rochester, Minnesota. Esi meva ɖo la, mekpɔe wònɔ nyati aɖewo lãm le nyadzɔdzɔgbalẽ me. Russell ƒe nuƒowoe. Danye ɖe nu siwo wòsrɔ̃ le nyati mawo me la me nam.” Ora to esia dzi xɔ nyateƒea eye wòɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea nuteƒewɔwɔtɔe ƒe 60 kple edzivɔwo.

7. Susu kawo tae ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm la va gbugbɔ ŋku lé ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo zazã ŋu?

7 Le ƒe 1916 me la, nudzɔdzɔ eve aɖewo koŋ wɔe be nɔvi siwo nɔ ŋgɔ xɔm la gbugbɔ ŋku lé ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo dzi toto akaka nya nyuia ŋu. Gbãa, Xexemeʋa Gbãtɔ si nɔ edzi yim ɣemaɣi la wɔe be nu siwo wotsɔna taa agbalẽ kpɔkpɔ zu dɔ. Le ƒe 1916 ma me la, nɔvi siwo kpɔa nyatiwo tata ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ me dzi le Britain la ɖe woƒe kuxiawo me ale: “Nyadzɔdzɔgbalẽ 30 aɖewo koe gakpɔtɔ le nuƒoawo tam fifia. Eye edze ƒãa be xexlẽme sia dzi gbɔna ɖeɖe ge kura le esi pepa ƒe asi le dzi yim ta.” Nudzɔdzɔ eveliae nye Nɔviŋutsu Russell  ƒe ku, le October 31, 1916 dzi. Eya ta December 15, 1916 ƒe Gbetakpɔxɔ ɖe gbeƒã be: “Esi Nɔviŋutsu Russell megali o ta la, mawunyawo tata [ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo me] atɔ te kura.” Togbɔ be gbeƒãɖeɖemɔnu sia tɔ te hã la, woyi edzi kpɔ dzidzedze le mɔnu bubuwo zazã me. Mɔnu siawo dometɔ ɖekae nye “Xexemewɔwɔ Ƒe Foto-Drama” la ɖeɖefia.

8. Agbagba ka gbegbee wodze hafi wɔ “Xexemewɔwɔ Ƒe Foto-Drama” la?

8 Fotoɖeɖefiawo. Russell kple eƒe zɔhɛwo tsɔ ƒe etɔ̃ sɔŋ trɔ asi le “Xexemewɔwɔ Ƒe Foto-Drama” la ŋu, eye woɖee ɖe go le ƒe 1914 me. (Lod. 21:5) Drama sia nye sinima si me gbeɖiɖiwo, nɔnɔmetatawo, kple foto dzeaniwo le, eye woawoe to nu sia tɔgbi vɛ ɣemaɣi. Wona ame alafa geɖewo wɔ Biblia me nudzɔdzɔwo ƒe drama eye wolée ɖe mɔ̃ dzi wònye film. Wozã lãwo gɔ̃ hã le esia wɔwɔ me. Nyatakaka aɖe si woŋlɔ ɖi le ƒe 1913 me gblɔ be: “Míeyi tsaɖibɔ gã aɖe si me lãwo le la me, eye míezã  eƒe afi si lãwo sɔ gbɔ ɖo tsɔ wɔ Noa ƒe ŋutinya wɔdɔɖeamedzi si dze le film la me.” Le nɔnɔmetata vovovo siwo woɖe fia le film-a me gome ya la, nutala bibi siwo le London, New York, Paris, kple Philadelphia ye ta wo kple asi.

9. Nu ka tae wolɔ̃ faa zã ɣeyiɣi kple ga gbogbo aɖe ɖe “Foto-Drama” la wɔwɔ ŋu?

9 Nu ka tae wolɔ̃ faa zã ɣeyiɣi kple ga gbogbo sia gbegbe ɖe “Foto-Drama” la wɔwɔ ŋu? Tameɖoɖo kplikpaa aɖe si dzi woda asi ɖo le ƒe 1913 takpekpewo me la ɖe eme be: “Dzidzedze si kpɔm Amerika nyadzɔdzɔgbalẽ talawo le le nɔnɔmetatawo zazã me tsɔ le amewo ƒe ɖetsɔleme nyɔm be woaxlẽ woƒe agbalẽawo, kple ale si fotoɖeɖefiawo va le bɔbɔm fifia ta la, míeka ɖe edzi bliboe be, abe Biblia fialawo kple nya nyui gbeƒãɖelawo ene la, nɔnɔmetatawo kple fotowo ɖeɖefia anye mɔ nyui aɖe si dzi míato afia nu amewo.”

Etame: Mɔ̃ si wotsɔ le “Foto-Drama” la ɖem; Ete: “Foto-Drama” la ƒe nɔnɔmetata aɖewo

10. Aleke gbegbe “Foto-Drama” la ɖeɖefia va keke tae?

10 Le ƒe 1914 me la, woɖea “Foto-Drama” la fiana le dugã 80 sɔŋ me gbe sia gbe. Ame miliɔn enyi kloe kpɔ film sia le United States kple Canada ƒe dugãwo me. Le ƒe ma ke me la, woɖe “Foto-Drama” la fia le Australia, Britain, Denmark, Finland, Germany, New Zealand, Norway, Sweden, kple Switzerland. Wotrɔ asi le film sia ƒe ɖe ŋu wònye fotowo kple nutatawo ɖeɖe ko, eye woɖee le duviwo me. Woyɔa esi ŋu wogbugbɔ trɔ asi le alea la be “Eureka Drama.” Ewɔwɔ mexɔ asi boo o eye etsɔtsɔ hã le bɔbɔe. Kaka ƒe 1916 naɖo la, woɖe “Foto-Drama” la ŋutɔ loo alo “Eureka Drama” la gɔme ɖe Armeniagbe, Dano-Norwegiagbe, Fransegbe, Germangbe, Helagbe, Italiagbe, Polandgbe, Spaingbe, kple Swedengbe me.

Le ƒe 1914 me la, woɖe “Foto-Drama” la le xɔ gã siwo me amewo yɔ fũu me

11, 12. Ŋusẽ kae “Foto-Drama” la kpɔ ɖe ɖekakpui aɖe dzi, eye kpɔɖeŋu nyui kae wòɖo?

11 “Foto-Drama” si gɔme woɖe ɖe Fransegbe me la kpɔkpɔ wɔ dɔ ɖe Charles Rohner, si xɔ ƒe 18 ɣemaɣi la dzi ale gbegbe. Egblɔ be: “Wova ɖee le mía de, Colmar, si le France ƒe du si nye Alsace me. Tso eƒe gɔmedzedze va ɖo nuwuwu la, ale si woɖe Biblia me nyateƒea gɔme eme kɔ nyuie la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.”

12 Esia ʋã Charles wòxɔ nyɔnyrɔ, eye le ƒe 1922 me la, eƒo eɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Dɔ gbãtɔ siwo wode asi nɛ dometɔ ɖekae nye be wòakpe asi ɖe “Foto-Drama” la ɖeɖefia amehawo le France ŋu. Esi Charles nɔ nu ƒom tso dɔ sia ŋu la, egblɔ be: “Wode dɔ geɖe asi nam. Meƒoa kasaŋku, eye mekpɔa gakɔntawo kple agbalẽwo dzi. Wobia tso asinye hã be mana vavalawo nazi ɖoɖoe hafi wɔnaa nadze egɔme. Míemaa agbalẽ le ɖiɖiɖemeɣiwo. Míedea akpataa ƒe akpa aɖe koŋ asi na nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe. Wo dometɔ ɖe sia ɖe lɔa agbalẽ agbɔsɔsɔ aɖe ɖe asi hetena ɖe ame siwo le akpataa ƒe afi si wode asi nɛ la ŋu. Azɔ hã, míeɖoa agbalẽwo ɖe kplɔ̃wo dzi taŋ le akpataa ƒe mɔ nu.” Le ƒe 1925 me la, womia asi Charles be wòava subɔ le Betel le Brooklyn, New York. Wode dɔ asi nɛ le afi ma be wòaxɔ ŋgɔ na haƒoha si anɔ ha ƒom na habɔbɔa ƒe radiodɔwɔƒe si woɖo yeyee, si nye WBBR. Ne míede ŋugble tso  kpɔɖeŋu si Nɔviŋutsu Rohner ɖo ŋu la, míate ŋu abia mía ɖokui be, ‘Ðe malɔ̃ faa awɔ dɔ sia dɔ si woade asi nam be matsɔ akpe asi ɖe nana be Fiaɖuƒegbedeasia naɖo amewo gbɔ ŋua?’​—Mixlẽ Yesaya 6:8.

13, 14. Aleke wozã radio tsɔ kaka nya nyuiae? (Kpɔ aɖaka si nye “Nu Vovovo Siwo Wowɔna Le WBBR La Dzi” kple esi nye “Takpekpe Vevi Aɖe” hã.)

13 Radio. Le ƒe 1920-awo me la, “Foto-Drama” la ɖeɖefia va nɔ to yim, gake mɔnu bubu aɖe do ta ɖa, si dzi woto kaka Fiaɖuƒe nya nyuia yi didiƒe ke. Eyae nye radio. Le April 16, 1922 dzi la, Nɔviŋutsu Rutherford ƒo nuƒo aɖe le Philadelphia Dugãa Ƒe Fefewɔƒe, le Pennsylvania, wòɖi le radio dzi zi gbãtɔ. Ame siwo ade 50,000 sɔŋ ye se nuƒo ma si ƒe tanyae nye “Ame Miliɔnwo Le Agbe Fifia Siwo Maku Akpɔ O.” Emegbe, le ƒe 1923 me la, wona takpekpe me nuƒowo ɖi le radio dzi zi gbãtɔ. Nɔvi siwo nɔ ŋgɔ xɔm la va kpɔe be tsɔ kpe ɖe asitsahawo ƒe radiodɔwɔƒewo zazã ŋu la, anyo be habɔbɔa ŋutɔ hã naɖo radiodɔwɔƒe. Wova ɖo radiodɔwɔƒe sia ɖe Staten Island, New York, eye wona ŋkɔe be WBBR. Nuƒo gbãtɔ ɖi le radiodɔwɔƒe sia le February 24, 1924 dzi.

Le ƒe 1922 me la, ame siwo ade 50,000 sɔŋ ye se nuƒo si ƒe tanyae nye “Ame Miliɔnwo Le Agbe Fifia Siwo Maku Akpɔ O” le radio dzi

14 Woɖe taɖodzinu si tae woɖo WBBR radiodɔwɔƒea ɖo la me le December 1, 1924 ƒe Gbetakpɔxɔ me ale: “Míeka ɖe edzi be le mɔnu siwo katã míezã tsɔ kaka nyateƒe gbedeasia va se ɖe fifia dome la, radio ye nye esi ɖo ame geɖe gbɔ wu eye eƒe gazazã hã ɖiɖi wu bubuawo.” Wogblɔ kpee be: “Ne Aƒetɔ la kpɔe be ehiã be míagaɖo radiodɔwɔƒe bubuwo kpee atsɔ akaka nyateƒea la, eya ŋutɔ ana míakpɔ ga si hiã na esia wɔwɔ.” (Ps. 127:1) Kaka ƒe 1926 naɖo la, Yehowa ƒe amewo ɖo radiodɔwɔƒe ade. Wo dometɔ eve nɔ United States​—WBBR la nɔ New York, eye WORD hã nɔ Chicago. Ene bubuawo nɔ Canada ƒe du siwo nye Alberta, British Columbia, Ontario, kple Saskatchewan me.

15, 16. (a) Nu kae Canada osɔfowo wɔ esi wokpɔe be míeto míaƒe radiodɔwɔƒewo dzi le nya nyuia kakam? (b) Aleke nuƒo siwo woƒona le radio dzi kple tso aƒe me yi aƒe me dɔa de nu wo nɔewo mee?

15 Kristodukɔa ƒe osɔfowo kpɔe be woto mɔ sia dzi le Biblia me nyateƒea kakam, eye esia ve dɔme na wo ŋutɔ. Albert Hoffman, si nya nu tso dɔ siwo yia edzi le radiodɔwɔƒe si le Saskatchewan (Canada) ŋu la gblɔ be: “Ame geɖewo va le nu nyam tso Biblia Nusrɔ̃viwo [si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo tsã] ŋu. Esia nyea ɖaseɖiɖi nyui aɖe na wo va se ɖe esime osɔfowo ƒoe ɖe dziɖuɖumegãwo nu woto ayemɔ dzi ɖo asi Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe radiodɔwɔƒe siwo katã le Canada dzi le ƒe 1928 me.”

16 Togbɔ be woɖo asi míaƒe radiodɔwɔƒewo dzi le Canada hã la, nɔviwo yi edzi to asitsahawo ƒe radiowo dzi na amewo sea Biblia me nuƒowo. (Mat. 10:23) Be woana ame geɖe nase Biblia me nyateƒea to mɔnu sia dzi la, woŋlɔa radiodɔwɔƒe siwo dzi nuƒoawo aɖi le la ŋkɔ ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nunyonameɣi magazinea (si nye Nyɔ! fifia) me, ale be ne gbeƒãɖelawo le tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa wɔm la, woate ŋu ade dzi ƒo na aƒemenɔlawo be woalé radiodɔwɔƒe mawo ahase nuƒoawo. Nu kae  do tso eme? January 1931 ƒe Nyatakakagbalẽvi gblɔ be: “Biblia me nuƒo siwo woƒona le radio dzi la gadea dzo nɔviawo me ɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa ŋu. Nyatakaka geɖe siwo va ɖo míaƒe dɔwɔƒegãa ɖee fia be ame geɖe le to ɖom, eye esi wònye be wose Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒowo le radio dzi xoxo taa, wole klalo be yewoaxɔ míaƒe agbalẽwo.” Nyatakakagbalẽvi la gblɔ tso radio kple tso aƒe me yi aƒe me dɔa ŋu be “wonye gbeƒãɖeɖemɔnu vevi eve siwo dzi Aƒetɔ ƒe habɔbɔa to le nya nyuia kakam.”

17, 18. Togbɔ be nɔnɔmeawo va trɔ hã la, aleke radio yi edzi wɔ akpa vevi aɖe le nya nyuia kaka me?

17 Le ƒe 1930-awo me la, tsitretsiɖeŋulawo tso ɖe asitsahawo ƒe radio zazã atsɔ kaka nya nyuia hã ŋu. Eya ta le ƒe 1937 ƒe nuwuwu lɔƒo la, Yehowa ƒe amewo trɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu. Wodzudzɔ asitsahawo ƒe radioawo hã zazã, eye wobiã ŋku ɖe tso aƒe yi aƒe dɔa ŋu geɖe wu. * Ke hã, radio yi edzi wɔ akpa vevi aɖe le Fiaɖuƒegbedeasia kaka me le dukɔ kple nuto bubu siwo sa ɖe aga me. Le kpɔɖeŋu me, tso ƒe 1951 va se ɖe 1991 me la, radiodɔwɔƒe aɖe si le West Berlin (Germany) la ƒoa míaƒe Biblia me nuƒowo edziedzi, si wɔe be ame siwo le Germany ƒe ɣedzeƒenuto mawo me la se Fiaɖuƒegbedeasia. Tso ƒe 1961 me la, Suriname (si le Anyiehe Amerika) ƒe radiodɔwɔƒe si nye dukɔa tɔ la wɔa miniti 15 ƒe ɖoɖowɔɖi aɖe kwasiɖa sia kwasiɖa, si dzi wotona kakaa Biblia me nyateƒea, eye esia yi edzi hena ƒe 30 kple edzivɔwo. Tso ƒe 1969 va se ɖe 1977 me la, habɔbɔa lé ɖoɖowɔɖi vovovo 350 kple edzivɔwo, siwo ƒe tanyae nye “Viɖe Le Ŋɔŋlɔawo Ŋu” la ɖe mɔ̃ dzi na radiodɔwɔƒewo woƒona. Radiodɔwɔƒe 291 sɔŋ ƒoa ɖoɖowɔɖi siawo le United States ƒe dugã 48 me. Le ƒe 1996 me la, radiodɔwɔƒe aɖe si le Apia, si nye Samoa (si le Anyiehe Pasifik nutowo me) ƒe fiadu la wɔa ɖoɖowɔɖi si ƒe tanyae nye “Wò Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo” kwasiɖa sia kwasiɖa.

18 Kaka míage ɖe ƒe 2000-awo me la, radio megava le akpa gobii aɖeke wɔm le nya nyuia kaka me o. Gake mɔ̃ɖaŋunu bubu aɖe gado, si na wòle bɔbɔe be nya nyuia naɖo ame gbogbo aɖewo gbɔ kaba.

19, 20. Nu ka tae Yehowa ƒe amewo ɖo jw.org nyatakakadzraɖoƒea, eye aleke wòle vi ɖemee? (Kpɔ aɖaka si nye “JW.ORG” hã.)

19 Internet. Le ƒe 2013 me la, ame biliɔn 2, miliɔn alafa 7 kple edzivɔwoe zãa Internet, eye esia nye ame siwo katã le xexea me ƒe alafa memama 40 kloe. Akɔntabubu aɖe ɖee fia be elektronikmɔ̃ siwo woléna ɖe asi, abe asitelefon alo asikɔmpiuta ene, dzie ame siawo dometɔ biliɔn eve zãa Internet la le. Agbɔsɔsɔ sia le dzidzim ɖe edzi le xexea me godoo, gake Afrika koŋ ye Internet zazã le elektronikmɔ̃ siwo woléna ɖe asi dzi le dzidzim ɖe edzi le kabakaba wu, elabena ame miliɔn 90 kple edzivɔwoe toa mɔnu sia dzi zãa Internet le Afrika. Nutovɛ siawo wɔe be mɔ siwo dzi ame geɖe tona xɔa nyatakakawo la va trɔ kura.

 20 Yehowa ƒe amewo hã dze nyatakakamɔnu yeye sia zazã gɔme tso ƒe 1997 me. Le ƒe 2013 me la, amewo ate ŋu aʋu jw.org nyatakakadzraɖoƒea le gbegbɔgblɔ 300 me, eye Biblia me nufiame siwo ƒe kɔpi amewo ate ŋu awɔ le edzi la le gbegbɔgblɔ 520 kple edzivɔwo me. Gbe sia gbe la, ame 750,000 kple edzivɔe ʋua nyatakakadzraɖoƒea. To vovo na videowo la, amewo wɔa agbalẽwo ƒe kɔpi miliɔn 3, magazinewo ƒe kɔpi miliɔn 4, kple nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi ƒe kɔpi miliɔn 22 kple edzivɔwo ɣleti sia ɣleti.

21. Nu kae nèsrɔ̃ tso nuteƒekpɔkpɔ si ku ɖe Sina ŋu me?

21 Míaƒe nyatakakadzraɖoƒea va zu mɔnu vevi aɖe si zãm míele tsɔ le Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia kakam, le dukɔ siwo me woɖo asi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le gɔ̃ hã me. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2013 ƒe gɔmedzedze la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Sina, va ke ɖe míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ŋu eye wòƒo ka na míaƒe dɔwɔƒegã si le Amerika hebia numeɖeɖe bubuwo tso Biblia ŋu. Nu ka tae eƒe yɔyɔa wɔ nuku? Moslemtɔwo ƒe ƒome mee wonyii le eye wòle kɔƒe tsoabo aɖe si le dukɔ aɖe si me woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa nu vevie le la me. To eƒe yɔyɔ sia dzi la, wowɔ ɖoɖo be Ðasefo aɖe si le Amerika nanɔ Biblia srɔ̃m kplii zi eve kwasiɖa sia kwasiɖa. Internet dzi videokadodo dzie wotona wɔa nusɔsrɔ̃a.

Nufiafia Ame Ðekaɖekawo

22, 23. (a) Ðe mɔnu siwo míezã be nya nyuia naɖo ame hahowo gbɔ la xɔ ɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa teƒea? (b) Alekee Fia la yra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi?

22 Mɔnu siwo míezã be nya nyuia naɖo ame hahowo gbɔ, abe nyadzɔdzɔgbalẽwo, “Foto-Drama” la, radiodɔwɔƒewo, kple Internet nyatakakadzraɖoƒea ene la, dometɔ aɖeke mexɔ ɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa teƒe o. Nu ka tae? Elabena Yehowa  ƒe amewo le Yesu ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m. Menye ameha gãwo koe Yesu ɖe gbeƒã na o, ke boŋ edze agbagba kpe ɖe ame ɖekaɖekawo hã ŋu. (Luka 19:1-5) Yesu na hehe eƒe nusrɔ̃lawo hã wowɔe nenema, eye wòna gbedeasi si woagblɔ la hã wo. (Mixlẽ Luka 10:1, 8-11.) Abe ale si míedzro eme le Ta Adelia me ene la, nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm la dea dzi ƒo na Yehowa subɔlawo ɣesiaɣi be wo dometɔ ɖe sia ɖe naɖe gbeƒã na amewo ŋkume kple ŋkume.​—Dɔw. 5:42; 20:20.

23 Ƒe alafa ɖeka le Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi megbe la, gbeƒãɖela siwo wu miliɔn 7, akpe alafa 9 ye tsɔ dzonɔameme le nu fiam amewo tso Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu. Ðikeke mele eme o be Fia la yra ɖe mɔnu siwo míezã le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea me la dzi. Eye abe ale si míakpɔe le ta si kplɔe ɖo me ene la, ena dɔwɔnu siwo hiã hã mí be míatsɔ aɖe gbeƒã nya nyuia na dukɔ sia dukɔ, to sia to, kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ.​—Nyaɖ. 14:6.

^ mm. 17 Le ƒe 1957 me la, nɔvi siwo nɔ ŋgɔ xɔm la tso nya me be yewoatu míaƒe WBBR radiodɔwɔƒe mamlɛtɔ si le New York.