Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La

 TA 110

Ŋkeke Mamlɛtɔ Si Yesu Nɔ Gbedoxɔa Me

Ŋkeke Mamlɛtɔ Si Yesu Nɔ Gbedoxɔa Me

MATEO 23:25–24:2 MARKO 12:41–13:2 LUKA 21:1-6

  • YESU GABU FƆ SUBƆSUBƆHAKPLƆLAWO

  • WOGBÃ GBEDOXƆA

  • AHOSI DAHE AÐE DZƆ GAKU SUE EVE

Le Yesu ƒe gbedoxɔa me yiyi zi mamlɛtɔ me la, eyi edzi klo nu le agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe alakpanuwɔwɔ dzi, eye wòyɔ wo be alakpanuwɔlawo le dutoƒo. Eƒo nu na wo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me be: “Mieklɔa kplu kple agba ŋuti, gake wo me yɔ fũu kple ŋukeklẽ kple nu gbɔme wɔwɔ. Farisitɔ ŋkuagbãtɔ, klɔ kplu kple agba la me gbã, ekema eŋu hã aɖi.” (Mateo 23:25, 26) Togbɔ be ame ɖokui ŋu kɔkɔ le Sea nu kple gotagomedzedzeme le vevie na Farisitɔwo hã la, woŋea aɖaba ƒua ame siwo wonye le ememe la dzi, eye womekɔa woƒe kpɔɖeŋudzia ya ŋu o.

Woƒe alakpanuwɔwɔa gadze ƒãa le ale si wolɔ̃na faa dzraa nyagblɔɖilawo ƒe yɔdowo ɖo heɖoa atsyɔ̃ na wo la me. Gake abe ale si Yesu ɖee fia ene la, woawoe nye “ame siwo wu nyagblɔɖilawo la ƒe viwo.” (Mateo 23:31) Agbagba si dzem wole be woawu Yesu la ɖo kpe esia dzi.—Yohanes 5:18; 7:1, 25.

Azɔ Yesu ƒo nu tso nu si adzɔ ɖe subɔsubɔhakplɔlawo dzi ne wogbe dzimetɔtrɔ la ŋu ale: “Mi dawo kple dzakpatawo ƒe dzidzimeviwo, aleke miawɔ asi le Gehena ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu?” (Mateo 23:33) Wotɔa dzo gbeɖuɖɔ le Hinom Bali si mele adzɔge tso wo gbɔ o la me, eye esia ana nyaselawo nakpɔ tsɔtsrɔ̃ ɖikaa si ava agbalẽfialawo kple Farisitɔ vɔ̃ɖiawo dzi la le susu me nyuie.

Nusrɔ̃lawo ava nɔ Yesu teƒe anye “nyagblɔɖilawo kple nunyalawo kpakple nufialawo.” Aleke woawɔ nu ɖe wo ŋui? Yesu gblɔ na subɔsubɔhakplɔla mawo be: “Miawu [nye nusrɔ̃lawo] dometɔ aɖewo, eye miahe wo ɖe ati ŋu, miaƒo wo dometɔ aɖewo kple atam le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati wo yome tso du me yi du me, ale be ʋu dzɔdzɔe siwo katã wokɔ ɖe anyi le anyigba dzi la ƒe fɔɖiɖi nava mia dzi, tso ame dzɔdzɔe Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zakariya . . . ame si miewu . . . la ƒe ʋu dzi.” Exlɔ̃ nu wo be: “Vavã mele egblɔm na mi be, nu siawo katã ava dzidzime sia dzi.” (Mateo 23:34-36) Esia va eme le ƒe 70 K.Ŋ. esime Roma-srafowo va tsrɔ̃ Yerusalem eye Yudatɔ akpe geɖe tsrɔ̃.

Tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ ma si le ŋgɔ la ŋu bubu te ɖe Yesu dzi. Egblɔ kple vevesese be: “Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe ame siwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ—zi nenie nyemehedi be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋalawo te ene o! Ke mielɔ̃ o. Kpɔ ɖa! Woagblẽ miaƒe aƒe la ɖi na mi.” (Mateo 23:37, 38) Ame siwo nɔ to ɖomee la anya nɔ nu si “aƒe” si ŋu wòƒo nu tsoe fia la ŋu bum. Ðe wòanye be gbedoxɔ gã dzeani si le Yerusalem, si wòdze abe Mawu nɔ eta kpɔm ene lae wòwɔnɛa?

Yesu gblɔ kpee be: “Mele egblɔm na mi be: Tso fifia dzi yina la, miegale kpɔ ye ge akpɔ o va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me!’” (Mateo 23:39) Nyagblɔɖi si le Psalmo 118:26 la dzie wònɔ susu hem yi. Afi ma gblɔ be: “Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me; míeyra mi tso Yehowa ƒe aƒe la me.” Eme kɔ ƒãa be ne wova tsrɔ̃ anyigbadzigbedoxɔ sia la, ame aɖeke magava eme le Mawu ƒe ŋkɔ me o.

Fifia Yesu va gbedoxɔa ƒe afi si nudzɔɖaka siwo ƒe nugbɔ le biie eye wo gɔme keke la le. Amewo ate ŋu ade ga eme to eƒe nugbɔ si le biie la me. Yesu kpɔ Yudatɔ geɖewo wonɔ esia wɔm, hekpe ɖe kesinɔtɔ siwo ‘tsɔ gaku geɖe nɔ eme dem’ la ŋu. Azɔ Yesu kpɔ ahosi dahe aɖe si “tsɔ gaku sue eve siwo ƒe home le sue ŋutɔ la va de eme.” (Marko 12:41, 42) Ðikeke mele eme o be Yesu nya ale si ahosia ƒe nunanaa dze Mawu ŋui.

Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo vɛ eye wògblɔ na wo be: “Vavã mele egblɔm na mi be, ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu ame bubu siwo katã va de nu nudzɔɖakaawo me.” Le mɔ ka nu? Eɖe eme  be: “Wo katã wotsɔ woƒe nu gbogboawo ƒe ɖe ko va de eme, ke eya tso eƒe ahedada me tsɔ nu siwo katã le esi, si nu wòanɔ agbe ɖo la, de eme.” (Marko 12:43, 44) Aleke gbegbe nyɔnu sia ƒe tamebubu kple nuwɔna to vovo na subɔsubɔhakplɔlawo tɔe nye esi!

Esi Nisan 11 lia ƒe ŋkekea nɔ enu wum la, Yesu dzo le gbedoxɔa me zi mamlɛtɔ. Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Nufiala, kpɔ kpe siawo kple xɔ siawo gbegbe ɖa!” (Marko 13:1) Nyateƒee, gbedoxɔa ƒe kpeawo dometɔ aɖewo lolo ŋutɔ, si nana wòdzena be enye xɔ sesẽ si li ke. Eya ta nusrɔ̃laa atsi yaa ŋutɔ esi Yesu gblɔ be: “Èle xɔ gãgã siawo kpɔma? Womele kpe aɖeke gblẽ ge ɖe kpe dzi le afi sia, si womamu aƒu anyi o.”—Marko 13:2.

Le nya siawo gbɔgblɔ megbe la, Yesu kple eƒe apostoloawo yi ɖato Kidron Bali la me heyi teƒe aɖe le Amitoa dzi. Emegbe eƒe apostoloawo dometɔ ene, siwo nye Petro, Andrea, Yakobo kple Yohanes va egbɔ. Le afi sia la, woate ŋu anɔ gbedoxɔ gã dzeani la kpɔm le aga me ɖaa.