Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?

 MEGBENYAWO

Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu La—Azã si Dea Bubu Mawu Ŋu

Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu La—Azã si Dea Bubu Mawu Ŋu

WODE se na Kristotɔwo be woaɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi. Wogayɔa azã sia be ‘Aƒetɔ ƒe fiẽnuɖuɖu.’ (Korintotɔwo I, 11:20) Nuka koŋue na wònye azã vevi? Ɣekaɣie wòle be woaɖui, eye alekee?

Yudatɔwo ƒe ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyui ƒe zã mee Yesu Kristo ɖo azã sia anyi. Zi ɖeka koe Yudatɔwo ɖuna azã si nye Ŋutitotoŋkekenyui la le ƒea me, le woƒe ɣleti si nye Nisan ƒe ŋkeke 14 lia dzi. Ðewohĩ ne Yudatɔwo be yewoabu ŋkeke sia la, wolalana vaseɖe adame ƒe ɣeyiɣi si ŋkeke kple zã ƒe didime sɔna le. Enye ɣeyiɣi si ŋkeke xɔa abe gaƒoƒo 12 ene eye zã hã xɔa abe gaƒoƒo 12 ene. Ŋkeke si dzinu yeye dze dzi wokpɔ, si gogo adame ƒe ɣeyiɣi sia wu, ye nyea Nisan ƒe ɣletia ƒe gɔmedzeɣi. Woɖua Ŋutitotoŋkekenyuia le ema ƒe ŋkeke 14 megbe, ne ɣea ɖo to vɔ.

 Yesu ɖu Ŋutitotoŋkekenyuia kple eƒe apostolowo, ena Yuda Iskariot do go, eye emegbe wòɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi. Nuɖuɖu siae va xɔ ɖe Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia teƒe eye le esia ta ele be woanɔ eɖum zi ɖeka ko le ƒea me.

Mateo ka nya ta le eƒe Nyanyuia me be: “Yesu tsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe eme hetsɔ na nusrɔ̃lawo gblɔ bena: Mixɔe ɖu! Esia nye nye ŋutilã! Eye wòtsɔ kplu ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, etsɔe na wo gblɔ bena: Mi katã mino le enu; elabena esiae nye nye ʋu, si nye nubabla yeye la tɔ, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.”—Mateo 26:26-28.

Ame aɖewo gblɔna be Yesu trɔ abolo la wòzu eƒe ŋutilã ŋutɔŋutɔ eye wòtrɔ wein la wòzu eƒe ʋu. Gake esime Yesu tsɔ abolo sia na la, eƒe ŋutilã ganɔ abe alesi wònɔ tsã ko ene. Ðe Yesu ƒe apostolowo nɔ eƒe ŋutilã ɖum henɔ eƒe ʋu nom ŋutɔŋutɔa? Ao, elabena ema anye amelãɖuɖu si tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu. (Mose I, 9:3, 4; Mose III, 17:10) Le Luka 22:20 ƒe nya nu la, Yesu gblɔ be: “Kplu sia enye nubabla yeye le nye ʋu me, si wokɔ ɖe anyi le mia ta.” Ðe kplu ma trɔ zu “nubabla yeye” ŋutɔŋutɔa? Mate ŋu adzɔ nenema o, elabena nya si dzi ame aɖewo lɔ̃ ɖo le wo nɔewo domee woyɔna be nubabla, menye nane si wokpɔna ŋutɔŋutɔe o.

Eyata kpɔɖeŋunuwoe aboloa kple wein la nye. Aboloa tsi tre ɖi na Kristo ƒe ŋutilã deblibo la. Abolo aɖe si susɔ le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu megbee Yesu zã. Womede amɔʋãnu aɖeke aboloa me o. (Mose II, 12:8) Zi geɖe la, Biblia zãna amɔʋãnu tsɔ wɔa nuvɔ̃ alo gbegblẽ ƒe kpɔɖeŋu. Eyata abolo la tsi tre ɖi na ŋutilã deblibo si Yesu tsɔ sa vɔe. Nuvɔ̃ menɔ eŋu o.—Mateo 16:11, 12; Korintotɔwo I, 5:6, 7; Petro I, 2:22; Yohanes I, 2:1, 2.

Wein dzĩ la tsi tre ɖi na Yesu ƒe ʋu. Ʋu siae na asixɔxɔ va le nubabla yeyea ŋu. Yesu gblɔ be wokɔ yeƒe ʋu ɖe anyi “hena nuvɔ̃keke.” Esia wɔe be Mawu ate ŋu abu amegbetɔwo be wole dzadzɛ eye woate ŋu ava nɔ nubabla yeye me kple Yehowa. (Hebritɔwo 9:14; 10:16, 17) Nubabla, alo ŋugbedodo, sia na mɔnukpɔkpɔ Kristotɔ nuteƒewɔla 144,000 be woayi dziƒo. Woasubɔ le afima anye fiawo kple nunɔlawo ahe yayra vɛ  na ameƒomea.—Mose I, 22:18; Yeremya 31:31-33; Petro I, 2:9; Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1-3.

Amekawoe kpɔ mɔ aɖu Ŋkuɖodzinu siawo? Eme kɔ be amesiwo le nubabla yeyea me—amesiwo le mɔ kpɔm be yewoayi dziƒo—koe kpɔ mɔ aɖu aboloa ahano wein la hã. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖoa kpe edzi na ame mawo be wotia wo be woava nye fiawo le dziƒo. (Romatɔwo 8:16) Wole Fiaɖuƒe ƒe nubabla hã me kple Yesu.—Luka 22:29.

Ke amesiwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi ya ɖe? Wowɔna ɖe Yesu ƒe sededea dzi eye wodea Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua, gake woyina be yewoanye nuteƒekpɔlawo ko, ke menye be yewoakpɔ gome le nua ɖuɖu me o. Yehowa Ðasefowo ɖua Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua zi ɖeka le ƒea me le Nisan 14 lia dzi le ɣeɖoto megbe. Togbɔ be le xexeame godoo la, ame akpe ʋɛ aɖewo koe gblɔna be dziƒo mɔkpɔkpɔe le yewo si hã, azã sia le vevie na Kristotɔwo katã. Eʋua mɔnukpɔkpɔ na amesiame be wòade ŋugble le lɔlɔ̃ gã si Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ɖe fia mí la ŋu.—Yohanes 3:16.