Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ALE SI NÀWƆ BIBLIA XEXLẼ NAÐE VI GEÐE NA WÒ

Aleke Biblia Ate Ŋu Ana Nye Agbe Nanyo Ðe Edzi?

Aleke Biblia Ate Ŋu Ana Nye Agbe Nanyo Ðe Edzi?

Menye agbalẽ dzro aɖe koe Biblia nye o. Aɖaŋuɖoɖo siwo tso mía Wɔlaa gbɔ lae le eme. (2 Timoteo 3:16) Emenyawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi ŋutɔ. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.” (Hebritɔwo 4:12) Ŋusẽ le eŋu be wòana míaƒe agbe nanyo ɖe edzi le mɔ vevi eve nu—Enaa mɔfiame si nu míanɔ agbe ɖo fifia la mí gbe sia gbe eye wòkpena ɖe mía ŋu be míadze si Mawu ahanya ŋugbe siwo wòdo.—1 Timoteo 4:8; Yakobo 4:8.

Ana míaƒe agbe nanyo fifia. Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ. Efia nu siwo míawɔ le kpɔɖeŋu siwo gbɔna me

Atsu kple asi aɖewo siwo le Asia kpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me ɖaŋuɖoɖowo ŋu ŋutɔ. Abe srɔ̃tɔ yeye geɖewo ene la, esesẽ na woawo hã be woatrɔ ɖe wo nɔewo ƒe nɔnɔmewo ŋu eye dzeɖoɖo hã zu avu kple kɔ na wo. Gake wotsɔ nu siwo woxlẽ le Biblia me de dɔwɔwɔ me. Ke nu kae do tso eme? Vicent si nye srɔ̃ŋutsua gblɔ be: “Nu si mexlẽ le Biblia me kpe ɖe ŋunye mekpe akɔ kple kuxiwo le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me le lɔlɔ̃ me. Biblia me nyawo dzi wɔwɔ na nye kple srɔ̃nye míele dzidzɔ kpɔm.” Annalou si nye srɔ̃nyɔnua hã gblɔ be: “Biblia me kpɔɖeŋuwo xexlẽ kpe ɖe mía ŋu. Dzi le dzɔyem fifia eye nye dzi dze eme le taɖodzinu siwo le mía si la ta.”

Míeva dze si Mawu nyuie wu. Vicent gblɔ kpe ɖe nya siwo wògblɔ tso woƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu hã be: “Biblia xexlẽ na be mete ɖe Yehowa ŋu wu tsã.” Vicent ƒe nyawo ɖo kpe nu vevi aɖe dzi be Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze si Mawu. Menye ɖeko esia ana Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo naɖe vi na wò o, ke boŋ àkpɔ nu si akpe ɖe ŋuwò nàdze xɔ̃ Mawu. Eye àkpɔe hã be Mawu ƒo nu tso nu nyui siwo le mía lalam le etsɔme, esime míase vivi na “agbe vavã la,” si anɔ anyi ɖaa la ŋu. (1 Timoteo 6:19) Màkpɔ nu siawo le agbalẽ bubu aɖeke me o.

Ne èdze Biblia xexlẽ gɔme heyi edzi la, nu siawo aɖe vi na wò hã, ana wò agbe nanyo ɖe edzi fifia eye ànya Mawu nyuie. Ke hã ne èle Biblia xlẽm la, ɖewohĩ biabia geɖewo ava susu me na wò. Ne edzɔ alea la, ke ɖo ŋku Etiopiatɔwo ƒe amegã aɖe si nɔ anyi ƒe 2,000 ye nye esi va yi la dzi. Biabia gbogbo aɖewo nɔ esi ku ɖe Biblia me nya aɖewo ŋu. Esi wobiae be ese nu si xlẽm wònɔ la gɔme hã la, eɖo eŋu be: “Aleke mawɔ ase egɔme, ne ame aɖeke mefiam o?” * Elɔ̃ enumake xɔ kpekpeɖeŋu tso Filipo, Biblia fiala bibi aɖe si nye Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo dometɔ ɖeka la gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 8:30, 31, 34) Ne wò hã èdi be yeanya nu geɖe le Biblia me la, ekema míele kpewòm be nàŋlɔe aɖo ɖa to internet dzi le www.jw.org alo nazã teƒe si te ɖe ŋuwò ƒe adrɛs si le magazine sia me. Àte ŋu ate ɖe Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ la ŋu alo nàyi Fiaɖuƒe Akpata si le wò nutoa me la me. Anyo be nàdze Biblia xexlẽ gɔme enumake, eye nàna wòafia mɔ wò be wò agbe nanyo ɖe edzi.

Ne mèka ɖe edzi tututu be Biblia me nyawo nye nyateƒe o la, ke kpɔ video kpui si nye Aleke Míawɔ Aka Ðe Edzi Be Biblia Me Nyawo Nye Nyateƒe? Àte ŋu ayi jw.org/ee eye nàʋu AGBALẼWO > VIDEOWO > BIBLIA

^ mm. 8 Ne èdi Biblia me mɔfiame bubuwo la, yi míaƒe nyatakakadiƒe si nye jw.org/ee. Àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO.