Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 85

Dzidzɔkpɔkpɔ Le Nu Vɔ̃ Wɔla Si Trɔ Dzi Me La Ŋuti

Dzidzɔkpɔkpɔ Le Nu Vɔ̃ Wɔla Si Trɔ Dzi Me La Ŋuti

LUKA 15:1-10

  • ALẼ BÚBU KPLE GAKU SI BÚ ŊUTI LODODOWO

  • MAWUDƆLA SIWO LE DZIƑO KPƆA DZIDZƆ

Yesu te gbe ɖe ɖokuibɔbɔ ƒe vevienyenye dzi zi geɖe le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi. (Luka 14:8-11) Edi vevie be yeadi ŋutsu kple nyɔnu siwo alɔ̃ faa asubɔ Mawu ɖokuibɔbɔtɔe. Va de asi na ɣemaɣi la, wo dometɔ aɖewo gakpɔtɔ nye nu vɔ̃ wɔla gãwo.

Farisitɔwo kple agbalẽfialawo de dzesii be ame mawo, siwo woamawo buna be womele ɖeke me o la tena ɖe Yesu ŋu heɖoa toe. Wolĩ liʋiliʋĩ gblɔ be: “Ame sia xɔa nu vɔ̃ wɔlawo heɖua nu kpli wo.” (Luka 15:2) Farisitɔwo kple agbalẽfialawo susuna be yewonyo wu ame bubuawo, eye wobua ame siawo abe ɖi si le woƒe afɔ te la ene. Le ale si gbegbe kplɔlawo nyɔa ŋu ame tsɛwoe ta la, wozãa Hebrigbe me nya amharet, si gɔmee nye “ame siwo le anyigba” la tsɔ ɖɔa woe.

Gake Yesu ya wɔa nu ɖe amewo katã ŋu le bubu, dɔmenyonyo kple nublanuikpɔkpɔ me. Eya ta ame tsɛ geɖe, siwo dometɔ aɖewo nye ame siwo amewo nya nyuie be wonye nu vɔ̃ wɔlawo la lɔ̃ faa ɖoa to Yesu. Gake aleke Yesu se le eɖokui me hewɔ nu ɖe nya siwo wonɔ gbɔgblɔm ɖe eŋu le esi wòkpena ɖe ame tsɛ mawo ŋu ta?

Ŋuɖoɖoa dze ƒãa le lo wɔdɔɖeamedzi aɖe si Yesu do si ɖi esi wòdo le Kapernaum va yi la me. (Mateo 18:12-14) Le lododoa me la, Yesu ɖɔ Farisitɔwo abe ame dzɔdzɔe siwo le dedie le Mawu ƒe alẽha la me ene. Gake eɖɔ ame tsɛawo abe ame siwo tra hebú ene. Yesu gblɔ be:

“Mia dometɔ ka sie alẽ alafa ɖeka le, eye ne wo dometɔ ɖeka bú la, magblẽ blaasieke vɔ asieke la ɖe gbedzi, eye wòayi aɖadi esi bú la va se ɖe esime wòakpɔe oa? Ne ekpɔe la, akɔe ɖe abɔta kple dzidzɔ. Eye ne eɖo aƒe me la, ayɔ exɔlɔ̃wo kple eƒe aƒelikawo aƒo ƒu ahagblɔ na wo be, ‘Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ nye alẽ si bú la.’”—Luka 15:4-6.

Aleke Yesu ɖe eƒe lododoa mee? Egblɔ be: “Mele egblɔm na mi be, nenema kee woakpɔ dzidzɔ geɖe le dziƒo le nu vɔ̃ wɔla ɖeka si trɔ dzi me la ŋuti wu ɖe ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke siwo mehiã na dzimetɔtrɔ o la ŋuti.”—Luka 15:7.

Dzimetɔtrɔ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la anya wɔ nuku na Farisitɔwo. Wobua wo ɖokuiwo ame dzɔdzɔewo, eya ta womekpɔnɛ be ehiã be yewoatrɔ dzi me o. Esi wo dometɔ aɖewo ƒo nu tsi tre ɖe Yesu ŋu ƒe ʋɛ aɖewo do ŋgɔ le esi wòɖu nu kple adzɔxɔlawo kpakple nu vɔ̃ wɔlawo ta la, egblɔ na wo be: “Menye ame dzɔdzɔewo yɔ gee meva o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawoe.” (Marko 2:15-17) Esi Farisitɔwo bua wo ɖokuiwo ame dzɔdzɔewoe  eye womekpɔe be ehiã be yewoatrɔ dzi me o ta la, womehea dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke vaa dziƒoe o. Gake dzidzɔe wònyena ne nu vɔ̃ wɔlawo trɔ dzi me vavã.

Be Yesu nagate gbe ɖe edzi be nu vɔ̃ wɔla siwo bú siwo ŋu wogake ɖo la hea dzidzɔkpɔkpɔ vaa dziƒoe la, egado lo bubu si me wòtsɔ nu si dzɔna le aƒe me la wɔ kpɔɖeŋui ale: “Nyɔnu ka sie drakma ewo anɔ, eye ne ebú drakma ɖeka la, masi akaɖi, eye wòakplɔ eƒe aƒea me ahadii nyuie va se ɖe esime wòakpɔe oa? Eye ne ekpɔe la, ayɔ exɔlɔ̃wo kple eƒe aƒelikawo aƒo ƒu ahagblɔ na wo be, ‘Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ nye drakma si bú la.’”—Luka 15:8, 9.

Ale si Yesu ɖe lododo sia mee la sɔ kple ale si wòɖe lododo si ku ɖe alẽ búbua ŋu la me. Egblɔ azɔ be: “Mele egblɔm na mi be, nenema kee mawudɔlawo kpɔa dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka si trɔ dzi me la ŋuti.”—Luka 15:10.

Bu eŋu kpɔ ko, Mawu ƒe dɔlawo kpɔa dzidzɔ ne nu vɔ̃ wɔla si bú la trɔ dzi me! Nya sia ɖe dzesi ŋutɔ, elabena nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me eye mɔnukpɔkpɔa su wo si wonyi Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea dome la anɔ ɖoƒe si kɔkɔ wu mawudɔlawo gɔ̃ hã tɔ! (1 Korintotɔwo 6:2, 3) Ke hã mawudɔlawo meʋãa ŋu o. Ekema aleke wòle be míawɔ nui ne nu vɔ̃ wɔla aɖe trɔ dzi me bliboe hetrɔ va Mawu gbɔ?