Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Nu Kae Biblia Fia Mí?

 TA WUIENE

Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me

Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me

1, 2. Nu kae Yehowa di na ƒomewo?

YEHOWA MAWUE ɖo srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ anyi. Biblia gblɔ na mí be ewɔ nyɔnu gbãtɔ eye “wòkplɔe va ame la gbɔe.” Dzi dzɔ Adam ale gbegbe be wògblɔ be: “Azɔ ko! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me, kple lã tso nye lã me.” (1 Mose 2:22, 23) Esia na míekpɔe be Yehowa di be srɔ̃tɔwo nakpɔ dzidzɔ.

2 Nublanuitɔe la, ame geɖewo mekpɔa dzidzɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖe me o. Ke hã mɔfiame vevi aɖewo le Biblia me siwo akpe ɖe ƒomea me tɔwo katã ŋu woana woƒe ƒomea nakpɔ dzidzedze eye dzidzɔ nanɔ eme.—Luka 11:28.

NU SIWO MAWU DI TSO SRƆ̃ŊUTSU SI

3, 4. (a) Aleke wòle be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋui? (b) Nu ka tae wòle vevie be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a natsɔe anɔ wo nɔewo kem?

3 Biblia gblɔ be ele be srɔ̃ŋutsu nyui nalɔ̃ srɔ̃a eye wòade bubu eŋu. Taflatsɛ xlẽ Efesotɔwo 5:25-29. Srɔ̃ŋutsu awɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu lɔlɔ̃tɔe ɣesiaɣi. Akpɔ eta, akpɔ edzi eye mawɔ naneke si agblẽ nu le eŋu o.

4 Gake aleke wòle be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu ne srɔ̃a da vo? Biblia gblɔ na srɔ̃ŋutsuwo be: “Miyi edzi mianɔ mia srɔ̃wo lɔ̃m, eye miganɔ dɔmedzoe dom ɖe wo ŋu helĩhelĩ o.” (Kolosetɔwo 3:19) Srɔ̃ŋutsuwo, miɖo ŋku edzi be miawo hã miedaa vo. Eye ne miedi be Mawu  natsɔe ake mi la, ke ele be miatsɔ mia srɔ̃wo ƒe vodadawo anɔ wo kem. (Mateo 6:12, 14, 15) Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a siaa lɔ̃na faa tsɔ kea wo nɔewo la, ana be dzidzɔ nanɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea me.

5. Nu ka tae wòle be srɔ̃ŋutsu nade bubu srɔ̃a ŋu?

5 Yehowa di tso srɔ̃ŋutsu si be wòade bubu srɔ̃a ŋu. Ele be srɔ̃ŋutsu nabu srɔ̃a ƒe hiahiãwo ŋu nyuie. Esia le vevie ŋutɔ. Ne srɔ̃ŋutsu mewɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu nyuie o la, Yehowa mase eƒe gbedodoɖawo o. (1 Petro 3:7) Nu si nana ame xɔa asi le Yehowa ŋkumee nye ale si amea lɔ̃e. Yehowa melɔ̃a ŋutsuwo wu nyɔnuwo o.

6. Nu kae wòfia be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a nanye “ŋutilã ɖeka”?

6 Yesu gblɔ be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a meganye “ame eve azɔ o, ke boŋ ŋutilã ɖeka.” (Mateo 19:6) Wowɔa nuteƒe na wo nɔewo eye womagblẽ wo nɔewo ɖi gbeɖe o. (Lododowo 5:15-21; Hebritɔwo 13:4) Ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a nakpɔ wo nɔewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ le gbɔdɔnyawo gome ɖokuitɔmadimaditɔe. (1 Korintotɔwo 7:3-5) Ele be srɔ̃ŋutsua naɖo ŋku edzi be “ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ nyuie.” Eya ta ele be wòalɔ̃ srɔ̃a ahade asixɔxɔ eŋu. Nu si koŋ srɔ̃nyɔnu dina wue nye be ye srɔ̃ nafa tu na ye ahalɔ̃ ye.—Efesotɔwo 5:29.

NU SIWO MAWU DI TSO SRƆ̃NYƆNU SI

7. Nu ka tae wòhiã be ƒome ƒe ta nanɔ ƒome si?

7 Ehiã be ƒome ƒe ta nanɔ ƒome ɖe sia ɖe si, ale be wòafia mɔ ƒomea me tɔwo ne nuwo nayi edzi nyuie le ƒomea me. Biblia gblɔ le 1 Korintotɔwo 11:3 be: “Ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo; nyɔnu hã ƒe tae nye ŋutsu; eye Kristo hã ƒe tae nye Mawu.”

8. Aleke srɔ̃nyɔnu ade bubu deto srɔ̃a ŋu?

 8 Srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe daa vo. Gake ne srɔ̃nyɔnu wɔ ɖeka kple srɔ̃a ƒe nyametsotsowo eye wòlɔ̃ faa kpe asi ɖe eŋu la, eɖea vi na ƒome bliboa. (1 Petro 3:1-6) Biblia gblɔ be: “Srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene.” (Efesotɔwo 5:33) Ne srɔ̃ŋutsua mele nyɔnua ƒe subɔsubɔha me o ya ɖe? Egahiã kokoko be srɔ̃nyɔnua nade bubu deto eŋu. Biblia gblɔ be: “Mi srɔ̃nyɔnuwo hã, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, ale be ne srɔ̃ŋutsu aɖewo meɖoa to nya la o la, wo srɔ̃wo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔmagblɔe naɖe wo, esi woawo ŋutɔ kpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ kple bubu deto la ta.” (1 Petro 3:1, 2) Ne srɔ̃nyɔnu ɖoa kpɔɖeŋu nyui la, ana srɔ̃a nase nu gɔme nɛ ahade bubu eƒe dzixɔsewo ŋu.

9. (a) Aleke srɔ̃nyɔnu awɔ nui ne meda asi ɖe srɔ̃a ƒe susuwo dzi o? (b) Aɖaŋu kae Biblia ɖo na srɔ̃nyɔnuwo le Tito 2:4, 5?

9 Aleke srɔ̃nyɔnu awɔ nui ne meda asi ɖe srɔ̃a ƒe susuwo dzi o? Ele be wòagblɔ eƒe susuwo bubutɔe.  Le kpɔɖeŋu me, Sara gblɔ nya aɖe si medzɔ dzi na Abraham o, gake Yehowa gblɔ na Abraham be: “Ðo toe.” (1 Mose 21:9-12) Ƒãa hafi srɔ̃ŋutsu Kristotɔ aɖe atso nya me wòatsi tsitre ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo ŋu, eya ta ele be srɔ̃nyɔnu nakpe asi ɖe srɔ̃a ŋu. (Dɔwɔwɔwo 5:29; Efesotɔwo 5:24) Srɔ̃nyɔnu nyui léa be na eƒe ƒomea. (Xlẽ Tito 2:4, 5.) Ne srɔ̃a kple viawo kpɔ ale si wòkua kutri ɖe wo tae la, woalɔ̃e ahade bubu eŋu geɖe wu.—Lododowo 31:10, 28.

Aleke Sara ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na srɔ̃nyɔnuwo?

10. Nya kae Biblia gblɔ tso kaklã kple srɔ̃gbegbe ŋu?

10 Ɣeaɖewoɣi la, srɔ̃tɔwo tsia klokloklo tsoa nya me be yewoaklã alo agbe yewo nɔewo. Gake Biblia gblɔ be, “srɔ̃nyɔnu nagaklã ɖa tso srɔ̃a gbɔ o” eye “srɔ̃ŋutsu hã nagagblẽ srɔ̃a ɖi o.” (1 Korintotɔwo 7:10, 11) Kuxi sesẽ aɖewo ate ŋu ado mo ɖa siwo ana srɔ̃tɔwo natiae be yewoaklã, gake ŋkubiãnyae nya sia nye. Ke srɔ̃gbegbe ya ɖe? Biblia gblɔ be susu ɖeka si ko ta ŋutsu alo nyɔnu ate ŋu agbe srɔ̃a ɖoe nye ne srɔ̃a wɔ ahasi.—Mateo 19:9.

NU SIWO MAWU DI TSO DZILAWO SI

Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe

11. Nu kae ɖeviwo hiã wu nu bubu ɖe sia ɖe?

11 Dzilawo, mikpɔ ɣeyiɣi geɖe ale si wòanya wɔe ɖe mia viwo ŋu. Mia viwo hiã mi, eye nu vevitɔ si wohiã tso mia gbɔe nye be miafia nu wo tso Yehowa ŋu.—5 Mose 6:4-9.

12. Nu kawoe dzilawo awɔ akpɔ wo viwo ta?

12 Satana ƒe xexea le vɔ̃ɖivɔ̃ɖim ɖe edzi, eye ame aɖewo adi be yewoagblẽ nu le mía viwo ŋu, woadi gɔ̃ hã be yewoadɔ wo gbɔ. Esesẽna na dzila aɖewo be woaɖo dze tso gbɔdɔnyawo ŋu kple wo viwo. Gake  ehiã be dzilawo naxlɔ̃ nu wo viwo tso ame siawo tɔgbi ŋu ahafia ale si woaƒo asa na woe la hã wo. Dzilawo, ehiã be miakpɔ mia viwo ta. *1 Petro 5:8.

13. Aleke wòle be dzilawo nafia nu wo viwo?

13 Dzilawo ƒe ŋkumee wòkpɔ be woafia agbenɔnɔ nyui wo viwo. Aleke miawɔ afia nu mia viwo? Ehiã be miahe mia viwo, gake miaƒe amehehe naganye ŋutasesẽ alo ŋlɔmiwɔwɔ le wo ŋu gbeɖe o. (Yeremiya 30:11) Eya ta migahe to na mia viwo gbeɖe ne miedo  dziku o. Mimadi be miaƒe nyawo nanɔ abe “yitɔame” si wɔa nu vevi ame ene la gbeɖe o. (Lododowo 12:18) Mifia mia viwo woase nu si tae wòle be woanye toɖolawo la gɔme.—Efesotɔwo 6:4; Hebritɔwo 12:9-11; kpɔ Dzesidenya 30.

NU SIWO MAWU DI TSO ÐEVIWO SI

14, 15. Nu ka tae wòle be ɖeviwo naɖo to wo dzilawo?

14 Yesu ɖoa to Fofoa ɣesiaɣi, nenye be mele bɔbɔe nɛ o gɔ̃ hã. (Luka 22:42; Yohanes 8:28, 29) Yehowa di tso ɖeviwo hã si be woaɖo to wo dzilawo.—Efesotɔwo 6:1-3.

15 Ðeviwo, ne ewɔ na mi be esesẽ na mi be miaɖo to mia dzilawo gɔ̃ hã, miɖo ŋku edzi be ne mieɖo to mia dzilawo la, Yehowa kple mia dzilawo siaa kpɔa dzidzɔ ɖe mia ŋu. *Lododowo 1:8; 6:20; 23:22-25.

Nu kae akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woawɔ nuteƒe na Mawu ne woble wo nu be woawɔ nu gbegblẽ?

16. (a) Aleke Satana tea sɔhɛwo kpɔ be woawɔ nu gbegblẽ? (b) Nu ka tae wòle vevie be miadze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃ Yehowa?

16 Abosam ate ŋu azã mia xɔlɔ̃wo kple sɔhɛ bubuwo atsɔ ate mi kpɔ be miawɔ nu gbegblẽ. Enyae be asesẽ na mi ŋutɔ be mianɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu sia nu. Le kpɔɖeŋu me, Yakob vinyɔnu Dina dze xɔlɔ̃ ame siwo melɔ̃ Yehowa o. Esia he kuxi gã aɖe va eya ŋutɔ kple woƒe ƒomea dzi. (1 Mose 34:1, 2) Ne mia xɔlɔ̃wo melɔ̃ Yehowa o la, woadi be yewoable mia nu miawɔ nu siwo Yehowa lé fui, eye esia ate ŋu ado vevesese geɖe na miawo ŋutɔwo, miaƒe ƒometɔwo kple Mawu siaa. (Lododowo 17:21, 25) Esia tae wòle vevie  be miadze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃ Yehowa.—1 Korintotɔwo 15:33.

DZIDZƆ ATE ŊU ANƆ WÒ ƑOMEA ME

17. Agba kae le ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe dzi?

17 Ne ƒomea me tɔwo wɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi la, woƒoa asa na kuxi geɖewo. Eya ta ne srɔ̃ŋutsue nènye la, lɔ̃ srɔ̃wòa eye nàwɔ nu ɖe eŋu lɔlɔ̃tɔe. Ne srɔ̃nyɔnue nènye la, de bubu srɔ̃wòa ŋu eye nàbɔbɔ ɖokuiwò nɛ eye nàsrɔ̃ srɔ̃nyɔnu si ŋuti woƒo nu tsoe le Lododowo 31:10-31 la ƒe nuwɔnawo. Ne dzilae nènye la, fia nu viwòwo be woalɔ̃ Mawu. (Lododowo 22:6) Ne vifofoe nènye la, fia mɔ wò ƒomea nyuie. (1 Timoteo 3:4, 5; 5:8) Eye ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo. (Kolosetɔwo 3:20) Miɖo ŋku edzi be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ada vo, eya ta mibɔbɔ mia ɖokuiwo eye mibia tsɔtsɔke tso mia nɔewo gbɔ. Ɛ̃, Yehowa ƒe mɔfiamewo le Biblia me na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe.

^ mm. 12 Miate ŋu akpɔ nyatakaka geɖe ku ɖe ale si miawɔ akpɔ mia viwo ta ŋu le agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ƒe ta 32 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 15 Ne dzilawo bia tso wo viwo si be woawɔ nane si tsi tsitre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu la, mehiã be wo viawo naɖo to wo o.—Dɔwɔwɔwo 5:29.