Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 107

Fia Aɖe Yɔ Ame Siwo Wokpe Hena Srɔ̃ɖeŋkekenyui

Fia Aɖe Yɔ Ame Siwo Wokpe Hena Srɔ̃ɖeŋkekenyui

MATEO 22:1-14

  • SRƆ̃ÐEKPLƆ̃ÐOƑE ŊUTI LODODO

Esi Yesu ƒe subɔsubɔdɔa nɔ enu wum la, eyi edzi do lowo tsɔ klo nu le nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo ƒe nuwɔnawo dzi. Eya ta wodi be yewoawui. (Luka 20:19) Gake Yesu mewɔ vɔ haɖe o. Egado lo bubu ale:

“Dziƒofiaɖuƒe la le abe fia aɖe si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ na via ene. Eye wòdɔ eƒe kluviwo be woaɖayɔ ame siwo wokpe la ava srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu, gake womelɔ̃ be yewoava o.” (Mateo 22:2, 3) Yesu he susu yi “Dziƒofiaɖuƒe” la dzi le eƒe lododoa ƒe gɔmedzedze. Eya ta edze ƒãa be “fia” lae nye Yehowa Mawu. Ke fia la ƒe vi kple ame siwo wokpe va srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea ya ɖe? Le go sia hã me la, eme kɔ ƒãa be fia la ƒe vi lae nye Yehowa ƒe Vi, si le loa dom, eye ame siwo wokpe lae nye ame siwo anɔ Dziƒofiaɖuƒe la me kple Vi la.

Ame kawoe wokpe gbã? Enyo, ame kawoe Yesu kple apostoloawo nɔ gbeƒã ɖem na tso Fiaɖuƒea ŋu? Yudatɔwoe. (Mateo 10:6, 7; 15:24) Dukɔ sia lɔ̃ ɖe Se ƒe nubablaa dzi le ƒe 1513 D.Y. me, si wɔe be mɔnukpɔkpɔa su wo si gbã be woanye “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe.” (2 Mose 19:5-8) Gake ɣekaɣi koŋue woakpe wo ava ‘srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea’? Edze ƒãa be wodze wo kpekpe gɔme le ƒe 29 K.Ŋ. esime Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me tso Dziƒofiaɖuƒea ŋu.

Ke aleke Israel-vi akpa gãtɔ wɔ nui esi wokpe wo? Abe ale si Yesu gblɔe ene la, “womelɔ̃ be yewoava o.” Subɔsubɔhakplɔlawo kple dukɔa me tɔ akpa gãtɔ melɔ̃ ɖe edzi be Yesu ye nye Mesia la kple Fia si Mawu tia la o.

Ke hã Yesu ɖee fia be mɔnukpɔkpɔ bubu agasu Yudatɔwo si esi wògblɔ be: “[Fia la gadɔ] kluvi bubuwo ɖa gblɔ be, ‘Migblɔ na ame kpekpeawo be: “Kpɔ ɖa, ŋdɔnuɖuɖua sɔ gbe vɔ, wowu nye nyitsuwo kple lã damiwo, eye nu sia nu sɔ gbe. Miva srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe.”’ Ke wometsɔ ɖeke le eme o, eye wodzo, ame ɖeka yi eƒe agble me, bubu yi eƒe adzɔ do ge; ke mamlɛawo lé eƒe kluviawo, wɔ fu wo eye wowu wo.” (Mateo 22:4-6) Esia ɖe  nu si adzɔ ne wova ɖo Kristo hamea anyi la fia. Ɣemaɣi la, mɔnukpɔkpɔa ganɔ ʋuʋu ɖi na Yudatɔwo be woanɔ Fiaɖuƒea me, gake ame akpa gãtɔ gbe amekpekpea eye wowɔ fu ‘fia la ƒe kluviwo’ gɔ̃ hã.—Dɔwɔwɔwo 4:13-18; 7:54, 58.

Nu kae va do tso eme na dukɔa? Yesu gblɔ be: “Fia la do dziku, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo ɖa woyi ɖawu amewula mawo eye wotɔ dzo woƒe du la.” (Mateo 22:7) Esia dzɔ ɖe Yudatɔwo dzi le ƒe 70 K.Ŋ. esi Romatɔwo va tsrɔ̃ “woƒe du la,” si nye Yerusalem.

Esi wogbe fia la ƒe amekpekpea la, ɖe wòfia be womagakpe ame bubu aɖeke oa? Yesu ƒe lododoa mefia nenema o. Eyi edzi be: “Eye [fia la gblɔ] na eƒe kluviawo be, ‘Nu sia nu sɔ gbe na srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuɖu, gake ame siwo wokpe la medze o. Eya ta miyi dua ƒe mɔ gãwo dzi ne miakpe ame sia ame si miakpɔ la va srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe.’ Ale kluvi mawo do go yi mɔwo dzi, eye woƒo ame siwo katã wokpɔ la nu ƒu, ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa; ale amewo yɔ srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu fũu le xɔ si me wole srɔ̃a ɖem le la me.”—Mateo 22:8-10.

Eɖe dzesi be emegbe apostolo Petro ava nɔ kpekpem ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o kple ame siwo trɔ dzi me va Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhaa me la ŋu be woazu Kristotɔ vavãwo. Le ƒe 36 K.Ŋ. la, wokɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa ɖe Roma-srafomegã Kornelio kple eƒe ƒomea dzi, si wɔe be mɔnukpɔkpɔa su wo si be woanyi Dziƒofiaɖuƒe si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la dome.—Dɔwɔwɔwo 10:1, 34-48.

esu ɖee fia be menye ame siwo katã va kplɔ̃ɖoƒea la ƒe nue adze “fia la” ŋu o. Egblɔ be: “Esi fia la va be yealé ŋku ɖe ame kpekpeawo ŋu la, ekpɔ ŋutsu aɖe si medo srɔ̃ɖewu o la le afi ma. Ebiae be, ‘Xɔ̃, aleke nèwɔ ge ɖe afi sia evɔ mèdo srɔ̃ɖewu o?’ Ke mete ŋu ke nu o. Eye fia la gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo, eye mitsɔe ƒu gbe ɖe viviti la me le xexe. Afi mae wòafa avi ahaɖu aɖukli le.’ Elabena ame geɖewoe wokpe, ke ame ʋɛ aɖewo koe wotia.”—Mateo 22:11-14.

Ðewohĩ subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ to ɖom Yesu la mase nya siwo gblɔm wònɔ la gɔme bliboe ya o. Ke hã, eƒe nyawo ve dɔme na wo eye woɖoe kplikpaa wu tsã be yewoaɖe ame sia si le ŋukpe dom yewo alea la ɖa.