Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe La?

Nu Kae Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe La?

Nu Kae Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe La?

YESU bia eƒe nusrɔ̃lawo gbe ɖeka be: “Vifofo kae le mia dome, si ne via bia tɔmelãe la, ɖewohĩ wòatsɔ da anae ɖe tɔmelã teƒe? Alo ne ebia koklozi hã la, wòatsɔ dziɖegbe anae?” (Luka 11:11, 12) Ðevi siwo nɔ Galilea ɣemaɣi la lɔ̃a koklozi kple tɔmelãwo ɖuɖu; eye wonya nu si nu siawo nye la nyuie.

Yesu gblɔ be ele be míayi edzi anɔ gbɔgbɔ kɔkɔea biam abe ale si ɖevi si dɔ le wuwum la biaa nuɖuɖu atraɖii ene. (Luka 11:9, 13) Nu si tututu gbɔgbɔ kɔkɔea nye gɔme sese nyuie ana míanya akpa vevi si wòate ŋu awɔ le míaƒe agbe me. Eya ta gbã la, na míadzro nu si Biblia fia mí tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la me.

“Dziƒoʋĩtɔ La Ƒe Ŋusẽ”

Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ ƒãa be gbɔgbɔ kɔkɔea nye ŋusẽ si Mawu zãna tsɔ naa eƒe lɔlɔ̃nu vaa eme. Esi mawudɔla Gabriel gblɔ na Maria be adzi ŋutsuvi, togbɔ be enye ɖetugbui nɔaƒe hã la, egblɔ nɛ be: “Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò. Le esia ta, woayɔ vi si nàdzi la be kɔkɔetɔ, Mawu ƒe Vi.” (Luka 1:35) Gabriel ƒe nyaawo ɖee fia be ƒomedodo aɖe le gbɔgbɔ kɔkɔea kple “Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ” dome.

Biblia ƒe akpa bubuwo hã ɖee fia nenema. Nyagblɔɖila Mixa gblɔ be: “Ŋusẽ kple Yehowa ƒe gbɔgbɔ . . . yɔm fũ.” (Mixa 3:8) Yesu do ŋugbe na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Eye apostolo Paulo hã ƒo nu tso “gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ” ŋu.—Romatɔwo 15:13, 19.

Ke aleke míaƒo nya tae azɔ? Ƒomedodo kplikplikpli aɖe le gbɔgbɔ kɔkɔea kple Mawu ƒe ŋusẽ dome. Gbɔgbɔ kɔkɔea nye nu si dzi Yehowa zãa eƒe ŋusẽ tonae. Kpuie ko la, gbɔgbɔ kɔkɔea nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ. Ŋusẽ triakɔ ka gbegbee nye esi wònye! Míate ŋu ase ŋusẽ si gbegbe Mawu zã tsɔ wɔ xexe gbahoo sia la gɔme tsitotsito o. Yehowa de dzi ƒo na mí to nyagblɔɖila Yesaya dzi be míade ŋugble tso nya vevi siwo gbɔna ŋu: ‘Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ame kae wɔ nu siawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔ aɖeke mesusɔna o, le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la nu.’—Yesaya 40:26.

Eya ta Biblia ɖee fia be Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe “alɔkame sesẽ,” alo ŋusẽ, ye wòtsɔ wɔ xexe gbahoo sia si le ɖoɖo nu pɛpɛpɛ eye emenuwo le ɖekawɔwɔ blibo me lae. Eme kɔ ƒãa be Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ la tri akɔ ŋutɔ, eye be míaƒe agbe nɔ te ɖe edzi.—Kpɔ aɖaka si nye “Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Ƒe Dɔwɔwɔ.”

Yehowa te ŋu zãa eƒe ŋusẽa tsɔ wɔa nu klitsuwo, abe ale si wòwɔ xexea ene. Gake ete ŋu zãnɛ le mɔ si ɖea vi na mí eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo la hã nu. Ale si Mawu ƒe dɔwɔŋusẽa wɔ dɔ ɖe esubɔlawo dzi le anyigba dzi la ŋuti nyawo bɔ ɖe Biblia me taŋ.

“Yehowa Ƒe Gbɔgbɔ Le Dzinye”

Yesu ƒe subɔsubɔdɔa na míekpɔ ale si gbegbe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu awɔ dɔ ɖe esubɔlawo dzi woawɔ ŋusẽdɔwo la ƒe akpa sue aɖe. Yesu gblɔ na Nazaretetɔwo be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye.” (Luka 4:18) Nu kawoe Yesu wɔ “le gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me”? (Luka 4:14) Eda dɔléle ƒomevi ɖe sia ɖe, ena ƒu dzeagbowo dze akɔ anyi, etsɔ abolo kple tɔmelã ʋɛ aɖewo nyi ame akpeakpewo, eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Apostolo Petro ɖɔ Yesu be enye “ame si Mawu ɖe fia . . . gaglãa to ŋusẽdɔ kple nukunu kpakple dzesi siwo Mawu wɔ to edzi . . . la dzi.”—Dɔwɔwɔwo 2:22.

Gbɔgbɔ kɔkɔe la megana nukunu mawo le dzɔdzɔm fifia o. Ke hã, ate ŋu awɔ nu ɖedzesi geɖewo na mí. Abe ale si Yesu na kakaɖedzi eƒe nusrɔ̃lawoe ene la, Yehowa lɔ̃na faa naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea esubɔlawo. (Luka 11:13) Esia tae apostolo Paulo te ŋu gblɔ be: “Le nuwo katã gome la, mekpɔa ŋusẽ tso ame si doa ŋusẽm la gbɔ.” (Filipitɔwo 4:13) Ðe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le wò hã wò agbe me nenema? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia ma me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nu Si Ta Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Menye Ame O

Biblia tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la sɔ kple tsi. Esi Mawu nɔ yayrawo ŋugbe dom na eƒe amewo la, egblɔ be: “Maƒo tsi ɖe kuɖiɖinyigba dzi kple tɔʋuwo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Matrɔ nye gbɔgbɔ akɔ ɖe viwòwo dzi kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi.”—Yesaya 44:3.

Esi Mawu kɔ eƒe gbɔgbɔa ɖe esubɔlawo dzi la, ‘woyɔ fũu kple gbɔgbɔ kɔkɔe.’ Woɖɔ Yesu, Yohanes Amenyrɔɖetsimela, Petro, Paulo, Barnaba, kple nusrɔ̃la siwo ƒo ƒu le Pentekoste ŋkekea dzi le ƒe 33 M.Ŋ. me la katã be woyɔ fũu kple gbɔgbɔ kɔkɔe.—Luka 1:15; 4:1; Dɔwɔwɔwo 4:8; 9:17; 11:22, 24; 13:9.

Bu eŋu kpɔ: Ðe woate ŋu ‘akɔ’ ame ɖeka ɖe ame vovovo geɖewo dzia? Ðe nàgblɔ be ame ɖeka ate ŋu ‘ayɔ’ amewo ƒe ƒuƒoƒo blibo fũua? Susu manɔ eme nenema o. Biblia gblɔna be nunya, gɔmesese, alo sidzedze vavãtɔ gɔ̃ hã yɔ amewo fũu, gake megblɔ kpɔ be ame aɖe yɔ ame bubu fũu o.—2 Mose 28:3; 1 Fiawo 7:14; Luka 2:40; Kolosetɔwo 1:9.

Helagbe me nya si gɔme woɖe be “gbɔgbɔ” lae nye pneuʹma, si he susu yi ŋusẽ makpɔmakpɔ aɖe dzi. Le Vine ƒe Expository Dictionary of New Testament Words ƒe nya nu la, nya pneuʹma ŋuti “gɔmesese gbãtɔe nye ya . . . alo vevietɔ, gbɔgbɔ, eye abe ya ke ene la, enye nu makpɔmakpɔ sẽŋu aɖe.”

Eya ta eme kɔ ƒãa be menye amee gbɔgbɔ kɔkɔea nye o. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 19 Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe tanya si nye “Fofo la, Vi la, Kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Ŋuti Nyateƒea Ŋutɔŋutɔ,” si le axa 201-204, hena numekɔkɔ bubuwo.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photodisc/SuperStock