Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La

 TA 53

Dziɖula Si Kpɔ Ŋusẽ Ðe Dzɔdzɔmenuwo Dzi

Dziɖula Si Kpɔ Ŋusẽ Ðe Dzɔdzɔmenuwo Dzi

MATEO 14:22-36 MARKO 6:45-56 YOHANES 6:14-25

  • AMEWO DI BE YEWOAÐO YESU FIAE

  • YESU ZƆ TSI DZI, ETSI AHOM NU

Ŋusẽ si le Yesu si be wòanyi ame akpe geɖe nukutɔe la wɔ dɔ ɖe ameawo dzi ŋutɔ. Woƒo nya ta be “vavãe, ame siae nye Nyagblɔɖila si ƒe nya wogblɔ ɖi be ava xexea me,” si nye Mesia la, eye anye dziɖula nyui. (Yohanes 6:14; 5 Mose 18:18) Eya ta woɖo tame be yewoalé Yesu aɖo fiae.

Gake Yesu de dzesi nu si ɖom ameawo le. Eya ta edo mɔ amehaawo, eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woage ɖe woƒe tɔdziʋua me. Afi kae woayi? Woayi Betsaida gbã eye emegbe woayi Kapernaum. Ke Yesu ŋutɔ ya yi toa dzi ɖado gbe ɖa le zã ma me.

Esi dzinu gakpɔtɔ le ɖiɖim eye wòsusɔ vie fɔŋli naɖo la, Yesu kpɔ tɔdziʋua le adzɔge ɖaa. Ya sesẽ aɖe na ƒutsotsoewo nɔ mimlim kple ŋusẽ, si wɔe be ‘ʋua kuku nɔ sesẽm na apostoloawo, elabena ya ƒo va le wo kpem.’ (Marko 6:48) Yesu ɖi tso toa dzi eye wòzɔ ƒutsotsoeawo dzi ɖo ta wo gbɔ. Ɣemaɣi la, “woku tɔdziʋua anɔ agbadroƒe etɔ̃ alo ene” xoxo. (Yohanes 6:19) Esi nusrɔ̃lawo kpɔ Yesu eye wòdze abe ɖe wòto wo ŋu yina ene la, wodo ɣli kple vɔvɔ̃ be: “Drɔ̃e yea?”—Marko 6:49.

Yesu fa dzi na wo gblɔ be: “Milé dzi ɖe ƒo! Nyee; migavɔ̃ o.” Gake Petro gblɔ be: “Aƒetɔ, nenye wòe la, ekema na mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Va!” Ale Petro ɖi le tɔdziʋua me, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. Ke esi Petro kpɔ ale si yaa le ƒoƒom sesĩe la, evɔ̃, eye wòde asi toyiyi me. Edo ɣli be: “Aƒetɔ, xɔ nam!” Yesu do asi ɖa lé Petro hegblɔ nɛ be: “Wò xɔseʋɛtɔ, nu ka ŋuti nèke ɖi?”—Mateo 14:27-31.

Esi Petro kple Yesu ge ɖe ʋua me la, ya la dzudzɔ ƒoƒo. Ewɔ nuku na nusrɔ̃lawo, gake ɖe wòle be wòawɔ nuku na woa? Ne ɖe wokpɔ ‘nufiame si le abolo’ ƒe nukunu si Yesu wɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ me esi wònyi ame akpewo dze sii la, anye ne mawɔ nuku na wo be ete ŋu zɔ tsi dzi eye wòna ya la dzudzɔ ƒoƒo o. Azɔ wobɔbɔ nɛ hegblɔ be: “Mawu Vie nènye vavã!”—Marko 6:52; Mateo 14:33.

Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woɖo Genezaret, si nye gbadzaƒe wɔnu dzeani aɖe si le Kapernaum ƒe anyiehe. Woda seke na ʋua heɖi va go dzi. Amewo kpɔ Yesu dze sii, eye woawo kple ame bubu siwo le nuto mawo me la kplɔ ame siwo ƒe lãme gblẽ la va egbɔ. Ne dɔnɔawo ka asi Yesu ƒe awu toga ŋu ko la, woƒe lãme sẽna keŋkeŋ.

Ɣemaɣi la, ameha si kpɔ eteƒe Yesu nyi ame akpe geɖe nukutɔe la hã de dzesii be edzo. Eya ta esi tɔdziʋu suewo tso Tiberia va la, woɖo wo heyi Yesu di ge le Kapernaum. Esi wokpɔe la, wobiae be: “Rabi, ɣekaɣie nèva ɖo afi sia?” (Yohanes 6:25) Yesu ka mo na wo, eye susu nyui aɖe tae, abe ale si míava kpɔe ene.