Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 MEGBENYAWO

Gbedodo Na Aflaga, Akɔdada, Kple Kpekpeɖeŋunadɔ Siwo Menye Asrafodɔ O

Gbedodo Na Aflaga, Akɔdada, Kple Kpekpeɖeŋunadɔ Siwo Menye Asrafodɔ O

Gbedodo na aflaga. Yehowa Ðasefowo xɔe se be ame ɖokui bɔbɔ na aflaga alo gbedodo nɛ, si amewo wɔna zi geɖe esime wole dukɔa ƒe ha dzim la nye subɔsubɔnuwɔna: enye Dukɔa alo kplɔlawo sinu kpɔkpɔ be woawoe ana ɖeɖe, ke menye Mawu o. (Yesaya 43:11; 1 Korintotɔwo 10:14; 1 Yohanes 5:21) Blema Babilon fia Nebukadnezar nye kplɔla siawo dometɔ ɖeka. Esi fia sẽŋu sia di be yeaɖe yeƒe gãnyenye kple veviedodonu le subɔsubɔ me afia eƒe dumeviwo la, eli legba gã aɖe eye wòɖe gbe na eteviwo be woade ta agu nɛ ne wose haƒoƒo, si le abe dukɔa ƒe ha ene. Gake Hebritɔ etɔ̃ siwo nye Sadrak, Mesak, kple Abednego gbe be yewomade ta agu na legba la o, togbɔ be ema ŋuti tohehe anye ku gɔ̃ hã.—Daniel, ta 3.

Ŋutinyaŋlɔla Carlton Hayes gblɔ tso míaƒe ŋkeke siawo ŋu be, “nu si ɖea dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ fiana ye nye aflaga, eye eyae nye nu vevitɔ si wodea ta agu na. Amewo ɖea kuku le ta ne wotsɔ aflaga va yina; hakpalawo ŋlɔa hakpanyawo tsɔ kafua aflaga, eye ɖeviwo hã dzia subɔsubɔhawo tsɔ kafunɛ.” Egblɔ kpee be dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ ƒe “ŋkeke kɔkɔewo” hã li, abe July 4 lia le United States ene, eye eƒe “ame kɔkɔewo kple kalẽtɔwo” li, siwo ŋu wodea bubu tɔxɛ, eye eƒe trɔ̃xɔwo hã li, siwo wobuna abe “gbedoxɔwo” ene. Esi Braziltɔwo nɔ dukɔa ƒe azã aɖe ɖum la, woƒe dudɔnunɔla si kpɔa asrafowo dzi gblɔ be: “Wodea bubu tɔxɛ aflaga ŋu hesubɔnɛ . . . abe ale si ko amewo subɔa Denyigba la ene.” Nyateƒee,  numekugbalẽ aɖe gblɔ kpɔ be: “Aflaga le kɔkɔe abe ale si ko atitsoga le ene.” (The Encyclopedia Americana)

Numekugbalẽ ma ke gagblɔ nyitsɔ laa be dukɔa ƒe hawo “ɖea dulɔlɔ̃ ƒe seselelãme fiana, eye zi geɖe la, wo me nyawo nyea mawu aɖe ƒe mɔfiafia kple ametakpɔkpɔ biabia na dukɔmeviwo alo woƒe dziɖulawo.” Edze ƒãa be menye vodadae Yehowa Ðasefowo wɔ esi wobua dulɔlɔ̃kɔnu siwo me wodoa gbe na aflaga eye wodzia dukɔa ƒe hawo le la be wonye subɔsubɔnuwɔnawo o. Le nyateƒe me la, esi agbalẽ aɖe (The American Character) nɔ nu ƒom tso Yehowa Ðasefowo ƒe viwo ŋu be wogbea gbedodo na aflaga eye wogbea ɖokuitsɔtsɔ na dukɔa ƒe atamkanya la gbɔgblɔ le United States sukuwo la, egblɔ be: “Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ʋu eme mlɔeba le ʋɔnudrɔ̃nya vovovowo me be kɔnu siawo siwo wowɔna gbe sia gbe la nye subɔsubɔnuwɔnawo.”

Togbɔ be Yehowa ƒe amewo mekpɔa gome le kɔnu siwo dzi Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖo o me o hã la, wonya nyuie be ame bubuwo kpɔ mɔ atso nya me be yewoakpɔ gome le eme. Wodea bubu dukɔwo ƒe aflagawo hã ŋu be wonye dzesidenuwo, eye wobua dziɖuɖu siwo woɖo le se nu la be wonye “ŋusẽtɔwo,” ame siwo wɔa dɔ abe “Mawu ƒe subɔla” ene. (Romatɔwo 13:1-4) Le esia ta, Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi be, woado gbe ɖa “ɖe fiawo kple ame siwo katã le ŋusẽnɔƒe la ta.” Gake míaƒe taɖodzinue nye be “míayi edzi anɔ anyi kpoo le tomefafa me le ɖokuitsɔtsɔ na Mawu blibo kple moveviɖoɖo katã me.”—1 Timoteo 2:2.

Akɔdada na dukplɔlawo. Kristotɔ vavãwo nyae be amewo kpɔ mɔ ada akɔ. Wometsia tre ɖe akɔdada ŋu o, eye wobɔbɔna ɖe ame siwo wotia be woanɔ zi dzi la te. Ke hã, womedea akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me kura o. (Mateo 22:21; 1 Petro 3:16) Le dukɔ siwo me wode se be ele be ame sia ame nada akɔ kokoko, alo le teƒe siwo wotsɔa dziku helĩhelĩ tɔa ŋku ame siwo meyia akɔdaƒe o la, nu kae Kristotɔwo awɔ? Ne Kristotɔ aɖe kpɔe be le ale si nɔnɔmea le ta, ahiã be yeayi akɔdaƒea abe ale si Sadrak, Mesak, kple Abednego hã yi Dura balia me ene la, ate ŋu awɔe nenema ne eƒe dzitsinya ɖe mɔ nɛ. Gake ele be wòakpɔ  nyuie be yemawɔ naneke si afia be yede akpa aɖe dzi o. Ele be wòade ŋugble tso gɔmeɖose ade siwo gbɔna ŋu:

  1. Yesu yomedzelawo “[menye] xexea ƒe akpa aɖeke o.”—Yohanes 15:19.

  2. Kristo kple eƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzie Kristotɔwo le.—Yohanes 18:36; 2 Korintotɔwo 5:20.

  3. Kristo hamea me tɔwo katã lé dzixɔse ɖeka me ɖe asi, eye lɔlɔ̃ si tɔgbi le Kristo si lae bla wo ɖekae.—1 Korintotɔwo 1:10; Kolosetɔwo 3:14.

  4. Dukplɔla aɖe ƒe nuwɔna me tsonuwo ƒe agba le ame siwo da akɔ tiae la hã dzi.—De dzesi gɔmeɖose siwo le mawunyakpukpui siwo gbɔna me: 1 Samuel 8:5, 10-18, kple 1 Timoteo 5:22.

  5. Esi Israel-viwo bia be woatia amegbetɔ na yewo wòaɖu yewo dzi la, Yehowa gblɔ be yee wogbe.—1 Samuel 8:7.

  6. Ne Kristotɔwo le gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒea la, ele be woate ŋu aƒo nu na amewo katã faa, dunyahehabɔbɔ ka ke mee ameawo ɖale o.—Mateo 24:14; 28:19, 20; Hebritɔwo 10:35.

Kpekpeɖeŋunadɔ si menye asrafodɔ o. Le dukɔ aɖewo me la, dziɖuɖua biana tso ame siwo gbea asrafodɔ wɔwɔ si be woawɔ kpekpeɖeŋunadɔ bubu ɖe eteƒe hena ɣeyiɣi aɖe. Ne nyametsotso sia ƒomevi dze ŋgɔ mí la, ele be míatsɔe ade gbedodoɖa me, ɖewohĩ aɖo dze kple Kristotɔ tsitsi aɖe tso eŋu, eye míanɔ te ɖe míaƒe dzitsinya dzi atso nya me esi míese nyaa ƒe akpa sia akpa gɔme nyuie vɔ.—Lododowo 2:1-5; Filipitɔwo 4:5.

Mawu ƒe Nya gblɔ na mí be ‘míabɔbɔ mía ɖokui na dziɖuɖuwo kple ŋusẽtɔwo, míaɖo to wo, míanɔ dzadzraɖoɖi na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ, eye míanye nugɔmeselawo.’ (Tito 3:1, 2) Esi nya mawo le susu me na mí la, míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Ðe kpekpeɖeŋunadɔ si tɔgbi wobia tso asinye be mawɔ la manye dada le Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade dzi alo anye gomekpɔkpɔ le alakpasubɔsubɔ me oa?’ (Mika 4:3, 5; 2 Korintotɔwo 6:16, 17) ‘Ðe dɔ sia ana wòasesẽ nam be makpɔ agbanɔamedzi siwo le dzinye abe Kristotɔ ene gbɔ nyuie alo ado kpo wo gbɔ kpɔkpɔ kura gɔ̃ hã?’ (Mateo 28:19, 20; Efesotɔwo 6:4; Hebritɔwo 10:24, 25) ‘Le go bubu me la, ɖe dɔ sia wɔwɔ ana mɔm be makeke  nye subɔsubɔdɔwo ɖe enu, ɖewohĩ ana makpɔ asinu awɔ ɣeyiɣiwo katã ƒe subɔsubɔdɔa?’—Hebritɔwo 6:11, 12.

Ne Kristotɔ aɖe ƒe dzitsinya ɖe mɔ nɛ wòtso nya be yeawɔ kpekpeɖeŋunadɔ si dziɖuɖua bia tso ye si la tsɔ wu be woade ye gaxɔ me la, mele be Kristotɔ bubuwo naɖe ɖeklemi eƒe nyametsotsoa o. (Romatɔwo 14:10) Eye ne ese le eɖokui me be yemate ŋu awɔ dɔ si tɔgbi wobia tso ye si o la, mele be ame bubuwo naɖe ɖeklemi esia hã o.—1 Korintotɔwo 10:29; 2 Korintotɔwo 1:24.