Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

“Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”

 TA 6

Ale Si Nàwɔ Atia Modzakaɖeɖe Nyuiwo

Ale Si Nàwɔ Atia Modzakaɖeɖe Nyuiwo

“Miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.”—1 KORINTOTƆWO 10:31.

1, 2. Tiatia kae dze ŋgɔ mí ku ɖe modzakaɖeɖe ŋu?

TSƆE be èdi be yeaɖu atikutsetse vivi aɖe gake kaka nàkpɔ la, eƒe akpa aɖe vo. Nu kae nàwɔ? Ame aɖe ate ŋu atiae be yeaɖu atikutsetsea katã, eƒe akpa si vo la hã; ame bubu ate ŋu atsɔ atikutsetse bliboa aƒu gbe; eye ame bubu hã ate ŋu akpa teƒe si vo la ɖa ahaɖu teƒe si nyo la ko. Tiatia kae nàwɔ?

2 Le mɔ aɖe nu la, míate ŋu atsɔ modzakaɖeɖe asɔ kple atikutsetse ma. Ɣeaɖewoɣi la, àdi be yeaɖe modzaka vie, gake àkpɔe be modzakaɖeɖe siwo li egbea la dometɔ geɖe gblẽ, alo vo kura gɔ̃ hã. Nu kae nàwɔ? Ame aɖewo ate ŋu aŋe aɖaba aƒu xexe sia ƒe modzakaɖeɖe gbegblẽwo dzi ahaƒo wo ɖokui ɖe ɖe sia ɖe me faa. Ame bubuwo ate ŋu atiae be yewoaƒo asa na modzakaɖeɖewo katã le vɔvɔ̃ be yewoava ƒo yewo ɖokui ɖe esiwo mesɔ o me ta. Ame bubuwo hã ate ŋu atso nya me be yewoaƒo asa na modzakaɖeɖe siwo mesɔ o, gake yewoakpɔ gome le esiwo ŋu nya meku ɖo o ya me ɣeaɖewoɣi. Tiatia kae nàwɔ be nàyi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me?

3. Nu kawo mee míadzro?

3 Mía dometɔ akpa gãtɔ adi be yeawɔ tiatia etɔ̃lia. Míekpɔe be ehiã be míaɖe modzaka, gake míenya be ele be míatia modzakaɖeɖe siwo ŋu nya aɖeke meku ɖo o la ko. Eya ta mina míakpɔe ɖa be aleke míawɔ ade vovototo modzakaɖeɖe  si nyo kple esi menyo o dome hã. Gake míadzro ŋusẽ si modzakaɖeɖe si míatia ate ŋu akpɔ ɖe tadedeagu si míetsɔna naa Yehowa dzi la me gbã.

“MIWƆ NUWO KATÃ HENA MAWU ƑE KAFUKAFU”

4. Aleke wòle be míaƒe adzɔgbeɖeɖe nakpɔ ŋusẽ ɖe modzakaɖeɖe siwo míatia dzi?

4 Ɣeyiɣi aɖee nye esia la, Ðasefo tsitsi aɖe si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1946 me gblɔ be: “Le takpekpe ɖe sia ɖe me la, mekpɔa egbɔ be meɖo to nyuie se nyɔnyrɔxɔxɔnuƒoa abe ɖe mele ame siwo axɔ nyɔnyrɔ gbe ma gbe dome ene.” Nu ka tae? Eɖe eme be: “Ŋkuɖoɖo nye adzɔgbeɖeɖe dzi ɣesiaɣi alea kpena ɖe ŋunye meyia edzi léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi.” Wò hã àlɔ̃ ɖe eƒe nya siawo dzi godoo. Ŋkuɖoɖo edzi na ɖokuiwò ɣesiaɣi be yedo ŋugbe na Yehowa be yeazã yeƒe agbe bliboa atsɔ asubɔe aʋã wò be nàyi edzi ado dzi nuteƒewɔwɔtɔe. (Xlẽ Nyagblɔla 5:4.) Ɛ̃, ŋugbledede tso wò adzɔgbeɖeɖe ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nèwɔa Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔae dzi, eye akpɔ ŋusẽ ɖe wò agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa hã dzi—modzakaɖeɖe hã le eme. Apostolo Paulo te gbe ɖe nyateƒenya sia dzi esi wògblɔ na eŋɔli me Kristotɔwo be: “Ne miele nu ɖum alo le nu nom alo le nu bubu aɖe wɔm la, miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.”—1 Korintotɔwo 10:31.

5. Aleke 3 Mose 22:18-20 kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nuxlɔ̃ame si le Romatɔwo 12:1 me la dze sii?

 5 Kadodo aɖe le tadedeagu si nètsɔna naa Yehowa kple nu sia nu si nèwɔna dome. Le lɛta si Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Roma me la, ezã nya wɔdɔɖeamedzi aɖewo tsɔ te gbe ɖe nyateƒenya sia dzi na haxɔsetɔwo. Exlɔ̃ nu wo be: “[Mitsɔ] miaƒe ŋutilãwo [na] wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu, wòanye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me miazã miaƒe tamebubuŋutete le.” (Romatɔwo 12:1) Wò susu, wò dzi, kple wò ŋusẽ blibo hã nye wò ŋutilã ƒe akpa aɖe. Èzãa nu siawo katã tsɔ subɔa Mawu. (Marko 12:30) Paulo gblɔ be luʋɔ blibo tsɔtsɔ subɔ Mawu alea nye vɔsa. Nuxlɔ̃ame aɖe le nya sia me na mí. Le Mose ƒe Sea me la, Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe vɔsa siwo mesɔ blibo o la ŋu o. (3 Mose 22:18-20) Nenema kee ne nane gblẽ le Kristotɔ aɖe ƒe gbɔgbɔmevɔsaa ŋu la, Mawu makpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o. Gake aleke esia ate ŋu adzɔe?

6, 7. Aleke Kristotɔ ate ŋu aƒo ɖi eƒe ŋutilãe, eye nu kae ate ŋu ado tso esia me?

6 Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Roma la be: “Migatsɔ miaƒe ŋutilãwo [“ŋutinuwo,” etenuŋɔŋlɔ] nɔ nu vɔ̃ nam . . . o.” Paulo gblɔ na wo hã be ‘woawu ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo.’ (Romatɔwo 6:12-14; 8:13) Eyɔ ‘ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ’ siawo dometɔ aɖewo le eƒe lɛtaa ƒe gɔmedzedze lɔƒo. Egblɔ tso ameƒome wɔnuvɔ̃a ŋu be: “ɖiŋudodo kple nya veamewo yɔ woƒe nu me fũu.” “Woƒe afɔwo tsɔna ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu.” “Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele mo na wo o.” (Romatɔwo 3:13-18) Ne Kristotɔ zã eƒe “ŋutinuwo” tsɔ wɔ nu vɔ̃ siawo tɔgbi la, ke eƒo ɖi eƒe ŋutilã. Le kpɔɖeŋu me, ne Kristotɔ aɖe ɖoe koŋ nɔa nu nyɔŋuwo, abe amamaɖeɖe alo ŋutasẽnuwɔnawo ene, kpɔm la, ekema ‘etsɔ eƒe ŋku le nu vɔ̃ nam,’ eye esia nye ɖiƒoƒo eƒe ŋutilã bliboa. Nu sia nu si wòawɔ le tadedeagu me la azu vɔsa makɔmakɔ si madze  Mawu ŋu o. (5 Mose 15:21; 1 Petro 1:14-16; 2 Petro 3:11) Afɔku gã ka gbegbee nye esi wòanye be míaƒo mía ɖokuiwo ɖe modzakaɖeɖe gbegblẽwo me!

7 Eme kɔ ƒãa be modzakaɖeɖe si ƒomevi Kristotɔ atia la nye ŋkubiãnya. Eya ta míadi godoo be míatia modzakaɖeɖe siwo awɔe be vɔsa si míetsɔna naa Mawu la naganyo ɖe edzi, ke menye esi agblẽ nu le vɔsa ma ŋu o. Azɔ mina míadzro ale si míawɔ ade vovototo modzakaɖeɖe si nyo kple esi menyo o dome la me.

“MINYƆ ŊU NU VƆ̃ÐI”

8, 9. (a) Hatsotso eve kawo mee míate ŋu ama modzakaɖeɖe ɖo? (b) Modzakaɖeɖe kawo gbɔe míegbea nu le, eye nu ka tae?

8 Míate ŋu ama modzakaɖeɖe ɖe hatsotso eve me. Gbãtɔe nye modzakaɖeɖe siwo wòle be Kristotɔwo natsri kura; eveliae nye modzakaɖeɖe siwo ŋu Kristotɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ atso nya me le be esɔ loo alo mesɔ o. Mina míadze egɔme kple hatsotso gbãtɔa—modzakaɖeɖe siwo wòle be Kristotɔwo natsri kura.

9 Abe ale si míekpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta 1 me ene la, modzakaɖeɖe aɖewo kuna ɖe nuwɔna siwo ŋu Biblia tsi tre ɖo tẽe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu ŋutasesẽ, gbɔgbɔyɔyɔ, amamaɖeɖenuwɔnawo, kple nuwɔna nyɔŋu bubu siwo nɔa Internet, video, television kple hadzidziwo me ŋu kpɔ. Esi modzakaɖeɖe ɖigbɔ siawo kafua nuwɔna siwo ŋu Biblia ƒe sewo alo gɔmeɖosewo tsi tre ɖo ta la, ele be Kristotɔ vavãwo naƒo asa na wo kura. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29; 1 Korintotɔwo 6:9, 10; Nyaɖeɖefia 21:8) Ne ègbe nu le modzakaɖeɖe manyomanyo mawo gbɔ la, ke èle eɖem le Yehowa fiam be ‘yenyɔa ŋu nu vɔ̃ɖi’ vavã, eye be yeɖoe kplikpaa be ‘yeate ɖa le vɔ̃ ŋu.’ Ema afia be “xɔse si me alakpa mele o” ye le asiwò.—Romatɔwo 12:9; Psalmo 34:14; 1 Timoteo 1:5.

10. Nuŋububu ka mee afɔku le, eye nu ka tae?

 10 Gake ame aɖewo ate ŋu ase le wo ɖokui me be ne yewokpɔ gome le modzakaɖeɖe siwo me nuwɔna gbegblẽwo le me hã la, magblẽ naneke le yewo ŋu o. Woagblɔ be, ‘Mate ŋu akpɔ nu mawo le video alo television dzi wɔnawo me ya, gake nye ŋutɔ nyemawɔe gbeɖe o.’ Nuŋububu alea nye ameɖokuibeble eye afɔku le eme hã. (Xlẽ Yeremiya 17:9.) Ne míeke ŋku ɖe nu siwo Yehowa lé fui kpɔkpɔ ŋu be míele modzaka ɖem la, ɖe ema aɖee afia be ‘míenyɔa ŋu nu vɔ̃ɖi’ vavã? Ne nuwɔna gbegblẽwo nɔa nu siwo míexlẽna, kpɔna, alo sena edziedzi me la, esia ana míaƒe dzitsinya naku atri. (Psalmo 119:70; 1 Timoteo 4:1, 2) Ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi alo ana míava nɔ dzidzɔ kpɔm ɖe ame siwo nɔa agbe baɖa ŋu.

11. Aleke Galatiatɔwo 6:7 me nyawo nye nyateƒe le modzakaɖeɖe gome?

11 Nu sia tututue dzɔ ɖe ame aɖewo dzi. Kristotɔ aɖewo va nɔ agbe gbegblẽ le esi wotsɔa nuwɔna gbegblẽwo ɖea modzakae zi geɖe ta. Ewɔ nublanui be wodze afɔku hafi va kpɔe be “nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe.” (Galatiatɔwo 6:7) Gake wò ya àte ŋu aƒo asa na afɔku sia. Ne èku kutri ƒã nu siwo le dzadzɛ ɖe wò susu me la, àŋe kutsetse nyuiwo le wò agbe me dzidzɔtɔe.—Kpɔ aɖaka si nye “ Modzakaɖeɖe Kae Matia?

NA BIBLIA ƑE GƆMEÐOSEWO NAKPE ÐE ŊUWÒ NÀWƆ NYAMETSOTSO NYUIWO

12. Aleke Galatiatɔwo 6:5 me nyawo ku ɖe modzakaɖeɖe ŋui, eye nu kae afia mɔ mí le nyametsotso si míawɔ me?

12 Azɔ mina míatrɔ ɖe hatsotso evelia ŋu—modzakaɖeɖe siwo ŋu Mawu ƒe Nya la metsi tre ɖo tẽe loo alo da asi ɖe wo dzi tẽe o. Ehiã be Kristotɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ nawɔ nyametsotso le modzakaɖeɖe siawo dometɔ siwo wòkpɔ be enyo la ŋu. (Xlẽ Galatiatɔwo 6:5.) Gake mɔfiamewo li,  siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le tiatia sia wɔwɔ me. Gɔmeɖosewo alo nyateƒenya vevi aɖewo le Biblia me, siwo akpe ɖe mía ŋu míanya Yehowa ƒe susu. Ne míetsɔ gɔmeɖose siawo wɔ dɔe la, ana míakpɔ “nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu” adze sii le nu sia nu me, modzakaɖeɖe si míatia hã le eme.—Efesotɔwo 5:17.

13. Nu kae aʋã mí be míaƒo asa na modzakaɖeɖe siwo madze Yehowa ŋu o?

13 Enye nyateƒe be Kristotɔwo katã metsi ɖo agbe nyui  nɔnɔ ŋuti sidzedze alo gɔmesese deto gbɔ sɔsɔe o. (Filipitɔwo 1:9) Azɔ hã, Kristotɔwo nyae be ame sia ame kple modzakaɖeɖe si adzɔ dzi nɛ ye. Eya ta míakpɔ mɔ be tiatia siwo Kristotɔwo katã awɔ la nasɔ o. Ke hã, zi ale si míena Biblia ƒe gɔmeɖosewo kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe susu kple dzi dzii la, zi nenemae míadi vevie be míaƒo asa na modzakaɖeɖe ɖe sia ɖe si madze Yehowa ŋu o.—Psalmo 119:11, 129; 1 Petro 2:16.

14. (a) Nu vevi ka ŋue wòle be míabu le modzakaɖeɖe tiatia me? (b) Aleke míawɔ atsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me?

14 Nu vevi bubu si hã ŋu wòle be nàbu le modzakaɖenyawo mee nye ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nàzã. Ne modzakaɖeɖe si nètia sɔ hã la, ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nègblẽna ɖe eŋu ye aɖe nu si nètsɔ ɖo nɔƒe vevitɔ afia. Míenya nyuie be gbɔgbɔmenuwoe Kristotɔwo tsɔna ɖoa nɔƒe gbãtɔ. (Xlẽ Mateo 6:33.) Ke nu kae nàte ŋu awɔ be Fiaɖuƒea ƒe nuwo nakpɔtɔ anɔ nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me? Apostolo Paulo gblɔ be: “Mikpɔ nyuie be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.” (Efesotɔwo 5:15, 16) Ne èwɔ nyametsotso nyuitɔ le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nàtsɔ aɖe modzakae ŋu la, akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ vovo ɖe “nu siwo le vevie wu” la ŋu, siwo nye nu siwo ado ŋusẽ mia kple Mawu dome ƒomedodoa.—Filipitɔwo 1:10.

15. Nu ka tae nunya anɔ eme be míate ɖe aga tso modzakaɖeɖe manyomanyowo gbɔ?

15 Nunya anɔ ame hã be míanɔ akpa si le dedie le modzakaɖenyawo me. Nu kae esia fia? Gabu atikutsetse ƒe kpɔɖeŋu si míewɔ va yi ŋu kpɔ. Ne mèdi be yeaɖu akpa si vo la ƒe ɖeke le manyamanya me o la, ke menye akpa si vo la tututu koe nàlã ɖa o, ke boŋ àlãe wòakeke vie wu teƒe vovoa. Nenema kee nunya anɔ ame be míate ɖe aga tso modzakaɖeɖe manyomanyowo gbɔ bene míanɔ dedie. Menye modzakaɖeɖe siwo nye Biblia ƒe gɔmeɖosewo  dzi dada tẽe la ɖeɖe koe Kristotɔ nyanu aƒo asa na o, ke boŋ aƒo asa na esiwo mesɔ tututu o, alo esiwo me nanewo le, siwo ŋu nya ku ɖo vie hã. (Lododowo 4:25-27) Mawu ƒe Nya la ŋu dɔ wɔwɔ nyuie akpe ɖe ŋuwò le esia me.

“NU SIWO KATÃ LE DZADZƐ”

Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu dɔ wɔwɔ le modzakaɖeɖe si míatia me akpɔ mía ta tso gbɔgbɔmefɔku me

16. (a) Aleke míate ŋu aɖee afia be Yehowa ƒe nukpɔsusu le nyui kple vɔ̃ ŋu le mía si? (b) Nu kae nàwɔ be Biblia ƒe gɔmeɖosewo tsɔtsɔ wɔ dɔe nazu numame na wò?

16 Yehowa ƒe nukpɔsusu ŋue Kristotɔ vavãwo buna gbã hafi tiaa nu si woatsɔ aɖe modzakae. Biblia ɖe Yehowa ƒe seselelãmewo kple didiwo fia. Le kpɔɖeŋu me, Fia Salomo yɔ nu vovovo aɖewo siwo Yehowa lé fui, siwo dometɔ aɖewoe nye “aʋatsoɖe, asi siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi, dzi si ɖoa tame vɔ̃, afɔ siwo tsɔna ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu.” (Lododowo 6:16-19) Ŋusẽ kae wòle be Yehowa ƒe nukpɔsusu nakpɔ ɖe dziwò? Hakpala la xlɔ̃ nu mí be: “Oo mi ame siwo lɔ̃a Yehowa, mitsri vɔ̃!” (Psalmo 97:10) Ele be nu siwo nàtia be yeatsɔ aɖe modzakae naɖee afia be èlé fu nu siwo Yehowa lé fui vavã. (Galatiatɔwo 5:19-21) Ðo ŋku edzi hã be nu siwo nèwɔna ne wò ɖeɖe nèli ye ɖea ame si nènye ŋutɔŋutɔ fiana, ke menye nu siwo nèwɔna le ame dome o. (Psalmo 11:4; 16:8) Eya ta ne èdi vevie tso dzi me be yeatsɔ Yehowa ƒe nukpɔsusu le nyui kple vɔ̃ ŋu awɔ dɔe le nu sia nu me la, ana nàwɔ tiatia siwo wɔ ɖeka kple Biblia ƒe  gɔmeɖosewo. Ana Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ nazu numame na wò gɔ̃ hã.—2 Korintotɔwo 3:18.

17. Hafi nàtia modzakaɖeɖe aɖe la, nya kawoe wòle be nàbia ɖokuiwò?

17 Nu bubu ka hãe nàte ŋu awɔ be nàtia modzakaɖe siwo wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe nudidiwo? Bia ɖokuiwò be, ‘Ŋusẽ kae tiatia si mawɔ akpɔ ɖe nye ŋutɔ alo mía kple Mawu dome ƒomedodoa dzi?’ Le kpɔɖeŋu me, hafi nàtiae be yeakpɔ film aɖe la, bia ɖokuiwò be, ‘Ŋusẽ kae nu siwo makpɔ le film sia me akpɔ ɖe nye dzitsinya dzi?’ Na míadzro gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go sia me la me kpɔ.

18, 19. (a) Aleke gɔmeɖose si le Filipitɔwo 4:8 akpe ɖe mía ŋu míanya ne nu siwo míetsɔ ɖea modzakae la nyo alo menyo o? (b) Gɔmeɖose bubu kawoe akpe ɖe ŋuwò nàtia modzakaɖeɖe nyuitɔ? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

18 Gɔmeɖose vevi aɖe dze le Filipitɔwo 4:8, afi si gblɔ be: “Nu siwo katã nye nyateƒe, nu siwo katã dze na bubu, nu siwo katã le dzɔdzɔe, nu siwo katã le dzadzɛ, nu siwo katã dze na lɔlɔ̃, nu siwo katã ŋu woƒoa nu nyui le, nu siwo katã nye nuwɔna nyui, kple nu siwo katã dze na kafukafu la, minɔ nu siawo ŋu bum.” Ele eme baa be ale si míana míaƒe dzimesusuwo nadze Mawu ŋu la ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe, ke menye modzakaɖeɖe o. (Psalmo 19:14) Gake míate ŋu awɔ gɔmeɖose si le Paulo ƒe nyawo me la ŋu dɔ le modzakaɖenyawo hã me. Le mɔ ka nu?

19 Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe film siwo mekpɔna, videodzifefe siwo me mekpɔa gome le, ha siwo mesena, alo nu bubu siwo metsɔ ɖea modzakae la nana “nu siwo le dzadzɛ” xɔa susu me nama?’ Le kpɔɖeŋu me, ne èkpɔ film aɖe vɔ la, nu kawoe tsia susu me na wò, siwo ŋu nènɔa bubum? Ne wonye nu nyui siwo le dzadzɛ eye wonaa dzidzeme wò la, ke wò modzakaɖeɖea nyo. Gake ne film si nèkpɔ la na nèva le nu siwo mele dzadzɛ o ŋu bum  la, ke modzakaɖeɖe ma menyo o, agblẽ nu le ŋuwò kura gɔ̃ hã. (Mateo 12:33; Marko 7:20-23) Nu ka tae? Elabena nu siwo mele dzadzɛ o ŋu bubu mana wò susu nadze akɔ anyi o, ade abi wò dzitsinya si nètsɔ Biblia na hehee ŋu, eye wòagblẽ mia kple Mawu dome ƒomedodoa me. (Efesotɔwo 5:5; 1 Timoteo 1:5, 19) Esi modzakaɖeɖe mawo tɔgbi agblẽ nu le ŋuwò alea ta la, dze agbagba ɖe sia ɖe nàƒo asa na wo. * (Romatɔwo 12:2) Wɔ nu abe hakpala la ene, ame si do gbe ɖa na Yehowa be: “Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu.”—Psalmo 119:37.

DI AME BUBUWO ƑE NYONYO

20, 21. Aleke 1 Korintotɔwo 10:23, 24 ku ɖe modzakaɖeɖe nyui tiatia ŋui?

20 Paulo tɔ asi gɔmeɖose vevi aɖe si ŋu dɔ wòle be míawɔ ne míele tiatia siwo ŋu ame ŋutɔ atso nya me le la wɔm. Egblɔ be: “Woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe tua ame ɖo o. Ame aɖeke meganɔ eya ŋutɔ ƒe nyonyo ko dim o, ke nedi ame bubu tɔ hã.” (1 Korintotɔwo 10:23, 24) Aleke gɔmeɖose sia ku ɖe modzakaɖeɖe nyui tiatia ŋui? Ele be nàbia ɖokuiwò be, ‘Ŋusẽ kae modzakaɖeɖe si matia akpɔ ɖe amewo dzi?’

21 Ðewohĩ wò dzitsinya aɖe mɔ na wò be nàkpɔ dzidzɔ ɖe modzakaɖeɖe aɖe si nèkpɔ be esɔ, alo be ‘se aɖeke meku ɖe eŋu o’ la ŋu. Gake ne ède dzesii be modzakaɖeɖe ma aɖe fu na haxɔsetɔ aɖewo ƒe dzitsinya la, àte ŋu atso nya me be yemakpɔ gome le eme o. Nu ka tae? Elabena màdi gbeɖe be yeana nuteƒewɔwɔ na Mawu nasesẽ na yeƒe haxɔsetɔwo wòanye ‘nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe ye nɔvi mawo ŋu’—alo ‘nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Kristo ŋu’ gɔ̃ hã—abe ale si Paulo gblɔe ene o. Nuxlɔ̃ame sia dzi wɔwɔ nanɔ vevie na wò  be: ‘Migazu nuɖiaɖia na ame aɖeke o.’ (1 Korintotɔwo 8:12; 10:32) Kristotɔ vavãwo wɔna ɖe aɖaŋu nyui sia si Paulo ɖo ameŋububutɔe la dzi egbea ne woƒo asa na modzakaɖeɖe siwo ‘ŋu woɖe mɔ ɖo’ gake ‘wometua ame ɖo o.’—Romatɔwo 14:1; 15:1.

22. Nu ka tae Kristotɔwo metea tɔ ɖe woƒe nukpɔsusu dzi le nya siwo ŋu wòle be ame ŋutɔ natso nya me le me o?

22 Gake ame bubuwo ƒe nyonyo didi ƒe akpa vevi bubu aɖe hã li. Mele be Kristotɔ si ƒe dzitsinya meɖe mɔ nɛ be wòakpɔ gome le modzakaɖeɖe aɖewo me o la nate tɔ ɖe edzi be Kristo hamea me tɔwo katã ƒe nukpɔsusu nasɔ kple ye tɔ o. Ne ewɔe nenema la, ɖeko wòanɔ abe ale si ʋukula aɖe si le ʋu kum blewu le mɔdodo gã dzi la nate tɔ ɖe edzi be ʋukula siwo katã le mɔa dzi la naku ʋu blewu abe ye ene. Nunya manɔ eme be wòate tɔ ɖe edzi nenema o. Ele be Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ naʋã ame si ƒe dzitsinya meɖea mɔ ɖe nanewo ŋu o la be wòade bubu ehati tadeagula siwo ƒe nukpɔsusu le modzakaɖeɖe ŋu to vovo na etɔ, evɔ menye Kristotɔwo ƒe gɔmeɖose aɖeke dzi dada o, la ŋu. Ne ewɔe alea la, ana ‘amewo katã nanyae be nugɔmesela wònye.’—Filipitɔwo 4:5; Nyagblɔla 7:16.

23. Aleke nàwɔ aka ɖe edzi be yetia modzakaɖeɖe nyuitɔ?

23 Azɔ aleke nàwɔ aka ɖe edzi be yetia modzakaɖeɖe nyuitɔ? Gbe nu le modzakaɖeɖe ɖe sia ɖe si kuna ɖe nuwɔna nyɔŋu siwo ŋu Mawu ƒe Nya tsi tre ɖo tẽe la gbɔ. Wɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu dɔ le modzakaɖeɖe siwo ŋu Biblia metsi tre ɖo tẽe o tiatia me. Ƒo asa na modzakaɖeɖe siwo ade abi wò dzitsinya ŋu, eye nàlɔ̃ faa be yeaɖe asi le esiwo aɖia ame bubuwo, vevietɔ haxɔsetɔwo, nu la ŋu. Neva eme be nyametsotso siwo nàɖo kplikpaa awɔ le go sia me la nahe ŋutikɔkɔe vɛ na Mawu, eye wòana mia kple wò ƒomea mianɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa.

^ mm. 19 Àte ŋu akpɔ gɔmeɖose bubu siwo ku ɖe modzakaɖeɖe ŋu la le Lododowo 3:31; 13:20; Efesotɔwo 5:3, 4; kple Kolosetɔwo 3:5, 8, 20.