Esi Salomo zu Israel-fia la, Yehowa biae be: ‘Nu kae nàdi be mawɔ na wò?’ Salomo gblɔ be: ‘Ðevi ko menye eye nyemenya nu si mawɔ o. Meɖe kuku na nunyam matsɔ akplɔ wò amewo.’ Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Esi nèbia nunya ta la, mana nunya wò wu ame sia ame si le anyigba dzi. Mana nàzu kesinɔtɔ gã aɖe hã. Eye ne èɖo tom la, ànɔ agbe didi.’

Salomo dze gbedoxɔa tutu gɔme. Ezã sika, klosalo, ati kple kpe nyuitɔwo. Ŋutsu kple nyɔnu aɖaŋudɔwɔla akpe geɖewoe tu gbedoxɔa. Le ƒe adre megbe la, wotu gbedoxɔa vɔ eye wòsɔ gbe be woakɔ eŋu na Yehowa. Woɖi vɔsamlekpui eye vɔsanuwo nɔ edzi. Salomo dze klo ɖe vɔsamlekpuia ŋgɔ eye wòdo gbe ɖa be: ‘Oo Yehowa, gbedoxɔ sia melolo alo nya kpɔ tututu na wò o, gake míeɖe kuku míaƒe subɔsubɔ nedze ŋuwò eye nàse míaƒe gbedodoɖawo.’ Aleke Yehowa bu gbedoxɔa kple Salomo ƒe gbedodoɖae? Esi Salomo nya wu gbea dodo ɖa nu ko la, dzo tso dziƒo va fiã vɔsanua le vɔsamlekpuia dzi. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe gbedoxɔa ŋu. Esi Israel-viwo kpɔ esia la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ.

Amewo se nu tso Fia Salomo ƒe nunya ŋu le Israel bliboa katã eye wose nu tso eŋu le dukɔ bubu siwo le didiƒe gɔ̃ hã me. Amewo tsɔ woƒe kuxiwo va Salomo gbɔ be wòakpe ɖe yewo ŋu. Seba-fianyɔnu gɔ̃ hã va be yeatsɔ nyabiase sesẽwo adoe kpɔ. Esi fianyɔnua se ale si wòɖo biabiawo ŋui la, egblɔ be: ‘Nyemexɔ nya siwo amewo gblɔ tso ŋuwò la dzi se o, gake azɔ mekpɔe be ènya nu wu nya siwo wogblɔ mese. Yehowa wò Mawu la yra wò.’ Agbe dze edzi na Israel-viwo eye wokpɔ dzidzɔ. Gake eteƒe madidi o nuwo atrɔ.

“Ke kpɔ ɖa, ame si lolo wu Salomo la le afii!”—Mateo 12:42