Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fia David, Henɔ La

Fia David, Henɔ La

 Fia David, Henɔ La

NE ŊKƆ aɖe li si hea ame ƒe susu yia ale si haƒoƒo nɔ le ɣeyiɣi siwo me woŋlɔ Biblia me dzi la, ke eyae nye David, ŋutsu xɔŋkɔ aɖe si nɔ anyi anye ƒe 3,000 sɔŋ ye nye esi va yi. Le nyateƒe me la, nu siwo míenya tso ale si haƒoƒo nɔ ɣemaɣi ŋu la ƒe akpa gãtɔ tso Biblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe David ƒe dɔwɔwɔwo ŋu me—tso esime wònye alẽkplɔvi dzaa va ɖo ɣeyiɣi si me wòzu fia kple ɖoɖowɔla dzeaɖaŋu la dzi.

Nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ le David ƒe ŋutinya me ku ɖe ale si haƒoƒo nɔ le Biblia ŋlɔɣiwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, haƒonu kawoe woƒona, eye ha kawo ƒomevie wodzina? Akpa kae haƒoƒo wɔ le David ƒe agbenɔnɔ me, eye le mɔ si lolo wu nu la, akpa kae haƒoƒo wɔ le Israel dukɔa ƒe hadomenuwɔnawo me?

Akpa Si Haƒoƒo Wɔ Le Blema Israel

Zi geɖe la, ne ame nya ke nu be yeadzi ha aɖe ko la, ale si woƒo ha ɖe edzi la vaa eƒe susu me godoo. Ha gbogbo aɖewo me nyawo le Biblia me, evɔ nublanuitɔe la, womenya ale si woƒo ha ɖe wo dzi o. Kakaɖedzitɔe la, woanya nye haƒoƒo vivi dodzidzɔnamewo. Ale si atsiã si nu woŋlɔ Psalmowo ƒe agbalẽa ɖo la de ŋgɔe la ɖee fia be ha siwo woƒo ɖe wo dzi hã anya vivi ŋutɔ.

Nya ʋɛ aɖewo koe Biblia gblɔ tso haƒonuwo ya ŋu. (Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye  “Haƒonu Siwo Wozã Le Biblia Ŋlɔɣiwo.”) Womenya kasaŋku si ƒomevi David zã la hã tututu o. Gake anyo be míade dzesii be Israel viwo to haƒonu geɖewo vae, siwo dome saŋku xɔasi siwo wotsɔ ati kpa, siwo mebɔ kura o hã nɔ.—2 Kronika 9:11; Amos 6:5.

Gake kakaɖedzi le nu ɖeka ya ŋu, eyae nye be, haƒoƒo wɔ akpa vevi aɖe le Hebritɔwo ƒe agbe me, vevietɔ le woƒe Mawu subɔsubɔ me. Woƒoa ha le fiaɖoɖo zi dzi kple subɔsubɔ  wɔnawo me, eye haƒoƒo wɔa akpa vevi aɖe le aʋawɔwɔ hã me. Woƒoa ha tsɔ doa dzidzɔ na fia kple eŋumewo le fiasã me. Haƒoƒo nana srɔ̃kpekpewo kple ƒomekplɔ̃ɖoɖowo vivina, eye enaa dzidzɔkpɔkpɔ nɔa waintsetse kple nukuŋeŋe ƒe ŋkekenyuiɖuɣiwo hã. Nublanuitɔe la, wozã haƒoƒo le wɔna maɖɔʋuwo hã me. Mlɔeba la, ne ame aɖe ku la, haƒoƒo faa akɔ na ame siwo le nu xam le amea ƒe ku ta.

Le Israel la, haƒoƒo wɔ akpa bubu aɖe hã. Wonyae be haƒoƒo tea ŋu wɔa dɔ ɖe nyagblɔɖilawo ƒe susu dzi eye wònana wotea ŋu xɔa gbedeasi tso Mawu gbɔ. Esime wonɔ kasaŋku ƒom na Elisa ye wòxɔ gbedeasi tso Yehowa gbɔ. (2 Fiawo 3:15) Wozãa haƒoƒo hã tsɔ ɖea gbeƒã azã tɔxɛwo. Wokua klosalokpẽ eve tsɔ ɖea gbeƒã dzinu yeyewo kple ŋkekenyuiwo. Ne Aseyetsoƒea ɖo la, wokua lãdzo tsɔ ɖea gbeƒã ablɔɖe na kluviwo eye be woagbugbɔ anyigba kple aƒe siwo amewo dzra va yi la ana wo. Ne ame dahewo se kpẽkukua wòɖe gbeƒãe be woana ablɔɖe wo alo atrɔ woƒe nuwo ana wo la, aleke gbegbe dzi adzɔ woe nye esi!—3 Mose 25:9; 4 Mose 10:10.

Israel vi aɖewo anya nye haƒola alo hadzila bibiwo. Le nyateƒe me la, Asiriatɔwo ƒe nukpakpa aɖe ɖee fia be Fia Sanxerib bia tso Fia Xizkiya si be wòatsɔ ŋutsu kple nyɔnu haƒolawo axe adzɔ na ye. Edze abe haƒola bibiwoe ame siawo nye ene. Gake David ye ɖe dzesi wu le haƒola bibitɔwo dome.

David Nye Haƒola Bibi Aɖe

David ɖe dzesi ŋutɔ elabena enye haƒola eye wòganye hakpanyaŋlɔla hã. Wogblɔ be eyae ŋlɔ psalmo siwo le Biblia me ƒe akpa gãtɔ. Esime wònye ɖevi la, enye alẽkplɔla, eye nu siwo wòkpɔ le alẽwo ƒe gbeɖuƒe le Betlexem la tsi eƒe susu me. Ekpɔ dzidzɔ si le toɖoɖo tɔsisi suewo ƒe sisi kple alẽwo ƒe xɔxlɔ̃ ne eyɔ wo la me. Kpɔɖeŋuhaƒoƒo siawo siwo wòsena le nuto siwo ƒo xlãe me la wɔ dɔ ɖe edzi, eye esia ʋãe wòte kasaŋkuƒoƒo eye wòdzia ha tsɔ kafua Mawu. Aleke gbegbe wòawɔ dɔ ɖe ame dzii enye esi be wòase ha si David ƒo ɖe Psalmo 23 lia dzi!

Esime David nye ɖekakpui la, eƒoa kasaŋku nyuie ale gbegbe be wokafui na Fia Saul wòxɔe be wòava nɔ ha ƒom na ye. Esi Saul tsi dzimaɖi eye eƒe susu tɔtɔ la, David tsɔ eƒe saŋku nɔ ha vivi fakɔnamewo ƒom nɛ, si na eƒe dzi dze eme. Nu baɖabaɖa siwo nɔ fu ɖem na Saul ƒe susu la nu tso, eye eƒe susu dze akɔ anyi.—1 Samuel 16:16.

Haƒoƒo, si David lɔ̃na vevie, si naa wòkpɔa dzidzɔ ŋutɔ la, hea kuxiwo vanɛ ɣeaɖewoɣi. Gbe ɖeka la, esime David kple Saul ɖu dzi le aʋa aɖe si wowɔ kple Filistitɔwo me eye wotrɔ gbɔna la, amewo dzi aʋadziɖuha kple dzidzɔha aɖe wòge ɖe fia la ƒe to me. Nyɔnuwo nɔ  ha dzim be: “Saul wu akpe, Dawid wu akpe nane!” Esia wɔe be Saul do dziku vevie eye wòte ŋuʋaʋã David, eye ‘tso gbe ma gbe la, Saul va nɔa Dawid kpɔm ɖe ƒomevii.’—1 Samuel 18:6-9.

Haƒoƒo Wɔa Dɔ Ðe David Dzi

Ha siwo gbɔgbɔ ʋã David wòkpa la de ŋgɔ le mɔ geɖe nu. Eƒe hawo dometɔ aɖewo nye psalmo siwo nana wodea ŋugble, kple esiwo ɖea ale si agbenɔnɔ nɔna le gbeɖuƒe damawo fiana. Psalmoawo dometɔ aɖewo nye kafukafunyawo eye ɖewo nye ŋutinya me nudzɔdzɔwo; wo dometɔ aɖewo ku ɖe waintsetsewo xaxa dzidzɔtɔe ŋu eye bubuwo hã ku ɖe fiasã ŋu kɔkɔ ƒe wɔna kpeɖiwo ŋu; wo dometɔ aɖewo me nyawo ku ɖe nu siwo me hakpalaa to ŋu eye bubuwo hã ƒo nu tso mɔkpɔkpɔ siwo nɔ esi la ŋu; nenema ke ɖewo nye nubiabia Mawu le gbedodoɖa me eye bubuwo nye kokoƒoƒowo. (Kpɔ Psalmo 32, 23, 145, 8, 30, 38, 72, 51, 86.) Esi Saul kple via Yonatan ku la, David kpa konyifaha aɖe si wòna ŋkɔe be “Aŋutrɔdaha La,” si dze egɔme ale: “Oo Israel, wowu wò atsyɔ̃ɖoɖo le wò togbɛwo dzi.” Wodzii kple nublanuigbe. David nya ale si wòate ŋu ato hadzidzi kple saŋkuƒoƒo dzi aɖe seselelãme vovovowo afia.—2 Samuel 1:17-19.

Esi David nye ame aɖe si wɔa nu dzonɔamemetɔe ta la, elɔ̃ ha siwo doa dzidzɔ na ame, siwo me agbe le, siwo woƒo ɖe ɖoɖo nyui nu. Esime wotsɔ nubablaɖaka la gbɔna Zion la, David nɔ kpo tim henɔ ɣe ɖum kple ŋusẽ katã tsɔ ɖe ale si gbegbe wòkpɔ dzidzɔ ɖe wɔnaa ŋui la fia. Biblia ƒe nuŋlɔɖia ɖee fia be ha si ƒom wonɔ la anya ʋã ame ale gbegbe. Àte ŋu akpɔ nɔnɔmea ɖaa le susu mea? Esia wɔe be srɔ̃a Mixal he nya ɖe eŋu. Gake David  ya metsɔ ɖeke le eme o. Elɔ̃ Yehowa, eye haƒoƒo sia si na dzidzɔ yɔ eme fũu la na wònɔ kpo tim le eƒe Mawu ŋkume.—2 Samuel 6:14, 16, 21.

Le esiawo katã megbe la, David gaɖe dzesi le ale si wòto haƒonu yeyewo vae la me. (2 Kronika 7:6) Le wo katã me la, edze ƒãa be David nye aɖaŋudɔwɔla bibi aɖe si si ŋutete tɔxɛwo nɔ; enye haƒonuwɔla, hakpanyaŋlɔla, hakpala, eye wòganye haƒola kple hadzila hã. Ke hã, David gawɔ nu siwo de ŋgɔ wu gɔ̃ hã.

Hadzidzi Kple Haƒoƒo Le Gbedoxɔ Me

Nu si wotsɔ ɖoa ŋku David dzi ye nye ale si wòwɔ ɖoɖo ɖe hadzidzi kple haƒoƒo ŋu le Yehowa ƒe aƒea me. Etsɔ Asaf, Heman, kple Yedutun (si wòdze ƒãa be wogayɔna be Etan) ɖo hadzila kple haƒola 4,000 nu. David tia ame siawo dometɔ 288 siwo nye ha ŋuti nunyala bibiwo kpe ɖe tatɔ etɔ̃awo ŋu, eye woawo koŋue naa hehe ƒuƒoƒoa me tɔ susɔeawo hekpɔa wo dzi. Hadzila kple haƒola 4,000 la katã nɔa gbedoxɔa me le ƒezã gã etɔ̃awo ɖuɣi. Kpɔ ale si gbegbe hadziha gã ma ƒe hadzidzi anya see ɖa!—1 Kronika 23:5; 25:1, 6, 7.

Ŋutsuwo koe dzia ha le gbedoxɔa me. Nyagbɔgblɔ si nye, “ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu,” si dze le Psalmo 46 lia ƒe kpukpui gbãtɔ me la fia be woatsɔ gbe vi adzii alo woatsɔ haƒonu si ƒe ɖiɖi dea dzi aƒoe. Wo katã wowɔ ɖeka dzi ha abe ale si wogblɔe le 2 Kronika 5:13 (NW) ene be: “Hadzilawo wɔ ɖeka na woƒe gbe ɖi ɖekae.” Hadzidziawo tea ŋu nyea hadzidzi siwo me wodzia gbe vovovoawo le, abe Psalmo 3 lia kple David ƒe psalmo bubu geɖewo ene, eye ɣeaɖewoɣi la, haxewo kpena ɖe wo ŋu, abe ale si wòle le Psalmo 42:6, 12 kpakple 43:5 ene. Wolɔ̃a ha siwo hadziha siwo woma ɖe akpa eve me dzina ɖe wo nɔewo yome alo esiwo ame ɖekaɖekawo dzina ɖe wo nɔewo yome la hã dzidzi. Nenemae wodzia Psalmo 24 lia, si ɖikeke mele eme o be David kpa be woadzi esime wòtsɔ nubablaɖaka la va Zion.—2 Samuel 6:11-17.

Gake menye Lewi viwo koe dzia ha o. Dukɔa ye dzia ha ne wole mɔ dzi yina Yerusalem hena ƒezãwo ɖuɖu. Ðewohĩ esiae nyagbɔgblɔ “Mɔzɔha” fia. (Psalmo 120 va se ɖe 134) Le  kpɔɖeŋu me, le Psalmo 133 lia me la, David kafu nɔviwɔwɔ si me Israel viwo sea vivi le le ɣeyiɣi mawo me. Edze egɔme kple nya siawo be: “Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!” Dze agbagba nàkpɔ ha si tɔgbi woƒo ɖe hadzidzi sia dzi la le susu me ɖa!

Haƒoƒo Le Tadedeagu Na Yehowa Me

Biblia me nyawo ƒe akpa ɖeka le ewo me nye hadzidzi siawo tɔgbi, eye Psalmowo ƒe agbalẽa de dzi ƒo na amegbetɔwo katã be woadzi kafukafuhawo. (Psalmo 150) Ŋusẽ le haƒoƒo ŋu be wòana ame naŋlɔ eƒe dzimaɖitsitsiwo be, eye hadzidzi ate ŋu anɔ abe dɔmi ene ada gbe le ame ƒe dzi si xɔ abi ŋu. Ke hã, Biblia de dzi ƒo hã be ame siwo le dzidzɔ kpɔm la nadzi kafukafuhawo.—Yakobo 5:13.

Hadzidzi nye mɔ aɖe si dzi ame tona ɖea eƒe mawudzixɔse kple lɔlɔ̃ si le esi na Mawu la fiana. Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, woa kple eƒe apostoloawo dzi ha le fiẽnuɖuɖua megbe. (Mateo 26:30) Gbe vivi ka gbegbee nye esi anya nɔ David Vi la—eya ame si nya ale si dziƒodɔlawo dzia kafukafuha na Mawui—la si! Anɔ eme be ha siwo woyɔna be Hallel, siwo nye Psalmo 113 va se ɖe 118 ye wodzi. Ne nenemae la, ke esime Yesu kple apostoloawo, siwo ya menya nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge o la, nɔ haawo dzim la, Yesu ya anya kɔ gbe dzi adzi haa ƒe akpa si nye: “Melɔ̃ Yehowa, elabena eɖo to nye gbe kple nye kokoƒoƒo. . . . Ku ƒe kawo ɖe to ɖem, tsiẽƒe ƒe ŋɔdzi lém. . . . Oo Yehowa, ɖe nye luʋɔ!”—Psalmo 116:1-4.

Menye amegbetɔwoe to haƒoƒo vae o. Biblia ƒo nu tso haƒoƒo kple hadzidzi le dziƒowo, afi si gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo ƒo xlã Yehowa ƒe fiazikpuia ƒoa kpɔɖeŋukasaŋkuwo hedzia kafukafuhawo le la ŋu. (Nyaɖeɖefia 5:9; 14:3; 15:2, 3) Yehowa Mawu ye na haƒoƒo ƒe ŋutete ameƒomea, eyae ƒã haƒoƒo ƒe didi ɖe woƒe dzi me, eye eyae de haƒonuwo ƒoƒo alo hadzidzi ƒe dzodzro si womate ŋu axe mɔ na o la wo me. Ƒo wo katã ta la, Mawu ƒe nunanae hadzidzi kple haƒoƒo nye na xɔsetɔwo.—Yakobo 1:17.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

‘Gbe si gbe miele dzidzɔ kpɔm, alo miele ŋkekenyuie ɖum la, miaku kpẽwo.’—4 MOSE 10:10

[Nya si ɖe dzesi si le axa 28]

“Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehiãam o. Lãnyiƒe damawo wòna metsyɔ akɔ ɖo; gbɔɖemeƒe tɔwo nu wòkplɔm yii.”—PSALMO 23:1, 2

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

“Ame akpe ene natsɔ hadzinu, siwo mewɔ hena kafukafuha la, akafu Yehowa.”—1 KRONIKA 23:4, 5

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

David to hadzidzi kple saŋkuƒoƒo dzi ɖe seselelãme vovovowo fia

[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]

‘Mikafu Yehowa! Mitsɔ asiʋui kple ɣeɖuɖu kafui. Nu sia nu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa!’—PSALMO 150:1, 4, 6

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

 Haƒonu Siwo Wozã Le Biblia Ŋlɔɣiwo

Wozãa kasaŋku ƒomevi vovovo siwo nye saŋkuwo, saŋku kaetɔ̃tɔwo, kple saŋku kaewotɔwo. (Psalmo 92:4) Wotrɔ asi le wo ŋu be woaƒo wo ɖe Alamot kple Seminit dzi, ɖewohĩ nyagbɔgblɔ siawo fia gbeɖiɖi kɔkɔtɔ alo vitɔ, kple gbeɖiɖi bɔbɔetɔ alo gãtɔ. (1 Kronika 15:20, 21, NW) Haƒonu siwo wotsɔ ayawa wɔ kple esiwo me woɖoa ƒuƒu ɖo la dometɔ aɖewoe nye dzewo, lãdzowo, kpakple kpẽ, siwo ɖina sesĩe. (2 Kronika 7:6; 1 Samuel 10:5; Psalmo 150:3, 4) Le gbedoxɔa ŋu kɔɣi la, kpẽawo kple hadzilawo ƒe gbe ɖi “zi ɖeka yoo.” (2 Kronika 5:12, 13) Esia fia be wodzi ha kple gbe ɖeka eye gbe bubu aɖeke metɔtɔe o. Haƒonu siwo woƒona kple asi la dometɔ aɖewo nye axatsɛwo kple nyawowoe, aya ƒomevi aɖe, kpakple ‘haƒonu siwo wotsɔ sesewu wɔe.’ Wozãa gakogoewo hã—gakogoe suewo ‘siwo ƒe gbe vivina’ kple gakogoe gãtɔwo “siwo ɖina sesĩe.”—2 Samuel 6:5; Psalmo 150:5.

[Nɔnɔmetatawo]

Etame: Tito ƒe Ŋkuɖodzikpe si le Rome, Italy, si dzi wota kpẽ siwo wotsɔ tso Yerusalem gbedoxɔa me le ƒe 70 Mía Ŋɔli me la ɖo. Gaku siwo wotu le ƒe 130 Mía Ŋɔli me lɔƒo siwo dzi wota Yudatɔwo ƒe haƒonuwo ɖo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Gakuawo: © 2007 by David Hendin. Míawo koe kpɔ mɔ atae.