Nu Kae Adzɔ Ðe Subɔsubɔhawo Dzi?—Nya Si Biblia Gblɔ
Ðe subɔsubɔhawo ƒe nuwɔnawo va ti wò alo ɖea fu na wòa? Togbɔ be subɔsubɔhawo wɔa nu siwo ɖea vi na amewo le nuto aɖewo me hã la, wowɔ nu gbegblẽ geɖe hã. Agbalẽ aɖe gblɔ be “ale si subɔsubɔhawo ƒe dzixɔsewo to vovo tso wo nɔewo gbɔe na wowɔ aʋa dziŋɔ aɖewo va yi.” (Encyclopedia of Religion and War) Zi geɖe la, subɔsubɔhakplɔlawo toa woƒe subɔsubɔwɔnawo dzi doa dunyahehe ɖe ŋgɔ le esi teƒe be woakpe ɖe amewo ŋu woasubɔ Mawu. Subɔsubɔhakplɔla bubuwo tsyɔa nu nu gbegblẽ siwo ŋgɔnɔlawo wɔna la dzi. Esia ƒe ɖewoe nye gbɔdɔnuwɔna gbegblẽwo kple nu fitifiti wɔwɔ le ganyawo me.
Ne subɔsubɔhawo ƒe nuwɔnawo ɖea fu na wò la, ke aleke nèsusu be Mawu hã bunɛ? Biblia na míenya be Mawu mekpɔa dzidzɔ ɖe subɔsubɔha akpa gãtɔ ŋu o le nu gbegblẽ siwo wowɔna ta. Biblia gblɔ nu si Mawu ava wɔ tso nɔnɔme sia ŋu hã. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo me la, ena míenya nu si ava dzɔ ɖe subɔsubɔhawo dzi le xexea me godoo, si medzɔ kpɔ o.
Nu kae Biblia gblɔ be adzɔ ɖe subɔsubɔhawo dzi?
Nyagblɔɖia: Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ƒo nu tso gbolo aɖe si woyɔ be Babilon Gã la ŋu. Gbolo sia bɔbɔ nɔ lã wɔadã aɖe si biã helĩhelĩ la dzi. Gake emegbe la, lã wɔadã sia kple lã wɔadã bubu aɖe si si dzo ewo le la wu gboloa.—Nyaɖeɖefia 17:3, 5, 16.
Nu si wòfia: Gboloa, si nye Babilon Gã la, tsi tre ɖi na alakpasubɔsubɔhawo katã alo subɔsubɔ siwo medzea Mawu ŋu o. a Lã wɔadã si biã helĩhelĩ la tsi tre ɖi na Dukɔ Ƒoƒuawo (United Nations, alo Nations Unies), b eye lã wɔadã si si dzo ewo le la tsi tre ɖi na dziɖuɖu siwo le xexea me godoo. c Ale si woƒo nu tso gboloa ŋu be enɔ anyi ɖe lã wɔadã si biã helĩhelĩa dzi la ɖee fia be alakpasubɔsubɔhawo dzea agbagba be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo dzi alo aɖo nu nɛ gɔ̃ hã. Esi Biblia gblɔ be lã wɔadãa wu gboloa ta la, efia be Dukɔ Ƒoƒuawo kple dukɔ siwo kpea asi ɖe eŋu la adze alakpasubɔsubɔha siwo le xexea me godoo la dzi atsrɔ̃ wo. Nudzɔdzɔ sia adzi ŋɔ ŋutɔ.
Aleke woatsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo?
Nyagblɔɖia: “Dzo ewo siwo nèkpɔ kple lã wɔadã la, woawo alé fu gbolo la, woagblẽe . . . eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ. Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me [xexea me dziɖulawo ƒe dzi me] be woawɔ nu si yeɖo ɖe tame la dzi, si nye be woawɔ woƒe tameɖoɖo ɖeka la dzi, be woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã wɔadã la. . . . Le ŋkeke ɖeka dzi la, fuwɔame siwo nye ku, nuxaxa kple dɔwuame ava edzi, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ, elabena Yehowa d Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui la, ŋusẽtɔ wònye.”—Nyaɖeɖefia 17:16, 17; 18:8.
Nu si wòfia: Mawu ade nu si ‘wòɖo ɖe tame’ la dzi me na xexea me dziɖulawo. Ana woatsɔ “woƒe fiaɖuƒe,” alo dziɖuŋusẽ ana Dukɔ Ƒoƒuawo. Eyome Dukɔ Ƒoƒuawo azã ŋusẽ yeye si wonae la atsɔ atsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo le xexea me godoo. Nu dziŋɔ sia ava eme abe ɖe wòdzɔ le “ŋkeke ɖeka dzi” ene, si fia be adzɔ zi ɖeka le vome eye wòawɔ nuku na ame geɖe elabe aɖi ɖe wo.—Nyaɖeɖefia 18:21.
Nu ka tae woatsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo?
Nyagblɔɖia: “Eƒe nu vɔ̃wo li kɔ yi ɖatɔ keke dziƒo ke, eye Mawu ɖo ŋku eƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo dzi.”—Nyaɖeɖefia 18:5.
Nu si wòfia: Alakpasubɔsubɔhawo wɔ nu vlo geɖe ƒe alafa gbogbo aɖewoe nye esiawo. De dzesi ‘woƒe nu vɔ̃’ siwo ta Mawu gblɔ be yeatsrɔ̃ wo la dometɔ aɖewo:
Wode nu dunyahehe me. Yesu fia eyomedzelawo be woagade nu dunyahehe me o, ke boŋ woaɖo ŋu ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Fiaɖuƒe sia nye dziɖuɖu aɖe si le dziƒo si ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe. e (Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10; Yohanes 6:15; 18:36) Ke hã, alakpasubɔsubɔhawo ya dea dzi ƒo na amewo be woaɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ŋu. Esi alakpasubɔsubɔhawo ƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe me vĩi le esi teƒe be woanɔ Mawu ƒe akpa dzi ta la, Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ tso Babilon Gã la ŋu be ‘ewɔ ahasi.’ Esia tae wòsɔ be woyɔe le nyagblɔɖia me be “gbolo gã” la ɖo.—Nyaɖeɖefia 17:1, 2; Yakobo 4:4.
Wowɔ ŋutasẽnuwo. Wogblɔ tso alakpasubɔsubɔhawo ŋu be “ame siwo katã wowu le anyigba dzi” la ƒe ʋu le woƒe ta dzi. (Nyaɖeɖefia 18:24) Subɔsubɔha geɖe mefiaa wo yomedzelawo be woanye ŋutifafawɔlawo o. Wo dometɔ aɖewo dea dzi ƒo na amewo be woawɔ nu vlowo alo ayi aʋa eye wokpea asi ɖe wo ŋu gɔ̃ hã.
Wonye ŋuklẽlawo. Alakpasubɔsubɔhawo ‘ɖua agbe vivivo.’ (Nyaɖeɖefia 17:4; 18:7) Subɔsubɔha geɖe zã woƒe ɖoƒe kple ŋusẽ tsɔ li kɔ kesinɔnuwo ɖi gleglegle. Ŋukeklẽ ƒe nɔnɔme sia medzea Mawu ŋu o.—Tito 1:7.
Wodaa alakpa. Alakpasubɔsubɔhawo fiaa wo yomedzelawo nuwɔna kple dzixɔse siwo mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo o. f Esi wònye be alakpasubɔsubɔ ƒe nufiafiawo kple nuwɔna geɖe kplɔ ame gbogbowo tra eye wodo vlo Mawu ƒe ŋkɔ ta la, Biblia yɔe be “anyigbadziŋunyɔnuwo dada.”—Nyaɖeɖefia 17:5; 18:23.
Ðe woatsrɔ̃ subɔsubɔhawo katã?
Ao. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tso “ameha gã” aɖe si me tɔwo tso dukɔ vovovowo me ŋu. (Nyaɖeɖefia 7:9) Wogblɔ tso ameha gã sia ŋu be “wodo awu ʋlaya ɣiwo,” si fia be wosubɔa Mawu nuteƒewɔwɔtɔe abe ale si wòdii ene. Biblia gblɔ be ame siawo atsi agbe le “xaxa gã” la me. Xaxa gã la nye ɣeyiɣi si me woatsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo kple Mawu ƒe futɔ bubuwo katã. (Nyaɖeɖefia 7:13, 14; 19:11, 19-21) Ameha gã si do awu ʋlaya ɣiwo la nye subɔsubɔha vavãtɔ si anɔ anyi ɖaa la me tɔwo. g
Ameha gã aɖe siwo nye mawusubɔla vavãwo la atsi agbe ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo
Esi woatsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo ta la, nu kae wòle be nàwɔ?
Enyanya be Mawu mekpɔa dzidzɔ ɖe nu vlo siwo subɔsubɔhawo wɔ ŋu o ate ŋu ana wò dzi nadze eme. Àte ŋu akpɔ mɔ na etsɔme nyui aɖe elabe ènya be madidi o, woaɖe subɔsubɔha siwo katã ƒe nuwɔna medea bubu Mawu ŋu o eye wonana amewo kpea fu la ɖa.
Ka ɖe edzi be míate ŋu asubɔ Mawu le mɔ nyuitɔ nu wòadze eŋu. Biblia gblɔ be “nyateƒetadeagulawo ade ta agu na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena le nyateƒe me la, ame siawo tɔgbi dimee Fofo la le be woade ta agu na ye.” (Yohanes 4:23) Egblɔ na ame siawo be: “Nye dukɔ, mido go le eme [Babilon Gã la me], ne miedi be yewoakpɔ gome kplii le eƒe nu vɔ̃wo me o, eye ne miedi be yewoaxɔ eƒe fuwɔamewo ƒe ɖeke o.” (Nyaɖeɖefia 18:4, 5) Ɛ̃, Mawu le amewo kpem be woasubɔ ye wòawɔ ɖeka kple nyateƒe si le Biblia me. (1 Timoteo 2:3, 4) Edo ŋugbe na ame siwo wɔ ɖe eƒe amekpekpe sia dzi be woava nɔ agbe tegbee.—1 Yohanes 2:17.
a Ne èdi be yeanya nu ene siwo akpe ɖe ŋuwò nàde dzesi Babilon Gã la, xlẽ nyati si nye “Nu Kae Nye Babilon Gã La?”
b Ne èdi be yeanya nu ade siwo akpe ɖe ŋuwò nàde dzesi nu si lã wɔadã la nye la, xlẽ nyati si nye “Nu Kae Lã Wɔadã Si Biã Helĩhelĩ Si Ŋuti Woƒo Nu Tsoe Le Nyaɖeɖefia Ta 17 La Nye?”
c Ne èdi be yeanya nu siwo ana nàde dzesi lã wɔadã sia la, xlẽ nyati si nye “Nu Kae Lã Wɔadã Si To Ta Adre Le Nyaɖeɖefia Ta 13 La Nye?”
d Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?”
e Ne èdi be yeanya nu geɖe tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu la, kpɔ video si nye Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?
f Ne èdi be yeakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo la, kpɔ aɖaka si nye “ Ðe Subɔsubɔha Siwo Yɔa Wo Ðokuiwo Be Kristotɔwo Hã Le Babilon Gã La Mea?”
g Ne èdi be yeanya ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàde dzesi subɔsubɔha vavãtɔ la, xlẽ nyati si nye “Aleke Mawɔ Ake Ðe Subɔsubɔha Vavã Ŋu?”

