“Ka etɔ̃ si wogbi mate ŋu atso bɔbɔe o.”—NYAGBLƆLA 4:12.

1, 2. (a) Nya kawoe míebiaa mía ɖokui tso srɔ̃tɔ yeyewo ŋu ɣeaɖewoɣi, eye nu ka tae? (b) Nya kawo mee míadzro le ta sia me?

ÈLƆ̃A srɔ̃ɖeƒe yiyia? Le ame geɖe gome la, negbe ɖe womekpe wo o, elabena dzidzɔ teƒee wònye. Srɔ̃ɖelaawo ɖoa atsyɔ̃ nyuie. Alɔgbɔnukoko sɔŋ ye nàkpɔ le mo na wo. Dzidzɔŋkekee wònyena na wo, eye wonɔa mɔ kpɔm na nudzedziname geɖewo.

2 Ke hã, míalɔ̃ ɖe edzi be srɔ̃ɖeɖe geɖe mele dzidzedze kpɔm egbea o. Togbɔ be míekpɔa mɔ be srɔ̃ɖeɖe me nanyo na srɔ̃tɔ yeyewo hã la, ate ŋu adzɔ be míatsi dzi vie ɣeaɖewoɣi, anɔ biabiam be: ‘Ðe woakpɔ dzidzɔ le woƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ mea? Ðe woate ŋu ayi edzi anɔ wo nɔewo gbɔ ɖaa?’ Nya siawo ƒe ŋuɖoɖo anɔ te ɖe ale si srɔ̃tɔawo awɔ nui dzi; nenye be woaka ɖe aɖaŋu siwo Mawu ɖo tso srɔ̃ɖeɖe ŋu dzi ahatsɔ wo awɔ dɔe. (Xlẽ Lododowo 3:5, 6.) Ehiã be woawɔe alea ale be woayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me. Eya ta mina míadzro ale si Biblia ɖo biabia ene siwo gbɔna ŋui la me kpɔ: Susu ka tae ame adi be yeaɖe srɔ̃ ɖo? Ne àɖe srɔ̃ la, ke ame kae nàtia? Aleke nàdzra ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋui? Eye nu kae akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woayi edzi akpɔ dzidzɔ le srɔ̃ɖegbenɔnɔ me?

SUSU KA TAE NÀDI BE YEAÐE SRƆ̃?

3. Nu ka tae nunya manɔ eme be ame naɖe srɔ̃ le susu maɖinuwo ta o?

3 Ame aɖewo susuna be ele be ame naɖe srɔ̃ kokoko hafi wòate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me. Gake alakpae!  Yesu, ame si meɖe srɔ̃ kpɔ o la gblɔ be nunanae trenɔnɔ nye, eye wòde dzi ƒo na ame siwo ate ŋui la be woawɔ nunana sia ŋu dɔ. (Mateo 19:11, 12) Apostolo Paulo hã ƒo nu tso viɖe siwo le trenɔnɔ me ŋu. (1 Korintotɔwo 7:32-38) Ke hã, Yesu loo alo Paulo mede se kpaɖi aɖeke ku ɖe nya sia ŋu o. Le nyateƒe me la, sedede ɖe srɔ̃ɖeɖe nu nye “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafiawo” dometɔ ɖeka. (1 Timoteo 4:1-3) Gake trenɔnɔ ate ŋu aɖe vi geɖe na ame siwo di be yewoasubɔ Yehowa susuhenuwo manɔmee. Eya ta nunya manɔ eme be nàɖe srɔ̃ le susu maɖinuwo, abe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ene, ta o.

4. Aleke srɔ̃ɖeɖe si kpɔ dzidzedze nyea gɔmeɖoanyi nyui na ƒomegbenɔnɔe?

4 Gake ɖe susu nyui aɖewo li si ta ame ate ŋu aɖe srɔ̃ ɖoa? Ɛ̃. Nunanae srɔ̃ɖeɖe hã nye tso mía Mawu si lɔ̃ mí la gbɔ. (Xlẽ 1 Mose 2:18.) Eya ta viɖewo le eme eye wòate ŋu ahe dzidzɔ geɖe vɛ na ame. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ɖeɖe si kpɔ dzidzedze nyea gɔmeɖoanyi nyui na ƒomegbenɔnɔ. Ðeviwo hiã ƒome si li ke bene wo dzilawo nate ŋu anyi wo le lɔlɔ̃ me ahana hehe kple mɔfiame si hiã la wo. (Psalmo 127:3; Efesotɔwo 6:1-4) Gake menye vidzidzi koe nye susu si ta woaɖe srɔ̃ ɖo o.

5, 6. (a) Viɖe kawoe le xɔlɔ̃dzedze kplikplikpli ŋu abe ale si Nyagblɔla 4:9-12 ɖee fia ene? (b) Nu kae ana srɔ̃ɖeɖe nanye ka etɔ̃ si wogbi?

5 De ŋugble le mawunyakpukpui si dzi wotu ta sia ɖo kple nya siwo ƒo xlãe ŋu kpɔ: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka, elabena woakpɔ fetu nyui ɖe woƒe dɔ sesẽ wɔwɔ ta. Elabena ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, evelia afɔe ɖe tsitre. Ke aleke wòanɔ na ame si dze anyi eye ame aɖeke meli afɔe ɖe tsitre o la? Gawu la, ne ame eve mlɔ wo nɔewo xa la, woléa dzo ɖe wo nɔewo ŋu, ke aleke ame ɖeka ate ŋu alé dzo ɖe eɖokui ŋu? Eye ne ame aɖe ate ŋu aɖu ame ɖeka dzi hã la, ame eve ya ate ŋu anɔ te ɖe enu. Eye ka etɔ̃ si wogbi mate ŋu atso bɔbɔe o.”—Nyagblɔla 4:9-12.

 6 Viɖe si le xɔlɔ̃dzedze me koŋ ŋue mawunyakpukpui sia ku ɖo. Srɔ̃ɖeɖee nye xɔlɔ̃dzedze si le kplikplikpli wu. Abe ale si wòdze le mawunyakpukpui sia me ene la, srɔ̃ɖeɖe ate ŋu ana ame nakpɔ kpekpeɖeŋu, akɔfafa, kple takpɔkpɔ. Srɔ̃ɖeɖe lia ke nyuie wu ne srɔ̃tɔawo mena srɔ̃ɖeɖea se ɖe wo ame evea dome ƒomedodo ko dzi o. Mawunyakpukpui sia na míekpɔe be ka eve si wogbi la ate ŋu atso bɔbɔe. Gake ka etɔ̃ si wogbi ya mate ŋu atso bɔbɔe o. Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu tsɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe vevitɔ le woƒe agbe me la, ekema woƒe srɔ̃ɖeɖea zu ka etɔ̃ si wogbi. Yehowae wòle be wòaxɔ nɔƒe vevitɔ le srɔ̃ɖeɖea me hafi wòate ŋu ali ke nyuie.

7, 8. (a) Aɖaŋu kae Paulo ɖo na Kristotɔ tre siwo le avu wɔm kple gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo? (b) Aleke Biblia kpe ɖe mía ŋu be srɔ̃ɖeɖe ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ nasu mía si?

7 Srɔ̃ɖeɖe me hã koe woate ŋu akpɔ gome le gbɔdɔdɔ me wòasɔ eye wòahe dzidzɔ vɛ. (Lododowo 5:18) Ne ame si meɖe srɔ̃ o to nu si Biblia yɔ be “sɔhɛnyenye me” do—si nye ɣeyiɣi si me gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo dzea egɔme nɔa sesẽm le ame me—hã la, ate ŋu aganɔ avu wɔm kple gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo kokoko. Ne ame meɖu dzodzro siawo dzi o la, ate ŋu akplɔe ade makɔmakɔnyenye alo agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔna bubuwo me. Gbɔgbɔ ʋã Paulo wòɖo aɖaŋu siwo gbɔna la na trewo, be: “Ne womate ŋu aɖu wo ɖokuiwo dzi o la, ekema woaɖe srɔ̃, elabena enyo be woaɖe srɔ̃ wu be fieŋufieŋu nanɔ fu ɖem na ame.”—1 Korintotɔwo 7:9, 36; Yakobo 1:15.

8 Eɖanye susu ka tae ame adi be yeaɖe srɔ̃ o, anyo be wòabu nuwo ŋu nyuie. Paulo gblɔ be ame siwo ɖe srɔ̃ “akpɔ xaxa le ŋutilã me.” (1 Korintotɔwo 7:28) Kuxi aɖewo ɖea fu na srɔ̃tɔwo si meɖea fu na trewo ya o. Ke ne ètiae be yeaɖe srɔ̃ la, nu kae nàwɔ be kuxiwo dzi naɖe akpɔtɔ eye dzidzɔ nadzi ɖe edzi boŋ? Nu siwo nàwɔ la dometɔ ɖekae nye be nàtia ame si nàɖe la le nunya me.

 AME KAE ASƆ NA WÒ?

9, 10. (a) Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ kae Paulo tsɔ ɖɔ afɔku si le dzimaxɔsetɔ ɖeɖe me? (b) Nu kae dona tso aɖabaŋeŋe ƒu aɖaŋu si Mawu ɖo be míaɖe haxɔsetɔ ko dzi la me zi geɖe?

9 Gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ gɔmeɖose vevi aɖe si dzi wòle be míawɔ ɖo le ame si míaɖe tiatia me, be: “Miganɔ kɔkuti ɖeka te kple dzimaxɔsetɔwo o.” (2 Korintotɔwo 6:14) Agbledede me nyateƒenya aɖe dzie wòtu kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia ɖo. Ne lã eve siwo mesɔ kura o anɔ kɔkuti ɖeka te la, evea siaa akpe fu. Nenema kee ne xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔ woɖe wo nɔewo la, kuxi sesẽwo ado mo ɖa godoo. Ne srɔ̃tɔ ɖeka lɔ̃ Yehowa hedi be yeayi edzi anɔ eƒe lɔlɔ̃ la me, evɔ mele nenema le evelia ya gome o la, awɔe be woƒe agbemetaɖodzinuwo mato mɔ ɖeka o, eye esia ate ŋu ahe masɔmasɔ geɖe vɛ. Esia tae Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woaɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko” ɖo.—1 Korintotɔwo 7:39.

10 Ɣeaɖewoɣi la, Kristotɔ tre aɖewo sena le wo ɖokui me be yewotsi akogo, eya ta woƒoa nya ta be kɔkuti masɔmasɔ te nɔnɔ anyo na yewo wu. Wotianɛ be yewoagbe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame dzi wɔwɔ, eye wova ɖea ame si menye Yehowa subɔla o. Zi geɖe la, nublanuinyawo sɔŋue dona tsoa eme. Ame siawo va kpɔnɛ be yewomate ŋu aɖo dze tso gbɔgbɔmenuwo, siwo nye nu vevitɔ kekeake le agbe me la, ŋu kple yewo srɔ̃ o. Fifia hafi wova kpɔnɛ be yewotsi akogo wu ale si wònɔ tsã esime yewomeɖe srɔ̃ o. Dzidzɔtɔe la, Kristotɔ akpe geɖe siwo nye trewo la ka ɖe edzi bliboe be aɖaŋu si Mawu ɖo tso nya sia ŋue nye nyuitɔ, eye woléa eme ɖe asi goŋgoŋ. (Xlẽ Psalmo 32:8.) Togbɔ be woanɔ mɔ kpɔm be yewoava ɖe srɔ̃ gbe ɖeka hã la, wolɔ̃ faa be yewoanɔ tre va se ɖe esime yewokpɔ Yehowa Mawu subɔla aɖe ɖe.

11. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàtia ame si nàɖe la le nunya me? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nɔnɔme Kawoe Madi Be Woanɔ Ame Si Maɖe La Si?” hã.)

11 Gake menye Yehowa subɔla ɖe sia ɖee asɔ na wò o. Ne èle susu wɔm be yeaɖe srɔ̃ la, di ame si ƒe amenyenye kple gbɔgbɔmetaɖodzinuwo sɔ kple tɔwò, eye wòlɔ̃ Yehowa vavã  abe wò ŋutɔ ke ene. Kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa ɖo aɖaŋu geɖe tso nya sia ŋu, eye anyo be nàdzro aɖaŋuɖoɖo siawo siwo wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi la me gbedodoɖatɔe ne woakpe ɖe ŋuwò le nyametsotso vevi sia wɔwɔ me. *Xlẽ Psalmo 119:105.

12. Srɔ̃ɖeɖe ka ƒomevie bɔ ɖe dukɔ aɖewo me, eye Biblia me kpɔɖeŋu ka mee nufiame le na ame siwo le dukɔ mawo me?

12 Enye nu si bɔ le dukɔ aɖewo me be dzilawoe tiaa srɔ̃ na wo viwo. Amewo lɔ̃ ɖe edzi le teƒe mawo be dzilawo sie nunya kple nuteƒekpɔkpɔ geɖe le be woawɔ tiatia vevi sia tɔgbi. Abe ale si wònɔ le blema, le Biblia ŋlɔɣiwo, ene la, ame siwo wotia srɔ̃ na la hã ƒe srɔ̃ɖeɖe te ŋu kpɔa dzidzedze. Nufiame aɖe le ale si Abraham dɔ eƒe dɔla be wòayi aɖadi nyɔnu na Isak la ƒe ŋutinyaa me na ame siwo le dukɔ siwo me dzilawo tiaa srɔ̃ na wo viwo le. Menye kesinɔnuwo kple ɖoƒe kɔkɔ ŋue Abraham ƒe susu nɔ o. Ke boŋ edze agbagba vevie di nyɔnu si vɔ̃a Yehowa na Isak wòɖe. *1 Mose 24:3, 67.

ALEKE NÀDZRA ÐO ÐE SRƆ̃ÐEÐE SI AKPƆ DZIDZEDZE ŊUI?

13-15. (a) Aleke gɔmeɖose si le Lododowo 24:27 ate ŋu aɖe vi na ŋutsu si le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum? (b) Nu kae ɖetugbui ate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu?

13 Ne èle srɔ̃ɖeɖe ŋu bum vevie la, ke anyo be nàbia ɖokuiwò be, ‘Ðe mesu te na srɔ̃ɖeɖea?’ Menye ale si nèle sesem le ɖokuiwò me le lɔlɔ̃, gbɔdɔdɔ, srɔ̃ɖegbenɔnɔ, alo vidzidzi ŋu dzie nya sia ƒe ŋuɖoɖo anɔ te ɖo o. Ke boŋ nudidi vevi aɖewo li siwo ŋu wòle be ame sia ame si di be yeazu srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu nabu nyuie.

 14 Ele be ɖekakpui si di be yeaɖe srɔ̃ nabu gɔmeɖose si gbɔna ŋu nyuie: “Wɔ wò gotadɔwo, eye nàna nu sia nu nasɔ gbe le wò agble me; eyome nàtu wò xɔ.” (Lododowo 24:27) Nu kae nya sia fia? Srɔ̃ɖeɖee wotsɔ sɔ kple xɔtutu le afi sia. Le blema la, ne ŋutsu aɖe di be yeaɖo ƒome anyi, si fia be yeaɖe srɔ̃ la, ehiã be wòabia eɖokui be, ‘Ðe mesu te na srɔ̃ kple ɖewohĩ vi siwo mava dzi la dzi kpɔkpɔa?’ Ele be wòawɔ dɔ gbã, le kpɔɖeŋu me, wòalé fɔ ɖe eƒe agbledɔwo ŋu. Gɔmeɖose sia gasɔ egbea hã. Ele be ŋutsu si di be yeaɖe srɔ̃ nadzra ɖo ɖe agbanɔamedzi sia tsɔtsɔ ŋu. Ne enya le lãmesẽ me ko la, ele be wòawɔ dɔ. Mawu ƒe Nya la gblɔ be ne ŋutsu aɖe mekpɔa eƒe ƒomea ƒe ŋutilãme, seselelãme, kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ o la, ke evɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ!—Xlẽ 1 Timoteo 5:8.

15 Ele be nyɔnu si di be yeaɖe srɔ̃ hã nasu te na agbanɔamedzi vevi aɖewo tsɔtsɔ. Biblia kafu ŋutete kple nɔnɔme nyui siwo wòle be wòanɔ nyɔnu si hafi wòate ŋu anye kpeɖeŋutɔ nyui na srɔ̃a le ƒomea dzi kpɔkpɔ me. (Lododowo 31:10-31) Ŋutsu kple nyɔnu siwo tsɔa dzitsitsi ƒoa wo ɖokui ɖe srɔ̃ɖeɖe me esi womedzra ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe me agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu o la nye ɖokuitɔdilawo, elabena woƒe susu mele nu si woate ŋu awɔ wòaɖe vi na ame kemɛa ŋu o. Vevietɔ wu la, ele be ame si le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la nadzra ɖo le gbɔgbɔ me.

16, 17. Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawo ŋue wòle be ame siwo le dzadzram ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu nade ŋugble le?

16 Dzadzraɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu bia be woade ŋugble le srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ƒe ɖoƒe si Mawu ɖo ŋu. Ele be ŋutsu nanya nu si tanyenye le Kristotɔwo ƒe ƒomea me fia. Ðoƒe sia mefia be wòanye ame si zia nu ɖe ame dzi o. Ke boŋ ele be wòasrɔ̃ ale si Yesu wɔa eƒe tanyenye ŋu dɔe. (Efesotɔwo 5:23) Nenema kee wòle be Kristotɔ nyɔnu hã nase egɔme be srɔ̃nyɔnu ƒe ɖoƒe nye esi ŋu bubu le. Ðe wòalɔ̃ abɔbɔ eɖokui ɖe “srɔ̃a ƒe se” tea? (Romatɔwo 7:2) Nyɔnua le Yehowa  kple Kristo ƒe se te xoxo. (Galatiatɔwo 6:2) Srɔ̃aŋutsu ƒe tanyenye le ƒomea me hã ganye se bubu. Ðe srɔ̃nyɔnua alɔ̃ faa ade bubu srɔ̃a si nye ame madeblibo ƒe ɖoƒea ŋu ahabɔbɔ eɖokui ɖe etea? Ne esia manya wɔ nɛ o la, ke ne mexa ɖe srɔ̃ o la, enyo wu.

17 Azɔ hã, ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nanɔ klalo be yewoakpɔ yewo nɔewo ƒe hiahiã tɔxɛwo gbɔ. (Xlẽ Filipitɔwo 2:4.) Paulo gblɔ be: “Srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene; ke srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.” Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Paulo wòde dzesii be nu si srɔ̃ŋutsu hiã etɔxɛ ye nye be wòakpɔe be ye srɔ̃ dea bubu deto ye ŋu. Eye nu si srɔ̃nyɔnua hã hiã etɔxɛ ye nye be wòase le eɖokui me be ye srɔ̃ lɔ̃ ye.—Efesotɔwo 5:21-33.

Ame geɖe siwo le zɔzɔm kple susu be yewoava ɖe yewo nɔewo la kpɔa egbɔ be yewomaɖe yewo ɖokui ɖe aga, anɔ afi si ame bubuwo manɔ yewo kpɔm le o

18. Nu ka tae wòle be ame siwo le zɔzɔm kple susu be yewoava ɖe yewo nɔewo nasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu?

18 Eya ta edze ƒãa be mele be woabu zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe be enye dzidzɔkpɔkpɔ kple ame nɔewo ƒe ɣeyiɣi dzro aɖe ko o. Ke boŋ enye ɣeyiɣi si me wòle be ŋutsu kple nyɔnu nasrɔ̃ ale si woawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu nyuie, eye woakpɔe ɖa be asɔ ŋutɔŋutɔ be yewoaɖe yewo nɔewo hã. Eganye ɣeyiɣi si wòhiã vevie be woaɖu wo ɖokui dzi hã! Ɣemaɣi la, didi be woakpɔ gome le lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna siwo srɔ̃tɔwo ko kpɔ mɔ awɔ me la nu sẽna ŋutɔ, eye ele dzɔdzɔmenu be ame nase le eɖokui me nenema. Gake ame siwo lɔ̃ wo nɔewo vavã adze agbagba aƒo asa na nuwɔna ɖe sia ɖe si ate ŋu agblẽ woa kple Mawu dome ƒomedodoa me. (1 Tesalonikatɔwo 4:6) Eya ta ne èle zɔzɔm kple ame aɖe kple susu be yeava ɖee la, ke ɖu ɖokuiwò dzi; ɖokuidziɖuɖu sia ava ɖe vi na wò le wò agbe me katã, èɖe srɔ̃ loo alo mèɖaɖe srɔ̃ o.

NU KAE NÀWƆ BE WÒ SRƆ̃ÐEÐE NALI KE?

19, 20. Aleke wòle be Kristotɔwo ƒe nukpɔsusu le srɔ̃ɖeɖe ŋu nato vovo tso xexea tɔ gbɔe? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

19 Ne ame siwo ɖe srɔ̃ di be yewoƒe srɔ̃ɖeɖe nali ke la, ke  ehiã be kuku ɖe ame nɔewo ŋu le srɔ̃ɖeɖe me ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ wo si. Le lɔlɔ̃gbalẽwo kple filmwo me la, ne ame eve siwo lɔ̃ wo nɔewo dze agbagba kaka va ɖe srɔ̃ ko la, ke ŋutinyaa wu enu dzidzɔtɔe. Gake le nyateƒe me la, srɔ̃ɖeɖe menye nuwuwu o, ke gɔmedzedze boŋ—enye nane si Yehowa ɖo be wòanɔ anyi ɖaa ƒe gɔmedzedze. (1 Mose 2:24) Nublanuitɔe la, menye nenemae ame geɖe bua srɔ̃ɖeɖe egbea o. Le teƒe aɖewo la, amewo tsɔa srɔ̃ɖeɖe sɔna kple ale si wosaa kɔ kae. Ðewohĩ womenya be kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia sɔ ŋutɔŋutɔ kple nukpɔsusu totro si le ame geɖe si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu o. Nu ka tae míegblɔe alea? Togbɔ be kɔ si wosa nyuie me sẽna hã la, wogate ŋu tunɛ bɔbɔe hã.

20 Egbea ame geɖe bua srɔ̃ɖeɖe be mele be wòanye nu si anɔ anyi ɖaa o. Woƒoa ta ɖe eme le esi wokpɔa mɔ be akpɔ yewoƒe hiahiãwo gbɔ na yewo ta, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wonɔa klalo be ne nɔnɔmeawo me di be yeahe ko la, yewoaɖe ta le eme bɔbɔe. Gake ɖo ŋku edzi be Biblia zã ka etɔ̃ si wogbi tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na kuku ɖe ame nɔewo ŋu, abe ale si wòle be wòanɔ le srɔ̃ɖeɖe me ene. Wogbia ka siwo wozãna le tɔdziʋuwo me la etɔxɛe be wòanɔ anyi eteƒe nadidi, ke menye be wòatu alo atso bɔbɔe o, nenye be ahom sesẽwo tu gɔ̃ hã. Nenema kee woɖo srɔ̃ɖeɖe hã anyi be wòanɔ anyi ɖaa. Ðo ŋku nya si Yesu gblɔ dzi be: “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke megama eme o.” (Mateo 19:6) Ne èɖe srɔ̃ la, ke ele be nukpɔsusu sia tututu nanɔ asiwò. Ðe kuku ɖe ame nɔewo ŋu ɖaa le srɔ̃ɖeɖe me ƒe nya sia na srɔ̃ɖeɖe ɖi vɔvɔ̃a? Kura o.

21. Nukpɔsusu kae wòle be wòanɔ srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu si ɖe wo nɔewo ŋu, eye nu kae akpe ɖe wo ŋu le go sia me?

21 Ele be nukpɔsusu nyui nanɔ srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu si. Ne wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe susu le ame kemɛa ƒe nɔnɔme nyuiwo kple agbagbadzedzewo ŋu la, woakpɔ dzidzɔ kple  dzidzeme geɖe le woƒe srɔ̃ɖeɖea me. Esi srɔ̃wò mede blibo o ta la, ne èléa ŋku ɖe eƒe nyuiƒewo ko ŋu la, ɖe ema afia be mèda sɔ oa? Ke esi míekpɔa mɔ be Yehowa ƒe ŋku nanɔ míaƒe nyuiƒewo ko ŋu ɖe, ɖe ema fia be Yehowa meda sɔ oa? Gbeɖe, Mawu da sɔ le nu sia nu me. Hakpala la gblɔ be: “Oo Yah, ne vodadawo ŋue nèléa ŋku ɖo la, oo Yehowa, anye ne ame kae ate ŋu anɔ te?” (Psalmo 130:3) Ehiã be nukpɔsusu nyui sia tɔgbi nanɔ srɔ̃tɔwo si eye woatsɔ anɔ wo nɔewo kem faa.—Xlẽ Kolosetɔwo 3:13.

22, 23. Kpɔɖeŋu nyui kae Abraham kple Sara ɖo ɖi na srɔ̃tɔwo egbea?

 22 Ne srɔ̃tɔwo yi edzi ku ɖe wo nɔewo ŋu la, ete ŋu hea dzidzɔ kple dzidzeme geɖe vɛ ne ƒeawo va le yiyim. Míekpɔe be srɔ̃tɔ tsitsiwoe Abraham kple Sara nye esime Biblia ƒo nu tso wo ŋu. Woƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ menye esi me kuxi aɖeke menɔ o. Wò ya bu ale si wòanɔ na Sara, si xɔ ƒe 60 kple edzivɔ, be wòaʋu adzo le woƒe aƒe nyui me le Ur dugã la me, ayi aɖanɔ avɔgbadɔwo me le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me la ŋu kpɔ. Ke hã, ebɔbɔ eɖokui ɖe srɔ̃a ƒe tanyenye te. Esi wònye kpeɖeŋutɔ nyui na Abraham ta la, ede bubu eŋu hekpe asi ɖe eŋu ale be eƒe nyametsotsowo kpɔ dzidzedze. Menye ameŋkumenuwɔwɔe ɖokuibɔbɔ si wòɖe fia la nye o. Eyɔa srɔ̃a tso “dzi me” be, nye aƒetɔ. (1 Mose 18:12; 1 Petro 3:6) Ɛ̃, edea bubu Abraham ŋu tso dzi me ke.

23 Esia mefia be Abraham kple Sara ƒe nukpɔsusu sɔna ɣesiaɣi o. Ɣeaɖeɣi edo susu aɖe ɖa si “medzɔ dzi na Abraham kura o”. Gake Yehowa fia mɔ Abraham wòwɔ ɖe srɔ̃a ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi ɖokuibɔbɔtɔe, eye yayrawo do tso eme na eƒe ƒomea. (1 Mose 21:9-13) Srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siwo li egbea, ame siwo ɖe wo nɔewo eteƒe didi kura gɔ̃ hã, ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso srɔ̃tɔ mawuvɔ̃la siawo gbɔ.

24. Srɔ̃ɖegbenɔnɔ ka ƒomevie ahe kafukafu vɛ na Yehowa Mawu, eye nu ka tae?

24 Srɔ̃tɔ akpe geɖe le Kristo hamea me egbea, siwo le dzidzɔ kpɔm le woƒe srɔ̃ɖeɖe me—srɔ̃nyɔnuawo dea bubu deto wo srɔ̃wo ŋu, srɔ̃ŋutsuawo lɔ̃a wo srɔ̃wo hedea asixɔxɔ wo ŋu, eye wowɔa nu aduadu be yewoatsɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le nu sia nu me. Ne ètso nya me be yeaɖe srɔ̃ la, ke bu nuwo ŋu nyuie le ame si nàɖe tiatia me, dzra ɖo nyuie ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu, eye nàdze agbagba ɖe sia ɖe be ŋutifafa kple lɔlɔ̃ nanɔ wò srɔ̃ɖeɖea me ne wòahe kafukafu vɛ na Yehowa Mawu. Ne èwɔe alea la, wò srɔ̃ɖeɖea akpe ɖe ŋuwò nànɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa.

^ mm. 11 Kpɔ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ƒe ta 2 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 12 Srɔ̃ geɖe nɔ blemafofo wɔnuteƒe aɖewo si. Yehowa ɖe mɔ blemafofowo kple Israel-viwo ɖe srɔ̃ geɖe. Togbɔ be menye eyae ɖo srɔ̃geɖeɖeɖe anyi o hã la, ede se aɖewo tsɔ kpɔ eŋu nyawo gbɔe. Ke hã, Kristotɔwo nyae be Yehowa megaɖe mɔ na esubɔlawo egbea be woaɖe srɔ̃ geɖe o.—Mateo 19:9; 1 Timoteo 3:2.