Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tɔƒodede Le Galilea ƒua Dzi

Tɔƒodede Le Galilea ƒua Dzi

 Tɔƒodede Le Galilea ƒua Dzi

ALEKEE agbenɔnɔ nɔna na Galilea Ƒua dzi tɔƒodela le ƒe alafa gbãtɔa me? Ŋuɖoɖoa na numekɔkɔ geɖe mí ku ɖe Nya Nyui Gbalẽawo me nuŋlɔɖi geɖewo ŋu, abe esi ŋu woƒo nu tso le nyati si do ŋgɔ me ene.

Le nyateƒe me la, “ƒu” sia nye ta si menye dzetsi o, si ƒe didime nye kilometa 21 eye wòkeke kilometa 12. Ɣeyiɣi didi aɖee nye ema si tɔƒodelawo ɖea lã le ta sia si me tɔmelãwo bɔ ɖo taŋ la me. Anɔ eme kokoko be Yerusalem ƒe Tɔmelãgbo la nye afi si wodzraa tɔmelãwo le. (Nexemiya 3:3) Galilea Ƒu la mee woɖea tɔmelã siwo wodzrana le afi ma la dometɔ aɖewo le.

 Du aɖe si le Galilea Ƒua to, si woyɔna be Betsaida, si gɔmee anya nye “Tɔƒodelawo Ƒe Aƒe” la mee apostolo Petro tso. Du bubu si hã nɔ ta sia toe nye Magadan, alo Magdala, si me Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo yi le eƒe zɔzɔ le tsia dzi megbe. (Mateo 15:39) Le agbalẽŋlɔla aɖe ƒe nya nu la, woate ŋu aɖe Hela ŋkɔ si le du sia si gɔme be “Du Si Me Wotrɔa Asi Le Tɔmelãwo Ŋu Le.” Exɔ ŋkɔ le tɔmelãwo ŋuti dɔwɔƒe siwo le afi ma la ta, eye wònye afi si wosiaa lã siwo woɖe le nutoa me la le hedea dze wo—alo dea wo dzetsi me le anyize aɖe me. Wodea tɔmelã siawo siwo ŋu wotrɔ asi le alea la tɔdziʋu heɖoa wo ɖe Israel dukɔa ƒe teƒe ɖe sia ɖe kloe kpakple dukɔ bubuwo gɔ̃ hã me.

Eya ta lãwo ɖeɖe, asitɔtrɔ le wo ŋu, kple wo dzadzra nye asitsadɔ gã aɖe le Galilea le Yesu ƒe ɣeyiɣiawo me. Ele bɔbɔe be ame nasusui be esia hea ga geɖe vanɛ na ame geɖewo le nutoa me. Gake mele nenema kokoko o. Agbalẽnyala aɖe gblɔ tso lãɖeɖe ŋu be: “Menye ‘ɖokuisidɔ si hea ga vanɛ na ewɔla ŋutɔ koe wònye,’ abe ale si ame siwo xlẽa Nubabla Yeyea egbea asusui ene o.” Enye “dɔ si le dziɖuɖua ƒe dzikpɔkpɔ te, si me ameŋkutawo kpɔa viɖe tso.”

Herodes Antipa ɖua Galilea dzi abe nutomedziɖula si Roma dziɖuɖua ɖo ene. Eya ta eyae kpɔ ŋusẽ ɖe mɔdodowo, melidzeƒewo, kple tomenukuƒewo, avewo, agblewo, lãɖeɖedɔ, kple nu bubuwo dzi. Herodes xɔa adzɔ geɖewo ɖe nu siawo ta. Míenya nu geɖe tso adzɔxɔɖoɖo siwo nɔ Galilea le ƒe alafa gbãtɔa me ŋu o. Gake edze abe adzɔxɔxɔ ƒe ɖoɖo siwo ŋu dɔ Herodes wɔna la meto vovo boo tso Hela dziɖulawo tɔ alo esiwo ŋu dɔ Romatɔwo wɔna le woƒe ɣedzeƒenuto bubuawo me la gbɔ o ene. Viɖe siwo wokpɔna tso dɔ siwo hea ga vanɛ kple nutoa ƒe dzɔdzɔmenuwo zazã me la ƒe akpa gãtɔ anya yina ɖe ame ŋkutawo boŋ si me tsɔ wu ame tsɛ siwo wɔa dɔa ƒe akpa gãtɔ si me.

Adzɔxexe Ƒe Agba La

Le Yesu ƒe ŋkekeawo me la, Galilea nyigba la ƒe teƒe nyuitɔwo nyea ame ŋkutawo tɔ, eye woma teƒe siawo ɖe nuto gãwo me, eye Herodes Antipa tsɔa wo naa eƒe dukɔa ƒe ame ŋkutawo kple ame vevi bubuwo. Herodes teviwo sie wodzɔa ga le tsɔ kpɔa agbe kɔkɔ si wònɔna, xɔ gã siwo wòtuna, eƒe dukplɔɖoɖo deŋgɔawo, kple gakpekpeɖeŋu siwo wònaa exɔlɔ̃wo kple dugãwo la katã ŋuti gazazãwo gbɔe. Wogblɔ tso adzɔ kple mɔtaho siwo woxɔna le ame tsɛwo si le dukɔa me ŋu be enye esi gbɔ eme.

Herodes kee kpɔa ŋusẽ ɖe ta kple tɔsisi siwo le dukɔa me la ŋu dɔ wɔwɔ dzi. Eya ta eya ŋutɔ alo ame ŋkuta siwo si me nuto vovovo siwo wòtsɔ na abe nunanawo ene le la ƒe ŋusẽ tee wowɔa tɔƒodededɔwo le. Le nuto siwo nɔ eƒe dzikpɔkpɔ te tẽe gome la, adzɔxɔlawo ƒe amegãwo—siwo si adzɔxɔxɔ ƒe gomenɔamesiwo suna to asi gã ƒoƒo ɖe gome sia  ƒe amesisusu ŋu me—ƒe ŋku mee wòkpɔ be woaka ga na amewo hafi woaɖe mɔ na wo be woanɔ tɔƒo dem le afi ma. Ame aɖewo do susua ɖa be esi wònye Kapernaum—si nye tɔƒodeƒe vevi aɖe le Galilea Ƒua dzi—ye Mateo nye adzɔxɔla le ta la, anɔ eme be adzɔxɔlawo ƒe amegã mawoe wòwɔa dɔ na abe ame si “xɔa adzɔ le ame siwo si tɔƒodede ƒe gomenɔamesi le” le nutoa me la si ene. *

Kpeɖodzi siwo ŋu woke ɖo le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia D.M.Ŋ. me la ɖee fia be zi geɖe la, adzɔ siwo woxɔna le Palestina la nyea esiwo wotsɔa nunɔamesiwo xena ɖe ga teƒe. Eya ta tɔƒodela aɖewo tsɔa lã siwo woɖe la ƒe alafa memama 25 va ɖo 40 lɔƒo xea fee ɖe mɔ si woɖe na wo be woaɖe lã la ta. Blemanuŋlɔɖiwo ɖee fia be le nuto aɖewo siwo nɔ Romatɔwo ƒe ŋusẽ te me la, dukɔa ye kpɔa ŋusẽ ɖe tɔƒodededɔ si dzi amegã aɖewo kpɔna la dzi. Le Pisidia la, dzɔla aɖewo nɔa anyi siwo kpɔa egbɔ be ame siwo womeɖe mɔ na o la nagava ɖe lã le teƒea o, eye be tɔƒodela siwo woɖe mɔ na be woaɖe lã le afi ma la nadzra woƒe lãwo na lãƒledzrala siwo dukɔa ɖe mɔ na hexɔa adzɔ le wo si la ko.

Numekukuwɔla aɖe gblɔ be ŋusẽkpɔkpɔ ɖe nutoa dzi kple adzɔ siawo siwo woxɔna la wɔe be tɔƒodede ƒe “viɖewo ƒe akpa gãtɔ va yia fia la alo ame siwo ƒe ŋkɔ me nutoawo le la si me, eye viɖe sue aɖe koe tɔƒodelaawo ŋutɔ kpɔna.” Dɔ bubu wɔlawo hã xea adzɔ gã siawo tɔgbi, si wɔe be womekpɔa viɖe boo aɖeke tso woƒe dɔwɔnawo me o. Adzɔxexe menye nu si doa dzidzɔ na exelawo gbeɖe o. Gake ɖikeke mele eme o be ale si adzɔxɔlawo zu kesinɔtɔwo to woƒe anukwaremaɖimaɖi kple ŋukeklẽ si dzi wotona tafaa ame tsɛwo le adzɔxenyawo me dzi la tae amewo léa fu wo kaɖikaɖi abe ale si wòdze le Nya Nyui Gbalẽawo me ene.—Luka 3:13; 19:2, 8.

Tɔƒodela Siwo Ŋu Woƒo Nu Tso Le Nya Nyui Gbalẽawo Me

Nya Nyui Gbalẽawo ɖee fia be dɔwɔhatiwo nɔ Simon Petro si le eƒe tɔƒodededɔa me. Ame siwo va kpe ɖe Petro ŋu wohe lã gbogbo siwo woɖe nukutɔe la nye “wo tɔ siwo nɔ tɔdziʋu kemɛa me.” (Luka 5:3-7) Agbalẽnyalawo ɖe nu me be “tɔƒodela vovovowo ate ŋu awɔ ɖeka axɔ tɔƒodede ŋuti gomenɔamesi la abe ‘dɔwɔhatiwo’ . . . ene.” Anɔ eme be aleae Petro kple Andrea, kple Zebedeo viwo, kpakple woƒe dɔwɔhatiwo wɔ ɖeka xɔ tɔƒodede ƒe gomenɔamesi lae.

Ŋɔŋlɔawo megblɔe tẽe nenye Galilea tɔƒodela siawo ŋutɔ tɔe tɔdziʋuawo kple dɔwɔnu siwo wozãna la nye o. Ame aɖewo xɔe se be anye woawo ŋutɔwo tɔe. Le nyateƒe me la, wogblɔ tso Yesu ŋu be eɖo tɔdziʋu aɖe “si nye Simon tɔ.” (Luka 5:3) Ke hã, nyati aɖe si dzro nya sia me koŋ la gblɔ be, “ate ŋu anɔ eme be adzɔxɔlawo ƒe amegãwo tɔe tɔdziʋuawo nye eye woawoe tsɔe na tɔƒodelaawo be woazã.” Aleke kee wòɖale o, Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso Yakobo kple Yohanes ŋu be wonɔ woƒe ɖɔwo sam. Anɔ eme be tɔƒodelawo ŋutɔ hã ƒoa asi ɖe ale si woadzra woƒe lãwo ŋu, eye ne ehiã la, woxɔa apadɔwɔlawo.

Eya ta ƒe alafa gbãtɔ me Galilea tɔƒodelawo ƒe dɔa lɔ nu geɖe ɖe eme wu ale si míabui. Menye ɖokuisidɔ aɖe koe woƒe tɔƒodededɔa nye o, ke boŋ elɔ ame vovovo siwo wòɖea vi na la hã ɖe eme. Esia nyanya naa gɔmesese deto sua mía si ku ɖe Nya Nyui Gbalẽawo me nuŋlɔɖiwo kple nya siwo Yesu gblɔ tso tɔƒodelawo kple tɔƒodede ŋu la ŋuti. Gawu la, numekɔkɔ siawo kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ ŋudzedze ɖe xɔse si gbegbe Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes woɖe fia la ŋu. Tɔƒodede nue wonɔa agbe ɖo. Aleke kee woƒe ganyawo ɖanɔ esime Yesu yɔ wo o, wolɔ̃ faa ɖe asi le woƒe lãɖeɖedɔa, si nye dɔwɔɖui si me wokpɔa ga tso la ŋu heva zu “ameɖelawo.”—Mateo 4:19.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Anɔ eme be apostolo Petro ʋu tso Betsaida va Kapernaum, afi si woa kple nɔviaŋutsu Andrea kpakple Zebedeo viwo wonɔ tɔƒo dem le. Yesu hã nɔ Kapernaum hena ɣeyiɣi aɖe.—Mateo 4:13-16.

[Anyigbatata si le axa 25]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Hula-ta

Bethsaida

Kapernaum

Magadan

Galilea-ƒu

Yerusalem

Ƒukukua

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Todd Bolen/​Bible Places.com

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 26]

Todd Bolen/​Bible Places.com