Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La

 TA 10

Yesu Ƒe Ƒomea Zɔ Mɔ Yi Yerusalem

Yesu Ƒe Ƒomea Zɔ Mɔ Yi Yerusalem

LUKA 2:40-52

  • YESU SI XƆ ƑE WUIEVE LA BIA NYA NUFIALAWO

  • YESU YƆ YEHOWA BE “FOFONYE”

Adame ɖo. Eya ta ɣeyiɣia de na Yosef kple eƒe ƒomea, hekpe ɖe wo xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ŋu be woazɔ mɔ ayi Yerusalem, abe ale si wowɔnɛ ƒe sia ƒe ene. Woyia afi ma ɖaɖua Ŋutitotoŋkekenyuia, abe ale si Sea bia ene. (5 Mose 16:16) Mɔ si woazɔ tso Nazaret ayi Yerusalem la anɔ kilometa 120. Enye dzidzɔɣi si me dɔ geɖe wɔwɔ yia edzi le. Fifia Yesu xɔ ƒe 12, eye ele mɔ kpɔm vevie na ŋkekenyui sia si ana mɔnukpɔkpɔ nagasu esi be wòayi gbedoxɔa me.

Le Yesu kple eƒe ƒomea gome la, Ŋutitotoŋkekenyuia menye ŋkeke ɖeka ko ƒe nuwɔna o. Ŋkeke si kplɔ Ŋutitotoŋkekenyuia ɖo lae nye Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui la. (Marko 14:1) Wobunɛ be enye Ŋutitotoŋkekenyuia ƒe ɣeyiɣia ƒe akpa aɖe. Mɔzɔzɔ tso wo ƒe me le Nazaret ayi Yerusalem, woƒe afi ma nɔnɔ kple tɔtrɔ gbɔ la katã xɔna abe kwasiɖa eve ene. Gake le ƒe sia me ya la, nya aɖe si ku ɖe Yesu ŋu la na wonɔ anyi wòdidi wu. Kuxi aɖe si do mo ɖa esime wotrɔ tso Yerusalem yina aƒe lae na wòva yi nenema.

Le mɔzɔzɔa me la, Yosef kple Maria susui be Yesu le woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ƒe ƒuƒoƒo siwo katã le mɔa zɔm yina dziehe gome la dome. Gake esi woɖo afi si woatsi adɔ la, womekpɔe o. Eya ta wodze edidi gɔme le woƒe zɔhɛ siwo le mɔa zɔm la dome, ke womekpɔe o. Wodi wo via ʋuu do kpoe. Eya ta Yosef kple Maria gbugbɔ yi Yerusalem yi edi ge le afi ma.

Wodii ŋkeke blibo ɖeka, gake womekpɔe o. Ŋkeke evelia hã womekpɔe o. Mlɔeba le ŋkeke etɔ̃agbe la, woke ɖe eŋu le gbedoxɔa, si me xɔ gbogbowo le la me. Wokpɔ Yesu wònɔ Yuda nufiala aɖewo dome. Enɔ to ɖom wo, nɔ nya biam wo eye woƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese ŋuti.

Maria biae be: “Vinye, nu ka ŋuti nèwɔ nu ɖe mía ŋu alea? Kpɔ ɖa, nye kple fofowò míetsi dzi di wò ʋuu.”—Luka 2:48.

Ewɔ nuku na Yesu be womenya afi si woakpɔ ye le o. Ebia wo be: “Nu ka tae miele diyem? Mienyae be ele be manɔ Fofonye ƒe me oa?”—Luka 2:49.

Esi woke ɖe Yesu ŋu azɔ la, eya kple Yosef kpakple Maria wotrɔ yi aƒe le Nazaret, eye Yesu yi edzi bɔbɔ eɖokui na wo. Eyi edzi nɔ tsitsim, eye eƒe nunya hã nɔ dzidzim ɖe edzi. Togbɔ be ɖevi ko wòganye hã la, eƒe nu nyo Mawu kple amewo ŋu. Ɛ̃, tso Yesu ƒe ɖevime ke la, eɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi, menye le gbɔgbɔmenuwo ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ me ko o, ke le edzilawo bubu hã me.