1 YEHOWA

Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa, eye egɔmee nye “Enana Wòvaa Eme.” Yehowae nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, eyae wɔ nu sia nu. Ŋusẽ le esi be wòawɔ nu sia nu si wòɖo be yeawɔ.

Le Hebrigbe me la, wotsɔa ŋɔŋlɔdzesi ene ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔa. Le Eʋegbe me la, ŋɔŋlɔdzesi siwo nye YHWH le tsitre ɖi na ŋɔŋlɔdzesi ene mawo. Mawu ƒe ŋkɔ dze le Hebrigbe me Biblia ƒe nuŋlɔɖi gbãtɔ me zi 7,000 kloe. Le xexea me godoo la, amewo zãa ŋkɔ Yehowa ƒe ŋɔŋlɔ vovovowo, eye woyɔnɛ le ale si wo detɔwo lɔ̃a eyɔyɔ la nu.

Ta 1 memama 15

2 BIBLIA LA “TSO MAWU ƑE GBƆGBƆ ME”

Mawu tɔe Biblia la nye, ke menye amegbetɔ siwo wòzã woŋlɔe la tɔe o. Esia sɔ kple ale si dɔtɔ aɖe nabia tso eƒe agbalẽŋlɔla si be wòaŋlɔ lɛta aɖe na ye; dɔtɔa ƒe susuwoe le lɛtaa me. Mawu zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ fia mɔ Biblia-ŋlɔlawo woŋlɔ eƒe susuwo. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ wo le mɔ vovovowo nu. Ɣeaɖewoɣi la, enana wokpɔa ŋutega alo kua drɔ̃e eye woŋlɔa wo ɖi.

Ta 2 memama 5

3 GƆMEÐOSEWO

Wonye Biblia me nufiafia siwo ɖea Biblia me nyateƒenya veviwo me. Le kpɔɖeŋu me, gɔmeɖose si nye “hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo” fiaa mí be ame siwo míedea ha kplii kpɔa ŋusẽ nyui alo ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi. (1 Korintotɔwo 15:33) Eye gɔmeɖose si nye be “nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe” fiaa mí be míate ŋu asi le míaƒe nuwɔnawo me tsonuwo nu o.—Galatiatɔwo 6:7.

Ta 2 memama 12

  4 NYAGBLƆÐI

Enye gbedeasi si tso Mawu gbɔ. Ate ŋu anye numeɖeɖe ku ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, agbe nyui nɔnɔ, sedede alo ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu. Ate ŋu aku ɖe nane si ava dzɔ le etsɔme hã ŋu. Nyagblɔɖi gbogbo aɖewo le Biblia me siwo va eme xoxo.

Ta 2 memama 13

5 NYAGBLƆÐI SIWO KU ÐE MESIA ŊU

Yesu dzie Biblia me nyagblɔɖi gbogbo siwo ku ɖe Mesia ŋu la to va eme. Kpɔ aɖaka si nye “ Nyagblɔɖi Siwo Ku Ðe Mesia Ŋu.”

Ta 2 memama 17, etenuŋɔŋlɔ.

6 TAME SI YEHOWA ÐO ÐE ANYIGBA ŊU

Yehowa wɔ anyigba be wòanye paradisoƒe na amegbetɔ siwo lɔ̃e. Tame si wòɖo la metrɔ o. Eteƒe madidi o Mawu aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa eye wòana agbe mavɔ eƒe amewo.

Ta 3 memama 1

7 SATANA ABOSAM

Satanae nye mawudɔla si dze aglã ɖe Mawu ŋu gbã. Woyɔe be Satana si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula,” elabena etso ɖe Yehowa ŋu. Wogayɔe be Abosam, si gɔmee nye “Amegɔmezɔla,” elabena ekaa aʋatso ɖe Mawu si heblea amewo.

Ta 3 memama 4

  8 MAWUDƆLAWO

Yehowa wɔ mawudɔlawo gbe aɖe gbe ʋĩ ke hafi va wɔ anyigba la. Wowɔ wo be woanɔ dziƒo. Mawudɔla miliɔn alafa geɖewoe li. (Daniel 7:10) Ŋkɔ le ɖe sia ɖe si, eye woƒe amenyenye le vovovo. Mawudɔla wɔnuteƒewo medina be amegbetɔwo nasubɔ yewo o. Woƒe ɖoƒewo kple woƒe dɔwo le vovovo. Dɔ siwo wowɔna la dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna: Wosubɔna le Yehowa ƒe fiazikpuia ŋgɔ, wotsɔa Mawu ƒe gbedeasiwo yina na amewo, wokpɔa Mawu subɔla siwo le anyigba dzi la ta hefiaa mɔ wo, wohea Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ vaa amewo dzi, eye wokpea asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. (Psalmoo 34:7; Nyaɖeɖefia 14:6; 22:8, 9) Le etsɔme la, woakpe ɖe Yesu ŋuti woawɔ Armagedon-ʋa la.—Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 19:14, 15.

Ta 3 memama 5; Ta 10 memama 1

9 NU VƆ̃

Míaƒe tamesusu, seselelãme alo nuwɔna ɖe sia ɖe si tsi tsitre ɖe Yehowa alo eƒe lɔlɔ̃nu ŋu la nye nu vɔ̃. Esi wònye be nu vɔ̃ gblẽa mí kple Mawu dome ta la, Mawu na sewo kple mɔfiamewo mí be woakpe ɖe mía ŋuti be míagaɖoe koŋ anɔ nu vɔ̃ wɔm o. Le gɔmedzedzea me la, nu siwo katã Yehowa wɔ la de blibo, gake Adam kple Xawa tiae be yewoada le Yehowa ƒe se dzi, wowɔ nu vɔ̃ eye womegade blibo o. Wotsi ku amegã kple nyagã eye woku. Esi míenyi nu vɔ̃ ƒe dome tso wo gbɔ ta la, míawo hã míetsina kua amegã kple nyagã hekuna.

Ta 3 memama 7; Ta 5 memama 3

10 ARMAGEDON

Esiae nye Mawu ƒe aʋa si wòawɔ atsɔ aɖe Satana ƒe xexea kple vɔ̃ɖinyenyewo katã ɖa.

Ta 3 memama 13; Ta 8 memama 18

 11 MAWU ƑE FIAÐUƑE LA

Mawu ƒe Fiaɖuƒe la nye dziɖuɖu si Mawu ɖo anyi le dziƒo. Yesu Kristoe nye dziɖuɖu sia ƒe Fia. Le etsɔme la, Yehowa azã Fiaɖuƒe sia atsɔ aɖe vɔ̃ɖinyenyewo katã ɖa. Mawu ƒe Fiaɖuƒe la aɖu anyigba bliboa dzi.

Ta 3 memama 14

12 YESU KRISTO

Mawu wɔ Yesu do ŋgɔ na nu sia nu. Yehowa dɔ Yesu ɖe anyigba dzi wòva ku ɖe amegbetɔwo katã ta. Esi wowu Yesu la, Yehowa fɔe ɖe tsitre. Yesu nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia eye wòle dzi ɖum le dziƒo fifia.

Ta 4 memama 2

13 NYAGBLƆÐI SI KU ÐE KWASIÐA 70 LA ŊU

Biblia gblɔ ɣeyiɣi si Mesia ava la ɖi. Ava le ɣeyiɣi didi si woyɔ be kwasiɖa 69 la ƒe nuwuwu. Kwasiɖa siawo dze egɔme le ƒe 455 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) eye wòwu enu le ƒe 29 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.).

Aleke míewɔ nya be ewu enu le ƒe 29 K.Ŋ. me? Kwasiɖa 69 la dze egɔme le ƒe 455 D.Y. esime Nehemiya va ɖo Yerusalem eye wògadze dua tutu gɔme. (Daniel 9:25; Nehemiya 2:1, 5-8) Ne míese nya siwo nye “kwasiɖa ɖeka” la, ŋkeke adree vaa susu me na mí. Kwasiɖa siwo wozã le nyagblɔɖi sia me menye ŋkeke adre ƒe kwasiɖawo ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ wofiaa ƒe adre ƒe kwasiɖa le ɖekawɔwɔ me kple nyagblɔɖi me akɔntabubu si nye “ŋkeke ɖeka ɖe sia ɖe nanye ƒe ɖeka.” (4 Mose 14:34; Ezekiel 4:6) Esia fia be kwasiɖa ɖe sia ɖe nye ƒe adre, eye kwasiɖa 69 la le ƒe 483 (si nye 69 teƒe 7). Ne míexlẽ ƒe 483 tso ƒe 455 D.Y. dzi la, ekplɔ mí va ɖo ƒe 29 K.Ŋ. me. Ƒe sia me tututue wonyrɔ Yesu wòzu Mesia la!—Luka 3:1, 2, 21, 22.

 Wogaƒo nu tso kwasiɖa ɖeka aɖe hã ŋu le nyagblɔɖi ma ke me si fia ƒe adre bubu. Le ɣeyiɣi ma si nye kwasiɖa ɖeka me la, wowu Mesia la le ƒe 33 K.Ŋ. me, eye tso ƒe 36 K.Ŋ. me la, woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na dukɔwo katã, ke menye na Yudatɔwo ɖeɖe ko o.—Daniel 9:24-27.

Ta 4 memama 7

 14 ALAKPANUFIAFIA SI NYE TRINITA ALO MAWUÐEKAETƆ̃

Biblia fia nu be Yehowa Mawue nye Wɔla la, eye ewɔ Yesu do ŋgɔ na nu bubuwo katã. (Kolosetɔwo 1:15, 16) Yesu menye Mawu Ŋusẽkatãtɔ o. Megblɔ kpɔ be ye kple Mawu yewosɔ o. Ðe wògblɔ boŋ be: “Fofo la lolo wum.” (Yohanes 14:28; 1 Korintotɔwo 15:28) Gake subɔsubɔha aɖewo fiaa nu be Trinitae Mawu nye, si fia be ame etɔ̃e le Mawu me: Fofo la, Vi la kple gbɔgbɔ kɔkɔe la. Nya Trinita alo Mawuɖekaetɔ̃ medze le Biblia me o. Esia nye aʋatsonufiafia.

Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe gbɔgbɔ kɔkɔea nye. Enye gbɔgbɔ makpɔmakpɔ si Mawu zãna tsɔ wɔa eƒe lɔlɔ̃nui. Menye amee wònye o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be, “gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ” Kristotɔ gbãtɔwo, eye Yehowa gblɔ be: “Matrɔ nye gbɔgbɔ la ƒe ɖe akɔ ɖe ŋutilãwo katã ƒomevi dzi.”—Dɔwɔwɔwo 2:1-4, 17.

Ta 4 memama 12; Ta 15 memama 17

15 ATITSOGA

Kristotɔ vavãwo mezãa atitsoga tsɔ subɔa Mawui o. Nu ka tae?

  1.  Alakpasubɔsubɔhawoe zãa atitsoga tso gbe aɖe gbe ke. Le blema la, wozãnɛ le dzɔdzɔmenuwo subɔsubɔ kple gbɔdɔdɔ ƒe kɔnuwo me. Ƒe 300 le Yesu ƒe ku megbe la, Kristotɔwo mezã atitsoga le woƒe subɔsubɔ me o. Ƒe geɖe megbe hafi Roma-fiagã Konstantino na be atitsoga va zu Kristotɔwo ƒe dzesi. Wozã dzesi sia ale be ame geɖewo nadze ŋku ɖe Kristotɔnyenye ŋu. Kadodo aɖeke mele Yesu Kristo kple atitsogazazã dome o. Agbalẽ aɖe (New Catholic Encyclopedia) gblɔ be: “Wozãa atitsoga le ame siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli kple ame siwo menye Kristotɔwo o la siaa dome.”

  2.    Yesu meku ɖe atitsoga ŋu o. Nu si koŋ Helagbe me nya si gɔme woɖe be “atitsoga” fiae nye “ati dzɔdzɔe,” “ati tsrala ɖeka” alo “ati.” Biblia aɖe (The Companion Bible) gblɔ be: “Naneke mele [Nubabla Yeye] Helagbea me si ana ame ƒe susu nayi ati eve dzi kura gɔ̃ hã o.” Ati tsrala ŋue Yesu ku ɖo.

  3.  Yehowa medi be míazã nɔnɔmetatawo, kpetatawo alo dzesiwo le míaƒe subɔsubɔ me o.—2 Mose 20:4, 5; 1 Korintotɔwo 10:14.

Ta 5 memama 12

16 ŊKUÐODZIA

Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ ŋku ɖom yeƒe kua dzi. Wowɔa esia ƒe sia ƒe le Nisan 14 lia dzi, ŋkeke sia dzie Israel-viwo ɖua Ŋutitotoŋkekenyuia. Wotsɔa abolo kple wain siwo nye kpɔɖeŋu na Yesu ƒe ŋutilã kple eƒe ʋu la tsana toa vavalawo katã dzi le Ŋkuɖodziwɔnaa wɔɣi. Ame siwo aɖu fia kple Yesu le dziƒo la koe ɖua aboloa henoa wain la. Ame siwo si agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le la dea bubu Ŋkuɖodziwɔna la ŋu heyina, gake womeɖua aboloa alo noa wain la o.

Ta 5 memama 21

17 LUƲƆ

Wozã nya “luʋɔ” le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me wòfia (1) amegbetɔwo, (2) lãwo, (3) amegbetɔwo alo lãwo ƒe agbe. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esiwo gbɔna:

  • Amegbetɔwo. “Le Noa ƒe ŋkekea me esi wonɔ aɖakaʋu, si me ame ʋɛ siwo nye luʋɔ enyi nɔ hetsi agbe le tsiɖɔɖɔa me.” (1 Petro 3:20) Nya “luʋɔ” si wozã le afi sia la fia amegbetɔwo—Noa kple srɔ̃a kpakple via ŋutsu etɔ̃awo kple wo srɔ̃wo.

  • Lãwo. “Mawu gblɔ be: ‘Nu gbagbewo [luʋɔwo] neyɔ tsiawo me fũu, eye nuwɔwɔ siwo dzona la nedzo le yame  le dziŋgɔlia ŋkume.’ Eye Mawu gblɔ be: ‘Nu gbagbewo [luʋɔwo] nedo le anyigba la dzi le wo ƒomeviwo nu, aƒemelãwo kple nu tatawo kpakple gbemelãwo le wo ƒomeviwo nu.’ Eye wòva eme nenema.”—1 Mose 1:20, 24.

  • Amewo alo lãwo ƒe agbe. Yehowa gblɔ na Mose be: “Ame siwo katã le wò ku dim [“le didim be yewoaɖe wò luʋɔ ɖa,” etenuŋɔŋlɔ] la ku.” (2 Mose 4:19) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, egblɔ be: “Nyee nye alẽkplɔla nyui la; alẽkplɔla nyui la tsɔa eƒe agbe [“luʋɔ,” etenuŋɔŋlɔ] ɖoa anyi ɖe alẽawo ta.”—Yohanes 10:11.

    Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne ame aɖe wɔ nane kple “luʋɔ blibo” la, efia be ewɔe kple dzi faa eye wòwɔe kple eƒe ŋutete katã. (Mateo 22:37; 5 Mose 6:5) Wotea ŋu zãa nya “luʋɔ” wòdoa ƒome kple didi alo dzodzro vevie si nɔa nu gbagbewo me. Wotea ŋu yɔa nu kukuwo hã be luʋɔ kukuwo.—4 Mose 6:6; Lododowo 23:2; Yesaya 56:11; Hagai 2:13.

Ta 6 memama 5; Ta 15 memama 17

18 GBƆGBƆ

Hebrigbe kple Helagbe me nya si gɔme woɖe be “gbɔgbɔ” le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me ate ŋu afia nu vovovowo. Ke hã ɣesiaɣi la, wofiaa nane si amegbetɔ mate ŋu akpɔ kple ŋku o, abe ya alo amegbetɔwo kple lãwo ƒe ŋɔtimegbɔgbɔ ene. Nya siawo agate ŋu afia gbɔgbɔmenuwɔwɔwo alo gbɔgbɔ kɔkɔe si nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ la hã. Biblia mefia nu be amegbetɔwo ƒe akpa aɖe yia edzi nɔa agbe le woƒe ku megbe o.—2 Mose 35:21; Psalmoo 104:29; Mateo 12:43; Luka 11:13.

Ta 6 memama 5; Ta 15 memama 17

19 GEHENA

Gehena nye bali aɖe si gogo Yerusalem la ƒe ŋkɔ, enye afi si wotɔa dzo gbeɖuɖɔwo le. Kpeɖodzi aɖeke meli be le  Yesu ƒe ŋkekeawo me la, wowɔa fu lãwo alo amegbetɔwo alo tɔa dzo wo agbagbee le bali sia me o. Eya ta Gehena metsi tsitre ɖi na teƒe makpɔmakpɔ aɖe si wowɔa funyafunya ame siwo ku la le, afi si dzo nɔa wo fiãm le tegbee o. Esi Yesu ƒo nu tso ame siwo woatsɔ aƒu gbe ɖe Gehena ŋu la, nu si wòwɔnɛ ye nye be woatsrɔ̃ wo ɖikaa.—Mateo 5:22; 10:28.

Ta 7 memama 20

20 AƑETƆ ƑE GBEDODOÐA

Gbedodoɖa siae Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo esi wònɔ ale si woado gbe ɖa la fiam wo. Wogayɔnɛ be Mía Fofo Si Le Dziƒo alo Mía Tɔ Si Le Dziƒo alo Kpɔɖeŋugbedodoɖa. Le kpɔɖeŋu me, Yesu fia mí be míado gbe ɖa ale:

  • “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ”

    Míedoa gbe ɖa be Yehowa naɖe aʋatso siwo katã woka tsɔ ƒo ɖi eƒe ŋkɔa la ɖa, ale be ame siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi nade bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋu.

  • “Wò Fiaɖuƒe nava”

    Míedoa gbe ɖa be Mawu ƒe dziɖuɖua nava tsrɔ̃ Satana ƒe xexe vɔ̃ɖia, eye wòaɖu anyigba dzi ahana wòazu paradiso.

  • “Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi”

    Míedoa gbe ɖa be tame si Mawu ɖo ɖe anyigba ŋu la nava eme ale be amegbetɔ deblibo toɖolawo nanɔ agbe le Paradiso me tegbee abe ale si Yehowa ɖoe be wòanɔ esime wòwɔ amegbetɔwo ene.

Ta 8 memama 2

21 TAFE LA

Yehowa na tafea be yeatsɔ aɖe amegbetɔwo tso nu vɔ̃ kple ku si me. Tafe lae nye fe si hiã be woatsɔ agbugbɔ aƒle amegbetɔ ƒe agbe deblibo si ame gbãtɔ Adam bu ale be woagbugbɔ adzra amegbetɔwo kple Yehowa dome ɖo. Mawu dɔ Yesu ɖe anyigba dzi wòva ku ɖe nu vɔ̃ wɔlawo katã ta. Yesu ƒe kua wɔe be mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na amegbetɔwo katã be woate ŋu anɔ agbe tegbee ahade blibo.

Ta 8 memama 21; Ta 9 memama 13

 22 NU KA TAE ƑE 1914 NYE ƑE VEVI AÐE ŊUTƆ?

Nyagblɔɖi si le Daniel ta 4 fia mí be Mawu ɖo Fiaɖuƒe aɖe anyi le ƒe 1914 me.

Nyagblɔɖia: Yehowa na Fia Nebukadnezar ku drɔ̃e aɖe si nye nyagblɔɖi, eku ɖe ati gã aɖe si wolã ƒu anyi la ŋu. Le drɔ̃ea me la, wotsɔ gayibɔ kple akɔbli bla atia ƒe takpoea ale be magadze o va se ɖe esime “ɣeyiɣi adre” nava yi. Le ema megbe la, atia agadze.—Daniel 4:1, 10-16.

Gɔmesese si le nyagblɔɖia ŋu na mí: Atia le tsitre ɖi na Mawu ƒe dziɖuɖu. Yehowa zã fia siwo nɔ Yerusalem la woɖu eƒe dukɔ Israel dzi ƒe geɖe. (1 Kronika 29:23) Gake fia siawo mewɔ nuteƒe o, eye woƒe dziɖuɖu va wu enu. Wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Yesu me. Esiae nye “ɣeyiɣi adre” la ƒe gɔmedzedze. (2 Fiawo 25:1, 8-10; Ezekiel 21:25-27) “Ɣeyiɣi adre” siae Yesu wɔnɛ esime wògblɔ be, “dukɔwo atu afɔ Yerusalem dzi va se ɖe esime dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo nawu enu.” (Luka 21:24) Eya ta “ɣeyiɣi adre” la mewu enu esime Yesu nɔ anyigba dzi o. Yehowa do ŋugbe be yeaɖo Fia aɖe le “ɣeyiɣi adre” la ƒe nuwuwu. Yesu si nye Fia yeye sia ƒe dziɖuɖu ahe yayra gbogbo aɖewo vɛ na Mawu ƒe amewo le anyigba bliboa dzi tegbee.—Luka 1:30-33.

“Ɣeyiɣi adre” la ƒe didime: “Ɣeyiɣi adre” la xɔ ƒe 2,520. Ne míexlẽ ƒe 2,520 tso ƒe 607 D.Y. dzi la, ekplɔ mí va ɖo ƒe 1914 me. Ɣemaɣie Yehowa ɖo Yesu, Mesia la, wòzu Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia le dziƒo.

Aleke míewɔ ke ɖe ƒe 2,520 ŋu? Biblia gblɔ be ɣeyiɣi etɔ̃ kple afã ƒe didimee nye ŋkeke 1,260. (Nyaɖeɖefia 12: 6, 14) Eya ta “ɣeyiɣi adre” nye ŋkeke 1,260 ƒe teƒe eve alo ŋkeke 2,520. Ŋkeke 2,520 ƒe didimee nye ƒe 2,520 le nyagblɔɖi ƒe akɔntabubu si nye “ŋkeke ɖeka ɖe sia ɖe nanye ƒe ɖeka” nu.—4 Mose 14:34; Ezekiel 4:6.

Ta 8 memama 23

23 MAWUDƆLA GÃTƆ MIKAEL

Bubuŋkɔ si nye “mawudɔla gãtɔ” fia “mawudɔlawo ƒe tatɔ.” Mawudɔla gãtɔ ɖeka ko ŋue Biblia ƒo nu tsoe, eŋkɔe nye Mikael.—Daniel 12:1; Yuda 9.

Mikael ye nye mawudɔla wɔnuteƒewo ƒe aʋakɔ la ƒe Tatɔ. Nyaɖeɖefia 12:7 gblɔ be: “Mikael kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa kple . . . ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo.” Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ be Yesue nye Mawu ƒe aʋakɔ la ƒe Tatɔ, esia ta Yesu kee wogayɔna be Mikael.—Nyaɖeɖefia 19:14-16.

Ta 9 memama 4

24 ŊKEKE MAMLƐAWO

Nyagbɔgblɔ sia fia ɣeyiɣi si me nu ɖedzesiwo adzɔ le anyigba dzi do ŋgɔ teti na ɣeyiɣi si Mawu Fiaɖuƒea natsrɔ̃ Satana ƒe xexea. Wozã nyagbɔgblɔ siawo tɔgbi le Biblia me nyagblɔɖiwo me tsɔ fia ɣeyiɣi ma ke. Wo dometɔ aɖewoe nye “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” kple “Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi.” (Mateo 24:3, 27, 37) “Ŋkeke mamlɛawo” dze egɔme esime Mawu Fiaɖuƒea te dziɖuɖu le dziƒo le ƒe 1914 me, eye awu enu ne wotsrɔ̃ Satana ƒe xexea le Armagedon me.—2 Timoteo 3:1; 2 Petro 3:3.

Ta 9 memama 5

 25 TSITRETSITSI

Tsitretsitsi fia be Mawu nafɔ ame aɖe si ku la ɖe tsitre. Woƒo nu tso tsitretsitsi asieke ŋu le Biblia me. Eliya, Elisa, Yesu, Petro kple Paulo fɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Mawu ƒe ŋusẽ mee wote ŋu wɔ nukunu siawo le. Yehowa do ŋugbe be yeafɔ “ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa” ɖe tsitre woanɔ agbe le anyigba dzi. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Biblia ƒo nu tso tsitretsitsi yi dziƒo hã ŋu. Esia dzɔna ne wofɔ ame siwo Mawu tia alo si ami na la dometɔ aɖe ɖe tsitre wòyi dziƒo.—Yohanes 5:28, 29; 11:25; Filipitɔwo 3:11; Nyaɖeɖefia 20:5, 6.

Ta 9 memama 13

26 GBƆGBƆ VƆ̃WO SUBƆSUBƆ (GBƆGBƆYƆYƆ)

Gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ alo gbɔgbɔyɔyɔ nye nuwɔna gbegblẽ si nye kadodo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo tẽe alo kadodo kpli wo to ame siwo nye bokɔnɔwo, afakalawo alo vivimenukpɔlawo dzi. Amewo doa ka kple gbɔgbɔ vɔ̃wo elabe woxɔ alakpanufiafia si nye be gbɔgbɔ aɖe le amegbetɔ me si yia edzi nɔa agbe le amea ƒe ku megbe eye wòtrɔna zua ŋɔli sẽŋu la dzi se. Gbɔgbɔ vɔ̃wo dzea agbagba be yewoana amewo nagbe toɖoɖo Mawu hã. Ɣletimefakaka, afakaka, madzikiwɔwɔ, adzewɔwɔ, aʋatsodzixɔse, ŋɔliyɔyɔ, vivimenuwo kple ŋusẽ siwo wogblɔna be wode ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔwo subɔsubɔ la katã nye gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ. Wonana wòdzena le agbalẽwo, magazinewo, ɣletimefakaka, ŋɔliyɔyɔ, filmwo, fotowo kple hadzidziwo gɔ̃ hã me be gbɔgbɔyɔyɔ, madzikiwɔwɔ kple ŋusẽ siwo wogblɔna be wode ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔwo subɔsubɔ megblẽa naneke le ame ŋu o eye wonana amewo kpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu gɔ̃ hã. Kukɔnu geɖe siwo dometɔ aɖewoe nye vɔsasa na ame kukuwo, kuzãɖuɖu, tsyɔ̃wɔwɔ, ahowɔwɔ kple ŋudɔdɔ ƒe kɔnu aɖewo hã lɔ kadodo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖe eme. Ne amewo le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽwo zãm la, wozãa atike vɔ̃ɖiwo hã.—Galatiatɔwo 5:20; Nyaɖeɖefia 21:8.

Ta 10 memama 10; Ta 16 memama 4

 27 YEHOWA ƑE DZIÐULANYENYE

Yehowae nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ, eye eyae wɔ xexe gbahoo sia. (Nyaɖeɖefia 15:3) Etɔe nye nuwo katã eye eya sie ŋusẽ le bliboe be wòaɖu eƒe nuwɔwɔwo katã dzi. (Psalmoo 24:1; Yesaya 40:21-23; Nyaɖeɖefia 4:11) Ewɔ sewo na eƒe nuwɔwɔwo katã. Ŋusẽ le Yehowa si be wòaɖo ame bubuwo hã be woaɖu dzi. Míedea Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi ne míelɔ̃e eye míewɔna ɖe eƒe sewo dzi.—1 Kronika 29:11.

Ta 11 memama 10

28 FUÐEÐE

Fuɖeɖe nye eɖoɖo koŋ awu vi si le dɔ me. Menye fu ƒe gbegblẽ le afɔku aɖe alo ŋutilã ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie ye wowɔnɛ o. Tso fufɔɣi la, menye vidada ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe koe vi nɔdɔme la nye o, ke boŋ enye amegbetɔ le eɖokui si.

Ta 13 memama 5

29 ƲUDODO

Enye dɔdamɔnu aɖe si me wodoa ʋu bliboa alo eƒe akpa vevi eneawo dometɔ ɖeka si woɖe le ame bubu aɖe ƒe lãme alo esi wodzra ɖo ɖi la na ame le. Ʋumenu vevi eneawoe nye ʋutsi, ʋumenugbagbevi dzĩwo, ʋumenugbagbevi ɣiwo kple ʋumenu gbabɛwo.

Ta 13 memama 13

 30 AMEHEHE

Nya si wozã le Biblia me be “amehehe” mefia nya tohehe gɔme ɖeɖe le mɔ bubu nu ko o. Ne wole mía hem la, wofiaa mɔ mí, wofiaa nu mí eye woɖɔa mí ɖo. Yehowa mesẽa ŋuta alo wɔa ŋlɔmi le ame siwo wònaa hehe la ŋu gbeɖe o. (Lododowo 4:1, 2) Yehowa ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na dzilawo. Ale si wòhea mí la ɖea vi na mí ale gbegbe be míetea ŋu va lɔ̃a eƒe amehehe gɔ̃ hã. (Lododowo 12:1) Yehowa lɔ̃a eƒe amewo eye wòhea wo. Enaa mɔfiamewo wo, eye mɔfiame siawo ɖɔa woƒe susu gbegblẽwo ɖo eye wòkpena ɖe wo ŋu wobua tame hewɔa nu le mɔ si dzea eŋu la nu. Le dzilawo gome la, wo viwo hehe bia be woakpe ɖe wo ŋu woase nu si tae wòle be woanye toɖolawo la gɔme. Egabia hã be woafia nu wo viwo be woalɔ̃ Yehowa kple eƒe Nya, Biblia la, ahase mɔfiame siwo le eme la gɔme.

Ta 14 memama 13

31 GBƆGBƆ VƆ̃WO

Wonye gbɔgbɔmenuwɔwɔ makpɔmakpɔ siwo ƒe ŋusẽ gbɔ amegbetɔwo tɔ ŋu. Gbɔgbɔ vɔ̃wo nye mawudɔla vɔ̃ɖiwo. Wova zu dɔla vɔ̃ɖiwo esime wogbe toɖoɖo Mawu hezu eƒe futɔwo. (1 Mose 6:2; Yuda 6) Wokpe ɖe Satana ŋu wodze aglã ɖe Yehowa ŋu.—5 Mose 32:17; Luka 8:30; Dɔwɔwɔwo 16:16; Yakobo 2:19.

Ta 16 memama 4