Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 EXLẼLAWO BIA BE . . .

Ame Kae Wɔ Mawu?

Ame Kae Wɔ Mawu?

Tsɔe be vifofo aɖe kple viaŋutsuvi si xɔ ƒe adre wole dze ɖom. Vifofoa gblɔ be, “Gbe aɖe gbe ʋĩi ke la, Mawu wɔ anyigba kple nu sia nu si le edzi; ewɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo hã.” Ðevia bu nya sia ŋu sẽe, eyome wòbia be, “Papa, ame kae wɔ Mawu?”

Fofoa ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖeke mewɔ Mawu o. Eli tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke.” Nya kpuie ma ɖo nya ŋu na ɖevia gbɔ. Gake esi wòle tsitsim la, egava nɔ ŋugble dem le nyabiase ma ke ŋu. Esesẽ nɛ be wòase egɔme be ame aɖe li si menye ame aɖekee wɔe o. Evɔ xexe gbahoo sia gɔ̃ hã, ɖe wowɔe. Ebia eɖokui be, ‘Afi kae Mawu dzɔ tso?’

Aleke Biblia ɖo nya sia ŋu? Ale si vifofo si ŋu míeƒo nu tsoe le kpɔɖeŋua me la ɖe emee la, nenema tɔgbie Biblia hã ɖo eŋui. Mose ŋlɔ bena: “Oo Yehowa, . . . hafi towo nava dzɔ, alo hafi nàwɔ xexea kple anyigbaa la, wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.” (Psalmo 90:1, 2, NW) Nenema kee nyagblɔɖila Yesaya hã gblɔ be: “Mènyae, eye mèsee kpɔ be, Mawu mavɔ enye Yehowa, ame si wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo oa?” (Yesaya 40:28) Nenema kee Yuda ƒe agbalẽa hã gblɔ tso Mawu ŋu be enɔ anyi tso “ɣeyiɣi mavɔmavɔ siwo va yi” me.Yuda 25.

Mawunyakpukpui mawo le mía fiam be Mawu nye “Fia mavɔmavɔtɔ,” abe ale si apostolo Paulo ɖɔe ene. (1 Timoteo 1:17) Esia fia be Mawu li tso tititi ke, eye aleke kee míeɖabu eŋui o, míate ŋu ase egɔme gbeɖe o. Eye anɔ anyi tegbetegbe. (Nyaɖeɖefia 1:8) Eya ta esi Ŋusẽkatãtɔ la li tso mavɔ me ke ta la, esia nye eƒe nɔnɔme ɖe dzesi aɖe.

Nu ka tae wòsesẽ be míase nya sia gɔme? Esi míaƒe agbenɔƒe le kpui ta la, míate ŋu ase ale si Yehowa bua ɣeyiɣii la gɔme kura o. Esi wònye be Mawu li tegbee ta la, ŋkeke ɖeka le nɛ abe ƒe akpe ɖeka ene. (2 Petro 3:8) Le kpɔɖeŋu me: Ðe ʋetsuvi si nɔa agbe ŋkeke 50 pɛ ko la ate ŋu ase amegbetɔwo ƒe agbenɔƒe si nye ƒe 70 alo 80 la gɔmea? Gbeɖe! Evɔ Biblia gblɔ be ne wotsɔ mí sɔ kple mía Wɔla Gã la, míele abe ʋetsuviwo ene. Míaƒe nuŋububu gɔ̃ hã le sue ŋutɔ le etɔ gbɔ. (Yesaya 40:22; 55:8, 9) Eya ta mewɔ nuku o be amegbetɔwo mate ŋu ase Yehowa ƒe nɔnɔme aɖewo gɔme bliboe gbeɖe o.

Togbɔ be esesẽ be amegbetɔwo nase egɔme be Mawu li tso mavɔ me yi mavɔ hã la, míate ŋu akpɔe be susu le eme. Ne ame aɖee wɔ Mawu la, ekema ame mae anye nuwo katã Wɔla. Ke hã Biblia gblɔ be, Yehowae nye ame si “wɔ nuwo katã.” (Nyaɖeɖefia 4:11) Gakpe ɖe eŋu la, míenyae be ɣeaɖeɣi va yi la, xexe gbahoo la menɔ anyi o. (1 Mose 1:1, 2) Aleke wòwɔ va dzɔ? Ele be Ame si wɔ xexe gbahooa la ŋutɔ nanɔ anyi gbã. Eli xoxoxo do ŋgɔ na nuwɔwɔ siwo si nunya le, abe eƒe Tenuvi la kple mawudɔlawo ene. (Hiob 38:4, 7; Kolosetɔwo 1:15) Ekema eme kɔ ƒãa be eya ɖeɖe koe nɔ anyi gbã. Eya ta menye ame aɖekee wɔe o; ame aɖeke menɔ anyi do ŋgɔ nɛ si woagblɔ be eyae wɔe o.

Míawo ŋutɔ kple xexe bliboa ƒe anyinɔnɔ ɖoa kpe edzi be Mawu mavɔmavɔtɔ aɖe li. Ele be Ame si wɔ nu siwo katã le míaƒe xexe gbahooa me eye wòna wozɔna ɖe se kple ɖoɖo siwo wòɖo anyi nu la nanɔ anyi tegbee. Eya ɖeka koe ate ŋu ana agbegbɔgbɔ nu gbagbe bubuwo katã.Hiob 33:4.