Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!

 TA 21

Mawu Fiaɖuƒea Aɖe Eƒe Futɔwo Ða

Mawu Fiaɖuƒea Aɖe Eƒe Futɔwo Ða

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Nu siwo adzɔ kpuie va se ɖe Harmagedon me la me dzodzro

1, 2. (a) Nu kawoe ɖo kpe edzi be míaƒe Fia la le dzi ɖum tso ƒe 1914 me ke? (b) Nu kawo mee míadzro le ta sia me?

ÐE NU siwo me míedzro le agbalẽ sia me tso nu siwo wɔm Mawu Fiaɖuƒea le le eƒe futɔwo titina ŋu medo ŋusẽ wò xɔse ŋutɔ oa? (Ps. 110:2) Míekpɔe be míaƒe Fia la ƒo gbeƒãɖelawo ƒe aʋakɔ gã aɖe nu ƒu. Ekɔ eyomedzelawo ŋu le gbɔgbɔ me hekpe ɖe wo ŋu woɖɔ woƒe agbenɔnɔ ɖo. Eye togbɔ be Fiaɖuƒea ƒe futɔwo wɔ ɖe sia ɖe be yewoade mama mía me hã la, ɖekawɔwɔ blibo le mía dome le xexea me godoo egbea. Nu siawo kple bubu geɖe siwo wɔm Fiaɖuƒea le la nye kpeɖodzi sẽŋu be míaƒe Fia la le dzi ɖum le Fiaɖuƒea ƒe futɔwo titina tso ƒe 1914 me ke vavã.

2 Fiaɖuƒea agawɔ nu siwo wɔ nuku wu le etsɔ si gbɔna kpuie me. Ne Fiaɖuƒea ‘va’ la, “agbã” eƒe futɔwo eye ‘wòaɖe wo ɖa.’ (Mat. 6:10; Dan. 2:44) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, nu ɖedzesi bubu aɖewo adzɔ. Nu kawoe? Biblia me nyagblɔɖi geɖewo ɖo biabia sia ŋu. Mina míadzro nyagblɔɖi mawo dometɔ aɖewo me ne míakpɔ nu siwo adzɔ kpuie la ɖa.

Nu Siwo Adzɔ Do Ŋgɔ Na “Tsɔtsrɔ̃ Kpata” La

3. Nu kae nye nudzɔdzɔ gbãtɔ si míele mɔ kpɔm na?

3 Ŋutifafa ƒe ɣli dodo. Apostolo Paulo ƒo nu tso nudzɔdzɔ gbãtɔ si míele mɔ kpɔm na la ŋu le eƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Tesalonikatɔwo me. (Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:2, 3.) Paulo ƒo nu tso “Yehowa ƒe ŋkeke la” ŋu le eƒe lɛta ma me, si adze egɔme kple “Babilon Gã la” dzi dzedze. (Nyaɖ. 17:5) Gake hafi Yehowa ƒe ŋkekea nadze egɔme la, dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” Woate ŋu awɔ esia le nudzɔdzɔ ɖeka aɖe ko me alo anye nudzɔdzɔ ɖedzesi siwo tsiã ɖe enu. Ðe subɔsubɔhakplɔlawo hã akpɔ gome le esia wɔwɔ mea? Esi woawo hã wonye xexea ƒe akpa aɖe ta la, ɖikeke mele eme o be woawɔ ɖeka kple dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa, ŋutifafa!” (Yer. 6:14; 23:16, 17; Nyaɖ. 17:1, 2) Dukɔwo ƒe gbeƒãɖeɖe ŋutifafa kple dedienɔnɔ anye dzesi be  Yehowa ƒe ŋkekea le egɔme dze ge. Mawu Fiaɖuƒea ƒe futɔwo ‘mate ŋu asi le enu le mɔ aɖeke nu o.’

4. Aleke Paulo ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ŋutifafa kple dedienɔnɔ ƒe ɣlia dodo ŋu gɔmesese ɖea vi na míi?

4 Aleke nyagblɔɖi sia gɔmesese ɖea vi na míi? Paulo gblɔ be: “Miele viviti me o, bene ŋkeke ma naɖi ɖe mi abe ale si wòaɖi ɖe fiafitɔwo ene o.” (1 Tes. 5:3, 4) To vovo na xexea la, míawo ya míenya afi si fifi nudzɔdzɔwo ɖo tae. Aleke tututue ŋutifafa kple dedienɔnɔ ŋuti nyagblɔɖi sia ava emee? Ðeko míada ŋku ɖi akpɔ ale si xexea me nudzɔdzɔwo ava yii ɖa. Ekema “mina míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.”—1 Tes. 5:6; Zef. 3:8.

Xaxa Gã La Fe Ati

5. Nudzɔdzɔ kae adze “xaxa gã” la gɔme?

5 Subɔsubɔhawo dzi dzedze. Ðo ŋku edzi be Paulo gblɔ be: “Ne wole gbɔgblɔm be: “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” la, ekema tsɔtsrɔ̃ kpata ava wo dzi kpoyi.” Abe ale si ko dzikedzo doa ŋgɔ teti na dziɖegbee ene la, nenema tututue ne wonya do “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” ƒe ɣlia ko la, “tsɔtsrɔ̃ kpata” akplɔe ɖo. Nu kawoe woatsrɔ̃? Gbãtɔae nye “Babilon Gã la,” si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea, si wogayɔna be “gbolo.” (Nyaɖ. 17:5, 6, 15) Kristodukɔa kple alakpasubɔsubɔha bubuawo ɖeɖe ɖae anye “xaxa gã” la ƒe gɔmedzedze. (Mat. 24:21; 2 Tes. 2:8) Nudzɔdzɔ sia awɔ moyaa na ame akpa gãtɔ. Nu ka tae? Elabena va se ɖe ɣemaɣi la, gbolo la agakpɔtɔ anɔ eɖokui bum be yenye “fianyɔnu” si ‘maxa nu akpɔ o.’ Gake kasia akpɔe be yekui wòɖuɖu. Woatsrɔ̃e ɖa alɔtsɔtsɔe abe le “ŋkeke ɖeka dzi” ene.—Nyaɖ. 18:7, 8.

6. Ame kawoe adze “Babilon Gã la” dzi?

6 Ame kawoe adze “Babilon Gã la” dzi? Woyɔ wo be “lã wɔadã” si “dzo ewo li na.” Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me nyawo ɖee fia be lã wɔadã lae nye Dukɔ Ƒoƒuawo. Dzo ewo la le tsitre ɖi na egbegbe dunyahedziɖuɖu siwo katã da megbe na “lã wɔadã” la, “si biã helĩhelĩ.” (Nyaɖ. 17:3, 5, 11, 12) Aleke gbegbe amedzidzedzea nu asẽe? Dukɔ siwo katã le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔa me la aha gbolo la ƒe kesinɔnuwo; woavuvui, eye “woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.”—Mixlẽ Nyaɖeɖefia 17:16. *

7. Aleke Yesu ƒe nya siwo le Mateo 24:21, 22 la va eme le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me, eye aleke woava eme le etsɔme?

7 Ŋkekeawo dzi tsotso. Míaƒe Fia la gblɔ nu si adzɔ le xaxa gãa ƒe akpa sia la na mí. Yesu gblɔ be: “Le ame tiatiawo ta la, woatso ŋkeke mawo dzi.” (Mixlẽ Mateo 24:21, 22) Yesu ƒe nyawo va eme le mɔ sue aɖe nu le ƒe 66 M.Ŋ. me esi Yehowa ‘tso’ Roma srafowo ƒe Yerusalem dzi dzedzea dzi. (Marko 13:20) Esia ʋu mɔnukpɔkpɔ na Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem kple Yudea be woasi ahatsi agbe. Ke aleke nya siawo ava eme le mɔ si lolo wu nu le xaxa gã si  gbɔna me? Yehowa ato míaƒe Fia dzi ‘atso’ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe alakpasubɔsubɔhawo dzi dzedzea dzi ale be woagatsrɔ̃ subɔsubɔha vavãtɔ akpe ɖe alakpasubɔsubɔhawo ŋu o. Esia awɔe be togbɔ be woatsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo katã ɖa hã la, subɔsubɔha vavãtɔ ya akpɔtɔ anɔ anyi. (Ps. 96:5) Azɔ mina míadzro nu siwo adzɔ akplɔ xaxa gãa ƒe akpa sia ɖo la me.

Nu Siwo Adzɔ Va Se Ðe Harmagedon Me

8, 9. Dzesi kawo ŋue Yesu anya nɔ nu ƒom tsoe, eye aleke amewo awɔ nu ɖe nu siwo woakpɔ ŋu?

8 Le Yesu ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu me la, eƒo nu tso nu ɖedzesi geɖe siwo adzɔ va se ɖe Harmagedon me ŋu. Nudzɔdzɔ eve siwo me míadzro fifia la dze le Mateo, Marko, kple Luka ƒe Nyanyuigbalẽawo siaa me.—Mixlẽ Mateo 24:29-31; Marko 13:23-27; Luka 21:25-28.

9 Dzesiwo adze le dziƒo. Yesu gblɔe ɖi be: “Ɣe ado viviti, eye ɣleti mana eƒe kekeli o, eye ɣletiviwo age tso dziƒo.” Efia be amewo magakpɔ subɔsubɔhakplɔlawo sinu ɣemaɣi be yewoaxɔ kekeli alo mɔfiame tso wo gbɔ o. Gake ɖe Yesu ƒe nyawo ate ŋu afia hã be dzesi wɔnuku aɖewo adze le dziƒoa? Ðewohĩ anɔ eme nenema. (Yes. 13:9-11; Yoel 2:1; 3:3, 4) Aleke amewo awɔ nu ɖe nu siwo woakpɔ ŋu? ‘Woatɔtɔ vevie’ le esi “womanya nu si woawɔ o” ta. (Luka 21:25; Zef. 1:17) Nyateƒee, Mawu Fiaɖuƒea ƒe futɔwo katã—tso ‘fiawo dzi va se ɖe kluviwo’ dzi—“aku ƒenyi le vɔvɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nu siwo gbɔna” ta, eye woaƒu du be yewoadi afi aɖe abe ɖo. Gake womakpɔ bebeƒe gbagbe aɖeke si ate ŋu akpɔ wo ta tso Fia la ƒe dziku nu o.—Luka 21:26; 23:30; Nyaɖ. 6:15-17.

10. Ʋɔnu kae Yesu adrɔ̃ amewo, eye aleke Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpadzinɔlawo kple Fiaɖuƒea ƒe futɔwo awɔ nu ɖe emetsonuawo ŋu?

10 Ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo. Azɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe futɔwo katã, wolɔ̃ alo womelɔ̃ o, woagakpɔ nudzɔdzɔ aɖe si adzi woƒe nuxaxa ɖe edzi la teƒe. Yesu gblɔ be: “Woakpɔ Amegbetɔvi la le alilikpowo me gbɔna kple ŋusẽ gã kpakple ŋutikɔkɔe.” (Marko 13:26) Yesu ƒe ŋusẽ ɖeɖefia le mɔ wɔnuku sia nu anye dzesi be eva ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃. Le ŋkeke mamlɛawo ŋuti nyagblɔɖi sia ke ƒe akpa bubu me la, Yesu na numekɔkɔ bubuwo tso ʋɔnu si wòadrɔ̃ ɣemaɣi la ŋu. Numekɔkɔ mawo dze le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa me. (Mixlẽ Mateo 25:31-33, 46.) Woadrɔ̃ ʋɔnu Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpadzinɔla wɔnuteƒewo be wonye “alẽwo”; eya ta woafɔ woƒe “tawo dzi” le esi wonya be yewoƒe “ɖeɖekpɔkpɔ le gogom” ta. (Luka 21:28) Gake woadrɔ̃ ʋɔnu Fiaɖuƒea ƒe futɔwo ya be wonye “gbɔ̃wo”; eya ta ‘woaƒo akɔta vevie le nuxaxa ta’ le esi wonya be ‘tsɔtsrɔ̃ mavɔ’ ye le yewo lalam ta.—Mat. 24:30; Nyaɖ. 1:7.

11. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele nudzɔdzɔ siwo akplɔe ɖo me dzrom?

 11 Ne Yesu drɔ̃ ʋɔnu “dukɔwo katã” vɔ la, nu ɖedzesi bubu geɖewo agadzɔ hafi Harmagedon-ʋaa nadze egɔme. (Mat. 25:32) Mina míadzro nu siawo dometɔ eve me: Gog ƒe amedzidzedzea kple amesiaminawo nu ƒoƒo ƒu. Ne míele nudzɔdzɔ eve siawo me dzrom la, nenɔ susu me na mí be Mawu ƒe Nya la megblɔ ɣeyiɣi si tututu me wo dometɔ ɖe sia ɖe adzɔ le o. Anɔ eme kokoko be nudzɔdzɔ eveawo dometɔ ɖeka ava do go ɖe evelia nu hena ɣeyiɣi aɖe.

12. Aʋa mamlɛtɔ kae Satana aho ɖe Fiaɖuƒea ŋu?

12 Amedzidzedze mamlɛtɔ. Gog si tso Magog la adze amesiamina susɔeawo kple woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo dzi. (Mixlẽ Ezekiel 38:2, 11.) Tsotso ɖe Mawu Fiaɖuƒe si le dzi ɖum ŋu alea ye anye Satana ƒe avu mamlɛtɔ si wòawɔ le aʋa si wòho ɖe amesiamina susɔeawo ŋu tso esime wonyãe le dziƒo la me. (Nyaɖ. 12:7-9, 17) Vevietɔ tso esi wodze amesiaminawo nu ƒoƒo ƒu ɖe Kristo hame si wogbugbɔ ɖo te me la, Satana dze agbagba vevie be yeagblẽ dzidzedze si kpɔm wonɔ le gbɔgbɔ me la me, gake mete ŋui o. (Mat. 13:30) Ke hã, ne alakpasubɔsubɔhawo katã nu yi eye wòdze abe ɖe Mawu ƒe amewo le “anyigba, si le nuvo” dzi eye “gli, gameti kple agbo mele wo si o” ene la, Satana abui be ema nye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na ye be yeabu mo na wo. Aƒlɔ dzo ɖe etevi vɔ̃ɖiawo te be woaho aʋa sesẽ aɖe ɖe Fiaɖuƒea ƒe akpadzinɔlawo ŋu.

13. Aleke Yehowa axɔ na eƒe amewoe?

13 Ezekiel ƒo nu tso nu si adzɔ ɣemaɣi ŋu. Egblɔ nya ɖi tso Gog ŋu be: “Àtso nɔwòƒe le anyiehe kekeake ava, eye dukɔ geɖe akpe ɖe ŋuwò, wo katã woanɔ sɔ dzi, ameha gã kple aʋakɔ dranyi wòanye; eye àho ɖe nye dukɔ Israel ŋu, ànyẽ atsyɔ anyigba la abe alilikpo ene.” (Eze. 38:15, 16) Aleke Yehowa awɔ nu ɖe aʋakɔ gã nyadri sia si ɖoe kplikpaa be yeatsrɔ̃ eƒe amewo la ŋu? Yehowa gblɔ be: “Nye dɔmedzoe ade dzi le nye ŋɔti me.” “Mayɔ yi ɖe eŋu.” (Eze. 38:18, 21; mixlẽ Zaxarya 2:12.) Yehowa ade asi nyaa me ahaxɔ na esubɔla siwo le anyigba dzi. Esiae anye Harmagedon-ʋa la.

14, 15. Nu bubu kae adzɔ ɣeyiɣi aɖe le Satana ƒe amedzidzedze mamlɛtɔ ƒe gɔmedzedze megbe?

14 Hafi míaƒo nu tso ale si Yehowa aʋli eƒe amewo ta le Harmagedon-ʋaa me ŋu la, mina míatɔ vie ahadzro nudzɔdzɔ vevi bubu aɖe me gbɔ. Enye nane si adzɔ ɣeyiɣi aɖe le Satana ƒe amedzidzedze mamlɛa ƒe gɔmedzedze kple Harmagedon-ʋaa ƒe gɔmedzedze dome. Abe ale si míegblɔe le memama 11 lia me ene la, nudzɔdzɔ evelia siae nye amesiamina susɔeawo nu ƒoƒo ƒu.

15 Amesiaminawo nu ƒoƒo ƒu. Mateo kple Marko siaa he susu yi nya aɖe si Yesu gblɔ tso “ame tiatiawo,” alo Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na, ŋu la dzi be enye nu siwo  adzɔ do ŋgɔ na Harmagedon la dometɔ ɖeka. (Kpɔ memama 7.) Esi Yesu nɔ nu ƒom tso eɖokui ŋu abe Fia ene la, egblɔe ɖi be: “Ekema adɔ mawudɔlawo ɖa, eye aƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso anyigba ƒe seƒe ke va se ɖe dziƒo ƒe seƒe ke.” (Marko 13:27; Mat. 24:31) Amesiaminawo nu ƒoƒo ƒu ka ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe le afi sia? Menye Kristotɔ amesiamina susɔeawo nutetre mamlɛa, si adzɔ do ŋgɔ teti hafi xaxa gãa nadze egɔme ŋu nya gblɔm wòle o. (Nyaɖ. 7:1-3) Ke boŋ nu si adzɔ le xaxa gãa me ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe. Eya ta anɔ eme be ɣeyiɣi aɖe le Satana ƒe amedzidzedze mamlɛtɔa ƒe gɔmedzedze megbe la, woaƒo amesiamina siwo gasusɔ ɖe anyigba dzi la nu ƒu ɖe dziƒo.

16. Akpa kae amesiamina siwo woafɔ ɖe tsitre awɔ le Harmagedon-ʋaa me?

16 Akpa kae amesiamina susɔeawo nu ƒoƒo ƒu sia awɔ le nudzɔdzɔ si akplɔe ɖo, si nye Harmagedon, la me? Ɣeyiɣi si me woaƒo amesiamina susɔeawo nu ƒu la ɖee fia be amesiaminawo katã anɔ dziƒo hafi Mawu ƒe Harmagedon-ʋaa adze egɔme. Woana ŋusẽ Kristo ƒe hatidziɖula 144,000 siawo siwo woafɔ ɖe tsitre la le dziƒo be woawɔ ɖeka kple Yesu axɔ “gatikplɔ” si woatsɔ atsrɔ̃ Mawu Fiaɖuƒea ƒe futɔwo katã. (Nyaɖ. 2:26, 27) Azɔ amesiamina siawo kple mawudɔla sesẽwo adze Kristo, Fia Aʋawɔla la yome woakpe aʋa kple futɔwo ƒe ‘aʋakɔ gã nyadri’ si ƒe ŋku biã vevie be yewoatsrɔ̃ Yehowa ƒe amewo. (Eze. 38:15) Ne aʋakɔ sesẽ eve siawo nya kpe ŋgo ko la, Harmagedon-ʋa lae nye ema fe ati!—Nyaɖ. 16:16.

Xaxa Gã La Taƒoƒo

Harmagedon-ʋaa fe ati!

17. Nu kae adzɔ ɖe “gbɔ̃wo” dzi le Harmagedon me?

17 Ame siwo wobu fɔe la tsɔtsrɔ̃. Harmagedon-ʋa lae aƒo xaxa gãa ta. Yesu aɖe afɔ vevi bubu aɖe le aʋa sia me. Edrɔ̃ ʋɔnu “dukɔwo katã” xoxo, eya ta fifia ahe to na ame siwo wòbu fɔe, si fia be atsrɔ̃ ame siwo katã wòdrɔ̃ ʋɔnui do ŋgɔ be wonye “gbɔ̃wo.” (Mat. 25:32, 33) Míaƒe Fia la atsɔ “yi ɖaɖɛ legbe aɖe” “adza dukɔwo.” Ɛ̃, ame siwo katã nye gbɔ̃wo—tso “fiawo” dzi va se ɖe “kluviwo” dzi—‘ayi ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ la me.’—Nyaɖ. 19:15, 18; Mat. 25:46.

18. (a) Nu kae ana ‘alẽawo’ nagbɔ fũu azɔ? (b) Aleke Yesu awu eƒe aʋadziɖuɖua nui?

18 Kpɔ ale si gbegbe esia ana ame siwo Yesu drɔ̃ ʋɔnui be wonye “alẽwo” la agbɔ fũu ɖa! Esusɔ vie ko “gbɔ̃wo” ƒe aʋakɔ gã nyadri si le Satana te la fanya wo abe ‘alẽ’ siwo ŋu wɔna aɖeke mele o ene, gake woxɔ na wo tso futɔawo si me be woanye “ameha gã” si “do go tso xaxa gã la me.” (Nyaɖ. 7:9, 14) Azɔ ne Yesu ɖe Mawu Fiaɖuƒea ƒe futɔ siwo nye amegbetɔwo ɖa vɔ la, atsɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aƒu gbe ɖe aʋli me. Woaxɔ ŋusẽ le wo si keŋkeŋ woazu abe ame  kukuwo ene hena ƒe akpe ɖeka.—Mixlẽ Nyaɖeɖefia 6:2; 20:1-3.

Ale Si Míadzra Mía Ðokuiwo Ðoe

19, 20. Aleke míate ŋu awɔ ɖe nufiame siwo le Yesaya 26:20 kple 30:21 me la dzi egbea?

19 Aleke míate ŋu adzra mía ɖokuiwo ɖo ɖe nu dziŋɔ siwo adzɔ kpuie ŋu? Wogblɔ le Gbetakpɔxɔ me ƒe aɖewoe nye esi va yi be: “Agbetsitsi anɔ te ɖe toɖoɖo dzi.” Nu ka tae? Ŋuɖoɖoa dze le nuxlɔ̃ame si Yehowa na Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon la me. Yehowa gblɔe ɖi do ŋgɔ be woadze Babilon dzi, gake aleke Mawu ƒe amewo adzra wo ɖokuiwo ɖo ɖe nudzɔdzɔ ma ŋu? Yehowa gblɔ be: “Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgã me, eye nado ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu, ɣla ɖokuiwò vie, va se ɖe esime dziku la nu nava yi.” (Yes. 26:20) De dzesi nya siwo wozã le kpukpui sia me: “Yi ɖe wò xɔgã me,” ‘do ʋɔa,’ “ɣla ɖokuiwò.” Nya siawo katã nye sedede, alo nu siwo wobia tso ame si be wòawɔ. Yudatɔ siwo awɔ ɖe sedede siawo dzi la anɔ woƒe xɔwo me, si awɔe be asrafo siwo xɔ dua ƒe ablɔwo dzi la matu nu kple wo dometɔ aɖeke o. Eya ta woƒe agbetsitsi nɔ te ɖe toɖoɖo Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. *

20 Nufiame kae le esia me na mí? Abe ale si wònɔ le Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema gome ene la, míawo hã míaƒe agbetsitsi le nu siwo adzɔ kpuie me anɔ te ɖe toɖoɖo Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. (Yes. 30:21) Mɔfiame mawo vana na mí to hamea dzi. Eya ta míedi be míasrɔ̃ toɖoɖo tso dzi me ahawɔ ɖe mɔfiame siwo míexɔna dzi. (1 Yoh. 5:3) Ne míewɔa esia fifia la, anɔ bɔbɔe na mí le etsɔme be míalɔ̃ faa aɖo to ale be mía Fofo Yehowa kple míaƒe Fia Yesu nakpɔ mía ta. (Zef. 2:3) Ametakpɔkpɔ sia ana mɔnukpɔkpɔ mí be míawo ŋutɔwo míakpɔ eteƒe esime Mawu Fiaɖuƒea aɖe eƒe futɔwo katã ɖa keŋkeŋ. Nudzɔdzɔ si womaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o kae nye esi wòanye!

^ mm. 6 Edze ƒãa be “Babilon Gã la” tsɔtsrɔ̃ ku ɖe alakpasubɔsubɔhawo ɖeɖe ɖa koŋ ŋu, ke menye ame siwo katã le subɔsubɔha mawo me la tsɔtsrɔ̃ o. Eya ta le “Babilon Gã la” tsɔtsrɔ̃ megbe la, ame siwo nɔ eme tsã la dometɔ aɖewo agakpɔtɔ anɔ anyi eye abe ale si wòdze le Zaxarya 13:4-6 ene la, woaɖee afia gaglã be yewomeganye subɔsubɔha aɖeke me tɔwo o.

^ mm. 19 Àte ŋu akpɔ nya sia ŋuti numekɔkɔ bubuwo le Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I, axa 282-283.