Ðe Nunyala Etɔ̃ Yi Ðasrã Yesu Vidzĩ La Kpɔ Nyateƒea?
Exlẽlawo Bia Be
Ðe Nunyala Etɔ̃ Yi Ðasrã Yesu Vidzĩ La Kpɔ Nyateƒea?
Le xexea me godoo la, ne amewo le nu ƒom tso Kristmas ŋu la, wogblɔna be esime wodzi Yesu la, fia etɔ̃ alo nunyala etɔ̃, tsɔ nunana xɔasiwo ɖe asi vae na Yesu vidzĩ la. Ðe ŋutinya sia nye nyateƒea? Ðe nya sia wɔ ɖeka kple nu siwo dzɔ ŋutɔŋutɔa? Na míakpɔe ɖa.
Nya Nyui Gbalẽ eve, siwo nye Mateo kple Luka, ye ƒo nu tso Yesu dzidzi ŋu. Nuŋlɔɖi siawo ɖee fia be alẽkplɔla tsɛ siwo nɔ gbedzi, afi si te ɖe teƒe si wodzi Yesu le ŋu la koe yi ɖasrãe kpɔ esime wodzii. Le nyateƒe me la, ɣletivimefakalawoe ame siwo wogblɔna be wonye fiawo, alo nunyalawo la nye, ke menye fiawo wonye o, eye womeyɔ woƒe xexlẽme hã o. Menye vidzĩ si le lãnuɖunu mee ɣletivimefakalawo yi ɖakpɔ o, ke boŋ esime woyi la, Yesu tsi zu ɖevi sue nɔ aƒe aɖe me. Woƒe afi ma yiyi de Yesu ƒe agbe afɔku me gɔ̃ hã!
Lé ŋku ɖe nuŋlɔɖi si Biblia ŋlɔla Luka ŋlɔ ku ɖe Yesu dzidzi ŋu nyuie nàkpɔ, eye àkpɔe be afi ma gblɔ be: “Alẽkplɔlawo . . . le gbedadaƒo, nɔ woƒe lãhawo ŋu dzɔm le zã me. Kasia, Yehowa ƒe dɔla va tsi tsitre ɖe wo gbɔ, . . . gblɔ na wo be: ‘. . . Miakpɔ vidzĩ si ŋu woxatsa avɔ ɖo, si wotsɔ mlɔ lãnuɖunu me.’ . . . Eye woɖe abla yi, eye wokpɔ Maria kple Yosef kpakple vidzĩ, si nɔ anyimlɔƒe le lãnuɖunu me la.”—Luka 2:8-16.
Yosef, Maria, kple alẽkplɔlawo koe nɔ Yesu vidzĩ la gbɔ. Luka megayɔ ame bubu aɖeke kpe ɖe wo ŋu le eƒe nuŋlɔɖia me o.
Azɔ lé ŋku ɖe Yesu dzidzi ƒe nuŋlɔɖi si dze le Mateo 2:1-11 le Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me me ŋu nàkpɔ; afi ma gblɔ be: “Ke esi wodzi Yesu le Betlexem le Yudea, le fia Herodes ŋɔli la, kpɔ ɖa, nunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem . . . Eye esi woyi ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria.”
De dzesii be ɖeko nuŋlɔɖia gblɔ be “nunyalawo” va, ke megblɔ be wonye “nunyala etɔ̃” o, eye esi wotso ɣedzeƒe la, Yerusalem ye woyi gbã, ke menye Betlexem, du si me wodzi Yesu le ye woyi o. Kaka woava ɖo Betlexem la, Yesu tsi zu “ɖevi”—meganye vidzĩ ɣemaɣi o—eye meganɔ lãkpo me o, ke boŋ aƒe mee wònɔ.
Gakpe ɖe eŋu la, esime Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me nɔ nu ƒom tso amedzro siwo va srã Yesu kpɔ ŋu la, eyɔ wo be “nunyalawo,” evɔ Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo ya zã “Akunyawɔlawo” alo “ɣletivimefakalawo.” Le mɔfiamegbalẽ aɖe si ƒo nu tso Mateo ƒe nuŋlɔɖia ŋu ƒe nya nu la, ŋkɔnya “nunyalawo” nye nya si gɔme woɖe tso “Helagbe me nya si wozãna na Persia nunɔla siwo bi ɖe ɣletivimefakaka me.” (A Handbook on the Gospel of Matthew) Eye nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe nya sia gɔme be “adzetɔ, dzotɔ, akunyawɔla, ame si bi ɖe adzewɔwɔ me.”—The Expanded Vine’s Expository Dictionary of New Testament Words.
Togbɔ be ɣletivimefakaka kple adzewɔwɔ gabɔ egbea ŋutɔ hã la, Biblia xlɔ̃ nu be míagakpɔ gome le wo me o. (Yesaya 47:13-15) Wonye gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi aɖewo kple nuwɔna siwo Yehowa Mawu lé fui. (5 Mose 18:10-12) Esia tae mawudɔla aɖeke meɖe gbeƒã Yesu dzidzia na ɣletivimefakala siawo o ɖo. Gake Mawu xlɔ̃ nu ɣletivimefakalaawo le drɔ̃e me be woagagbugbɔ ayi aɖana nyatakaka aɖeke Fia Herodes vɔ̃ɖi la o, le esi wòle didim be yeawu Yesu ta. Eya ta “woto mɔ bubu gbugbɔ yi wo de.”—Mateo 2:11-16.
Ðe Kristotɔ vavãwo adi be yewoanɔ nyakpakpa siwo trɔ gbo Yesu dzidzi ŋuti nyateƒea la dom ɖe ŋgɔa? Kakaɖedzitɔe la, ŋuɖoɖoa ye nye oa.