Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE SATANA LI ŊUTƆŊUTƆA?

Ðe Satana Li Ŋutɔŋutɔa?

Ðe Satana Li Ŋutɔŋutɔa?

Kpetata si le Madrid, Spain, si wobe ele tsitre ɖi na Satana, mawudɔla dzeaglã la

“El Salvador ye menɔ tsi. Ne mewɔ nu gbegblẽ aɖe la, danye gblɔna nam be, ‘Abosam gbɔna léwò ge!’ Eye meɖoa ŋu nɛ be, ‘Neva!’ Abosam aɖeke mele afi aɖeke gbɔna nye lé ge o, Mawu dzie nye ya mexɔ se.”—ROGELIO.

Ðe nèda asi ɖe Rogelio, ŋutsuvi sue la, ƒe nyaa dzia? Susu vovovo siwo gbɔna la dometɔ kae dzie nèda asi ɖo?

  • Satana meli ŋutɔŋutɔ o, vɔ̃ɖinyenye ko wòle tsitre ɖi na.

  • Satana li ŋutɔŋutɔ, gake metsɔ ɖeke le amegbetɔwo ƒe nyawo me boo o.

  • Satana nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe si si ŋusẽ le, si le ŋusẽ kpɔm ɖe amegbetɔwo dzi.

Susu vovovo etɔ̃ siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi delawo li, ɖewohĩ woade ame miliɔn geɖe gɔ̃ hã. Gake ɖe wòle vevie kokoko be míanya susuawo dometɔ si nye nyateƒea? Nya lae nye be, ne Satana meli ŋutɔŋutɔ o la, ke ɖe woble ame siwo xɔe se be eli. Ne Satana li gake metsɔ ɖeke le amegbetɔ ƒe nyawo me o la, ekema ame siwo katã le ŋu dzɔ ɖe eŋu alo vɔ̃nɛ gɔ̃ hã la le fu ɖem na wo ɖokuiwo dzodzro. Gake ne Satana nye ameblela la, ekema ŋɔdzi le eŋu wu ale si ame akpa gãtɔ susunɛ.

Na míakpɔ ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ɖo nya siawo ŋui la ɖa: Nane si le tsitre ɖi na vɔ̃ ye Satana nye loo alo gbɔgbɔmeme aɖee wònye? Ne amee Satana nye la, ɖe wòate ŋu agblẽ nu le ŋuwòa? Ne ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò la, aleke nàte ŋu akpɔ ɖokuiwò tae?