Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 11

Asitɔtrɔ Le Woƒe Agbenɔnɔ Ŋu Hena Mawu Ƒe Kɔkɔenyenye Ðeɖe Fia

Asitɔtrɔ Le Woƒe Agbenɔnɔ Ŋu Hena Mawu Ƒe Kɔkɔenyenye Ðeɖe Fia

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Ale si Fia la fia nu eteviwo be woawɔ ɖe Mawu ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo dzi

Kpɔe ɖa le susu me be wòe ma ge ɖe agbo si le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gãa ƒe xɔxɔnu gotatɔa ŋu la me

1. Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le nu si Ezekiel kpɔ ŋu?

ANƆ abe ƒe 2,500 aɖewoe nye esi va yi la, nyagblɔɖila Ezekiel kpɔ nu wɔdɔɖeamedzi aɖe teƒe. Tsɔe be wòe nye Ezekiel, eye nàkpɔe ɖa be aleke nàse le ɖokuiwò me hã. Wòe nye ema le tetem ɖe gbedoxɔ gã aɖe si nya kpɔ ŋutɔ la ŋu. Mawudɔla sesẽ aɖe le afi ma be yeakplɔ wò aɖi tsa le gbedoxɔ nyadri sia me! Èlia atrakpuifɔflɔ adre hafi ɖo agbo etɔ̃ siwo le gbedoxɔa ŋu la ƒe gbãtɔ nu. Esi nètɔ ɖe mɔa nu hefɔ mo dzi la, wò nu koe ku. Dzisasrã la le keke dzi ɖaa meta 30 sɔŋ. Èkpɔ dzɔlawo ƒe xɔvi aɖewo hã le mɔa nu. Wowɔ gbedoxɔa ƒe sɔtiwo ɖe deti ƒe nɔnɔme nu wòdze ani ale gbegbe.—Eze. 40:1-4, 10, 14, 16, 22; 41:20.

2. (a) Nu kae gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la le tsitre ɖi na? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.) (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu vovovo siwo le gbedoxɔa ƒe agbo nu me?

2 Esiae nye gbɔgbɔmegbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me. Eƒo nu tso nu siwo wòkpɔ la ŋu tsitotsito ale gbegbe be nu siwo wòŋlɔ tso gbedoxɔa ŋu la xɔ eƒe nyagblɔɖigbalẽa ƒe ta 40 va se ɖe 48 lia. Gbedoxɔ sia le tsitre ɖi na ɖoɖo siwo Yehowa wɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu. Gɔmesese vevi aɖe le gbedoxɔa ƒe akpa sia akpa ŋu na mí ame siwo le Yehowa subɔm le ŋkeke mamlɛ siawo me. * Nu kae agboa nu dzisasrã kɔkɔawo le tsitre ɖi na? Esia ɖoa ŋku edzi na mí be ele be ame siwo vaa Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛa me la nanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenu kɔkɔ siwo le dzɔdzɔe la nu. Gɔmesese sia kee le detiawo hã ŋu, elabena wozãa deti le Biblia me ɣeaɖewoɣi wònyea kpɔɖeŋu na nu dzɔdzɔe wɔwɔ. (Ps. 92:13) Ke dzɔlawo ƒe xɔviawo ya ɖe? Efia kɔtɛ be womeɖea mɔ na ame siwo gbea wɔwɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo dzi la be woato tadedeagu dzadzɛ si axɔ amewo ɖe agbe la ƒe agbo dzeani la nu o.—Eze. 44:9.

3. Nu ka tae wòhiã be Kristo nayi edzi akɔ eyomedzelawo ŋu?

3 Alekee Ezekiel ƒe ŋutegaa le eme vam? Abe ale si míekpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta Evelia me ene la, Yehowa to Kristo dzi kɔ eƒe amewo ŋu etɔxɛe tso ƒe 1914 va se ɖe ƒe 1919 me. Ðe wo ŋu kɔkɔa se ɖe afi ma? Kura o! Le ƒe 100 siwo va yi me la, Kristo yi edzi le Yehowa ƒe dzidzenu kɔkɔewo ta ʋlim. Eya ta ehiã be wòayi edzi akɔ eyomedzelawo ŋu. Nu ka tae? Elabena xexe gblẽku sia mee Kristo le eyomedzelawo nu ƒom ƒu tsoe, eye Satana yi edzi le agbagba dzem be yeagahe wo ade xexe sia ƒe agbe  gbegblẽ nɔnɔ ƒe ba me. (Mixlẽ 2 Petro 2:20-22.) Mina míadzro mɔ etɔ̃ siwo nu wokɔ Kristotɔwo ŋu le vivivi la me kpɔ. Gbã, ale si wokɔ wo ŋu tso agbenɔnɔ aɖewo me, evelia ɖoɖo vevi aɖe si dzi woato ana hamea nanɔ dzadzɛ, eye mlɔebaa, ale si wokpe ɖe wo ŋu le ƒomegbenɔnɔ me.

Wo Ŋu Kɔkɔ Le Agbenɔnɔ Me Le Ƒe Siwo Va Yi Me

4, 5. Nu kae Satana tsɔ trea mɔ̃ na Mawu ƒe amewo tso gbe aɖe gbe ke, eye dzidzedze ka kpɔm wòle le esia wɔwɔ me?

4 Tso gbe aɖe gbe ke la, Yehowa ƒe amewo dina vevie be yewoalé agbe nyui nɔnɔ dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi. Eya ta wowɔna ɖe numekɔkɔ yeye siwo wonaa wo tso nya sia ŋu dzi enumake. Na míadzro wo dometɔ ʋɛ aɖewo me kpɔ.

5 Gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ. Yehowa wɔ gbɔdɔdɔ be wòanye nu kɔkɔe si anɔ srɔ̃tɔwo ɖeɖe ko dome, si me woakpɔ dzidzɔ le. Gake Satana dina be yeatrɔ taɖodzinu si le nunana xɔasi sia ŋu ne amewo nazãe le mɔ ƒoɖi nu, eye wòtsɔe le mɔ̃ trem na Yehowa ƒe amewo hã ale be woa kple Mawu dome nagblẽ. Satana tre mɔ̃ sia na Israel viwo le Bileam ƒe ɣeyiɣia me wòdze edzi nɛ, eye egale ezãm le ŋkeke mamlɛa siawo hã me ŋutɔ.—4 Mose 25:1-3, 9; Nyaɖ. 2:14.

6. (a) Atamkaka kae wota ɖe Gbetakpɔxɔ me, eye aleke wozãe? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.) (b) Nu ka tae wova te fli ɖe atamkaka ma xexlẽ me?

6 Be woakpɔ Mawu ƒe amewo ta tso Satana ƒe mɔ̃tetre sia me la, wota atamkaka aɖe ɖe June 15, 1908 ƒe Zion Gbetakpɔxɔ me, si me tameɖoɖo kplikpaa sia le be: “Ɣesiaɣi la, mawɔ nu ɖe ame si ƒe vidzinu to vovo na tɔnye la ŋu nyuie le afi sia afi, amewo le mía kpɔm alo womeɖale mía kpɔm o.” * Togbɔ be menye see atamkaka sia xexlẽ nye o hã la, ame geɖewo lɔ̃ be yewoanɔ exlẽm gbe sia gbe, eye wotsɔ woƒe ŋkɔwo ɖo ɖe habɔbɔa be woadee Zion Gbetakpɔxɔ me. Le ƒe aɖewo megbe la, habɔbɔa va kpɔe be togbɔ be atamkaka sia kpe ɖe ame geɖe ŋu hã la, ɖeko exexlẽ gbe sia gbe va zu kɔnu dzro aɖe ko, eya ta wote fli ɖe exexlẽ me. Ke hã, woyi edzi dea dzi ƒo na nɔviwo be woalé agbe nyui nɔnɔ dzidzenu kɔkɔ si le eme la me ɖe asi.

7. Kuxi kae Gbetakpɔxɔ tɔ asii le ƒe 1935 me, eye dzidzenu ka nue wode dzi ƒo na Mawu ƒe amewo be woanɔ agbe ɖo?

7 Ðeko Satana ƒe amedzidzedzea nu le sesẽm ɖe edzi. March 1, 1935 ƒe Gbetakpɔxɔ tɔ asi kuxi aɖe si le ta kekem le Mawu ƒe amewo dome abe abi vɔ̃ ene dzi. Eva dze ƒãa be ame aɖewo susui be ne yewonya le gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me ko la, megahiã be yewoanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo nu o. Gbetakpɔxɔa gblɔ kã be: “Ele be wòanɔ susu me na mí be menye ɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ koe nye nu si wodi tso mía si o. Yehowa ƒe ɖasefowo nye eteƒenɔlawo, eya ta agba le wo dzi be woanɔ agbe si akɔ Yehowa ƒe ŋkɔa kple Fiaɖuƒea ŋu.” Azɔ nyatia na nuxlɔ̃ame siwo me kɔ ku ɖe srɔ̃ɖeɖe kple gbɔdɔnyawo ŋu be wòakpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu woasi “le agbe gbegblẽ nɔnɔ nu.”—1 Kor. 6:18.

8. Aleke Gbetakpɔxɔ te gbe ɖe gɔmesese si tututu le Helagbe me nya si wozã na gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ la dzi enuenui?

8 Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, Gbetakpɔxɔ tea gbe ɖe gɔmesese si tututu le Helagbe me nya por·neiʹa, si wozã na gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ le Ŋɔŋlɔawo me ŋu la dzi enuenu. Nya sia mefia gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ kokoko o. Ke boŋ por·neiʹa fia gbɔdɔnuwɔna  gbegblẽ ƒomevi vovovowo, gbɔdɔnuwɔna ɖe sia ɖe si yia edzi le gbolowɔƒewo. Woto esia dzi le Kristo yomedzelawo ta kpɔm tso gbɔdɔdɔ ƒe nu tovo wɔwɔ si va xɔ aƒe ɖe egbexexea me la me.—Mixlẽ Efesotɔwo 4:17-19.

9, 10. (a) Agbe nyui nɔnɔ me kuxi ka dzie Gbetakpɔxɔ he susu yi le ƒe 1935 me? (b) Mɔ ka nue Biblia gblɔ be woate ŋu azã aha muame le wòasɔ?

9 Aha muame zazã le mɔ gbegblẽ nu. March 1, 1935 ƒe Gbetakpɔxɔa he susu yi agbe nyui nɔnɔ me kuxi bubu dzi be: “Míede dzesii hã be ame aɖewo noa [aha muame] hafi yia gbeadzi alo kpɔa gome le habɔbɔa ƒe dɔ bubuwo me. Nɔnɔme kawo mee woazã aha muame le wòasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu? Ðe wòasɔ be míano wain le ɣeyiɣi si me míele subɔsubɔdɔ wɔm na Aƒetɔ ƒe habɔbɔa?”

10 Gbetakpɔxɔa dzro mɔ nyuitɔ si nu woazã aha muame le la me abe ale si wòdze le Mawu ƒe Nyaa me ene. Biblia mede se ɖe wain alo aha muame bubuwo zazã ɖe ŋku nu ŋu o, gake ede se ɖe ahamumu ya nu vevie. (Ps. 104:14, 15; 1 Kor. 6:9, 10) Tso gbe aɖe gbe ke la, wozãa Aron vi siwo Mawu na woku le esi wodo dzudzɔ le Mawu ƒe vɔsamlekpuia dzi madzemadzee ta la ƒe ŋutinyaa tsɔ xlɔ̃a nu mí tso aha muame zazã ne míele gome kpɔm le subɔsubɔdɔwo me ŋu. Mawu de se na nunɔlawo katã be woagano aha sesẽ ne wole subɔsubɔdɔ kɔkɔewo wɔm o, eye ŋutinya ma ɖee fia be se sia dzi dadae anya kplɔ Aron viwo de nu si mesɔ o wɔwɔ me. (3 Mose 10:1, 2, 8-11) Kristo yomedzelawo nɔa agbe ɖe gɔmeɖose sia nu egbea hekpɔa egbɔ be yewomano aha muame hafi akpɔ gome le subɔsubɔdɔ kɔkɔewo me o.

11. Aleke numekɔkɔ siwo wona Mawu ƒe amewo tso aha tsu nono ŋu la ɖe vi na woe?

11 Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, wogana numekɔkɔ yeye geɖe Kristo yomedzelawo tso aha tsu nono, alo be aha muame nono edziedzi nazu numame na ame ŋu. Gbɔgbɔmenuɖuɖu mawo siwo va ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la kpe ɖe ame geɖe ŋu woɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ ma ŋu hesrɔ̃ ale si woaɖu wo ɖokuiwo dzi. Ame bubu geɖewo le kuxi sia dzi ɖum keŋkeŋ. Mele be mía dometɔ aɖeke naɖe mɔ aha muame zazã le mɔ gbegblẽ nu naklo bubu le eŋu, agblẽ nu le eƒe ƒomea ŋu, eye ƒo wo katã ta la, wòana mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòatsɔ subɔsubɔ dzadzɛ ana Yehowa la nage le esi o.

“Ðe míate ŋu asusui be atama ƒe dzudzɔ anɔ ʋeʋẽm le Aƒetɔ la ŋu alo be wòatsɔ nu makɔmakɔ aɖe aɖo nu anɔ yɔyɔma?”—C. T. Russell

12. Hafi ŋkeke mamlɛawo nadze egɔme gɔ̃ hã la, aleke Kristo yomedzelawo bua atama nonoe?

12 Atamazazã. Kristo yomedzelawo ƒoa nu tsia tsitre ɖe atamazazã ŋu hafi ŋkeke mamlɛawo va dze egɔme gɔ̃ hã. Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, nɔviŋutsu tsitsi aɖe, si ŋkɔe nye Charles Capen, ɖo ŋku zi gbãtɔ si wòdo go Charles Taze Russell le ƒe 1800-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la dzi. Capen, si xɔ ƒe 13 ɣemaɣi la kple nɔviaŋutsu etɔ̃ wonɔ atrakpui liam le míaƒe dɔwɔƒegã si nɔ Allegheny, Pennsylvania. Esi Russell va to wo ŋu la, etrɔ hebia wo be: “Ðekakpuiwo, ɖe miele siga noma? Mese siga ƒe ʋeʋẽ.” Woka ɖe edzi nɛ be yewomele siga nom o. Ðikeke mele eme o be eƒe nyabiase ma na wokpɔ eƒe susu le atamazazã ŋu. Le August 1, 1895 ƒe Gbetakpɔxɔ me la, Nɔviŋutsu Russell dzro 2 Korintotɔwo 7:1 me eye wògblɔ be: “Ne Kristotɔ zãa atama le mɔ  aɖe nu la, nyemekpɔ ale si wòaɖe vi na eya ŋutɔ, alo anye ŋutikɔkɔe na Mawu o. . . . Ðe míate ŋu asusui be atama ƒe dzudzɔ anɔ ʋeʋẽm le Aƒetɔ la ŋu alo be wòatsɔ nu makɔmakɔ aɖe aɖo nu anɔ yɔyɔma?”

13. Aleke wokɔ Mawu ƒe amewo ŋu le agbenɔnɔ gome le ƒe 1973 me?

13 Le ƒe 1935 me la, Gbetakpɔxɔ yɔ atama be “gbe makɔmakɔ” eye wògblɔ be ame sia ame si atiae be yeanoe alo azãe le mɔ bubu aɖe nu la magadze anye Betel ƒomea me tɔ alo anye Mawu ƒe habɔbɔa teƒenɔla abe mɔɖela alo dzikpɔla mɔzɔla ene o. Le ƒe 1973 me la, wogana nya sia ŋuti mɔfiame yeyewo. June 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ɖe nu me be ne Yehowa Ðasefo aɖe yi edzi le eɖokui ƒom ɖe nuwɔna wuame sia si ƒoa ɖi ame le gbɔgbɔ me me la, womagaɖe mɔ nɛ wòakpɔtɔ anɔ hamea me o. Ele be woaɖe ame siwo gbe be yewomadzudzɔ atamazazã o la le haa me. * Esia nye afɔ vevi bubu si Kristo gaɖe tsɔ kɔ eyomedzelawo ŋu.

14. Se kae Mawu de ku ɖe ʋu ŋu, eye aleke wòdzɔe be ʋudodo va xɔ aƒe ɖe xexea me egbea?

14 Ʋuzazã le mɔ gbegblẽ nu. Le Noa ƒe ɣeyiɣiawo me ke la, Mawu gblɔ be mesɔ be woaɖu ʋu o. Egate gbe ɖe nya sia dzi le Se si wòtsɔ na Israel dukɔa me, eye wòva de se sia ƒomevi ke na Kristo hamea hã be “woatsri . . . ʋu.” (Dɔw. 15:20, 29; 1 Mose 9:4; 3 Mose 7:26) Eya ta mewɔ nuku o be Satana di mɔ aɖe si dzi wòato ana ame geɖe natu afɔkpo Mawu ƒe se sia le egbeŋkekeawo me. Le ƒe 1800-awo me la, ɖeko ɖɔktawo nɔ ʋudodo tem kpɔ le atikewɔnyawo me, gake esi wova ke ɖe ʋu ƒe hatsotso vovovo siwo li ŋu la, ʋudodo va zu nu si bɔ. Le ƒe 1937 me la, wodze amewo ƒe ʋu ɖeɖe ahadzra ɖo, eye Xexemeʋa Evelia va wɔe be ʋudodo na amewo gava keke ta ɖe edzi. Eteƒe medidi o, ʋudodo va xɔ aƒe ɖe xexea ƒe afi sia afi.

15, 16. (a) Aleke Yehowa Ðasefowo nɔ te sesĩe le ʋudonyawo me? (b) Kpe- kpeɖeŋu kae wona Kristo yomedzelawo ku ɖe ʋudonyawo kple atike siwo woazã ɖe ʋu teƒe ŋu, eye nu kae do tso esia me?

15 Tso keke ƒe 1944 me ke la, wogblɔ le Gbetakpɔxɔ me be ʋudodo sɔ kple ʋuɖuɖu. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wogate gbe ɖe mɔfiame ma si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi la dzi heɖe eme yi ŋgɔe. Le ƒe 1951 me la, wota nyabiase aɖewo kple woƒe ŋuɖoɖowo ɖe Gbetakpɔxɔ me be wòakpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu woaɖe nu me na kɔdzidɔwɔlawo. Le xexea me godoo la, Kristo yomedzela wɔnuteƒewo nɔ te ɖe ʋudodo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu dzinɔameƒotɔe togbɔ be woɖua fewu le wo ŋu, tsia tsitre ɖe wo ŋu, alo tia wo yome vevie zi geɖe hã. Gake Kristo yi edzi fia mɔ eƒe habɔbɔa be wòana kpekpeɖeŋu si hiã eyomedzelawo. Wowɔ numekuku detowo heta nyatiwo kple agbalẽ gbadza geɖewo tsɔ ɖe nu me tso nya sia ŋu tsitotsito.

16 Le ƒe 1979 me la, wowɔ ɖoɖo be hamemetsitsi aɖewo nate tsaɖiɖi le kɔdziwo be woaɖe nu me na ɖɔktawo tso míaƒe ʋumadomadoa, Ŋɔŋlɔawo me dzidzenu siwo tae míedoa ʋu o, kple atikewɔmɔnu siwo míalɔ̃ faa be woazã na mí ɖe ʋu teƒe la ŋu. Le ƒe 1980 me la, wona dɔ sia wɔwɔ ŋuti hehe tɔxɛ aɖe hamemetsitsiwo le United States ƒe dugã 39 me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Dɔdzikpɔhaa va da asi ɖe edzi be woaɖo Kɔdzi Kadodo Dzikpɔkɔmitiwo le xexea me godoo. Ðe viɖe aɖe  do tso agbagbadzedze siawo katã mea? Egbea, kɔdzidɔwɔla akpe geɖewo—ɖɔktawo, amekolawo, kple ame siwo dea ame alɔ̃ me siaa—va lɔ̃ be yewoakpɔ Ðasefowo gbɔ ʋumadomadoe abe ale si wodii ene. Kɔdzi geɖewo va le lɔlɔ̃m be yewoakpɔ dɔnɔwo gbɔ ʋumadomadoe eye wo dometɔ aɖewo va kpɔe gɔ̃ hã be eyae nye atikewɔmɔnu nyuitɔ. Ne míebu ale si Yesu le eyomedzelawo ta kpɔm be Satana nagaƒo ɖi wo le mɔ aɖeke nu o ŋu la, ɖe medoa dzidzɔ na mí ŋutɔ oa?—Mixlẽ Efesotɔwo 5:25-27.

Kɔdzi geɖewo va le lɔlɔ̃m be yewoakpɔ dɔnɔwo gbɔ ʋumadomadoe eye wo dometɔ aɖewo va kpɔe gɔ̃ hã be eyae nye atikewɔmɔnu nyuitɔ

17. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ ale si Kristo le asi trɔm le eyomedzelawo ŋu la ŋui?

17 Anyo be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Ðe míedea asixɔxɔ ale si Kristo le asi trɔm le eyomedzelawo ŋu, le hehe nam mí be míanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenu kɔkɔwo nu la ŋua?’ Ne nenemae la, ke mina wòanɔ susu me na mí be Satana le avu dzi vevie be yeana míaŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo dzi ne yeate mí ɖa le Yehowa kple Yesu ŋu. Be wòagakpe mía dzi o la, Yehowa ƒe habɔbɔa yi edzi le nuxlɔ̃ame kple ŋkuɖodzinyawo nam mí lɔlɔ̃tɔe tso xexe sia ƒe agbe maɖɔʋuwo nɔnɔ ŋu. Mina míayi edzi anɔ ŋudzɔ, aɖo to ahawɔ ɖe nuxlɔ̃ame nyui siawo dzi.—Lod. 19:20.

 Hamea Ta Kpɔkpɔ Be Wòanɔ Dzadzɛ

18. Gɔmeɖose kae dze ƒãa le Ezekiel ƒe ŋutegaa me ku ɖe ame siwo ɖonɛ koŋ dzea aglã ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu la ŋu?

18 Go evelia si me wokɔ Mawu ƒe amewo ŋu le agbenɔnɔ mee nye ɖoɖo siwo wowɔ be woakpɔ hamea ta be wòanɔ dzadzɛ. Nublanuitɔe la, menye ame sia ame si tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa helɔ̃ ɖe edzi be yeanɔ agbe ɖe eƒe dzidzenuwo nu lae yia edzi nɔa agbe ɖe enu o. Dzi vɔ̃ɖi va sua ame aɖewo si eye woɖonɛ koŋ dzea aglã ɖe Yehowa ƒe dzidzenu mawo ŋu. Afɔ kae woaɖe ɖe ame siawo ŋu? Míekpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu le gbɔgbɔmegbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me, si ŋu míeƒo nu tsoe le ta sia ƒe gɔmedzedze la me. Èɖo ŋku agboawo nu dzisasrã kɔkɔawo dzia? Dzɔlawo ƒe xɔviwo hã le agboawo dometɔ ɖe sia ɖe nu. Eme kɔ ƒãa be dzɔlawo kpɔa gbedoxɔa ta be ame siwo ‘wometso dziʋa na o’ la nagage ɖe eme o. (Eze. 44:9) Esia ɖee fia kɔtɛ be ame siwo dzea agbagba be yewoanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzadzɛwo nu koe wonaa mɔnukpɔkpɔe be woanɔ tadedeagu dzadzɛa me. Nenema kee egbea hã, menye ame sia amee wonaa mɔnukpɔkpɔa be wòade ha kple Kristotɔwo le tadedeagu vavãtɔ me o.

19, 20. (a) Aleke Kristo kpe ɖe eyomedzelawo ŋu vivivi wotrɔ asi le ale si wokpɔa ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo la ƒe nyawo gbɔe ŋu? (b) Susu etɔ̃ kawo tae woɖea nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo le haa me?

19 Wogblɔ le Gbetakpɔxɔ me le keke ƒe 1892 me be: “Míaƒe agbanɔamedzie wònye be ne [Kristotɔ] aɖe gblɔna gaglã alo ɖenɛ fiana le eƒe nuwɔna me be yewomexɔ tafe si Kristo na [alo fe si wòxe] ɖe mí katã ta dzi se o la, ele be míaɖee le haa me.” (Mixlẽ 2 Yohanes 10.) Le ƒe 1904 me la, agbalẽ si nye Nuwɔwɔ Yeye La (si le yevugbe me) gblɔ be ame siwo tsɔa nu vɔ̃ wɔwɔ ɖoa dɔe la nye afɔku na hamea, elabena woakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe hamea dzi. Ɣemaɣi la, ne ame ɖe wɔ nu vɔ̃ gã la, hame bliboa kpɔa gome le nyaa dɔdrɔ̃ me. Gake esia medzɔna edziedzi o. Le ƒe 1944 me la, Gbetakpɔxɔ va na mɔfiame be ame siwo le agbanɔamedzinɔƒe koe wòle be woakpɔ nya siawo gbɔ. Wota nyati aɖe le Gbetakpɔxɔ me le ƒe 1952 me, si ɖe Biblia me mɔfiame si dzi woazɔ ɖo akpɔ ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ la me, eye wote gbe ɖe edzi be susu vevi si ta wòle be woaɖe nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo le haa mee nye be woakpɔ hamea ta wòanɔ dzadzɛ.

20 Tso ɣemaɣi la, Kristo yi edzi le kpekpem ɖe eyomedzelawo ŋu wole asitɔtrɔ kple ɖɔɖɔɖowo wɔm le ale si woakpɔ ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo ƒe nyawo gbɔe la ŋu. Wonaa hehe Kristotɔ hamemetsitsiwo memie be woakpɔ ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ nyuie ale si Yehowa dii—si fia be woaɖe nublanuikpɔkpɔ afia gake womate dzɔdzɔenyenye ɖe to o. Egbea, míeva kpɔ susu etɔ̃ ya teti siwo ta wòle be woaɖe nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo le haa me ɖo: (1) be woagahe vlodoame va Yehowa ƒe ŋkɔ dzi o, (2) be woakpɔ hamea ta be ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo nagakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe edzi o, (3) be woaʋã nu vɔ̃ wɔlaa wòatrɔ dzi me ne anya wɔ.

21. Mɔ kawo nue ameɖeɖelehame ƒe ɖoɖoa ɖea vi na Mawu ƒe amewo le?

21 Ðe nèkpɔ ale si ameɖeɖelehame ƒe ɖoɖoa le vi ɖem na Kristo yomedzelawo egbeae la dze sia? Le blema Israel la, nu gbegblẽ wɔlawo va zua ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ le dukɔa me,  eye ɣeaɖewoɣi la, ame siawo ƒomevi sɔa gbɔ wu ame siwo lɔ̃ Yehowa hedi be yewoawɔ nuteƒe nɛ la gɔ̃ hã. Esia wɔnɛ be dukɔa hea vlodoame va Yehowa ƒe ŋkɔa dzi zi geɖe eye Yehowa megakpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu o. (Yer. 7:23-28) Gake Yehowa ƒe ame siwo li egbea ya le ƒomedodo nyui me kplii, elabena woɖea ame siwo ɖoe koŋ le nu vɔ̃ wɔm la le wo dome. Womeɖea mɔ be ame siawo nazu lãnu le Satana si me wòazã atsɔ agblẽ nu le hamea ŋu alo aƒo ɖii o. Ke boŋ wokpɔa hamea ta tso woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me. Eya ta míeka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu abe hame ene. Ðo ŋku edzi be Yehowa do ŋugbe be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o.” (Yes. 54:17) Ðe míekpea asi ɖe hamemetsitsiwo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe le woƒe agbanɔamedzi gã si nye ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ kpɔkpɔ la tsɔtsɔ mea?

Ame Si Gbɔ Ƒome Sia Ƒome Kpɔa Eƒe Ŋkɔ Tsonɛ La Dodo Ðe Dzi

22, 23. Nu ka tae míekpɔa ŋudzedze ɖe mía nɔvi Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe 1900-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo ŋu, gake nu ka tae míagblɔ be dadasɔ kpɔtɔ na wo vie le ƒomegbenɔnɔ ya gome?

22 Go etɔ̃lia si me woyi edzi kɔ Kristo yomedzelawo ŋu lee nye srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ. Ðe wokpe ɖe wo ŋu wowɔ tɔtrɔ aɖewo le ƒomegbenɔnɔ me le ƒe siwo va yi mea? Ɛ̃. Le kpɔɖeŋu me, ne míexlẽ nu tso Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi le 1900-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo ŋu la, ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si woɖe fia la wɔa dɔ ɖe mía dzi alo wɔa nuku na mí gɔ̃ hã. Míekpɔa ŋudzedze ɖe ale si wotsɔ woƒe subɔsubɔ kɔkɔea ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me la ŋu ŋutɔ. Gake míede dzesii hã be dadasɔ kpɔtɔ na wo vie. Le mɔ ka nu?

23 Enye nu si bɔ ɣemaɣi be nɔviŋutsuwo dea ta teokrasigbanɔamedzi aɖewo te, si biana be woazɔ mɔ ayi didiƒe ahagblẽ woƒe ƒomea ɖi hena ɣleti geɖe. Woɖea srɔ̃ɖeɖe ƒe dzi le ame ƒo zi geɖe, wotea gbe ɖe trenɔnɔ dzi wu ale si Ŋɔŋlɔawo gblɔe, eye womegblɔa nya boo aɖeke tso nu siwo ana Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe nali ke ya ŋu o. Ðe nɔnɔme sia gakpɔtɔ le Kristo yomedzelawo dome egbea? Kura o!

Mɔɖeɖe meli be ame nagblẽ ƒome gbanɔamedziwo ɖi ɖe teokrasigba nɔamedziwo ta o

24. Aleke Kristo kpe ɖe eyomedzela wɔnuteƒewo ŋu be woasrɔ̃ ale si woada sɔ le srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ mee?

24 Egbea, mɔɖeɖe meli be ame nagblẽ ƒomegbanɔamedziwo ɖi ɖe teokrasigbanɔamedziwo ta o. (Míxlẽ 1 Timoteo 5:8.) Azɔ hã, Kristo le egbɔ kpɔm be ye yomedzela wɔnuteƒe siwo le anyigba dzi la naxɔ Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame siwo da sɔ ku ɖe srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ ŋu. (Ef. 3:14, 15) Woɖe agbalẽ si nye Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me ɖe go le ƒe 1978 me. Le ƒe 18 megbe la, woɖe Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ɖe go. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wota nyati gbogbo aɖewo ɖe Gbetakpɔxɔ me be woatsɔ akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu woawɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ le woƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ me.

25-27. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, aleke wova tsɔ dzo ɖe ɖevi siwo xɔ ƒe vovovowo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋui?

25 Ke ɖeviwo ya ɖe? Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, wova tsɔ ɖe le nu siwo woawɔ atsɔ akpe ɖe ɖeviwo kple sɔhɛwo ŋu hã me vevie. Tso gbe aɖe gbe ke la, Yehowa ƒe habɔbɔa trɔa asi le nu nyui ɖekaɖeka aɖewo ŋu na ɖevi siwo xɔ ƒe vovovo, gake esi  ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, wova tsɔ dzo ɖe esia ŋu geɖe wu. Le kpɔɖeŋu me, wodze nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Ðeviwo Ƒe Biblia Sɔsrɔ̃” tata gɔme ɖe Nunyonameɣi magazine me tso ƒe 1919 va se ɖe ƒe 1921 me. Eyome woɖe agbalẽ gbadza si nye Nunyonameɣi Ƒe ABDÐ (si le yevugbe me) ɖe go le ƒe 1920 me, eye woɖe agbalẽ si ŋkɔe nye Ðeviwo (si le yevugbe me) hã ɖe go le ƒe 1941 me. Woɖe agbalẽ siwo nye Wò Sɔhɛmenɔɣi—Ale Si Nàna Wòaɖe Vi Na Wò (si le yevugbe me), Toɖoɖo Nufiala Gã La, kple Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo ɖe go le ƒe 1970-awo hã me. Le ƒe 1982 me la, wote nyati siwo nye “Sɔhɛwo Biana Be” tata ɖe Nyɔ! me, eye wova nɔ te ɖe nyati siawo dzi ɖe Sɔhɛwo Biana Be gbalẽa ɖe go le ƒe 1989 me (ele yevugbe me).

Ðeviwo xɔ Nye Biblia Nusɔsrɔ̃wo gbalẽ gbadza la le takpekpe me kple dzidzɔ le Germany

26 Egbea, sɔhɛwo ƒe agbalẽ sia si ŋu wogatrɔ asi le la ƒe babla evee li, gake woyi edzi le “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati vovovowo dam ɖe jw.org nyatakakadzraɖoƒea. Agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ hã le mía si fifia. Woda nu bubu geɖewo ɖe míaƒe nyatakakadzraɖoƒea na ɖeviwo. Wo dometɔ aɖewoe nye Bibliamemewo ŋuti gbalẽviwo, Bibliasɔsrɔ̃ ƒe dɔdeasiwo na ɖeviwo kple sɔhɛwo, Biblia me fefewo, Bibliameŋutinyawo Ƒe Nɔnɔmetatawo,  videowo, kple Biblia nusɔsrɔ̃ siwo me woadzro kple ɖevi siwo xɔ va se ɖe ƒe etɔ̃. Esiawo katã ɖee fia be Kristo galɔ̃ ɖeviwo vevie egbea abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me esi wòxɔ wo ɖe eƒe akɔnu ene. (Marko 10:13-16) Edi be ɖevi siwo le mía dome nakpɔe be wolɔ̃ yewo hele yewo nyim nyuie le gbɔgbɔ me.

27 Yesu di hã be woakpɔ ɖeviwo ta tso afɔku me. Esi xexe sia ƒe agbenɔnɔ le vovlom ɖe edzi la, gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu va le gã dom ɖe edzi. Eya ta wona mɔfiame kple nuxlɔ̃ame nyui geɖe dzilawo le míaƒe agbalẽwo me tso ale si woawɔ akpɔ wo viwo ta tso afɔku dziŋɔ sia me la ŋu. *

28. (a) Abe ale si wòdze le gbedoxɔ ŋuti ŋutega si Ezekiel kpɔ me ene la, nu kae gomekpɔkpɔ le tadedeagu dzadzɛa me bia tso mía si? (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

28 Ðe medoa dzidzɔ na mí ŋutɔ ne míekpɔ ale si Kristo yi edzi le asi trɔm le eyomedzelawo ŋu hele hehe nam wo be woade bubu Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenu kɔkɔwo ŋu ahanɔ agbe ɖe wo nu be wòaɖe vi na wo la oa? Gabu gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me ŋu kpɔ. Èɖo ŋku eƒe agboawo nu dzisasrã kɔkɔawo dzia? Enye nyateƒe be menye gbedoxɔ si wotu ɖe teƒe aɖekee wònye ya o; gbɔgbɔmegbedoxɔe wònye. Gake ɖe nèle ekpɔm be enye nu ŋutɔŋutɔa? Menye Fiaɖuƒe Akpata me yiyi, Biblia xexlẽ, alo nya nyuia tsɔtsɔ yi na amewo dzi koe míetona gena ɖe gbedoxɔ sia me o. Esiawo nye nu siwo míate ŋu awɔ amewo nakpɔ gaglã. Ame aɖe ate ŋu anɔ alakpanu wɔm anɔ gome kpɔm le esiawo me gake mage ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa me ŋutɔŋutɔ o. Ke hã, ne míele nu siawo wɔm eye le ɣeyiɣi ma ke me la, míele agbe nɔm ɖe Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenu kɔkɔwo nu hetsɔ dzi ƒe nɔnɔme nyuitɔ le gome kpɔm le tadedeagu dzadzɛa me la, ke kakaɖedzi li be míege ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔa, si nye ɖoɖo si Yehowa Mawu wɔ ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu la me hele esubɔm le afi ma si nye teƒe kɔkɔetɔ kekeake! Mina míayi edzi alé mɔnukpɔkpɔ xɔasi sia me ɖe asi. Eye mina míayi edzi aku kutri anɔ agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo nu be míaɖe eƒe kɔkɔenyenye afia!

^ mm. 2 Le ƒe 1932 me la, wogblɔ le agbalẽ si nye Vindication ƒe Babla Evelia me zi gbãtɔ be Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe ale si Mawu ƒe amewo agbɔ tso aboyo me ava wo de ŋu la va eme le egbeŋkekeawo hã me, menye ɖe dzɔdzɔme Israel dzi o, ke boŋ ɖe gbɔgbɔme Israel dzi. Nyagblɔɖi mawo ƒo nu tso tadedeagu dzadzɛa gbugbɔɖoanyi ŋu. March 1, 1999 ƒe Gbetakpɔxɔ ɖe nu me be gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la nye nyagblɔɖi siawo dometɔ ɖeka, eya ta ele eme vam le ŋkeke mamlɛawo me le gbɔgbɔmegɔmesese vevi aɖe nu.

^ mm. 6 Wogblɔ le atamkaka sia me hã be mesɔ be ŋutsu kple nyɔnu siwo meɖe wo nɔewo alo nye ƒometɔ kplikplikpliwo o la ɖeɖe nanɔ xɔ me ahatu ʋɔa o; ele be woaʋu ʋɔa da ɖi gbadzaa. Woxlẽa atamkakaa me nyawo le Betel ŋdi sia ŋdi le Ŋɔŋlɔawo me dzodzro megbe, eye wowɔ esia hena ƒe geɖe.

^ mm. 13 Atamazazã ku ɖe enono (alo eyɔyɔ), edodo ɖe ŋɔti me, kple eƒe agbledede be woazãe le mɔ siawo nu ŋu.

^ mm. 27 Kpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo le Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ gbalẽa ƒe Ta 32 lia me; kpɔ October-December 2007 ƒe Nyɔ! hã, axa 13-21 [yevugbemetɔ nye October 2007, axa 3-11].