SRƆ̃ NU TSO YESU GBƆ

Ŋutifafa Ava Nɔ Xexea Katã Me

Ŋutifafa Ava Nɔ Xexea Katã Me

 Ame sia ame di vevie be ŋutifafa nanɔ xexea me ale be yease vivi na agbea. Ƒe akpe geɖee nye esia xexea me dziɖuɖuwo le agbagba dzem be yewoatsi aʋawɔwɔwo nu ale be ŋutifafa nanɔ afi sia afi. Gake nublanuitɔe la, ɣeyiɣi kpui aɖe koe woƒe agbagbadzedze siawo ɖea vi. Ðe wòanya wɔ be ŋutifafa naxɔ xexe bliboa me gbe ɖeka? Ɛ̃, anya wɔ! Nu siwo Yesu fia kple nu siwo wòava wɔ la na míekpɔe be anya wɔ.

Nu siwo Yesu ava wɔ

 Nya siwo Biblia gblɔ la na míekpɔe be madidi o Yesu ana ŋutifafa nava xɔ xexea katã me.

  •   ‘Woayɔ Yesu be Ŋutifafafia. Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa le eƒe fiaɖuƒe la me o.’ (Yesaya 9:6, 7) Yesu si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la ana ŋutifafa nava nɔ xexea me yi ɖe mavɔ me.

  •   ‘Aɖe ame dahe si le ɣli dom be woaxɔ na ye kple ame si si xɔnametɔ aɖeke mele o.’ (Psalmo 72:12-14) Yesu azã ŋusẽ si Mawu nae la atsɔ akpɔ egbɔ be wowɔ nu ɖe ame sia ame ŋu nyuie eye aʋawɔwɔ, ŋutasesẽ kple fukpekpe maganɔ anyi o.

  •   “Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o.” (Yesaya 2:4) Ne Yesu va le anyigbaa dzi ɖum la, amewo magawɔ aʋa o, ke boŋ woasrɔ̃ ale si woakpɔ wo dome nyawo gbɔ ale be ŋutifafa nanɔ anyi.

 Ne èdi be yeanya ale si Yesu ana ŋutifafa nava nɔ xexea me kple nu si nàte ŋu awɔ be wò hã nànɔ anyigbaa dzi ɣemaɣi ase vivi la, kpɔ video kpui si nye Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?

Nu siwo Yesu fia

 Fifia gɔ̃ hã la, Yesu ƒe nufiafiawo le kpekpem ɖe ame akpe teƒe akpewo ŋu wole ŋutifafa me kple wo nɔewo. Le eƒe nufiafia aɖe si woyɔ be Todzimawunya me la, eɖo aɖaŋu vevi aɖewo siwo akpe ɖe amewo ŋu be woanɔ ŋutifafa me kple ame bubuwo. Kpɔ aɖaŋuɖoɖo mawo dometɔ aɖewo ɖa.

  •   “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo wɔa ŋutifafa.” (Mateo 5:9) Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woagawɔ dzre o. Eye ede dzi ƒo na wo be woawɔ ŋutifafa kple amewo.

  •   “Wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana.” (Mateo 5:23, 24) Yesu de dzi ƒo na ame siwo wònɔ nu fiam la be ne edzɔ be nya aɖe ɖo wo dome la, woakpɔ egbɔ kaba. Egblɔ be ne mímewɔa ŋutifafa kple amewo o la, mía kple Mawu dome hã manyo o.

  •   “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.” (Mateo 7:1) Yesu xlɔ̃ nu mí be míaganɔ nu ƒom le amewo ŋu le nu siwo míesusu be womewɔ nyuie o la ta o, alo anɔ mɔ kpɔm be woawɔ nane si manya wɔ na míawo ŋutɔ o. Elabe ɖeko nuwɔna siawo dea dzre amewo dome. Le ema teƒe la, efia eyomedzelawo be ne amewo dze agɔ le wo dzi la, ‘woatsɔe anɔ wo kem.’—Luka 6:37.

 Amewo le wɔwɔm ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi le xexea me godoo. Le teƒe siwo aʋawɔwɔ alo ŋutasẽnuwɔwɔ bɔ ɖo gɔ̃ hã la, amewo srɔ̃ ale si woakpɔ wo dome nyawo gbɔ le ŋutifafa me. Wotsɔna kena faa eye wowɔa nu ɖe amewo ŋu le lɔlɔ̃ me ne amewo mewɔ nu ɖe wo ŋu nyuie o hã.

 Ne èdi be yeakpɔ ale si Yesu ƒe nufiafiawo kpe ɖe ame aɖewo ŋu wole ŋutifafa me la, xlẽ nyati si nye “Ale Si Nàwɔ Akpɔ Ŋutifafa Togbɔ Be Aʋawɔwɔ Kple Ʋunyaʋunyawo Le Edzi Yim Hã.”