Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yeremiya Mena Ta O

Yeremiya Mena Ta O

Fia Nu Viwòwo

Yeremiya Mena Ta O

ÐE DZI ɖe le ƒowò kpɔ eye wòwɔ na wò be yeana ta?— * Edzɔna ɖe ame geɖe dzi. Edzɔ ɖe Yeremiya hã dzi kpɔ esime wònye sɔhɛ. Ke hã, meɖe mɔ nya siwo ame bubuwo gblɔ alo nu siwo wowɔ ɖe eŋu la wɔe be wòna ta o. Na míaɖo dze tso ale si wòdzɔe be Yeremiya nye ame vevi aɖe na Mawu, evɔ wòva di be yeadzudzɔ dɔ si Mawu ɖo nɛ la ŋu.

Hafi woadzi Yeremiya la, Mawu vavã, Yehowa, tiae be wòanye nyagblɔɖila axlɔ̃ nu yeƒe dukɔa be yemekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe nuwɔnawo ŋu o. Ènya nya si Yeremiya gblɔ na Yehowa le ƒe aɖewo megbea?— Egblɔ be: “Nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.”

Aleke nèsusu be Yehowa ɖo nya sia ŋu na Yeremiya?— Eɖo nya ŋu nɛ tẽe le dɔmefafa me be: ‘Mèganɔ gbɔgblɔm be yemetsi o, ke boŋ afi sia afi, si maɖo wò ɖo la, nàyi, eye nya siwo katã magblɔ na wò la, nàgblɔe na wo. Mègavɔ̃ o.’ Nu ka tae Mawu gblɔ nɛ be megavɔ̃ o? Yehowa gblɔ nɛ be: “Meli kpli wò, be maɖe wò.”—Yeremiya 1:4-8.

Ke hã, abe ale si míegblɔe va yi ene la, dzi va ɖe le Yeremiya ƒo emegbe. Nu si na esia va dzɔe nye be wonɔ fewu ɖum le eŋu le esi wòle Mawu subɔm ta. Egblɔ be: “Mezu alɔmeɖenu ŋkeke blibo la, eye wo katã wole koyem.” Eya ta etso nya me be yeadzudzɔ dɔa wɔwɔ. Egblɔ be: ‘Mebe, maɖe ŋku ɖa le edzi, eye nyemagaƒo nu le Yehowa ƒe ŋkɔ me o.’ Gake ɖe wòdzudzɔ nyateƒea?

Yeremiya gblɔ be: ‘Yehowa ƒe nya la nɔa nye dzi me abe dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe nye ƒuwo me ene, etsɔtsɔ tia kɔ nam.’ (Yeremiya 20:7-9) Togbɔ be vɔvɔ̃ ɖoa Yeremiya ɣeaɖewoɣi hã la, lɔlɔ̃ si nɔ esi na Yehowa wɔe be mena ta o. Na míakpɔ ale si wokpɔ Yeremiya ta le esi mena ta o ta ɖa.

Yehowa gblɔ na Yeremiya be wòaxlɔ̃ nu dukɔa be, ne wometrɔ woƒe agbenɔnɔ vɔ̃ɖia o la, wole Yerusalem tsrɔ̃ ge. Esi Yeremiya gblɔ nya sia na wo la, ameawo do dziku gblɔ be: ‘Ŋutsu sia dze ku.’ Gake Yeremiya ƒo koko na wo be ‘woaɖo to Yehowa ƒe gbe.’ Emegbe egblɔ na wo be: ‘Ne míewum la, ekema minyae be, ame maɖifɔ ye miewu, elabena Mawue dɔm ɖe mia gbɔ.’ Ènya nu si va dzɔa?—

Biblia gblɔ be: “Amegãwo kple dukɔ blibo la gblɔ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo bena: Ŋutsu sia medze ku o, elabena eƒo nu na mí le Yehowa, mía Mawu ƒe ŋkɔ me.” Eya ta esi Yeremiya medzudzɔ dɔ si Yehowa ɖo nɛ la wɔwɔ o ta la, Yehowa kpɔ eta. Azɔ, na míakpɔ nu si dzɔ ɖe Uriya, si nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila bubu aɖe, si ya mewɔ nu abe ale si Yeremiya wɔe ene o la, dzi ɖa.

Biblia gblɔ be: ‘Uriya nɔ nya siwo tɔgbi Yeremiya gblɔ ɖi la gblɔm ɖe Yerusalem ŋu.’ Gake esi Fia Yoyakim do dziku ɖe Uriya ŋu la, ènya nu si Uriya wɔa?— Vɔvɔ̃ ɖoe, edzudzɔ dɔ si Mawu ɖo nɛ la wɔwɔ, eye wòsi yi Egipte. Eya ta fia la dɔ amewo be woayi aɖadii le afi ma ahakplɔe agbɔe. Esi wokplɔe gbɔ la, ènya nu si fia vɔ̃ɖi ma wɔa?— Ewu Uriya kple yi!—Yeremiya 26:8-24.

Èbui be nu ka tae Yehowa kpɔ Yeremiya ta evɔ mekpɔ Uriya ya ta o?— Nya lae nye be, ɖewohĩ vɔvɔ̃ ɖo Yeremiya abe ale si vɔvɔ̃ ɖo Uriya hã ene, gake Yeremiya ya medzudzɔ Yehowa subɔsubɔ hesi o. Mena ta o. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yeremiya wɔ nui la me?— Nu si míate ŋu asrɔ̃ tso eme ye nye be, ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu asesẽ na mí be míawɔ ɖe nya si Mawu gblɔ la dzi, gake ele be míaka ɖe edzi ahaɖo toe ɣesiaɣi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi aɖe la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.

Nyabiasewo:

○ Dɔ kae Mawu de asi na Yeremiya?

○ Nu ka tae Yeremiya va di be yeadzudzɔ dɔa wɔwɔ?

○ Nu ka tae Mawu kpɔ Yeremiya ta gake mekpɔ Uriya ya ta o?

○ Nu kae nèsrɔ̃ tso ale si Yeremiya wɔ nui la me?