Tɔdziʋu Si Ŋkɔe Nye Lightbearer Tsɔ Nya Nyuia Yi Anyieheɣedzeƒe Asia
Le ƒe 1930-awo ƒe gɔmedzedze la, Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa mekpɔ ɖo Indonesia, Malaysia kple nuto si woyɔna fifia be Papua New Guinea me haɖe o. Aleke woawɔ be nya nyuia naɖo nuto mawo me? Be woate ŋu aɖe gbeƒã le nuto mawo me la, Australia alɔdzedɔwɔƒea (si woyɔna fifia be Australasia alɔdzedɔwɔƒea) ƒle tɔdziʋu aɖe si didi meta 16, si ŋu abalawo le. Wotsɔ ŋkɔ na tɔdziʋua be, si gɔmee nye “Akaɖitsɔla,” elabena ʋua me nɔlawo, siwo katã nye mɔɖelawo * la, azãe atsɔ ana Mawu ƒe Nyaa, si le abe akaɖi ene la, nakaka ayi anyigba didiwo dzi.—Mateo 5:14-16.
Woɖe Gbeƒã Le New Guinea
Le February 1935 me la, nɔviŋutsu adre ku Lightbearer tɔdziʋua tso Sydney, si le Australia ƒe ɣedzeƒe, yi dzigbe gome ɖo ta Port Moresby, si le New Guinea. Le mɔa dzi la, woɖea lã wònyea nudonui na wo, eye wotɔna ɖe melidzeƒe vovovowo be yewoadze ami, aƒle nuɖuɖu, alo adzra ʋua ɖo. Le April 10, 1935 dzi la, woho tso Cooktown, si le Queensland. Esi wogogo atsiaƒua ƒe akpa aɖe si adzakpowo sɔ gbɔ ɖo la, woɖiɖi abalawo hezã ʋua ƒe mɔ̃ tsɔ kui to tsimɔ aɖe si le adzakpoawo domee. Gake nane va nɔ ɖiɖim le mɔ̃a me si ta wòva hiã be woatsii. Ðe woatrɔa, alo woayi mɔzɔzɔa dzi ava ɖo New Guinea? Eric Ewins, si nye ʋua kula, gblɔ be, “Medzro mí kura be míatrɔ o.” Eya ta woyi mɔzɔzɔa dzi va ɖo Port Moresby dedie le April 28, 1935 dzi.
Mɔɖela siwo nɔ Lightbearer tɔdziʋua me, tso miame: William Hunter, Charles Harris, Alan Bucknell (ŋgɔgbe), Alfred Rowe, Frank Dewar, Eric Ewins kple Richard Nutley
Esime gbede aɖe nɔ tɔdziʋua ƒe mɔ̃a dzram ɖo la, ʋua me nɔlawo katã yi ɖaɖe gbeƒã le Port Moresby melidzeƒedua me, negbe Frank Dewar koe ɖe gbeƒã le afi bubu. Mɔɖelaawo dometɔ ɖeka ɖɔ Frank be enye “mɔɖela si doa vevie nu ale gbegbe.” Frank gblɔ be, ‘Metsɔ agbalẽ gbogbo aɖewo ɖe asi hezɔ mɔ kilometa 32 tso melidzeƒedua me ɖanɔ gbeƒã ɖem na amewo.’ Esi wòtrɔ gbɔna la, eto mɔ bubu, eye wòva hiã be wòatso tɔsisi sue aɖe si me lowo le. Gake eɖɔ ŋu ɖo eye wòva ɖo dua me dedie mlɔeba. Agbagba si mɔɖelaawo dze le gbeƒãɖeɖedɔa me la ɖe vi, elabena ame siwo xɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɣemaɣi la dometɔ aɖewo va zu Yehowa Ðasefowo emegbe.
Woɖe Gbeƒã Le Java
Esi wodzra tɔdziʋua ƒe mɔ̃a ɖo vɔ megbe la, woho tso Port Moresby heɖo ta Java ƒukpoa, si le Dutch East Indies la dzi (nuto ma ƒe akpa aɖe nye Indonesia egbea). Wotɔ ɖe teƒe vovovowo le mɔa dzi ƒle woƒe nuhiahiãwo, eye wova ɖo Batavia (si woyɔna be Jakarta fifia) le July 15, 1935 dzi.
Esi woɖo afi ma la, mɔɖelaawo dometɔ ɖeka, si ŋkɔe nye Charles Harris tsi Java ƒukpoa dzi, eye eyi edzi ɖe gbeƒã nya nyuia dzonɔamemetɔe le afi ma. * Egblɔ be: “Le ɣeyiɣi mawo me la, nu si koŋ míaƒe dɔa biae nye be míama Biblia-srɔ̃gbalẽwo na amewo tso du me yi du me. Agbalẽ siwo mezã le gbeƒãɖeɖedɔa me la nɔ Arabgbe, Chinagbe, Hollandgbe, Eŋlisigbe kple Indonesiagbe me. Amewo lɔ̃ míaƒe agbalẽwo xɔxɔ, eya ta metea ŋu maa agbalẽ siwo ade 17,000 le ƒe ɖeka me.”
Lightbearer tɔdziʋua
Dzo si nɔ Charles me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la wɔe be Holland dumegãwo se eŋkɔ. Gbe ɖeka, dumegã aɖe bia Ðasefo bubu aɖe si nɔ gbeƒã ɖem le Java be Ðasefo nenie nɔ gbeƒã ɖem le East Java, afi si Charles le hã. Eɖo eŋu be, “Ame ɖeka koe.” Dumegã la blu ɖe edzi be, “Ðe nèsusu be maxɔ nya ma dzi asea? Anye be miaƒe hametɔ gbogbo aɖewoe le gbeƒã ɖem le afi ma, elabena womã agbalẽ gbogbo aɖewo le nuto ma me.”
Woɖe Gbeƒã Le Singapore Kple Malaysia
Lightbearer tɔdziʋua ho tso Indonesia ɖo ta Singapore, eye woɖo afi ma le August 7 lia dzi. Le teƒe ɖe sia ɖe si wova ɖo la, nɔviawo zãa ʋua ƒe gbeɖiɖimɔ̃ si tea ŋu ɖina dea didiƒe ʋĩi ke la tsɔ ƒoa nuƒo siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi. Gbeƒãɖeɖe nya nyuia ƒe mɔnu sia wɔnɛ be ame geɖe sea wo ŋkɔ henyea zi ɖe tɔdziʋua ŋu. Edzɔ gɔ̃ hã be nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (Singapore Free Press) ka nya ta be “gbe sesẽ aɖe ɖi le tsia dzi . . . le Kuɖagbe fiẽ me,” eye wògagblɔ hã be: “Enye nuƒo tɔxɛ aɖe . . . si woƒo tso ‘Lightbearer’ tɔdziʋua me, eye wole Gbetakpɔxɔ habɔbɔa ƒe nuƒo siawo ƒom tso esime tɔdziʋua tso Australia va ɖo Singapore afi sia.” Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ hã be “ne yame ƒe nɔnɔmewo sɔ nyuie la, wotea ŋu sea nuƒo siawo le adzɔge ʋĩi kilometa etɔ̃ alo ene gɔ̃ hã.”
Esime tɔdziʋua nɔ Singapore la, eva hiã be Frank Dewar nadzo, elabena wode dɔ bubu asi nɛ. Egblɔ tso ale si wòva dzɔe ŋu ale: “Míede asi mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me le Singapore eye tɔdziʋua gakpɔtɔ nye míaƒe mlɔƒe esime míenɔ afi ma. Esi ɣeyiɣia gade be míaho tso afi ma la, Eric Ewins gblɔ nya aɖe nam si wɔ moyaa nam ale gbegbe. Egblɔ nam be: ‘Enyo, Frank, ègblɔ nam va yi be Siam (si woyɔna fifia be Thailand) ye yetia be yeaɖe gbeƒã le. Afi siae míate ŋu akplɔ wò ase ɖo. Àte ŋu adze mɔ azɔ!’ Metsi yaa, eye gbɔgblɔ bu ɖem, eya ta megblɔ nɛ be: ‘Gake nyemenya mɔ si mato hafi ava do ɖe Siam o ɖe!’” Eric gblɔ na Frank be ne eɖo Kuala Lumpur, si le Malaysia fifia la, ate ŋu aɖo keteke tso afi ma ayi Siam. Frank lɔ̃ ɖokuibɔbɔtɔe eye wòdze mɔ yi Kuala Lumpur heva ɖo Thailand le ɣleti aɖewo megbe. *
Esime wonɔ Lightbearer tɔdziʋua kum to Malaysia ƒe ɣetoɖoƒe ƒutaduwo ŋu la, wotɔ ɖe Johore Bahru, Muar, Malacca, Klang, Port Swettenham (si nye Port Klang fifia), kple Penang. Le teƒe sia teƒe si woɖo la, wozãa tɔdziʋua ƒe gbeɖiɖimɔ̃a tsɔ ƒoa nuƒo siwo ku ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu be amewo nase. Nɔviŋutsu Jean Deschamp, si nye Ðasefo le Indonesia ɣemaɣi la gblɔ be, “Amewo dona bibibi be yewoava se nuƒoa. Ne nu gbagbe aɖee tso yamenutome ʋĩi va dze ɖe ƒua ta gɔ̃ hã la, nyemeka ɖe edzi be woado nenema o.” Ne mɔɖelaawo ƒo nuƒoawo alea vɔ la, wodona le tɔdziʋua me ɖamaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo na ame siwo kpɔ dzidzɔ ɖe nya nyuia ŋu.
Woɖe Gbeƒã Le Sumatra
Esi woʋu tso Penang la, woku tɔdziʋua to Malacca Ƒua dzi yi Medan, si le Sumatra (enye Indonesia ƒe akpa aɖe fifia). Eric Ewins gblɔ be: “Medan nutoa me nɔnɔ dzɔ dzi na mí ŋutɔ eye míese vivi nɛ, eye ame geɖe xɔ nya nyuia kple dzidzɔ.” Nɔviawo ma agbalẽ siwo ade 3,000 le nuto ma me.
Esi woyi woƒe mɔzɔzɔa dzi ɖo ta anyiehe gome la, wotɔ ɖe melidzeƒe vovovo siwo le Sumatra ƒe ɣedzeƒe godzi. Le November 1936 me la, woku tɔdziʋua trɔ yi Singapore, gake Eric Ewins ya megayi mɔzɔzɔa dzi kpli wo o. Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, eɖe Irene Struys, si nye Ðasefo aɖe si nɔ Singapore. Eric kple Irene yi edzi wɔ mɔɖeɖedɔa le Sumatra ɖekae. Eva hiã be ame bubu naku Lightbearer tɔdziʋua azɔ.
Woɖe Gbeƒã Le Borneo
Ʋukula yeyea ye nye Norman Senior, si xɔ hehe nyuie le tɔdziʋukuku me. Sydney ye wòtso va le January 1937 me. Woku ʋua tso Singapore yi Borneo kple Celebes (si nye Sulawesi fifia); woɖe gbeƒã yi teƒe didiwo le du mawo me, woyi teƒe siwo didi tso ƒuta kilometa 480 gɔ̃ hã.
Esi Lightbearer tɔdziʋua va ɖo Samarinda melidzeƒea le Borneo la, melidzeƒea dzi kpɔlaa gbe be yemaɖe mɔ na mɔɖelaawo be woaɖe gbeƒã na nutoa me tɔwo o. Gake esi Norman ƒo nu tso ale si míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa le ŋu nɛ la, eva lɔ̃ azɔ eye wòxɔ míaƒe agbalẽ aɖewo gɔ̃ hã.
Le ɣebubuɣi la, sɔleme aɖe ƒe nunɔla kpe Norman be wòava ƒo nuƒo le yeƒe tsɔtsi. Gake le esi Norman ŋutɔ naƒo nuƒoa teƒe la, eƒo Biblia me nuƒo atɔ̃ siwo wolé ɖe agbaƒomɔ̃ dzi la boŋ, eye esia dze nunɔlaa ŋu ŋutɔ. Exɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo gɔ̃ hã be yeama na ye xɔlɔ̃wo. Gake eya ɖeka koe nye sɔlemehakplɔla si kpɔ ŋudzedze ɖe nya nyuia ŋu. Sɔlemehakplɔla akpa gãtɔ mekpɔ dzidzɔ ɖe dɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo nɔ la ŋu o. Le nyateƒe me la, ale si mɔɖelaawo nɔ gbeƒã ɖem dzinɔameƒotɔe la ku dzi na wo ale gbegbe be woƒoe ɖe dumegãwo nu be woagaɖe mɔ na Lightbearer tɔdziʋua be wòadze ɖe melidzeƒe bubuwo o.
Nuto siwo me Lightbearer tɔdziʋua yi, kple ŋkɔ siwo nɔ nuto mawo si ɣemaɣi
Wogbugbɔ Trɔ Yi Australia
Sɔlemehawo ƒe nyaƒoɖeamenuwo va wɔe be le December 1937 me la, Lightbearer la trɔ yi Australia. Tɔdziʋua va dze ɖe Sydney melidzeƒea le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, si wɔe be ʋua me nɔlawo te ŋu de Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe gã si wowɔ le April 1938 me. Ƒe etɔ̃ kple edzivɔe nye ema tso esime Lightbearer tɔdziʋua dze mɔ tso Sydney. Wodzra tɔdziʋua le ƒe 1940-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo esi woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le Australia megbe teti ko. Ke hã, Nɔviŋutsu Ewins gblɔ be: “Ðikeke aɖeke mele eme o be tɔdziʋu sia ɖo eƒe taɖodzinua gbɔ.” Azɔ hã, eɖɔ ɣeyiɣi si me wòwɔ dɔ le tɔdziʋua me be “enye ɣeyiɣi siwo me dzi dzɔm wu le nye agbe me la dometɔ ɖeka.”
Dɔ Si Lightbearer Wɔ La Ƒe Kutsetsewo Gakpɔtɔ Li
Mɔɖela siwo zã Lightbearer tɔdziʋua tsɔ ɖe gbeƒã la ƒã nyateƒea ƒe kuwo ɖe nuto geɖe siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo la me. Eye togbɔ be amewo tsi tsitre ɖe wo ŋu hã la, vivivi la, woƒe dɔa va tse ku. (Luka 8:11, 15) Fiaɖuƒegbeƒãɖela 40,000 kple edzivɔ ye le dukɔ siwo me mɔɖela mawo ɖe gbeƒã le va yi la me fifia. Kutsetse nyui kawo gbegbee nye esi do tso dɔ si nɔviŋutsu ʋɛ mawo wɔ dzinɔameƒotɔe la me, eye tɔdziʋu si wotsɔ ŋkɔ ma si sɔ nyuie na la hã wɔ akpa vevi aɖe!

