Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?

 MEGBENYAWO

1914—Ƒe Ðedzesi Aɖee Wònye le Biblia ƒe Nyagblɔɖi Me

1914—Ƒe Ðedzesi Aɖee Wònye le Biblia ƒe Nyagblɔɖi Me

BIBLIA nusrɔ̃viwo ɖe gbeƒã ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na ƒe 1914 be nu ɖedzesi aɖewo adzɔ le ƒe ma me. Nudzɔdzɔ kawoe, eye kpeɖodzi kawoe li be ƒe 1914 nye ƒe vevi aɖe?

Abe alesi wòdze le Luka 21:24 ene la, Yesu gblɔ be: “Trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi [dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi, NW] la nu.” Yerusalem ye nye Yuda-dukɔa ƒe fiadu—afimae Fia Dawid ƒe fiaƒomea me tɔ siwo nɔ zia dzi la ƒe fiaɖuƒe nɔ. (Psalmo 48:2, 3) Gake fia siawo to vovo tso dukɔwo ƒe fiawo gbɔ. Esi wonye  Mawu ŋutɔ teƒenɔlawo ta la, wonɔ “Yehowa ƒe fiazikpui” dzi. (Kronika I, 29:23) Eyata Yerusalem nye kpɔɖeŋu na Yehowa ƒe dziɖulanyenye.

Gake aleke wòva dzɔe be ‘trɔ̃subɔlawo tu afɔ’ Mawu ƒe dziɖuɖu dzi, eye ɣekaɣie nusia dzɔ? Ƒe 607 D.M.Ŋ. mee esia dzɔ esime Babilontɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem. Ame aɖeke meganɔ “Yehowa ƒe fiazikpui” la dzi o, eye fia siwo tso Dawid ƒe ƒomea me nu tso. (Fiawo II, 25:1-26) Ðe ‘woatu afɔ edzi’ tegbeea? Ao, elabena Xezekiel ƒe nyagblɔɖia gblɔ ku ɖe Yerusalem-fia mamlɛtɔ si nye Zedekiya ŋu be: “Woaɖe tablanu ɖa, eye woaɖe fiakuku ɖi. . . . Esia maganɔ anyi o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye la nava, eye matsɔe nɛ.” (Xezekiel 21:31, 32) “Amesi tɔ wònye,” si dze axɔ Dawid ƒe fiakukuae nye Kristo Yesu. (Luka 1:32, 33) Eyata ‘afɔtutu edzi’ la awu enu ne Yesu zu Fia.

 Ɣekaɣie nu vevi ma adzɔ? Yesu ɖee fia be Trɔ̃subɔlawo aɖu dzi hena ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe. Nuŋlɔɖi si le Daniel ta 4 kpe ɖe mía ŋu be míanya ɣeyiɣi ma ƒe didime. Eku ɖe nyagblɔɖi me drɔ̃e aɖe si Babilon-fia Nebukadnezar ku la ŋu. Ekpɔ ati kɔkɔ aɖe si wolã. Eƒe takpoa magate ŋu adze o elabena wotsɔ gayibɔ kple akɔbli blae. Mawudɔla aɖe gblɔ be: ‘Vaseɖe esime azã adre nu nava yi nɛ.’—Daniel 4:7-13.

Le Biblia me la, wozãna ati tsɔ wɔa dziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu zi geɖe. (Xezekiel 17:22-24; 31:2-5) Eyata kpɔɖeŋutia lalã fia alesi wova tɔ te Mawu ƒe dziɖuɖu, si fia siwo nɔ Yerusalem nye kpɔɖeŋu na. Gake ŋutega la ɖee fia be ɣeyiɣi vi aɖe koe ‘afɔtutu Yerusalem’ dzi axɔ—vaseɖe “azã adre.” Ɣeyiɣi didi kae nye ema?

Nyaɖeɖefia 12:6, 14 ɖee fia be azã alo ɣeyiɣi etɔ̃ kple afã ƒe didimee nye “ŋkeke akpe ɖeka alafa eve kple blaade.” Eyata “azã adre,” alo ɣeyiɣi adre ƒe didime anye ema ƒe teƒe eve, alo ŋkeke 2,520. Gake Trɔ̃subɔlawo medzudzɔ ‘afɔtutu’ Mawu ƒe dziɖuɖu dzi le Yerusalem tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkeke 2,520 pɛ ko megbe o. Eyata edze ƒã be ɣeyiɣi si didi wu ema ŋue nyagblɔɖi sia ku ɖo. Ne míetsɔ nya siwo le Mose IV, 14:34 kple Xezekiel 4:6 si gblɔ be “ŋkeke ɖeka nanye ƒe ɖeka” wɔ dɔe la, ekema “azã adre” la ƒe didime anye ƒe 2,520.

Ƒe 2,520 la dze egɔme le ƒe 607 D.M.Ŋ. ƒe October me, esime Babilontɔwo ɖu Yerusalem dzi eye woxɔ fianyenyea le fia siwo ɖu dzi le Dawid ƒe ƒomea me la si. Ɣeyiɣia wu enu le ƒe 1914 ƒe October me. Ɣemaɣi la, “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi” la wu enu, eye woɖo Yesu Kristo wònye Mawu ƒe Fia si le dzi ɖum le dziƒo. *Psalmo 2:1-6; Daniel 7:13, 14.

 Abe alesi tututu Yesu gblɔe ɖi ene la, nu dovoɖiname siwo dzɔ le xexeame godoo lae de dzesi eƒe “vava” alo anyinɔnɔ abe Fia ene le dziƒo—esiawoe nye aʋawɔwɔ, dɔwuame, anyigbaʋuʋuwo, dɔvɔ̃wo. (Mateo 24:3-8; Luka 21:11) Nudzɔdzɔ siawo na kpeɖodzi sẽŋu aɖe mí be ƒe 1914 mee wodzi Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le dziƒo la vavã eye be nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” dze egɔme ɣemaɣi.—Timoteo II, 3:1-5.

^ mm. 4 Tso ƒe 607 D.M.Ŋ. ƒe October vaseɖe ƒe 1 D.M.Ŋ. ƒe October ƒe didimee nye ƒe 606. Esi wònye ne wodzo le ƒe 1 D.M.Ŋ. ko woɖona ƒe 1 M.Ŋ. me ta la, tso ƒe 1 D.M.Ŋ. ƒe October vaseɖe ƒe 1914 M.Ŋ. ƒe October ƒe didimee nye ƒe 1,914. Ne míetsɔ ƒe 606 kpe ƒe 1,914 la, ye katã le ƒe 2,520. Ne èdi numeɖeɖe le Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me ŋu la, ke kpɔ nyati si nye “Ɣeyiɣikɔntabubu” (“Chronology” [Chronologie]) le Insight on the Scriptures (Étude perspicace des Écritures) si Yehowa Ðasefowo ta me.