Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

siatɔwo Ƒe Ƒe Yeye La​—Ðe Wòle Be Kristotɔwo Naɖuia?

siatɔwo Ƒe Ƒe Yeye La​—Ðe Wòle Be Kristotɔwo Naɖuia?

Asiatɔwo Ƒe Ƒe Yeye La​—Ðe Wòle Be Kristotɔwo Naɖuia?

ƑE SIA ƒe la, amewo ƒe agbɔsɔsɔme gbogbotɔ kekeake siwo zɔa mɔ le xexea me le ƒea me la ɖoa ta Asia, le January loo, alo February me. Asiatɔ miliɔn alafa geɖe trɔna yia woƒe ƒometɔwo gbɔ be yewoaɖu Asiatɔwo ƒe Ƒe Yeye la. *

Asiatɔwo ƒe Ƒe Yeye lae nye azã vevitɔ kekeake na Asiatɔwo. Azã la dzea egɔme le Chinatɔwo ƒe ɣletigbalẽ ƒe dzinu yeye gbãtɔ dzi, alo le January 21 kple February 20 dome le ɣletigbalẽ si míezãna la ƒe akɔntabubu nu. Azãɖuɖua xɔa ŋkeke geɖe, alo wonɔa eɖum ʋuu kwasiɖa eve.

Susu si koŋ le megbe na Ƒe Yeye zã sia ɖuɖue nye nuwo ƒe gɔmedzedze yeye; ƒe xoxoa ɖoɖo ɖa kple dzaadodo na ƒe yeyea. Be amewo nadzra ɖo ɖe azãɖuɖua ŋu la, wodzraa woƒe aƒewo me ɖo nyuie heɖoa atsyɔ̃ na wo, woƒlea awu yeyewo, woɖaa nuɖuɖu siwo ƒe ŋkɔwo ƒe gɔmesese do ƒome kple “nunyoname” alo “nudzedziname,” amewo xea wo ŋuti fewo, eye woɖɔa wo nɔewo dome masɔmasɔwo ɖo. Le Ƒe Yeyea Ðugbe la, wotea ŋu naa nu wo nɔewo hebia dzɔgbenyui na wo nɔewo, eye zi geɖe la, esia nyea kesinɔnu kple nudzedziname biabia; wonaa nu babla dzĩwo, siwo woyɔna be aklama ƒe ga, woɖua nuɖuɖu tɔxɛwo, wodaa “knockout” alo “bandit;” wokpɔa ʋɔ driba wɔwɔe siwo nɔa amadede vovovo me alo dzata wɔwɔewo ƒe ɣeɖuɖu, alo woa kple woƒe ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃wo kpɔa dzidzɔ ɖekae.

Gɔmesese deto aɖewo le kɔnu siawo ŋu. Numekugbalẽ aɖe ɖe nu me be: “Nu si koŋ ŋu ƒomewo, xɔlɔ̃wo, kple ƒometɔwo tsia dzi ɖoe nye be yewoakpɔ egbɔ be woabia dzɔgbenyui na yewo, yewoade bubu mawuwo kple gbɔgbɔwo ŋu, eye yewoabia nunyoname hena ƒe yeyea.” (Mooncakes and Hungry Ghosts: Festivals of China) Esi wònye be azãɖuɖu sia lɔa kɔnu kple subɔsubɔwɔna geɖewo ɖe eme ta la, aleke wòle be Kristotɔwo nabui? Ðe wòle be woabui abe dekɔnu dzro aɖe ko enea? Ðe wòle be Kristotɔwo naɖuia?

“Ðo Ŋku Eƒe Dzɔtsoƒe Dzi”

Chinatɔwo ƒe lododo nyanyɛ aɖe gblɔ be: “Ne èle tsi nom la, ɖo ŋku eƒe dzɔtsoƒe dzi.” Esia ɖe bubu deto si gbegbe Asiatɔwo dea wo dzilawo kple wo tɔgbui siwo me wodzɔ tso ŋu la fia. Ele dzɔdzɔme nu be viwo nade bubu sia tɔgbi wo dzilawo ŋu, esi wònye be wo dzilawoe na agbe wo ta, eye esia wɔa akpa vevi aɖe le Ƒe Yeyea ɖuɖu me.

Ðikekemanɔmee la, Ƒe Yeye zãa ƒe Ƒetogbea alo Dzodragbea ye nyea azãa ƒe akpa si doa dzidzɔ na Asiatɔwo wu. Le zã ma me la, ƒome geɖewo ƒoa ƒu hena kplɔ̃ɖoɖo tɔxɛ aɖe. Esia nyea ɣeyiɣi aɖe si me ƒometɔwo gava wɔa ɖeka, si ame siwo le xexea ƒe akpa ma la dometɔ aɖeke medina be wòato ye ŋu o. Le kplɔ̃ɖoƒea la, menye ƒometɔ siwo va la koe wodzraa nɔƒe ɖo ɖi na o, ke wodzraa nɔƒe ɖo ɖi na ame siwo ku xoxo hã, siwo woxɔ se be wonɔa yewo dome le gbɔgbɔ me. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: Le kplɔ̃ɖoƒe sia la, “kadodo ŋutɔŋutɔ nɔa tɔgbui kukuwo kple ƒometɔwo dome.” Numekugbalẽ bubu hã gblɔ be: “Esia nana wogadea dzo yeye ƒomedodo si le agbagbeawo kple kukuawo dome la me, kple susu be tɔgbui kukuwo nakpɔ ƒomea ta le ƒe bliboa me.” Aleke wòle be Kristotɔwo nabu dekɔnu siawoe?

Kristotɔwo hã dina vevie be yewoade bubu yewo dzilawo ŋu ahalɔ̃ wo. Wowɔna ɖe aɖaŋu si Mawu ɖo be, “Ðo to fofowò, si dzi wò, eye mègado vlo dawò, ne eku nyagã o!” la dzi. (Lododowo 23:22) Wowɔna ɖe Biblia ƒe sedede si nye, “‘Bu fofowò kple dawò’; si nye sedede gbãtɔ si ŋu ŋugbedodo kpe ɖo: ‘Bene eme nanyo na wò, eye nànɔ agbe didi le anyigba la dzi’” hã dzi. (Efesotɔwo 6:2, 3) Ɛ̃, Kristotɔ vavãwo dina be yewoade bubu yewo dzilawo ŋu ahalɔ̃ wo!

Biblia ƒo nu nyui tso ƒometɔwo ƒe kplɔ̃ɖoɖo tuameɖowo ŋu. (Hiob 1:4; Luka 15:22-24) Ke hã, Yehowa de se be: ‘Ame aɖeke meganɔ dowòme, si anye adzetɔ, nukala, kple ŋɔliyɔla o.’ (5 Mose 18:10, 11) Nu ka tae wòde se sia ɖo? Elabena Biblia ɖe nɔnɔme si tututu me ame kukuwo le la fia. Egblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” Esi wònye be kukuawo menya naneke o ta la, womate ŋu akpɔ gome le nuwɔna aɖeke me kple agbagbeawo o; nenema kee womate ŋu akpe ɖe mía ŋu alo awɔ nuvevi mí hã o. (Nyagblɔla 9:5, 6, 10) Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ ayi eme ʋĩi, eye ame kukuwo ƒe tsitretsitsi si gbɔna me koe kukuawo afɔ tso alɔ̃dɔdɔ sia me le.—Yohanes 5:28, 29; 11:11, 14.

Gakpe ɖe eŋu la, Biblia ɖee fia be gbɔgbɔ vɔ̃ siwo srɔ̃a ame siwo ku ƒe nɔnɔme abe ameawoe wonye ene lae nye nu siwo amewo yɔna be “ŋɔliwo” kple ame kukuwo ƒe “gbɔgbɔwo.” Nu ka tae wowɔa nu alea ɖo? Susuae nye be, wodi be yewoakplɔ amewo atrae ahakpɔ ŋusẽ vɔ̃ɖi ɖe wo dzi! (2 Tesalonikatɔwo 2:9, 10) Le nyateƒe me la, ɖe Mawu ƒe sededewo kpɔa mía ta tso afɔku me. Eya ta esi Kristotɔwo lɔ̃ Yehowa eye wodi be yewoanɔ dedie ta la, wodzea nunya heƒoa asa na dekɔnu ɖe sia ɖe si do ƒome kple tɔgbui kukuwo ƒe “gbɔgbɔwo” subɔsubɔ alo dekɔnu siwo wowɔna be woatsɔ abia woƒe ametakpɔkpɔ.—Yesaya 8:19, 20; 1 Korintotɔwo 10:20-22.

Le go bubu me la, Kristotɔwo dina be yewoade bubu “Fofo . . . si gbɔ wòtso be ŋkɔ le ƒome sia ƒome, si le dziƒo kple anyigba dzi la si” la ŋu. (Efesotɔwo 3:14, 15) Ame kae nye Fofo ma? Eyae nye mía Wɔla kple Agbenala, Yehowa Mawu. (Dɔwɔwɔwo 17:26) Eya ta ne míele Ƒe Yeye ƒe kɔnuwo ŋu bum la, anyo be míabia mía ɖokui be: Aleke Yehowa bua kɔnu mawoe? Ðe wòkpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋua?—1 Yohanes 5:3.

Bubudede Aƒekɔ Ƒe Mawuwo Ŋu

Asiatɔwo ƒe Ƒe Yeye zãa ɖuɖu lɔa kɔnu geɖe siwo bɔ ɖe nuto mawo me la wɔwɔ ɖe eme; wonye kɔnu siwo dzi wotona dea bubu mawu siwo aƒekɔwo subɔna kple trɔ̃ bubuwo ŋu, abe ʋɔtrumawu, anyigbamawu alo ametakpɔkpɔ ƒe gbɔgbɔ, kesinɔnu alo nunyoname ƒe mawu, kpakple dzodoƒe alo mlekpui ƒe mawu ene. Bu kɔnu aɖe si wowɔna tsɔ dea bubu dzodoƒemawua ŋu la ŋu kpɔ. * Woxɔe se be ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Ƒe Yeyea la, mawu sia zɔa mɔ yia dziƒo ɖanaa akɔnta Yaspis Fiagã, si nye mawu si ƒo Chinatɔwo ƒe mawuwo katã ta la, tso ƒomea ŋu. Ƒomea ɖaa nu tɔxɛ aɖe tsɔ doa mɔ dzodoƒemawu sia, wonanae numevivinuwo kpakple akpɔnɔ vivi bɔbɔewo kple susu be wòatsɔ nyatakaka nyuiwo ayii na yewo. Be woado mɔe wòayi agagbɔ kaba la, ƒomea ɖea eƒe nɔnɔmetataa dana ɖi, eye ɣeaɖewoɣi la, wosisia numevivinuwo ɖe nuto nɛ, eye wotɔa dzoe le gota. Le Ƒe Yeyea ƒe Ƒetogbea la, wotsɔa eƒe nɔnɔmetata yeye dana ɖe mlekpuia tame tsɔ nɔa ekpem va aƒea me hena ƒe si me woadze.

Togbɔ be adze abe ɖe naneke megblẽ le dekɔnuawo dometɔ aɖewo ŋu o ene hã la, Kristotɔwo dina be yewoawɔ ɖe nya si Mawu ƒe Nya la gblɔ ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu la dzi. Le go sia me la, Yesu Kristo gblɔ be: “Yehowa wò Mawu ye wòle be nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe wòle be nàwɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na.” (Mateo 4:10) Eme kɔ ƒãa be Mawu di be míade ta agu na ye ɖeka ko. Nu ka tae? Bu nya sia ŋu kpɔ: Yehowae nye mía Fofo si le dziƒo. Alekee vifofo aɖe ase le eɖokui me ne viawo gbe nu le egbɔ hetrɔ ɖe vifofo bubu ŋu? Ðe esia magbã dzi nɛ vevie ŋutɔ oa?

Yesu bu Fofoa si le dziƒo la be eyae nye “Mawu vavã ɖeka la,” eye Yehowa ŋutɔ gblɔ na esubɔlawo eme kɔ ƒãa be “Mawu bubu aɖeke” naganɔ wo si kpe ɖe ye ŋu o. (Yohanes 17:3; 2 Mose 20:3) Eya ta Kristotɔ vavãwo di be yewoadze Yehowa ŋu, ke menye be yewoado kpo nuteƒewɔwɔ nɛ alo ado dziku nɛ to mawu bubuwo subɔsubɔ me o.—1 Korintotɔwo 8:4-6.

Aʋatsodzixɔse Kple Gbɔgbɔyɔyɔ

Asiatɔwo ƒe Ƒe Yeye la do ƒome kplikplikpli kple ɣletivimefakaka hã. Chinatɔwo tsɔa lã 12—siwo ƒe ɖewoe nye ʋɔ driba, kpɔ̃, fie (kese), fɔmizi, kple bubuawo—siwo dzi wonɔa te ɖo kaa ɣletivimefa la dometɔ ɖeka ƒe ŋkɔ naa ƒe yeye ɖe sia ɖe. Wobua lã sia be eya gbɔe agbenɔnɔ kple nɔnɔme siwo ava nɔ ame siwo woadzi le ƒe ma me si la atso, alo eyae ana be nu nadze edzi na yewo ne yewokpɔ gome le dɔwɔna ƒomevi aɖewo me le ƒea me. Wotrɔ asi le dekɔnu siwo wowɔna le Asiatɔwo ƒe Ƒe Yeye zã ɖuɣi, siwo dome bubudede kesinɔnumawu alo nunyonamemawua ŋu le, la ŋu be woahe “dzɔgbenyui” avae na amewo. Aleke wòle be Kristotɔwo nabu dekɔnu siawoe?

Mawu ƒe Nya, Biblia la, ɖee fia be Yehowa gblɔ na ame siwo trɔ ɖe ‘dziŋgɔli me nyalawo, ame siwo ɖea ŋku ɖe dzinuviwo, eye wodzea si nu si gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe [wo dzi] le dzinu [yeye] me’ ŋu la be yemekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe nuwɔna sia ŋu o. Eƒo nu tsi tsitre ɖe mawu siwo nye “aklama” kple “dzɔgbe” subɔsubɔ ŋu. (Yesaya 47:13; 65:11, 12) Le esi Mawu subɔla vavãwo nanɔ ŋu ɖom ɖe mawu manyatalenu, alo ŋusẽ makpɔmakpɔ, aɖe si woxɔe se be edo ƒome kple gbɔgbɔwo alo ɣletiviwo ŋu teƒe la, Biblia gblɔ na wo be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke mègaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” (Lododowo 3:5, 6) Le nyateƒe me la, aʋatsodzixɔsewo wɔa amewo kluviwoe, gake Biblia me nyateƒeawo ya naa ablɔɖe ame.—Yohanes 8:32.

Ðee Fia Be Yelɔ̃ Mawu

Afi si Asiatɔwo ƒe Ƒe Yeye zã ɖuɖu kple kɔnu siwo do ƒome kplii la dzɔ tso nyanya nye nya ɖeka; eye be ame natso nya me be yemakpɔ gome le eme o hã nye nya bubu kura. Ne enye kɔnu le nuto si me nèle me be amewo ɖua Asiatɔwo ƒe Ƒe Yeye zãa ƒe sia ƒe alo be wò ƒometɔwo kpɔa gome le Ƒe Yeyea ƒe kɔnuwo me abe dekɔnu ene la, ekema nyametsotso gã aɖe dze ŋgɔ wò.

Le nyateƒe me la, ebia dzinɔameƒo kple tameɖoɖo kplikpaa hafi ame nate ŋu anɔ te sesĩe ɖe nyaƒoɖeamenuwo nu. Nyɔnu Kristotɔ aɖe si le Asia la gblɔ be, “Menɔ vɔvɔ̃m ŋutɔ elabena ame siwo dome mele la katã kpɔa gome le Ƒe Yeyea ɖuɖu me, gake nye koe mekpɔa gome le eme o.” Nu kae kpe ɖe eŋu? Egblɔ be, “Ŋusẽdodo lɔlɔ̃ si le asinye na Mawu ye kpe ɖe ŋunye.”—Mateo 10:32-38.

Ðe lɔlɔ̃ sẽŋu sia tɔgbi le asiwò na Yehowa? Susu geɖe li siwo tae wòle be nàlɔ̃e ɖo. Menye trɔ̃ manyatalenu aɖee na agbe wò o, ke boŋ Yehowa Mawu, ame si ŋu Biblia gblɔ le be, “Gbɔwò agbedzɔƒe le, eye wò kekeli me míele kekeli kpɔm le,” la gbɔe wò agbe dzɔ tso. (Psalmo 36:10) Yehowa ye na nuwo katã wò eye eya kee na nèkpɔa dzidzɔ le agbe me, ke menye nunyonamemawu alo dzodoƒemawu aɖekee o. (Dɔwɔwɔwo 14:17; 17:28) Ðe wò hã àlɔ̃ Yehowa atsɔ aɖee afia be èkpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo wòwɔ na wò la ŋua? Kakaɖedzi nenɔ asiwò be ne èwɔe alea la, Yehowa ayra wò geɖe ŋutɔ.—Marko 10:29, 30.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be Lunar New Year alo Chinese New Year (Chinatɔwo ƒe Ƒe Yeye) alo Spring Festival (Adamezã); eye woyɔnɛ le Chinagbe me be Chun Jie, le Vietnamgbe me be Tet, le Koreagbe me be Solnal, alo Losar le Tibetgbe me.

^ mm. 14 Wowɔa dekɔnu siwo ŋu míeƒo nu tso le nyati sia me la le mɔ vovovowo nu le Asianyigba katã dzi, gake taɖodzinu ɖeka koe le megbe na wo katã. Kpɔ December 22, 1986 ƒe yevugbe me Nyɔ!, axa 20-21 kple January 8, 1970 ƒe yevugbe me Nyɔ!, axa 9-11 hena nyatakaka bubuwo.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 23]

Kakaɖedzinana Xɔlɔ̃wo Kple Ƒometɔwo

Enye nyateƒe be, ne ƒometɔ aɖe dzudzɔ gomekpɔkpɔ le Ƒe Yeye zã sia ɖuɖu me la, ate ŋu aɖe fu na xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo vevie. Ate ŋu ate ɖe wo dzi, ave wo, alo ana woase le wo ɖokui me be edo ŋukpe yewo. Ke hã, nu geɖe li ame ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be ƒomedodo nyui nakpɔtɔ anɔ woa kple eƒe ƒometɔwo dome. Bu nya siwo Kristotɔ aɖewo, siwo le Asia ƒe nuto vovovowo me la, gblɔ ŋu kpɔ:

Jiang: “Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na Ƒe Yeyea la, meyi ɖasrã nye ƒometɔwo kpɔ heɖe nu si ta nyemaganɔ gome kpɔm le kɔnu nyanyɛ aɖewo siwo wowɔna le mía gbɔ me o la me na wo ŋuɖɔɖotɔe. Meɖɔ ŋu ɖo be nyemaɖi gbɔ woƒe dzixɔsewo o, eye mezã Biblia tsɔ ɖo woƒe biabiawo ŋu na wo bubutɔe. Esia wɔe be míeɖo dze nyuiwo ku ɖe Biblia me nyawo ŋu.”

Li: “Do ŋgɔ na Ƒe Yeye zãa la, metsɔ ŋuɖɔɖo gblɔ na srɔ̃nyeŋutsua bubutɔe be, ele be maɖo to nye dzitsinya be mate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Meka ɖe edzi nɛ hã be, ne míeyi ɖasrã eƒe ƒometɔwo kpɔ le azãɖuɣia la, nyemawɔ naneke atsɔ ado ŋukpee o. Nukutɔe la, le ŋkeke si dzi eƒe ƒometɔwo asubɔ wo tɔgbui kukuwo la, ekplɔm yi teƒe bubu aɖe meɖade Kristotɔwo ƒe kpekpe.”

Xie: “Mena nye ƒometɔwo nya be melɔ̃ wo, eye megblɔ na wo be nye dzixɔsewo awɔe be mava zu ame ɖɔʋu wu. Mekua kutri vevie be maɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui siwo nye tufafa, ŋuɖɔɖo, kple lɔlɔ̃ afia. Ʋɛʋɛʋɛ la, wova dea bubu nye subɔsubɔ ŋu. Srɔ̃nyeŋutsua hã va srɔ̃ Biblia emegbe, eye eya hã va zu Kristotɔ vavã.”

Min: “Meƒo nu kple dzinyelawo le tufafa me bubutɔe. Le esi mabia ƒe yeye ƒe ‘dzɔgbenyui’ na wo teƒe la, megblɔ na wo be medoa gbe ɖa na Yehowa, mía Wɔla la, ɣesiaɣi be wòayra wo eye wòafia mɔ wo ne woakpɔ dzidzɔ kple ŋutifafa.”

Fuong: “Megblɔ na dzinyelawo be mehiã be malala ʋuu Ƒe Yeyea naɖo hafi mava srã nye ƒometɔwo kpɔ o. Meyina ɖasrãa wo kpɔ edziedzi. Esia do dzidzɔ na dzinyelawo ŋutɔ, eye wodzudzɔ nyahehe ɖe ŋunye. Nɔvinyeŋutsu suetɔ hã va kpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ ŋu.”

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 20]

Panorama Stock/age Fotostock