Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xexea Me Katã Ƒe Kuxie, Woakpɔ Egbɔ Le Xexea Me Katã

Xexea Me Katã Ƒe Kuxie, Woakpɔ Egbɔ Le Xexea Me Katã

Xexea Me Katã Ƒe Kuxie, Woakpɔ Egbɔ Le Xexea Me Katã

MÍEKPƆA amewo kpea fu le afi sia afi, eye esia wɔa nublanui na ame geɖe wokpena ɖe ame siwo le fu kpem la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, dɔnɔdzikpɔlawo wɔa dɔ gbɔa woƒe dɔwɔɣeyiɣiwo ŋu be yewoakpe ɖe dɔnɔwo kple ame siwo dze afɔku la ŋu. Dzotsilawo, kpovitɔwo, sewɔlawo, kple ame siwo naa kpekpeɖeŋu le nudzɔdzɔ kpatawo me la dzea agbagba be yewoaɖe amewo ƒe fukpekpewo dzi kpɔtɔ alo akpɔ amewo ta tso fukpekpewo me. Ame siawo ƒe kutrikuku alea kpena ɖe ame ɖekaɖekawo ŋu le mɔ geɖewo nu, ke hã, ame aɖeke alo habɔbɔ aɖeke mate ŋu aɖe fukpekpewo ɖa keŋkeŋ le anyigba dzi o. Gake Mawu ya ate ŋui, eye ele wo ɖe ge ɖa le xexea me katã.

Míekpɔ esia ƒe kpeɖodzi le Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ me, afi si wogblɔ le be: “[Mawu atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Bu nu siwo gbegbe ŋugbedodo ma lɔ ɖe eme ŋu kpɔ. Eɖe tame si Mawu ɖo be yeaɖe fukpekpewo katã ɖa la fia. Awɔ esia to aʋawɔwɔ, dɔwuame, dɔléle, madzɔmadzɔnyenye, kple ame vɔ̃ɖiwo katã ɖeɖe ɖa le anyigba dzi me. Amegbetɔ aɖeke mate ŋu awɔ esia o.

Nu Si Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Ava Wɔ

Mawu ato Yesu Kristo, si wòfɔ tso ame kukuwo dome, ame si gakpɔ ŋusẽ wu le xexea me katã le eya ŋutɔ megbe, la dzi ana Eƒe ŋugbedodowo nava eme. Ɣeyiɣi li gbɔna, si me Yesu aɖu fia ɖe anyigba katã dzi eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu o. Dziɖuɖu si nu amegbetɔ siwo nye dunyahelawo, fiawo, alo dukplɔlawo le aɖeke magaɖu ameƒomea dzi ɣemaɣi o. Le esia teƒe la, Fia ɖeka kple dziɖuɖu ɖeka, si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ye aɖu ameƒomea dzi.

Fiaɖuƒe ma aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ɖe sia ɖe ɖa. Biblia gblɔ ɖi tso blema ke be: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Anyigbadzinɔlawo katã awɔ ɖeka le dziɖuɖu dzɔdzɔe ɖeka, si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea, te.

Esime Yesu nye amegbetɔ nɔ anyigba dzi la, eƒo nu tso Fiaɖuƒe ma ŋu zi geɖe. Eƒo nu tso eŋu le kpɔɖeŋugbedodoɖa si wòfia eƒe nusrɔ̃lawo la me hegblɔ na wo be woado gbe ɖa ale: “Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.” (Mateo 6:10) De dzesii be Yesu ɖee fia be Fiaɖuƒea ye ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, eye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wònye be woaɖe fukpekpewo ɖa keŋkeŋ le anyigba katã dzi.

Mawu ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea ahe yayra siwo amegbetɔ ƒe dziɖuɖu aɖeke mate ŋu ahe avae o la avae. Ðo ŋku edzi be Yehowa tsɔ Via xe fe ɖe ameƒomea ta be amegbetɔwo nate ŋu akpɔ agbe mavɔ. Le dɔmenyonyo ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖu sia te la, ʋɛʋɛʋɛ la, amewo ava zu ame deblibowo. Nu kae ado tso eme? Yehowa “ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.”—Yesaya 25:8.

Ame aɖewo abia be: ‘Nu ka tae Mawu mekpɔ wɔ nu sia haɖe o? Nu ka gbɔe wòtso be mewɔ naneke va se ɖe fifia o?’ Yehowa ate ŋu aɖe fukpekpewo ɖa alo axe mɔ na wo xoxoxo hafi. Ke hã, eɖe mɔ ɖe wo ŋu va se ɖe fifia, menye le ɖokuitɔdidi ƒe susu aɖeke ta o, ke boŋ esi wòdi be wòahe viɖe mavɔ avae na via siwo le anyigba dzi la tae. Dzila lɔ̃amewo alɔ̃ faa be yewo viwo nato nɔnɔme sesẽwo me ne wonyae be ava ɖe vi na ɖeviawo le agbe me emegbe hena ɣeyiɣi didi aɖe. Nenema kee susu nyui aɖewo tae Yehowa ɖe mɔ be amegbetɔwo nato fukpekpewo me ɣeyiɣi vi aɖe ɖo, eye woɖe susu siwo tae la me le Biblia me. Susuawo dometɔ aɖewoe nye ablɔɖe si le mía si be míatia nu si míadi be míawɔ, míaƒe nu vɔ̃ me nyenye, kple nya aɖe si fɔ ɖe te nenye be Yehowa dze aɖu eƒe nuwɔwɔwo dzi. Biblia na eme kɔ hã be woɖe mɔ be gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi aɖe naɖu xexea dzi ɣeyiɣi vi aɖe. *

Togbɔ be míate ŋu adzro susu siwo tae la katã me le nyati kpui sia me o hã la, nyateƒenya eve aɖewo ya li siwo ate ŋu ade dzi ƒo na mí ahana mɔkpɔkpɔ nasu mía si. Gbãtɔa ye nye esi: Yehowa ayra mí wòaƒo fu ɖe sia ɖe si míekpe va yi la ta sãsãsã. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ka ɖe edzi na mí be: “Womagaɖo ŋku [fukpekpe] tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o.” (Yesaya 65:17) Mawu aɖe nɔnɔme wɔnublanui kple fukpekpe siwo katã vɔ̃ɖinyenye si ŋu wòɖe mɔ ɖo hena ɣeyiɣi aɖe la he vae la ɖa keŋkeŋ tegbee.

Evelia ye nye esi: Mawu ɖo ɣeyiɣi aɖe, si matrɔ o la ɖi, si dzi wòaɖe fukpekpewo ɖa. Ðo ŋku edzi be nyagblɔɖila Xabakuk bia Yehowa be, va se ɖe ɣekaɣie wòaɖe mɔ ɖe ŋutasesẽ kple avuwɔwɔ ŋu ase ɖo mahã. Yehowa ɖo eŋu nɛ be: “Azãgbe [alo ɣeyiɣi ɖoɖi] li na ŋutega la . . . Mahe ɖe megbe o.” (Xabakuk 2:3) Abe ale si míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene la, “ɣeyiɣi ɖoɖi” ma tu aƒe.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 11 lia hena numeɖeɖe deto siwo ku ɖe susu siwo tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo la ŋu. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Aɖaka si le axa 7]

Mawunyakpukpui Siwo He Susu Yi Etsɔme Nyui Aɖe Dzi

AƲAWƆWƆ MAGANƆ ANYI O:

‘Miva kpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, ame si doa aƒedo anyigba, ame si tsia aʋawɔwɔwo nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.’—Psalmo 46:9, 10.

MÍAƑE AME VEVI SIWO KU LA AFƆ:

“Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15.

AME SIA AME AKPƆ NU AÐU:

“Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:16.

DƆLÉLE MAGANƆ ANYI O:

“Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.

AME VƆ̃ÐIWO NU AYI:

“Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”—Lododowo 2:22.

DZƆDZƆENYENYE AXƆ AƑE ÐI:

“Kpɔ ɖa, fia [Kristo Yesu] aɖu fia ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye amegãwo aɖu dzi ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.”—Yesaya 32:1.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Mawu ƒe Fiaɖuƒea afa akɔ na mí tso fukpekpe ɖe sia ɖe si me míeto va yi la me