Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòsɔ Be Kristotɔwo Nayi Aʋa?

Ðe Wòsɔ Be Kristotɔwo Nayi Aʋa?

 Ðe Wòsɔ Be Kristotɔwo Nayi Aʋa?

“Dzidzenu kae ɖee fia be aʋawɔwɔ nye nu vɔ̃? Nyabiase sesẽ aɖe ŋutɔe nye esia.” Oliver O’Donovan, agbe nyui nɔnɔ ŋuti nufialagã

WODA nutata aɖe si ku ɖe Xexemeʋa I ŋu, si wona ŋkɔe be Ðokuitsɔtsɔsavɔ, la ɖe Canadatɔwo ƒe Aʋawɔwɔ Blemanudzraɖoƒe, si dzi wota asrafo siwo wowu, agbetsila siwo ŋu nu te belibeli, kple woƒe ƒometɔ siwo le wo de la ɖo. Wotsi Yesu Kristo si woklã ɖe atitsoga ŋu la ɖe nutataa tame. Ewɔ nuku na nukpɔla aɖewo ŋutɔ be, wota Yesu, si nye “ŋutifafafia” la ɖe aʋawɔwɔ me nudzɔdzɔwo xa. (Yesaya 9:6) Ame bubu siwo kpɔ ŋudzedze ɖe ɖokuitsɔsavɔla siawo ŋu la se le wo ɖokuiwo me be Mawu kple Via da asi ɖe edzi be Kristotɔwo nawɔ aʋa atsɔ akpɔ woƒe dukɔwo ƒe ablɔɖe kple dedienɔnɔ ta.

Ƒe alafa geɖewoe nye esia la, subɔsubɔhakplɔlawo yia edzi gblɔa nya siwo de aʋawɔwɔ dzi. Le ƒe 417 M.Ŋ. me la, mawunyaŋununyala Augustine ŋlɔ be: “Migasusui be ne ame aɖe nye asrafo, eye wòzãa aʋawɔnuwo la, eƒe nu mate ŋu adze Mawu ŋu o. . . . Amewo le aʋa wɔm kple miaƒe futɔ makpɔmakpɔwo to woƒe gbedodoɖawo dzi, eye miawo hã miele aʋa wɔm kple woƒe futɔ siwo wokpɔna la to aʋawɔnu ŋutɔŋutɔwo zazã dzi.” Le ƒe alafa 13 lia me la, Thomas Aquinas ɖe nu me be: “Aʋawɔwɔ nyo eye wòsɔ, ne wonya wɔe tsɔ kpɔ ame dahewo kple dukɔ bliboa ta tso futɔwo ƒe nugbegblẽ si me ko.”

Nu kae nèsusu? Ne asrafowo kpe aʋa le nu si woawo ŋutɔ bu be enye susu nyui—be woaʋli dukɔ aɖe ƒe ablɔɖe ta alo be woaxɔ na ame siwo wote ɖe anyi—ta la, ɖe Mawu ƒe yayra nɔa wo dzia? “Agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu” ka ŋue Kristotɔwo ate ŋu atrɔ ɖo be woanya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nya sia me?

Kpɔɖeŋu Si Yesu Kristo Ðo

Ðe wòanya wɔ be míanya Mawu ƒe nukpɔsusu le nya sesẽ sia si ku ɖe egbegbe ƒe aʋawɔwɔwo ŋu la ŋua? Apostolo Paulo de dzesi míaƒe nɔnɔme wɔnublanuia, eye wòbia be: “‘Ame kae va nya Yehowa ƒe tamesusu, ne wòafia nui?’ Gake míawo ya la, Kristo ƒe tamesusu le mía si.” (1 Korintotɔwo 2:16) Esi Yehowa Mawu di be yeakpe ɖe mía ŋu tae wòdɔ Yesu ɖe anyigba dzi be wòanye míaƒe Kpɔɖeŋuɖola. Nya siwo Yesu gblɔ kple nu siwo wòwɔ la ɖe Yehowa ŋutɔ ƒe tamesusu kple eƒe mɔwo fia. Eya ta nya kae Yesu gblɔ tso aʋawɔwɔ ŋu? Nukpɔsusu kae nɔ esi ku ɖe aʋawɔwɔ ŋu?

Ame aɖewo ate ŋu abui be aʋawɔnuwo zazã atsɔ akpɔ Yesu Kristo ƒe agbe kple dedienɔnɔ ta hiã vevie wu nu bubu ɖe sia ɖe. Eƒe apostoloawo dometɔ ɖeka se le eɖokui me nenema. Esime wode Yesu asi eye ameha gã aɖe siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi la va lée le zãtiƒe la,  exɔlɔ̃ Petro “do asi ɖa ɖe eƒe yi, eye wòda nu nunɔlagã ƒe kluvi, eye wòkpa to nɛ.” Ðe wòsɔ be wòazã lãnu le go sia mea? Yesu gblɔ na Petro be: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe, elabena ame siwo katã tsɔa yi la, yi nue woatsi.”—Mateo 26:47-52.

Ale si Yesu wɔ nui la mewɔ nuku kura o. Ƒe eve do ŋgɔ la, egblɔ be: “Miese be wogblɔ be, ‘Ele be nàlɔ̃ hawòvi, eye nàlé fu wò ketɔ.’ Ke nye ya mele egblɔm na mi be: Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mianɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta; bene miaɖee afia be mienye mia Fofo si le dziƒowo la ƒe viwo, elabena enana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Mateo 5:43-45) Ðe susu le eme be míabui be Kristotɔ nagblɔ be yelɔ̃a yeƒe futɔwo hedoa gbe ɖa ɖe wo ta ne ewɔa aʋa kpli woa?

Ŋutinyamenudzɔdzɔwo ɖee fia be futɔ geɖewo ɖe fu na Kristotɔwo. Le kpɔɖeŋu me, Romatɔwo tso kufia na Yesu Kristo hewui. Le ema megbe kpuie la, wobua ame sia ame si agblɔ be yenye Kristotɔ la be edze na ku. Yesu kpɔe do ŋgɔ be aʋawɔnuwo tsɔtsɔ kple aglãdzedze ɖe Romatɔwo ƒe ameteteɖeanyi ŋu ate ŋu azu tetekpɔ na Kristotɔwo abe ale si wònɔ le Yudatɔ aɖewo gome ene. Eya ta egblɔ tso eyomedzelawo ŋu be: “Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si ko nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o la ene.” (Yohanes 17:16) Kristotɔwo tiae be yewomade akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o. Womebua nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe woawo ŋutɔwo alo dukɔ si me wole la ŋu be enye nu si ta yewoakpɔ gome le aʋawɔwɔ me ɖo o.

Mawu Fiaɖuƒea Ƒe Akpadzinɔlawo

Kristotɔ vavãwo léa Yesu ƒe nyawo me ɖe asi eye womedea akpa aɖeke dzi o. Bu nu si dzɔ le Ikonio, si nye blemadu aɖe si nɔ Asia Sue la ŋu kpɔ. “Esi dukɔwo me tɔwo kpakple Yudatɔwo kple woƒe dziɖulawo siaa ɖo nugbe vɔ̃ɖi aɖe be yewoaɖi gbɔ [Paulo kple Barnaba] ahaƒu kpe wo la, woawo la, esi wosee la, wosi yi Likaonia ƒe duwo me, Listra kple Derbe kpakple nuto si ƒo xlã wo; eye woyi edzi gblɔ nya nyui la le teƒe mawo.” (Dɔwɔwɔwo 14:5-7) De dzesii be esi wotsi tsitre ɖe Kristotɔwo ŋu vɔ̃ɖitɔe la, wometsɔ lãnuwo ʋli wo ɖokuiwo ta loo alo wɔ wɔɖenui o. Ke boŋ woyi edzi nɔ gbeƒã ɖem “nya nyui la.” Nya nyui kae wonɔ gbeƒã ɖem?

 Gbedeasi si Yesu va ɖe gbeƒã la kee Kristotɔwo hã ɖea gbeƒãe. Egblɔ be: “Ele be magblɔ Mawu fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la.” (Luka 4:43) Mawu Fiaɖuƒe la ƒe akpa dzie Yesu kple eyomedzelawo nɔ. Kristo mezã dukɔa ƒe asrafowo tsɔ ʋli Fiaɖuƒe sia ta kpɔ o. Egblɔ be: “Nye fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o. Ne ɖe nye fiaɖuƒe nye xexe sia ƒe akpa aɖe la, anye ne nye dɔlawo wɔ avu, bene woagatsɔm ade asi na Yudatɔwo o. Gake abe ale si wòle ene la, nye fiaɖuƒe metso afi sia o.”—Yohanes 18:36.

‘Lɔlɔ̃ Nenɔ Mia Dome’

Ele be akpaɖekedzimademade le aʋawɔɣiwo nanye nu si ɖe dzesi le tadeagula vavãwo ŋu. Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Ame miliɔn geɖe kpɔ dzidzɔ be yewova ke ɖe ƒuƒoƒo aɖe si ɖea lɔlɔ̃ sia fiana, ne woƒe gbegbe be yewomayi aʋa o ana woaɖu fewu le wo ŋu, alé wo de ga, alo awu wo gɔ̃ hã, la ŋu.

Le Nazitɔwo ƒe dziɖuɣiwo le Europa la, wolé Yehowa Ðasefo siwo ade 10,000 la de ga ɖe woƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ta, eye fuwɔamesaɖawo mee wolé ame siawo dometɔ 3,000 aɖewo de. Le ɣeyiɣi mawo ke me la, wolé Ðasefo siwo wu 4,300 la hã de ga le United States le esi wogbe be yewomawɔ asrafodɔ o ta. Ðasefo siawo siwo nɔ Germany kple Amerika la siaa metsɔ aʋawɔnuwo ɖe wo nɔvi Kristotɔwo loo alo ame bubuwo ŋu o. Ne ɖee wowɔ nenema la, ɖe woagate ŋu agblɔ be lɔlɔ̃ le yewo dome, eye be yewolɔ̃ yewo havi amegbetɔwoa?

Ame geɖe sena le wo ɖokui me be aʋawɔnuwo zazã atsɔ aʋli ame ɖokui ta nye nu si sɔ. Gake bu eŋu kpɔ: Togbɔ be woti ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo yome vɔ̃ɖitɔe eye wogbe wɔɖenui wɔwɔ hã la, wotsi agbe. Roma Fiaɖuƒe sẽŋu la mete ŋu ɖe Kristotɔnyenye ɖa o. Kristotɔ vavãwo le dzidzedze kpɔm egbea gɔ̃ hã, eye woyi edzi lé woƒe akpaɖekedzimademadea me ɖe asi. Le esi teƒe be woaʋli wo ɖokuiwo ta la, wotsɔ kakaɖedzi gblẽ nyawo ɖe Mawu si me. Eƒe Nya, Biblia la, gblɔ be: “Lɔlɔ̃tɔwo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ; elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe.’”—Romatɔwo 12:19.

[Aɖaka si le axa 30]

AƲAWƆWƆ SIWO DZI MAWU ƑE YAYRA NƆ

Mawu biana tso blema Israel, si nye dukɔ si eya ŋutɔ tia ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ na Kristotɔnyenye ɖoɖo anyi la, si be woaƒo asrafowo nu ƒo ahayi aʋa. Hafi Israel viwo nage ɖe Kanaan nyigba, si ƒe ŋugbe Mawu do na Abraham, dzi la, wogblɔ na wo be: “Ne Yehowa, wò Mawu, tsɔ [dukɔ adreawo] de asi na wò nèɖu wo dzi la, ekema nàtsrɔ̃ wo gbidigbidi, mègabla nu kpli wo o, eye mègave wo nu o.” (5 Mose 7:1, 2) Eya ta Israel viwo ƒe aʋafia Yosua ɖu dukɔ mawo dzi ‘abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se ene.’—Yosua 10:40.

Ðe esia nye ŋutasesẽ ƒe aʋa si Israel viwo wɔ tsɔ xɔ dukɔ siawo ŋukeklẽtɔea? Kura o. Trɔ̃subɔsubɔ, ʋukɔkɔɖi, kple gbɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo xɔ aƒe ɖe dukɔ mawo me fũu. Wotɔa dzo wo viwo gɔ̃ hã tsɔ saa vɔe. (4 Mose 33:52; Yeremiya 7:31) Mawu ƒe kɔkɔenyenye, dzɔdzɔenyenye, kple lɔlɔ̃ si le esi na eƒe dukɔ lae ʋãe be wòaɖe nu makɔmakɔ ɖe sia ɖe ɖa le anyigba la dzi. Togbɔ be ele nenema hã la, Yehowa dzro ame sia ame ƒe dzi me—si nye nu si aʋafia aɖeke mate ŋu awɔ egbea o—eye wòkpɔ ame siwo lɔ̃ be yewoaɖe asi le yewoƒe mɔ vɔ̃awo ŋu ahasubɔe la ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Ðe Yesu kpɔ mɔ be ye yomedzelawo nawɔ aʋa atsɔ aʋli ye ŋutɔ loo alo wo hati Kristotɔwo ta?

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe, le asiɖeɖe le wo ŋu tso Buchenwald fuwɔamegaxɔ me le ƒe 1945 me megbe