Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 116

Efia Ðokuibɔbɔ Wo Le Ŋutitoto Mamlɛtɔ Ðuɣi

Efia Ðokuibɔbɔ Wo Le Ŋutitoto Mamlɛtɔ Ðuɣi

MATEO 26:20 MARKO 14:17 LUKA 22:14-18 YOHANES 13:1-17

  • YESU ÐU ŊUTITOTO MAMLƐTƆ KPLE EƑE APOSTOLOWO

  • EFIA NU VEVI AÐE EƑE APOSTOLOWO ESI WÒKLƆ AFƆ NA WO

Petro kple Yohanes yi Yerusalem ɖadzra ɖo ɖe Ŋutitotoŋkekenyuia ŋu xoxo abe ale si Yesu dɔ wo be woawɔe ene. Emegbe Yesu kple apostolo ewo mamlɛawo ɖo ta afi ma. Ŋdɔ mee, eye ɣea le to ɖom esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo le ɖiɖim le Amitoa dzi. Esiae nye zi mamlɛtɔ si Yesu anɔ toa dzi akpɔ dua ɖaa le ŋkeke me halase eƒe tsitretsitsi megbe.

Eteƒe medidi o, Yesu kple etɔwo ɖo dua me eye woɖo ta aƒe si me woaɖu Ŋutitotoŋkekenyuia le. Woflɔ atrakpuiawo yi xɔ gã aɖe me le dziƒoxɔa dzi. Le afi ma la, wokpɔe be wowɔ dzadzraɖo siwo katã hiã hena woawo ɖeɖe ƒe nua ɖuɖu. Yesu nɔ mɔ kpɔm na wɔna sia vevie, elabena egblɔ be: “Medi vevie be maɖu Ŋutitoto sia kpli mi hafi makpe fu.”—Luka 22:15.

Ƒe geɖe do ŋgɔ la, ɖoɖo aɖe nɔ anyi be woatsɔ kplu xexlẽme aɖe siwo me wain le la atsa le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖulawo dome. Azɔ esi Yesu xɔ kpluawo dometɔ ɖeka la, eda akpe eye wògblɔ be: “Mia dometɔ ɖe sia ɖe nexɔe eye wòano le enu, elabena mele egblɔm na mi be, tso fifia dzi la, nyemegale wain no ge akpɔ o va se ɖe esime Mawu Fiaɖuƒe la va ɖo.” (Luka 22:17, 18) Esia ana woakpɔe kɔtɛ be eƒe kuɣi gogo.

Esime wole Ŋutitotonua ɖum la, nane si womekpɔ mɔ na o la dzɔ. Yesu tsi tre, eɖe eƒe awudziwuiwo, eye wòtsɔ papahũ. Azɔ eku tsi ɖe agba gã aɖe si le afi ma la me. Zi geɖe la, ame si xɔ amedzro la kpɔa egbɔ be ame aɖe, ɖewohĩ subɔvi aɖe, klɔ afɔ na amedzroawo. (Luka 7:44) Gake le go sia me la, amedzroxɔla aɖeke meli o, eya ta Yesu wɔ subɔsubɔdɔ sia. Apostoloawo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ dɔ sia hafi, gake wo dometɔ aɖeke mewɔe o. Ðe wòanye be hoʋiʋli aɖee gakpɔtɔ nɔ wo dome taea? Aleke kee wòɖale o, ekpe ŋu na wo be Yesu naklɔ afɔ na yewo.

Esi Yesu va Petro gbɔ la, egbe hegblɔ be: “Gbeɖe, màklɔ afɔ nam akpɔ o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne nyemeklɔe na wò o la, ekema gome aɖeke mele asiwò le gbɔnye o.” Petro ɖe eƒe seselelãme fia esi wògblɔ be: “Aƒetɔ, ekema menye nye afɔwo ɖeɖe ko o, ke nye asiwo kple nye ta hã.” Ale si Yesu ɖo nyaa ŋu nɛ la anya wɔ nuku nɛ. Egblɔ nɛ be: “Ame si le tsi la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ, elabena eŋuti katã ɖi xoxo. Eye mia ŋuti ɖi, gake menye mi katãe o.”—Yohanes 13:8-10.

Yesu klɔ afɔ na wo ame 12 la katã, Yuda Iskariot hã le eme. Esi Yesu tsɔ eƒe awudziwuiawo do eye wògava nɔ kplɔ̃a ŋu la, ebia wo be: “Miese  nu si mewɔ na mi la gɔmea? Mieyɔam be ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ,’ eye esɔ nenema, elabena eyae menye. Eya ta ne nye, ame si nye Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ afɔ na mi la, ekema ele na miawo hã be miaklɔe na mia nɔewo. Elabena meɖo kpɔɖeŋu ɖi na mi be, ale si tututu mewɔ na mi la, miawo hã miawɔ nenema ke. Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, kluvi mewua eƒe aƒetɔ o, eye ame dɔdɔ mewua ame si dɔe ɖa la o. Ne mienya nu siawo la, ekema dzidzɔtɔwoe mianye ne miewɔa wo dzi.”—Yohanes 13:12-17.

Amewo subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe ƒe nufiame nyui kae nye esi! Mele be Yesu yomedzelawo nanɔ nɔƒe gbãtɔ dim ahasusui be yewole vevie eya ta ele be ame bubuwo nasubɔ yewo o. Ele be woasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu, menye to afɔkɔklɔ na ame abe kɔnu ene dzi o, ke boŋ ele be woalɔ̃ faa asubɔ ame bubuwo le ɖokuibɔbɔ kple ameŋkumemakpɔmakpɔ me.