Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | DZIÐUÐU SI MEWƆA NU FITIFITI O

Dziɖuɖuwo Ƒe Nu Fitifiti Wɔwɔ Le Nu Gblẽm Ŋutɔ

Dziɖuɖuwo Ƒe Nu Fitifiti Wɔwɔ Le Nu Gblẽm Ŋutɔ

Woɖea dziɖuɖuwo ƒe nu fitifiti wɔwɔ gɔme be enye ŋusẽzazã le mɔ gbegblẽ nu hena ame ŋutɔ ƒe viɖe. Nu sia dzɔna tso keke blema ke. Le kpɔɖeŋu me, sedede aɖe le Biblia me ƒe 3,500 sɔŋ enye esia si amewo nya nyuie, si gblɔ be woagaxɔ zãnu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. (2 Mose 23:8) Gake nu fitifiti wɔwɔ lɔ nu geɖe ɖe eme wu zãnuxɔxɔ ko. Ɣeaɖewoɣi la, dumegã nu fitifiti wɔlawo fia dɔwɔnuwo, wowɔa mɔnukpɔkpɔ siwo womedze na o la ŋu dɔ, alo woblua asi ɖe ga me gɔ̃ hã. Eye wotea ŋu wɔa woƒe ŋusẽ ŋu dɔ madzemadzee be wòaɖe vi na wo xɔlɔ̃wo kple woƒe ƒometɔwo.

Togbɔ be nu fitifiti wɔwɔ ate ŋu anɔ amegbetɔwo ƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe me hã la, edze abe dziɖulawo domee wòbɔ ɖo wu ene. Akɔntabubu si wona ŋkɔe le yevugbe me be 2013 Global Corruption Barometer (Ƒe 2013 Nu Fitifiti Wɔwɔ Ƒe Dzidzenu) si Transparency International (Anukwareɖiɖi Le Dukɔwo Dome) ƒe habɔbɔ ɖe ɖe go la ka nya ta be amewo gblɔna le xexea me godoo be dziɖuɖudɔwɔƒe atɔ̃ siwo me nu fitifiti wɔwɔ bɔ ɖo wue nye dunyahehawo, kpovitɔwo, dumegãwo, sewɔƒewo, kple ʋunudrɔ̃ƒewo. Lé ŋku ɖe esia ŋuti nyatakaka ʋɛ siwo klo nu le kuxi sia dzi ŋu kpɔ.

  • AFRIKA: Le ƒe 2013 me la, wotsɔ nya ɖe dumegã 22,000 ŋu le ʋɔnu le South Africa le nu fitifiti wɔwɔ ta.

  • AMERIKA-DUKƆWO: Le ƒe 2012 me la, wobu fɔ ame 25 le Brazil be wotsɔ dukɔa ƒe ga ma na amewo be woade yewoƒe dunyaheha dzi. Woƒe dukplɔla tsãtɔ ƒe akametiwo ƒe tatɔ, si nye ŋusẽtɔ evelia le dukɔa me hã le wo dome.

  • ASIA: Le Seoul, South Korea la, ame 502 ku esime nudzraƒe gã aɖe si nye dziƒoxɔ la mu le ƒe 1995 me. Numekulawo va kpɔe be dumegãwo xɔ zãnu heɖe mɔ na xɔtulawo wozã xɔtunu siwo meɖo dedienɔnɔ ƒe dzidzenua gbɔ o la tsɔ tu xɔa, ale woŋe aɖaba ƒu dedienɔnɔ ƒe dzidzenuwo dzi le xɔa tutu me.

  • EUROPA: Aƒenɔ Cecilia Malmström si nye Europa Dukɔwo Me Nyawo Gbɔ Kpɔkpɔ Dɔwɔƒe Ƒe Dɔgbedela gblɔ be: “Ale si gbegbe [nu fitifiti wɔwɔ ƒe] kuxia nu sẽe [le Europa] la wu gbɔgblɔ.” Egblɔ kpee be “edze abe dunyaheha aɖeke medi ŋutɔŋutɔ be yewoaɖe kuxia ɖa o ene.”

Dziɖuɖuwo ƒe nu fitifiti wɔwɔ nu sẽ ŋutɔ. Nufialagã Susan Rose-Ackerman, si nye nu fitifiti wɔwɔ ɖeɖe ɖa ŋuti numekula bibi aɖe ŋlɔ bena hafi woate ŋu aɖe kuxi sia ɖa la, “ele be woawɔ tɔtrɔ gãwo le dziɖuɖuwo ƒe asitsamɔnuwo me.” Togbɔ be edze abe womate ŋu awɔ naneke le nɔnɔmea ŋu o ene hã la, Biblia ka ɖe edzi na mí be menye ɖeko tɔtrɔ siwo lolo wu emawo anya wɔ o, ke eɖee fia hã be woava eme godoo.