Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 12

Asitɔtrɔ Le Hakplɔɖoɖowo Ŋu Hena ‘Ŋutifafa Mawu La’ Subɔsubɔ

Asitɔtrɔ Le Hakplɔɖoɖowo Ŋu Hena ‘Ŋutifafa Mawu La’ Subɔsubɔ

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Ale si Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu vivivi wotrɔ asi le woƒe hakplɔɖoɖowo ŋu

1, 2. Asitɔtrɔ kae wowɔ le January 1895 ƒe Zion Gbetakpɔxɔ ŋu, eye aleke nɔviwo wɔ nui?

ESI Biblia Nusrɔ̃vi dovevienu si ŋkɔe nye John A. Bohnet kpɔ January 1895 ƒe Zion Gbetakpɔxɔ ƒe akpaa dzi la, dzi dzɔe ŋutɔ. Wotrɔ asi le magazinea ƒe akpa ŋu wòzu yeye kura. Wota xɔ kɔkɔ aɖe ɖe edzi. Atsiaƒu dzeagbo aɖe le zi nyem le xɔa te, eye akaɖi aɖewo le keklẽm sesĩe tso xɔa tame ɖe blukɔ tsiɖitsiɖi me. Wona tanya magazinea me nyati si wotsɔ ɖe gbeƒã tɔtrɔ yeye sia la be, “Míaƒe Atsyɔ̃ɖowu Yeye La.”

2 Asitɔtrɔ sia wɔ dɔ ɖe Nɔviŋutsu Bohnet dzi wòŋlɔ lɛta na Nɔviŋutsu Russell. Egblɔ le lɛtaa me be: “Dzi dzɔm ŋutɔ esi mekpɔ Atsyɔ̃ Yeye si mieɖo na GBETAKPƆXƆA. Enya kpɔ ŋutɔ.” Biblia Nusrɔ̃vi wɔnuteƒe bubu si ŋkɔe nye John H. Brown hã ŋlɔ tso magazinea ƒe akpa yeyea ŋu be: “Enya kpɔ ale gbegbe. Gɔmeɖokpe si dzi xɔ kɔkɔa le la sẽ ŋutɔ; ƒutsotsoe dzeagbo mawo mate ŋu awɔ nanekee o.” Akpa yeye mae nye asitɔtrɔ gbãtɔ si teƒe mía nɔviwo kpɔ le ƒe ma me, gake mese ɖe ema dzi o. Le November me la, wose asitɔtrɔ vevi bubu aɖe ŋu nya. Nukutɔe la, eku ɖe ƒutsotsoe dzeagbo aɖe si le nu gblẽm ŋu.

3, 4. Kuxi ka ŋue woƒo nu tsoe le November 15, 1895 ƒe Gbetakpɔxɔ me, eye asitɔtrɔ vevi kae woɖe gbeƒãe?

3 Nyati legbe aɖe si wota ɖe November 15, 1895 ƒe Gbetakpɔxɔ me la ƒo nu tso kuxi aɖe ŋu: Kuxi sesẽ aɖe si le abe ƒutsotsoe dzeagbowo ene la le ŋutifafa si le Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe habɔbɔa me la dome gblẽm. Eva le bɔbɔm be nɔviŋutsuwo le nya hem kple wo nɔewo le ame si anye ŋgɔnɔla le hameawo me ŋu. Be woakpe ɖe nɔviawo ŋu woade dzesi nu si akpe ɖe wo ŋu woaɖu hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ ma si le mama dem hameawo me dzi la, wotsɔ habɔbɔa sɔ kple meli. Eyome nyatia lɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be yewo ame siwo le ŋgɔ xɔm le melia, alo habɔbɔa, me la yewomete ŋu dzra emenɔlawo ɖo do ŋgɔ ɖe ƒutsotsoe dzeagboawo ŋu o. Ke nu kae woawɔ?

4 Nyatia gblɔ be tɔdziʋumemegã nyuitɔ kpɔa egbɔ be nu siwo axɔ amewo ɖe agbe ne afɔku dzɔ la le melia me eye be melia me nɔlawo le dzadzraɖoɖi ɖe ahomya sesẽwo ŋu. Nenema kee wòhiã be ame siwo le ŋgɔ xɔm le habɔbɔa me nakpɔ egbɔ  be hamewo katã le dzadzraɖoɖi adze ŋgɔ kuxi siwo le abe ƒutsotsoe dzeagbowo ene. Be woaɖo taɖodzinu sia gbɔ la, woɖe gbeƒã asitɔtrɔ vevi aɖe le nyatia me. Wona mɔfiame be “woatia hamemetsitsiwo le hame ɖe sia ɖe me enumake be ‘woakpɔ alẽha la dzi.’”—Dɔw. 20:28.

5. (a) Nu ka tae hamemetsitsiwo tiatia ƒe ɖoɖo gbãtɔ si wowɔ la nye afɔ si woɖe le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi? (b) Nyabiase kawo mee míadzro?

5 Hamemetsitsiwo tiatia ƒe ɖoɖo gbãtɔ sia nye afɔ vevi aɖe si woɖe le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi tsɔ kpe ɖe hameawo ŋu woli ke. Ekpe ɖe nɔviawo ŋu wote ŋu nɔ te ɖe kuxi sesẽwo nu le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi. Le ƒe geɖe siwo kplɔe ɖo me la, asitɔtrɔ bubu siwo wowɔ le Yehowa ƒe amewo ƒe hakplɔɖoɖowo ŋu la kpe ɖe wo ŋu wosubɔe le mɔ nyuitɔ nu. Biblia me nyagblɔɖi kae ƒo nu tso asitɔtrɔ siawo ŋu? Asitɔtrɔ kawo teƒee nèkpɔ le míaƒe hakplɔɖoɖowo me? Aleke woɖe vi na wòe?

“Matsɔ Ŋutifafa Aɖo Tatɔe Na Wò”

6, 7. (a) Yesaya 60:17 me nyawo gɔme ɖe? (b) Nu kae “tatɔ” kple “dɔnunɔla” siwo ŋu woƒo nu tsoe la fia?

6 Abe ale si míedzro eme le agbalẽ sia ƒe Ta 9 lia me ene la, Yesaya gblɔe ɖi be Yehowa ayra eƒe amewo woadzi ɖe edzi. (Yes. 60:22) Gake Yehowa do ŋugbe be yeawɔ nu si gade ŋgɔ wu ema gɔ̃ hã. Egblɔ le nyagblɔɖi ma ke me be: “Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe kple klosalo ɖe gayibɔ teƒe, akɔbli ɖe ati teƒe, eye gayibɔ ɖe kpewo teƒe, matsɔ ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae.” (Yes. 60:17) Nyagblɔɖi sia gɔme ɖe? Aleke wòku ɖe mía ŋu egbeae?

Menye ɖe nuawo gblẽ tae woatsɔ bubuwo aɖɔlii o, ke boŋ nuawo nyo gake woatsɔ esiwo ganyo wu aɖo wo teƒe

7 Yesaya ƒe nyagblɔɖia gblɔ be woatsɔ nanewo aɖɔli bubuwo. Ke hã, de dzesii be menye ɖe nuawo gblẽ tae woatsɔ bubuwo aɖɔlii o, ke boŋ nuawo nyo gake woatsɔ esiwo ganyo wu aɖo wo teƒe. Le kpɔɖeŋu me, akɔbli nyo gake sika si wova tsɔ ɖo eteƒe la ganyo wu, eye nenemae wòle le nu bubu siwo woyɔ le nyagblɔɖia me hã gome. Eya ta Yehowa to kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia dzi gblɔe ɖi be yeatrɔ asi le yeƒe amewo ŋu vivivi be nɔnɔme si me wole la naganyo ɖe edzi. Asitɔtrɔ ka ƒomevi ŋue nyagblɔɖi sia ku ɖo? Esi Yehowa ƒo nu tso “tatɔ” kple “dɔnunɔla” ŋu le nyagblɔɖi sia me la, efia be asitɔtrɔ siawo aku ɖe eƒe amewo dzi kpɔkpɔ kple woƒe hakplɔɖoɖowo ŋu.

8. (a) Ame kae hea tɔtrɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me la vɛ? (b) Aleke tɔtrɔ siawo ɖea vi na míi? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ebɔbɔ Eɖokui Hexɔ Ðɔɖɔɖo” hã.)

8 Ame kae ahe hakplɔɖoɖo ŋuti tɔtrɔ siawo vɛ? Yehowa gblɔ be: “Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe kple klosalo ɖe gayibɔ teƒe, . . . matsɔ ŋutifafa aɖo tatɔe na wò.” Nyateƒee, Yehowa ŋutɔe hea hakplɔɖoɖo ŋuti tɔtrɔawo vɛ, ke menye amegbetɔ aɖekee o. Tso esime Yehowa ɖo Via Yesu Fiae la, eya koŋ dzi tom wòle le tɔtrɔ siawo hem vɛ. Aleke tɔtrɔ siawo le vi ɖem na míi? Ŋɔŋlɔ ma ke gblɔ be tɔtrɔ mawo ahe “ŋutifafa” kple “dzɔdzɔenyenye” vɛ. Ne míexɔ Mawu ƒe mɔfiame hewɔ asitɔtrɔ siwo hiã la, ewɔnɛ be ŋutifafa nɔa mía dome eye míelɔ̃a dzɔdzɔenyenye. Esia ʋãa mí míeyia edzi subɔa Yehowa, ame si apostolo Paulo yɔ be “ŋutifafa ƒe Mawu.”—Flp. 4:9.

9. Gɔmeɖoanyi nyui ka dzie míetu ɖoɖo kple ɖekawɔwɔ si le hamea me ɖo, eye nu ka tae?

 9 Paulo gblɔ tso Yehowa ŋu hã be: “Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.” (1 Kor. 14:33) De dzesii be esi Paulo gblɔ be Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o la, megblɔ kpee be ɖoɖo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ be ŋutifafa ƒe Mawue wònye. Nu ka tae? Nyae nye be: Menye ɣesiaɣie nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu hea ŋutifafa vɛ o. Le kpɔɖeŋu me, asrafoha aɖe ate ŋu azɔ le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu ayi aʋagbedzi; gake togbɔ be wozɔ le ɖoɖo nu hã la, aʋawɔƒe yim wole, ke menye ŋutifafa o. Eya ta abe Kristotɔwo ene la, ele be nya vevi sia nanɔ susu me na mí: Nu sia nu si wodi be wòanɔ ɖoɖo nu gake wometui ɖe ŋutifafa dzi o la mali ke ɖaa o. Amu godoo. Gake Mawu me ŋutifafa ya nana nuwo nɔa ɖoɖo nu helia ke ɖaa. Eya ta aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be “Mawu si naa ŋutifafa” lae le mɔ fiam míaƒe habɔbɔa hele asi trɔm le mía ŋu! (Rom. 15:33) Ŋutifafa si tso Mawu gbɔe nye gɔmeɖoanyi si dzi míetu ɖoɖo nyui kple ɖekawɔwɔ blibo si le míaƒe hamewo me le xexea me godoo, si ŋu míedea asixɔxɔe vevie la ɖo.—Ps. 29:11.

10. (a) Asitɔtrɔ siwo wowɔ le habɔbɔa me le gɔmedzedzea me la dometɔ aɖewo ɖe? (Kpɔ aɖaka si nye “Asitɔtrɔ Siwo Na Hamea Dzi Kpɔkpɔ Nyo Ðe Edzi.”) (b) Nyabiase kawo mee míadzro azɔ?

10 Woƒo nu tso asitɔtrɔ nyui siwo wowɔ le míaƒe habɔbɔa me tso ƒe 1800-awo va se ɖe ƒe 1900-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo me, si na nuwo zɔ ɖe ɖoɖo nu la dometɔ aɖewo ŋu le aɖaka si nye “ Asitɔtrɔ Siwo Na Hamea Dzi Kpɔkpɔ Nyo Ðe Edzi” me. Gake aleke Yehowa to míaƒe Fia la dzi he “sika vɛ ɖe akɔbli teƒe” le ƒe ʋɛ siwo va yi me? Aleke hakplɔɖoɖo ŋuti asitɔtrɔ siawo na ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si le hameawo me le xexea me godoo la me gasẽ ɖe edzii? Aleke tɔtrɔ siawo le kpekpem ɖe wò ŋutɔ ŋuwò le ‘ŋutifafa Mawu la’ subɔsubɔ me?

Ale Si Kristo Le Mɔ Fiam Hame Lae

11. (a) Nu ka gɔmee dɔdzikpɔhaa va se nyuie esi wodzro Ŋɔŋlɔawo me tsitotsito? (b) Nu kae nɔvi siwo nɔ dɔdzikpɔhaa me la ɖo kplikpaa be yewoawɔ?

11 Tso ƒe 1964 va se ɖe 1971 me la, dɔdzikpɔha la wɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe be woawɔ numekuku tsitotsito tso Biblia ƒe nufiafia aɖewo ŋu, eye numekuku siwo wowɔ la dometɔ ɖeka ku ɖe hakplɔɖoɖo si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu. * Wova de dzesii be menye hamemetsitsi alo dzikpɔla ɖekae kpɔa hamewo dzi le ƒe alafa gbãtɔ me o, ke boŋ hamemetsitsiwo ƒe hae kpɔa hame ɖe sia ɖe dzi. (Mixlẽ Filipitɔwo 1:1; 1 Timoteo 4:14.) Esi nya sia me va kɔ na wo nyuie la, dɔdzikpɔhaa kpɔe be yewoƒe Fia Yesu le mɔ fiam yewo be yewoawɔ asitɔtrɔ le Mawu ƒe amewo ƒe hakplɔɖoɖowo ŋu. Dɔdzikpɔhaa ɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɖe Fia la ƒe mɔfiameawo dzi. Wowɔ asitɔtrɔwo enumake ale be hamemetsitsiwo ƒe ɖoɖo si dzi woazɔ ɖo le habɔbɔa me nawɔ ɖeka kple esi ŋu woƒu nu tsoe le Ŋɔŋlɔawo me la bliboe. Àdi be yeanya asitɔtrɔ siwo wowɔ le ƒe 1970-awo ƒe gɔmedzedze la dometɔ aɖewoa?

12. (a) Asitɔtrɔ kae wowɔ le dɔdzikpɔhaa me? (b) Ƒo nu tso ale si Dɔdzikpɔhaa wɔa dɔ egbeae ŋu. (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Dɔdzikpɔha La Kpɔa Fiaɖuƒea Ƒe Dɔwo Dzii,” le axa 130.)

12 Asitɔtrɔ gbãtɔ si wowɔ la ku ɖe dɔdzikpɔhaa ŋutɔ ŋu. Va se ɖe ɣemaɣi la, nɔviŋutsu amesiamina adre siwo nye  Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ si le Pennsylvania ƒe akametiwo koe wɔa dɔ abe dɔdzikpɔhaa ene. Gake le ƒe 1971 me la, wova de vovototo akametiawo kple dɔdzikpɔhaa dome, eye wona dɔdzikpɔhaa me tɔwo dzi ɖe edzi tso ame 7 yi 11. Dɔdzikpɔhaa me tɔwo mebua wo dometɔ aɖeke be ele ŋgɔ na nɔvia o, eye wowɔ ɖoɖo be woanɔ woƒe zimenɔla ɖɔlim ƒe sia ƒe le ɖoɖo si nu woƒe ŋkɔwo le nu.

13. (a) Hamea dzi kpɔkpɔ ƒe ɖoɖo kae nɔ anyi ƒe 40 sɔŋ? (b) Nu kae Dɔdzikpɔhaa wɔ le ƒe 1972 me?

13 Asitɔtrɔ evelia si wogawɔ la lɔ hame ɖe sia ɖe ɖe eme. Le mɔ ka nu? Tso ƒe 1932 va se ɖe 1972 me la, togbɔ be hamemetsitsi bubuwo le hamea me hã la, nɔviŋutsu ɖeka koŋue xɔa ŋgɔ le wo dome. Woyɔa nɔviŋutsu sia si dzi habɔbɔa daa asi ɖo la be subɔsubɔdɔnunɔla va se ɖe ƒe 1936 me. Emegbe, wotrɔ ŋkɔa wòzu hamesubɔla, eye wogava trɔe wòzu hamedzikpɔla. Nɔviŋutsu siawo tsɔa veviedodo kpɔa alẽha la dzi be wòanɔ dedie le gbɔgbɔ me. Zi geɖe la, hamedzikpɔlaa meléa susuwo kpɔ kple hamemetsitsi bubuawo hafi wɔa hamea ƒe nyametsotsowo o. Ke hã, le ƒe 1972 me la, Dɔdzikpɔhaa dzra mɔ dzi ɖo na tɔtrɔ ɖedzesi bubu aɖe. Eyae nye tɔtrɔ ka?

14. (a) Ðoɖo yeye kae dze egɔme tso October 1, 1972 dzi? (b) Aleke hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Filipitɔwo 2:3 dzii?

14 Le esi teƒe be nɔviŋutsu ɖeka ko nanye hamedzikpɔla axɔ ŋgɔ le hamemetsitsiwo dome la, habɔbɔa va daa asi ɖe nɔviŋutsu siwo katã nye hamemetsitsiwo le hamea me eye woɖo  Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiawo gbɔ la dzi azɔ be woanye dzikpɔlawo le Kristo hamea me. Wo katã woanye hamemetsitsiwo ƒe ha si akpɔ hame si me wole la dzi. Wodze hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖo sia gɔme tso October 1, 1972 dzi. Egbea, hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla mebua eɖokui gã wu hamemetsitsi bubuawo o, ke boŋ ebua eɖokui ‘suetɔ’ le wo dome. (Luka 9:48) Nɔviŋutsu siawo siwo bɔbɔa wo ɖokui alea la nye yayra gã aɖe na xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa.—Flp. 2:3.

 Edze ƒãa be míaƒe Fia la kpɔ nu yi ŋgɔ eye wòna alẽkplɔla siwo hiã la eyomedzelawo ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi

15. (a) Viɖe kawoe do tso ɖoɖo si wowɔ be hamemetsitsiwo ƒe ha nakpɔ hamea dzi la me? (b) Nu kae ɖee fia be míaƒe Fia la kpɔ nu yi ŋgɔ?

15 Ðoɖo yeye si wowɔ be hamemetsitsiwo ƒe ha nama agbanɔamedziwo atsɔ le hamea me la ɖe vi geɖe ŋutɔ. Bu wo dometɔ etɔ̃ ŋu kpɔ: Gbã la, ɖoɖo sia kpe ɖe hamemetsitsiwo katã ŋu woɖoa ŋku edzi vevie be agbanɔamedzi ka kee ɖale wo si le hamea me o, Yesue nye hamea ƒe Ta. (Ef. 5:23) Evelia, Lododowo 11:14 na míenya be “adaŋudela geɖewo” dzie wotona kpɔa dzidzedze. Ne hamemetsitsiwo dea adaŋu kple wo nɔewo tso nu siwo ana hamea anɔ dedie le gbɔgbɔ me ŋu eye wosea wo nɔewo ƒe susu la, wowɔa nyametsotso siwo wɔa ɖeka kple Biblia me gɔmeɖosewo. (Lod. 27:17) Yehowa yrana ɖe nyametsotso siawo tɔgbi dzi, eye wònana nuwo dzea edzi le hamea me. Etɔ̃lia, esi wova daa asi ɖe nɔviŋutsu geɖe siwo dze hã dzi be woanye hamemetsitsiwo ta la, ele bɔbɔe be woakpɔ  hameawo dzikpɔkpɔ kple alẽawo kpɔkplɔ ƒe hiahiã si le dzidzim ɖe edzi la gbɔ. (Yes. 60:3-5) Wò ya bu eŋu kpɔ: Hame 27,000 kple nu vi aɖe siwo nɔ xexea me godoo le ƒe 1971 me la dzi ɖe edzi va ɖo 113,000 kple edzivɔ le ƒe 2013 me. Edze ƒãa be míaƒe Fia la kpɔ nu yi ŋgɔ eye wòna alẽkplɔla siwo hiã la eyomedzelawo ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.—Mixa 5:4.

Wozua “Kpɔɖeŋu Na Alẽha La”

16. (a) Agbanɔamedzi kae kpɔ hamemetsitsiwo ŋkume? (b) Aleke Biblia Nusrɔ̃viwo bua aɖaŋu si Yesu ɖo be ‘woakplɔ alẽawoe’?

16 Tso gɔmedzedzea me ke la, hamemetsitsi siwo le Biblia Nusrɔ̃viwo dome la se egɔme be yewoƒe agbanɔamedzie wònye be yewoakpe ɖe haxɔsetɔwo ŋu woali ke le Mawu subɔsubɔ me. (Mixlẽ Galatiatɔwo 6:10.) Le ƒe 1908 me la, wodzro Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye “kplɔ nye alẽ sueawo” me le Gbetakpɔxɔ aɖe me. (Yoh. 21:15-17) Wogblɔ na hamemetsitsiwo le nyatia me be: “Ele vevie ŋutɔ be dɔ si Aƒetɔ la de mía si ku ɖe alẽhaa ŋu la naxɔ nɔƒe vevi aɖe le míaƒe dzi me; ele be míakpɔe be mɔnukpɔkpɔ gãe wònye na mí be míanyi Aƒetɔ la ƒe alẽwo ahakplɔ wo nyuie.” Le ƒe 1925 me la, Gbetakpɔxɔ gate gbe ɖe alẽkpɔkplɔdɔa ƒe vevienyenye dzi na hamemetsitsiwo heɖo ŋku edzi na wo be: “Mawu ŋutɔ tɔe ha la nye, . . . eya ta abia akɔnta tso ame siwo katã si mɔnukpɔkpɔ su be woasubɔ wo nɔviwo la si.”

17. Aleke wole kpekpem ɖe dzikpɔlawo ŋu be woanye alẽkplɔla nyuiwo?

17 Aleke Yehowa ƒe habɔbɔa le kpekpem ɖe hamemetsitsiwo ŋu be woƒe alẽkpɔkplɔdɔa nanyo ɖe edzi abe ‘klosaloe va xɔ ɖe gayibɔ teƒe’ ene? Eyae nye hehe si nam wole wo. Le ƒe 1959 me la, wowɔ Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku gbãtɔ na dzikpɔlawo. Nyati siwo me wodzro le sukua me dometɔ ɖekae nye “Ðetsɔtsɔ Le Eme Na Amewo Ðekaɖeka.” Wode dzi ƒo na hamemetsitsiawo be “woawɔ ɖoɖo si dzi woazɔ ɖo asrã gbeƒãɖelawo  kpɔ le woƒe aƒewo me.” Wodzro mɔ vovovo siwo nu alẽkplɔlawo ate ŋu ana sasrãkpɔawo natu alẽawo ɖo la me. Le ƒe 1966 me la, wodze Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku si ŋu wogatrɔ asi le vie la gɔme. Nyati siwo me wodzro dometɔ ɖekae nye “Alẽkpɔkplɔdɔa Ƒe Vevienyenye.” Nu ka koŋ dzie wote gbe ɖo le numedzodzro sia me? Eyae nye be “ele be ame siwo le ŋgɔ xɔm la nalé be na Mawu ƒe alẽha la lɔlɔ̃tɔe, gake mele be esia nana woado kpo vovokpɔkpɔ ɖe woƒe ƒomea kple gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu o.” Wowɔ hamemetsitsiwo ƒe suku geɖe le ƒe ʋɛ siwo va yi hã me. Nu kae do tso hehe si Yehowa ƒe habɔbɔa yi edzi le wo nam la me? Egbea, nɔviŋutsu akpe geɖe siwo dze nyuie la nye gbɔgbɔmelẽkplɔlawo le Kristotɔwo ƒe hameawo me le xexea me godoo.

Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku aɖe si wowɔ le Philippines, le ƒe 1966 me

18. (a) Agbanɔamedzi vevi kae wotsɔ de hamemetsitsiwo si? (b) Nu ka tae Yehowa kple Yesu womelɔ̃a nu le hamemetsitsi dovevienuwo gbɔ o?

18 Yehowa to míaƒe Fia Yesu dzi ɖo Kristotɔ hamemetsitsiwo be woatsɔ agbanɔamedzi vevi aɖe. Eyae nye ka? Be woakplɔ Mawu ƒe alẽawo to ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake si me míele la me ado dedie. (Ef. 4:11, 12; 2 Tim. 3:1) Yehowa kple Yesu womelɔ̃a nu le hamemetsitsi dovevienu siawo gbɔ o, elabena nɔviŋutsu siawo wɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Mikplɔ Mawu ƒe alẽha si le miaƒe dzikpɔkpɔ te la . . . kple lɔlɔ̃nu faa; . . . kple didi vevi; . . . abe ame siwo zua kpɔɖeŋu na alẽha la ene.” (1 Pet. 5:2, 3) Mina míadzro mɔ siwo nu Kristotɔ alẽkplɔlawo nyea kpɔɖeŋu na alẽhaa, si na ŋutifafa kple dzidzɔ geɖe le hameawo me la dometɔ eve me kpɔ.

Ale Si Alẽkplɔlawo Kplɔa Mawu Ƒe Alẽha La Egbeae

19. Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso hamemetsitsi siwo wɔa dɔ kpli wò le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ŋu?

19 Gbã la, hamemetsitsiwo wɔa dɔ kple hamea me tɔwo. Nyanyuigbalẽ ŋlɔla Luka gblɔ tso Yesu ŋu be: “Eyi tso du me yi du me kple kɔƒe yi kɔƒe nɔ gbeƒã ɖem henɔ Mawu Fiaɖuƒea  ŋuti nya nyui la gblɔm. Eye ame wuieveawo nɔ eŋu.” (Luka 8:1) Abe ale si Yesu wɔ dɔ kple eƒe apostoloawo le gbeadzi ene la, hamemetsitsi kpɔɖeŋu nyui ɖola siwo li egbea hã wɔa dɔ kple haxɔsetɔwo le gbeƒãɖeɖedɔa me. Wonyae be yewoato esia dzi ana dzidzɔ kple ŋutifafa nanɔ hamea me. Aleke hamea me tɔwo sena le wo ɖokui me tso hamemetsitsi siawo ƒomevi ŋu? Jeannine, si nye nɔvinyɔnu aɖe si le eƒe ƒe 80-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la gblɔ be: “Ne mewɔ dɔ kple hamemetsitsi aɖe le gbeadzi la, enaa mɔnukpɔkpɔm meɖoa dze kplii hedzea sii nyuie wu.” Steven, si nye nɔviŋutsu aɖe si le eƒe ƒe 30-awo ƒe domedome lɔƒo hã gblɔ be: “Ne nye kple hamemetsitsi aɖe míele tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm la, mesena le ɖokuinye me be ele kpekpem ɖe ŋunye. Kpekpeɖeŋu mawo xɔxɔ doa dzidzɔ nam ŋutɔ.”

Abe ale si alẽkplɔla dia eƒe alẽ si bú ene la, hamemetsitsiwo dzea agbagba dia ame siwo dzudzɔ hadede kple hamea

20, 21. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ alẽkplɔla si ŋu Yesu ƒo nu tsoe? Gblɔ esia ƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ aɖaka si nye “ Kwasiɖa Sia Kwasiɖa Ƒe Sasrãkpɔ Siwo Le Vi Ðem” hã.)

20 Evelia, Yehowa ƒe habɔbɔa na hehe hamemetsitsiwo be woatsɔ ɖe le eme na ame siwo dzudzɔ hadede kple hamea. (Heb. 12:12) Nu ka tae wòle be hamemetsitsiwo nakpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me ŋu, eye aleke woawɔ esiae? Nya siawo ƒe ŋuɖoɖo dze le alẽ búbu ŋuti kpɔɖeŋu si Yesu wɔ me. (Mixlẽ Luka 15:4-7.) Esi alẽkplɔlaa de dzesii be yeƒe alẽ ɖeka bú la, megblɔ be alẽ bubuwo le ye si ta ne ɖeka bú hã mewɔ naneke o, ke boŋ edi esi bú la vevie. Aleke Kristotɔ hamemetsitsiwo srɔ̃a alẽkplɔla sia egbeae? Abe ale si ko alẽ búbua nɔ vevie na alẽkplɔlaa ene la, nenema kee hamemetsitsiwo meŋlɔa ame siwo dzudzɔ hadede kple hamea la be o; wole vevie na wo. Wobua ame siwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me la be wonye alẽ búbuwo ke menye alẽ kukuwo o. Azɔ hã, abe ale si ko alẽkplɔlaa ɖoe be ‘yeayi aɖadi esi bú la va se ɖe esime yeakpɔe’ la, nenema kee hamemetsitsiwo dzea agbagba dia ame siwo gbɔdzɔ la hekpena ɖe wo ŋu.

21 Nu kae alẽkplɔlaa wɔ esi wòke ɖe alẽ búbua ŋu? Ekɔe blewuu, tsɔe ɖo “eƒe abɔta,” eye wòkɔe va alẽhaa me. Nenema kee ne hamemetsitsiwo gblɔ nya siwo ɖee fia be yewotsɔ ɖe le eme na ame si gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me vevie la, woate ŋu ato esia dzi akɔe blewuu atrɔ agbɔ va hamea me. Aleae wòdzɔ le Victor, si nye nɔviŋutsu aɖe le Afrika dukɔ aɖe me, si va dzudzɔ hadede kple hamea la gome. Egblɔ be: “Le ƒe enyi siwo katã medzudzɔ hadede kple hamea me la, hamemetsitsiwo ƒe afɔ metso le gbɔnye kpɔ o.” Nu ka koŋue va ʋãe mlɔeba? Eɖe eme be: “Gbe ɖeka la, John, si nye hamemetsitsi aɖe si mía kplii míede mɔɖelawo ƒe suku la va srãm kpɔ, eye wògbɔ dzi ɖi tsɔ foto siwo míeɖe le sukua la fiam. Esia na dzidzɔ si gbegbe mekpɔna tsã esi menɔ Yehowa subɔm la gadzrom vevie.” Ɣeyiɣi kpui aɖe le John ƒe sasrãkpɔ sia megbe la, Victor gadze hadede kple hamea. Egbea, egava le subɔsubɔm ake abe mɔɖela ene. Nyateƒee, Kristotɔ hamemetsitsi siwo tsɔa ɖe le eme na ame la nana míekpɔa dzidzɔ geɖe.—2 Kor. 1:24. *

 Asitɔtrɔ Le Hakplɔɖoɖowo Ŋu Na Mawu Ƒe Amewo Ƒe Ðekawɔwɔ Me Gasẽ Ðe Edzi

22. Aleke dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa nana Kristo hamea ƒe ɖekawɔwɔ me gasẽna ɖe edzi? (Kpɔ aɖaka si nye “ Míaƒe Nu Koe Ku” hã.)

22 Abe ale si míekpɔe va yi ene la, Yehowa gblɔe ɖi be yeana yeƒe amewo ƒe ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye nadzi ɖe edzi vivivi. (Yes. 60:17) Nɔnɔme nyui eve siawo nana ɖekawɔwɔ si le hameawo me la me gasẽna ɖe edzi. Le mɔ ka nu? Míenya be “mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!” (5 Mose 6:4) Eya ta le dzɔdzɔenyenye gome la, eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo metoa vovo tso hame me yi hame me alo tso dukɔ aɖe me yi bubu me o. Ke boŋ eƒe dzidzenu siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu la le ɖeka “le ame kɔkɔewo ƒe hamewo katã me.” (1 Kor. 14:33) Esia fia be nuwo azɔ nyuie le hamea me ne wowɔna ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo dzi. Le ŋutifafa gome la, menye ɖeko míaƒe Fia la di be ŋutifafa nanɔ hamea me ko evɔ o, edi be míanye “ŋutifafawɔlawo” hã. (Mat. 5:9) Eya ta míetiaa “nu siwo naa ŋutifafa nɔa anyi” yome. Míetrea afɔ ɖeɖe be míakpɔ masɔmasɔ siwo ate ŋu ado mo ɖa le mía dome ɣeaɖewoɣi la gbɔ. (Rom. 14:19) Míato esia dzi ana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nakpɔtɔ anɔ hamea me.—Yes. 60:18.

23. Nu kae le Yehowa ƒe amewo dome egbea?

23 Esi nɔvi siwo nɔ ŋgɔ xɔm le habɔbɔa me ɖe gbeƒã hamemetsitsiwo tiatia ƒe ɖoɖoa zi gbãtɔ le November 1895 ƒe Gbetakpɔxɔa me la, wogblɔ didi vevie si le wo si hã. Eyae nye ka? Woƒe gbedodoɖa kple didi vevie ye nye be hakplɔɖoɖo yeye sia nakpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu “woawɔ ɖeka le xɔse me kaba.” Ne míetrɔ kpɔ megbe la, míedaa akpe ŋutɔ be ale si Yehowa to míaƒe Fia Yesu dzi trɔ asi le míaƒe hakplɔɖoɖowo ŋu vivivi le ƒe siwo va yi me la na be míaƒe ɖekawɔwɔ me gasẽ ɖe edzi vavã. (Ps. 99:4) Esia wɔe be egbea, Yehowa ƒe ame siwo le xexea me katã la le dzidzɔ kpɔm esi wole zɔzɔm le “gbɔgbɔ ɖeka” me, le ‘afɔɖoƒe ɖeka’ tom ‘hetsɔ nu sɔsɔe’ le ‘ŋutifafa Mawu la’ subɔm.—2 Kor. 12:18; mixlẽ Zefaniya 3:9.

^ mm. 11 Wova ta nu siwo ŋu woke ɖo le numekuku sia wɔwɔ me la ɖe agbalẽ si nye Kpekpeɖeŋu Hena Biblia Gɔmesese (si le yevugbe me) la me.

^ mm. 21 Kpɔ nyati si nye “Hamemetsitsiwo—‘Wonye Hadɔwɔlawo Na Míaƒe Dzidzɔkpɔkpɔ’” si dze le January 15, 2013 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 27-31.