Eʋegbe
Mɔkpɔkpɔ Li Be Nuwo Anyo Le Etsɔme
https://cms-imgp.jw-cdn.org/img/p/501100017/univ/art/501100017_univ_sqr_xl.jpg
mrt nyati 28

Mɔkpɔkpɔ Li Be Nuwo Anyo Le Etsɔme

Mɔkpɔkpɔ Li Be Nuwo Anyo Le Etsɔme

 Ðe nèxɔe se be nuwo ava nyo le etsɔmea? Togbɔ be kuxi sesẽwo ɖe kpe na mí egbea hã la, ame geɖe kpɔa mɔ be nuwo ava nyo. Gake ɖe nuwo ava nyo nyateƒea? Ɛ̃! Biblia do ŋugbe be etsɔme nyui aɖe li gbɔna, eye míate ŋu aka ɖe esia dzi bliboe.

 Ŋugbe kae Biblia do?

 Biblia lɔ̃ ɖe edzi be amegbetɔwo le kuxi gãgãwo me tom. Gake edo ŋugbe be kuxi siawo maɖe fu na mí ɖaa o. Kpɔ nya siwo wògblɔ ƒe ɖewo ɖa.

  •   Kuxia: Aƒemanɔamesi

     Nya si Biblia gblɔ: “Woatu xɔ anɔ eme.”—Yesaya 65:21.

     Ale si nuwo ava nɔ le etsɔme: Aƒe anɔ ame sia ame si.

  •   Kuxia: Dɔmakpɔwɔe kple ahedada

     Nya si Biblia gblɔ: “Nye ame tiatiawo ase vivi na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo bliboe.”—Yesaya 65:22.

     Ale si nuwo ava nɔ le etsɔme: Ame sia ame akpɔ dɔ gbagbe awɔ eye esia ana wòakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme.

  •   Kuxia: Nu madzɔmadzɔ wɔwɔ

     Nya si Biblia gblɔ: “Amegãwo aɖu dzi hena ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃.”—Yesaya 32:1.

     Ale si nuwo ava nɔ le etsɔme: Womagawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe amewo ŋu le esi wotso dukɔ aɖe me, wole ɖoƒe aɖe alo woda ahe ta o. Woawɔ nu ɖe ame sia ame ŋu sɔsɔe.

  •   Kuxia: Nunyuimakpɔɖu kple dɔwuame

     Nya si Biblia gblɔ: “Agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba la dzi; woaxɔ towo tame keŋ.”—Psalmo 72:16.

     Ale si nuwo ava nɔ le etsɔme: Nuɖuɖu nyuiwo abɔ ame sia ame naɖu. Ame aɖeke mamlɔ anyi dɔmeɣi o, eye ame aɖeke maɖi ku glaŋui alo alé dɔ le esi mekpɔa nu nyui ɖuna o ta o.

  •   Kuxia: Nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ

     Nya si Biblia gblɔ: “Wo dometɔ ɖe sia ɖe abɔbɔ nɔ eƒe wainka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ, eye ame aɖeke mado voɖi na wo o.”—Mika 4:4.

     Ale si nuwo ava nɔ le etsɔme: Ame sia ame anɔ dedie eye eƒe dzi adze eme, elabe ame vɔ̃ɖi aɖeke maganɔ anyi o, eye “ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome.”—Psalmo 37:10, 29.

  •   Kuxia: Aʋawɔwɔ

     Nya si Biblia gblɔ: “Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o.”—Yesaya 2:4.

     Ale si nuwo ava nɔ le etsɔme: Ŋutifafa axɔ anyigba blibo la dzi. (Psalmo 72:7) Ame aɖeke magafa konyi be yeƒe ame vevi aɖe ku le aʋawɔwɔ ta o, eye ame aɖeke hã magazu sitsoƒedila o.

  •   Kuxia: Dɔlélewo

     Nya si Biblia gblɔ: “Dua me tɔ aɖeke magblɔ be, ‘Mele dɔ lém’ o.”—Yesaya 33:24.

     Ale si nuwo ava nɔ le etsɔme: Ame aɖeke manye nuwɔametɔ alo dɔnɔ o. (Yesaya 35:5, 6) Biblia do ŋugbe gɔ̃ hã be “ku maganɔ anyi akpɔ o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

  •   Kuxia: Ale si anyigba kple míaƒe nutowo me gblẽ

     Nya si Biblia gblɔ: “Gbegbe kple kuɖiɖinyigba akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.”—Yesaya 35:1.

     Ale si nuwo ava nɔ le etsɔme: Anyigba bliboa azu paradiso eye amegbetɔwo anɔ edzi abe ale si Mawu ɖoe tso gɔmedzedzea ene.—1 Mose 2:15; Yesaya 45:18.

 Ðe míate ŋu axɔe ase be ŋugbe siwo Biblia do la ava emea?

 Ate ŋu asesẽ na wò be nàxɔe ase be Biblia ƒe ŋugbedodowo ava eme. Gake míele dzi dem ƒo na wò be nàku nya si Biblia gblɔ tso míaƒe etsɔme ŋu la me geɖe wu. Nu ka ta? Elabe ŋugbedodo siwo le Biblia me la to vovo na ŋugbe siwo amegbetɔwo dona kple nu siwo wogblɔna be adzɔ. Mawue do ŋugbe siwo le Biblia me. Kpɔ susu siwo ta esia to vovo kura na amegbetɔwo ƒe ŋugbedodowo ɖa:

  •   Míate ŋu aka ɖe Mawu dzi. Biblia gblɔ be Mawu “mate ŋu aka aʋatso o.” (Tito 1:2) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu koe ate ŋu agblɔ nu si ava dzɔ le etsɔme la ɖi. (Yesaya 46:10) Kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me siwo ɖo kpe edzi be nu siwo Mawu gblɔ ɖi la vana eme ɣesiaɣi. Ne èdi be yeanya nu geɖe la, kpɔ video si nye Aleke Míawɔ Aka Ðe Edzi Be Biblia Me Nyawo Nye Nyateƒe?

  •   Ŋusẽ le Mawu si be wòakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ. Biblia gblɔ be ŋusẽ le Mawu si be wòawɔ ‘nu sia nu si dze eŋu.’ (Psalmo 135:5, 6) Esia fia be naneke mate ŋu axe mɔ na Mawu be wòawɔ ŋugbe siwo wòdo dzi o. Azɔ hã, Mawu lɔ̃ mí eye wòdi be yeakpe ɖe mía ŋu.—Yohanes 3:16.

 Ate ŋu awɔ na wò be, ‘Ne Mawu di be yeakpe ɖe mía ŋu eye ŋusẽ le esi hã be wòawɔe la, ke nu ka tae míekpɔtɔ le fu gbogbo siawo kpem?’ Nya sia ƒe ŋuɖoɖo dze le video sia me: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?

 Aleke ŋugbedodo siawo awɔ ava eme?

 Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea, si nye dziɖuɖu aɖe le dziƒo, dzi ana eƒe ŋugbedodowo nava eme. Etia Yesu Kristo be wòanye Fiaɖuƒe sia ƒe Fia eye wònae ŋusẽ be wòalé be na anyigba la kple ame siwo le edzi. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eda dɔ na dɔnɔwo, ena nuɖuɖu amewo, eɖe gbe yaƒoƒo sesẽ aɖe dze akɔ anyi, eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. (Marko 4:39; 6:41-44; Luka 4:40; Yohanes 11:43, 44) Esia na míekpɔ nu siwo wòava wɔ ne Mawu Fiaɖuƒea va le anyigba dzi ɖum.

 Kpɔ video si nye Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La? be nàsrɔ̃ nu geɖe tso ale si Mawu Fiaɖuƒea aɖe vi na wòe ŋu.

 Ɣekaɣie ŋugbedodoawo ava eme?

 Madidi o! Aleke míawɔ aka ɖe esia dzi? Biblia gblɔe ɖi be nanewo adzɔ siwo anye dzesi be esusɔ vie Mawu Fiaɖuƒea naɖu anyigba blibo la dzi. (Luka 21:10, 11) Nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me egbea la sɔ kple nu siwo Biblia gblɔ ɖi be woadzɔ.

 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso esia ŋu la, xlẽ nyati si nye “Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Aɖu Anyigba La Dzi?

 Aleke ŋugbe siwo Biblia do la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò egbea?

 Ŋugbe siwo Biblia do la naa mɔkpɔkpɔ mí, eye Biblia ŋlɔla aɖe gblɔ be mɔkpɔkpɔ sia le “abe seke ene na míaƒe luʋɔwo.” (Hebritɔwo 6:19) Ale si ko seke léa tɔdziʋu ɖe te ne ya sesẽwo le ƒoƒom la, nenemae ŋugbe siwo Biblia do ku ɖe etsɔme ŋu la kpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe kuxi siwo me tom míele egbea nu. Ne mɔkpɔkpɔ le mía si la, míetea ŋu ɖea dzi ɖi eye míenɔa dzidzɔ kpɔm. Ewɔnɛ be míebua nuwo ŋu nyuie eye edea míaƒe lãmesẽ dzi gɔ̃ hã.—1 Tesalonikatɔwo 5:8.