Ale Si Agbea Nɔ Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me—Ga
Ale Si Agbea Nɔ Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me—Ga
“[Ebɔbɔ] nɔ anyi dze ŋgɔ nudzɔɖakawo, eye wòte ŋkuléle ɖe ale si amewo nɔ ga dam ɖe nudzɔɖakawo mee ŋu; eye kesinɔtɔ geɖewo tsɔ gaku geɖe nɔ wo me dem. Azɔ ahosi dahe aɖe va de gaku sue eve, siwo ƒe home le sue ŋutɔ la, eme.”—MARKO 12:41, 42.
BIBLIA ƒo nu tso ga ŋu zi geɖe. Abe ale si wòdze le Nya Nyui Gbalẽawo me ene la, Yesu zã gaku ƒomevi vovovowo tsɔ fia nu veviwoe. Ehe susu yi “gaku sue eve” si ahosia dzɔ la dzi tsɔ fia nu eƒe nusrɔ̃lawo, abe ale si wòdze le mawunyakpukpui si le etame ene. Ɣebubuɣi la, efia asi gaku aɖe si woyɔna be denario, eye wòzãe tsɔ fia eyomedzelawo ale si wòle be woawɔ nu ɖe dziɖuɖua ŋui. *—Mateo 22:17-21.
Nu ka tae wova te gazazã? Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, mɔnu ka dzie woto wɔ ga? Aleke wozãe? Eye nu kae Biblia gblɔ tso ale si wòle be míabu ga ŋu?
Woɖɔa Li Adzɔnuwo Tsã, Emegbe Wozã Ga Xɔasiwo
Hafi woato gazazã vae la, asitsamɔnu si ŋu dɔ amewo wɔnae nye be woɖɔa li adzɔnuwo. Amewo tsɔa woƒe adzɔnuwo ɖɔa li ame bubuwo tɔ ne woƒe asixɔxɔ le ɖeka, eye wowɔa dɔ ɖe dɔ si ame bubuwo wɔ na wo la nu. Gake asitsamɔnu sia medea ame dzi ɣesiaɣi o. Ne ame kemɛa le nu si nɔvia tsɔ vae la hiãm ko hafi asitsamɔnu sia awɔ dɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be asitsalawo natsɔ agba kpekpewo, abe kotoku si me nukuwo le ene, alo anɔ lãwo kplɔm ɖe asi.
Mlɔeba, asitsalawo va kpɔe be ehiã be yewoazã nane si ana be nuƒeƒle kple nudzadzra nade ame dzi wu. Ale si wokpɔ kuxia gbɔe nye be wozã ga xɔasiwo, abe sika, klosalo, kple akɔbli ene. Abe ale si wòdze le nɔnɔmetata si le axa sia ene la, asitsalawo tsɔa ga xɔasiwo, abe lekewɔnuwo kple esiwo le gakpo ƒe nɔnɔme me ene la, tsɔ ƒlea nuwo alo xea fe ɖe dɔ si wowɔ na wo ta. Wodaa ga siawo nyuie kple nudanu nyuitɔ hafi tsɔnɛ xea fe ɖe nuwo ta. Le kpɔɖeŋu me, esi Abraham nɔ anyigba si dzi wòaɖi srɔ̃a lɔlɔ̃a, Sara, ɖo ƒlem 1 Mose 23:14-16.
la, eda klosalo ɖe ho si woyɔ ɖe anyigbaa ŋu tsɔ xe feae.—Le ɣeyiɣi si me Yehowa tsɔ Sea na Israel viwo la, asitsala ŋuklẽlawo nɔ nudanu siwo menyo o kple nudakpe amebatɔ zãm tsɔ nɔ asisiwo bam. Anukwaremaɖimaɖi nye ŋunyɔ na Yehowa Mawu, eya ta egblɔ na Israel vi asitsalawo be: “Nudanu nyui kple nudakpe nyuiwo . . . nanɔ mia si.” (3 Mose 19:36; Lododowo 11:1) Egbea hã, ele be ame siwo dzraa nu la naɖo ŋku edzi be ale si Yehowa bua ŋukeklẽ kple anukwaremaɖimaɖi la metrɔ o.—Maleaxi 3:6; 1 Korintotɔwo 6:9, 10.
Mɔnu Si Dzi Woto Wɔ Ga Zi Gbãtɔ
Anɔ eme be wowɔ gaku gbãtɔwo le Lydia (egbegbe Turkey), ɣeaɖeɣi do ŋgɔ na ƒe 700 D.Ŋ.M. Ema megbe kpuie la, gbedewo de asi gakuwo wɔwɔ me le dukɔ vovovowo me le agbɔsɔsɔ gã aɖe me, eye dukɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la hã nɔ wo zãm.
Aleke wowɔ gaku siawoe? Gbedea ɖea ga si wòlólo la le dzokpo me (1) hetrɔnɛ ɖe do siwo le gaku si wòdi be yeawɔ la ƒe nɔnɔme me si woɖe ɖe gakpo me la me wòzua gaku gbabɛ siwo dzi zrɔ̃ (2). Eyome edenɛ gakpo eve siwo dzi woɖe nɔnɔmetatawo alo dzesiwo ɖo la dome (3). Eyome woɖoa zu edzi bene nɔnɔmetataawo naɖe ɖe gakua ƒe akpawo kple eve dzi (4). Ale si wowɔnɛ alɔtsɔtsɔe la wɔnɛ be zi geɖe la, nɔnɔmetataa medzea gakua ƒe titina pɛpɛpɛ o. Wotiaa gaku nyuiawo le eme, wodaa wo kpɔ be kpekpemea de hã, eye ne ehiã la, woɖea eŋu wòzrɔ̃na (5).
Gaɖɔlilawo, Nudzɔlawo, Kple Gasitsalawo
Le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la, amewo tsɔ gaku ƒomevi vovovowo va Palestina. Le kpɔɖeŋu me, ame siwo tso duta va Yerusalem gbedoxɔa me la tsɔ ga si woɖuna le wo de la ɖe asi vae. Ke hã, ame siwo wɔa dɔ le gbedoxɔa me la xɔa gaku ƒomevi aɖewo ko hena gbedoxɔa ƒe adzɔxexe. Gaɖɔlilawo ɖɔa li ga na amewo le gbedoxɔa me, eye zi geɖe la, ne wole gaku siwo woxɔna na adzɔxexea ɖɔ lim kple dutagawo la, woxɔa ga gãwo le amewo si. Yesu he nya ɖe ŋuklẽla siawo ŋu vevie. Nu ka tae? Elabena wotrɔ Yehowa ƒe aƒea wòzu ‘asitsaƒe’ kple “adzodalawo ƒe doe.”—Yohanes 2:13-16; Mateo 21:12, 13.
Mateo 22:17) Adzɔ bubuwoe nye mɔtaho kple adzɔ si woxɔna ɖe agba siwo wotsɔ yina duta kpakple esiwo wotsɔ le gegem ɖe dukɔa me la ta. Dziɖuɖua ƒe nudzɔla siwo nɔ Palestina la meɖia anukware o, eya ta amewo melɔ̃ woƒe nya kura o. (Marko 2:16) Nudzɔlawo daa ga ɖe ga dzi na adzɔxelawo, eye woawo ŋutɔwo tsɔa esi woda ɖe edzi la heto esia me zu hotsuitɔwo. Gake nudzɔla aɖewo, abe Zaxeo ene, xɔ Yesu ƒe gbedeasia, eye wodzudzɔ woƒe anukwaremaɖimaɖi nuwɔnawo. (Luka 19:1-10) Egbea hã, ele be ame sia ame si di be yeadze Kristo yome la naɖi anukware le eƒe dɔ kple nu bubuwo katã me.—Hebritɔwo 13:18.
Palestinatɔwo xea adzɔ bubuwo hã. Wo dometɔ aɖee nye esi ŋu ame siwo tsi tsitre ɖe Yesu ŋu la bia nyae tso la. (Gasitsalawo hã wɔ ga ŋuti dɔ. Tsɔ kpe ɖe dutaga ɖɔliɖɔli ŋu la, amewo dzraa ga ɖo ɖe wo gbɔ, wodoa ga na amewo, eye woxea deme na ame siwo dzraa ga ɖo ɖe wo gbɔ. Yesu he susu yi gasitsala siawo dzi le eƒe lododo si ku ɖe kluvi, siwo wotsɔ ho vovovowo na be woatsɔ atsa asii la me.—Mateo 25:26, 27.
Ga Ŋuti Nukpɔsusu Nyuitɔ
Le dukɔ geɖe me egbea la, ele be amewo nadi ga aƒle nu siwo hiã wo. Nya si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Fia Salomo wòŋlɔ ƒe alafa geɖewoe nye esia la gale eteƒe: “Ga hã doa vɔvɔli.” Gake Salomo gblɔ kpee be nunya xɔ asi sãsãsã wu ga, elabena ‘eléa ame si si wòle la ƒe agbe ɖe te.’ (Nyagblɔla 7:12) Nunya sia dze le Biblia me.
Yesu kpe ɖe eyomedzelawo ŋu be ga ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ wo si esi wògblɔ be: “Ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, eƒe agbe menɔa te ɖe nu siwo le esi la dzi o.” (Luka 12:15) Abe ale si Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me wɔe ene la, míawo hã míewɔa nu le nunya me ne míeléa be na ga, ɖia anukware heƒoa asa na galɔlɔ̃.—1 Timoteo 6:9, 10.
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 3 Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Gakuwo Ŋuti Nya,” le axa 26.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 26]
Gakuwo Ŋuti Nya
● Gaku suetɔ kekeake siwo wozã le Palestina le ƒe alafa gbãtɔ me la dometɔ ɖekae nye akɔbli lepta la, si wogayɔna le Eŋlisigbe me be mite. Agbatedɔwɔla ate ŋu awɔ dɔ axɔ lepta eve le miniti 15 ko me. Anɔ eme be lepta evee ahosia da ɖe gbedoxɔ me nudzɔɖakaa me.—Marko 12:42.
● Klosalo draxma la nye Helatɔwo ƒe gaku si wòle be ame nawɔ dɔ ŋkeke bliboa kloe hafi axɔ. (Luka 15:8, 9) Draxma evee nye ho si Yuda ŋutsu ɖe sia ɖe xena ƒe sia ƒe hena gbedoxɔa me nudzɔdzɔ.—Mateo 17:24.
● Klosalo denario la nye Romatɔwo ƒe gaku si dzi Kaisaro ƒe nɔnɔmetata le, eya ta esɔ be eyae nye ‘nudzɔdzɔ’ si wobia tso Yuda ŋutsu ɖe sia ɖe si be wòaxe le Roma dziɖuɖua te. (Romatɔwo 13:7) Dɔtɔwo xea denario ɖeka na dɔwɔla si wɔ dɔ gaƒoƒo 12 le ŋkekea me.—Mateo 20:2-14.
● Wozã klosalo sekel nyuitɔ, si wowɔ le dugã si nye Tiro me la, le Palestina le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ anyigba dzi. Anɔ eme be Tirotɔwo ƒe sekel ye “klosalo” 30, si nunɔlawo ƒe tatɔwo xe na Yuda Iskariot ɖe Yesu dede asi ta, la nye.—Mateo 26:14-16.
Gakuawo ƒe lolome ŋutɔŋutɔe dze le afi sia