Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 87

Dzra Ðo Ðe Etsɔme Ŋu—Dze Aɖaŋu

Dzra Ðo Ðe Etsɔme Ŋu—Dze Aɖaŋu

LUKA 16:1-13

  • AƑEDZIKPƆLA MAWƆNUTEƑE ŊUTI LODODOA

  • ‘MIDZE XƆLƆ̃WO’ TO MIAƑE KESINƆNUWO DZI

Ele be lo si Yesu do ku ɖe vi búbua ŋu vɔ teti koe nye ema la nana adzɔxɔlawo, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo nakpɔe be Mawu lɔ̃na faa tsɔnɛ kea nu vɔ̃ wɔla trɔdzimewo. (Luka 15:1-7, 11) Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu azɔ. Edo lo bubu na wo tso ŋutsu kesinɔtɔ aɖe si se be yeƒe nuwo dzi kpɔla, alo aƒedzikpɔla, mewɔ nuteƒe o la ŋu.

Yesu gblɔ be wotso aƒedzikpɔlaa nu be ele eƒe aƒetɔ la ƒe nuwo dome gblẽm. Eya ta aƒetɔ la gblɔ be yeaxɔ dɔ le aƒedzikpɔlaa si. Aƒedzikpɔlaa gblɔ na eɖokui be: “Esi wònye nye aƒetɔ le aƒedzikpɔkpɔdɔa xɔ ge le asinye ɖe, nu ka wɔ ge mala? Ŋusẽ mele ŋunye madzobo anyigba o, nubiabia hã kpea ŋu nam.” Esi wòbu ale si agbea ava nɔ ŋu la, eƒo nya ta be: “Menya nu si mawɔ, ale be ne woxɔ aƒedzikpɔkpɔdɔa le asinye la, amewo naxɔm ɖe woƒe aƒewo me.” Enumake eyɔ ame siwo nyi fe la vɛ hebia wo be: “Ho neni ƒe fee nènyi le nye aƒetɔ ŋu?”—Luka 16:3-5.

Ame gbãtɔ ɖo eŋu be: “Ami gago alafa ɖeka.” Esia ade ami lita 2,200 sɔŋ. Anye be amitigble gã aɖe le fenyilaa si, alo be amisitsalae wònye. Aƒedzikpɔlaa gblɔ nɛ be: “Xɔ wò fegbalẽa nàbɔbɔ anɔ anyi, eye nàŋlɔ kaba be blaatɔ̃ [lita 1,100].”—Luka 16:6.

Aƒedzikpɔlaa bia fenyila bubu be: “Ke wò ɖe, ho neni ƒe fee nènyi?” Eɖo eŋu be: “Lu kotoku alafa ɖeka.” Esia ade lu lita 22,000. Aƒedzikpɔlaa gblɔ na fenyila sia be: “Xɔ wò fegbalẽa, eye nàŋlɔ blaenyi.” Esia fia be eɖe fe si wònyi la ƒe memama ɖe atɔ̃ ƒe ɖeka le edzi nɛ.—Luka 16:7.

Aƒedzikpɔla la gakpɔtɔ le eƒe aƒetɔ ƒe ganyawo dzi kpɔm, eya ta le mɔ aɖe nu la, ŋusẽ le esi be wòaɖe fe si wonyi le eƒe aƒetɔ ŋu la dzi. Esi aƒedzikpɔlaa ɖe feawo dzi ta la, eto esia dzi dze xɔlɔ̃ ame siwo ave enu ne wova xɔ dɔa le esi.

Aƒetɔ la va se nu tso nu si wòwɔ la ŋu. Togbɔ be esia ana wòaɖu agba hã la, nu si aƒedzikpɔlaa wɔ la wɔ dɔ ɖe edzi eye wòkafui, elabena “togbɔ be ame madzɔmadzɔe” wònye hã la, ‘edze aɖaŋu.’ Yesu gblɔ kpee be: “Nuɖoanyi sia me viwo dze aɖaŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe dzidzimea ŋu wu kekeli la ƒe viwo.”—Luka 16:8.

Menye ɖe Yesu da asi ɖe nu si aƒedzikpɔlaa wɔ la dzi o, eye menye ɖe wòle dzi dem ƒo na eƒe nyaselawo be woawɔ nu fitifiti le asitsanyawo me hã o. Ke nu kae eƒe nyawo fia? Ede dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mitsɔ kesinɔnu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokuiwo, ale be ne wo nu va yi la, woaxɔ mi ɖe nɔƒe mavɔwo.” (Luka 16:9) Ɛ̃, nufiame si le emee nye be ele be woakpɔ nu ayi ŋgɔ eye woadze aɖaŋu. Ele be Mawu subɔlawo, siwo nye ‘kekeli ƒe viwo’ la, nadze aɖaŋu le woƒe kesinɔnuwo ŋu dɔ wɔwɔ me,  kple susu be woanye etsɔme mavɔ dome nyilawo.

Yehowa Mawu kple Via koe ate ŋu axɔ amewo ɖe Dziƒofiaɖuƒea alo anyigba dzi Paradiso si le Fiaɖuƒe ma te la me. Ele be míaku kutri adze xɔlɔ̃ woamawo to ale si míazã míaƒe kesinɔnuwo atsɔ ado alɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo dzi. Ekema ne sika, klosalo kple kesinɔnu bubuwo nu va yi, alo tsrɔ̃ la, kakaɖedzi blibo li be etsɔme mavɔ asu mía si.

Yesu gblɔ hã be ne ame aɖe wɔ nuteƒe le beléle na nunɔamesiwo kple wo zazã me la, awɔ nuteƒe le nu siwo le vevie wu la hã dzi kpɔkpɔ me. Eya ta Yesu gblɔ be: “Ne mienye nuteƒewɔlawo le kesinɔnu madzɔmadzɔwo gome o ɖe, ame kae aka ɖe mia dzi atsɔ nu vavã [abe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ene] ade mia si?”—Luka 16:11.

Yesu nɔ gbɔgblɔm na eƒe nusrɔ̃lawo be hafi “woaxɔ [wo] ɖe nɔƒe mavɔwo” la, woabia nu geɖe tso wo si. Ame mate ŋu anye Mawu subɔla vavã agakpɔtɔ anye kluvi na kesinɔnu madzɔmadzɔwo o. Yesu ƒo eƒe nyaa ta be: “Subɔvi aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o, elabena alé fu ɖeka eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.”—Luka 16:9, 13.