Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woke Ðe Biblia Ƒe Asinuŋɔŋlɔgbalẽ Vevi Aɖe Ŋu

Woke Ðe Biblia Ƒe Asinuŋɔŋlɔgbalẽ Vevi Aɖe Ŋu

 Woke Ðe Biblia Ƒe Asinuŋɔŋlɔgbalẽ Vevi Aɖe Ŋu

ƑE ALAFA geɖewoe nye esia la, nu siwo dzi woŋlɔa ŋu ɖo la mebɔ abe ale si wòle egbea ene o. Wote ŋu tutua alo ƒlɔa nuŋɔŋlɔ siwo wosusu be megahiã o la ɖa le lãgbalẽ alo nu bubu siwo dzi woŋlɔ nu ɖo la dzi hegbugbɔ ŋlɔa nu bubuwo ɖe wo dzi. Wotutu Biblia me nya aɖewo gɔ̃ hã ɖa le lãgbalẽ zɔzrɔ̃ewo dzi heŋlɔ nu bubuwo ɖe wo dzi.

Agbalẽ siawo si dzi wotutu Biblia me nyawo ɖa le heŋlɔ nu bubu ɖe wo dzi la dometɔ vevi ɖekae nye Codex Ephraemi Syri. Codex (alo asinuŋɔŋlɔgbalẽ) sia le vevie ŋutɔ, elabena Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo siwo nye xoxoetɔ kekeake siwo li dometɔ ɖeka lae nɔ edzi. Eya ta enye nu siwo aɖo kpe Mawu ƒe Nya la ƒe akpa sia ƒe nyateƒenyenye dzi la dometɔ vevi ɖeka.

Ƒe alafa 12 M.Ŋ. mee wotutu Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa si nɔ ƒe alafa atɔ̃lia me asinuŋɔŋlɔgbalẽ sia dzi gbã la ɖa hegbugbɔ ŋlɔ Siriatɔ agbalẽnyalagã Ephraem ƒe mawunya 38 siwo gɔme woɖe ɖe Helagbe me la ɖe edzi. Le ƒe alafa 17 lia ƒe nuwuwu la, asinuŋɔŋlɔŋutinunyalawo va de dzesi Biblia me nya siwo wotutu ɖa hafi ŋlɔ nya bubuwo ɖe edzi la dometɔ aɖewo zi gbãtɔ. Ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le agbagbadzedze be yewoaxlẽ nuŋlɔɖi gbãtɔ si nɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽa dzi la me. Gake ale si nuŋlɔtsi gbãtɔ si wotutu ɖa megale dzedzem nyuie o, ale si agbalẽa ƒe axa geɖewo zu belibeli, kple ale si woŋlɔ nuŋlɔɖi evelia ɖe gbãtɔa dzii la wɔe be nuŋlɔɖi gbãtɔa katã kpɔkpɔ axlẽ sesẽ ŋutɔ. Wosisi atike hamehamewo ɖe asinuŋɔŋlɔgbalẽa dzi bene Biblia me nya siwo nɔ edzi gbã la nadze, gake gbeɖegbeɖea koe. Eya ta agbalẽnyalagã geɖewo ƒo nya ta be manya wɔ be woake ɖe nuŋlɔɖi siwo wotutu ɖa le edzi la katã ŋu o.

 Le ƒe 1840-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo me la, Germanytɔ gbeŋutinunyala bibi Konstantin von Tischendorf ɖoe eɖokui dzi be yeadze agbagba axlẽ nuŋlɔɖi gbãtɔ si nɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽa dzi. Ete ŋu xlẽ wo katã le ƒe eve me. Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu xlẽe, togbɔ be ame siwo tee kpɔ do ŋgɔ ya mete ŋui o hã?

Tischendorf bi ɖe Hela nuŋɔŋlɔ siwo wotsɔ ŋɔŋlɔdzesi gãwo ŋlɔnae la gɔme sese me ŋutɔ. * Eƒe ŋkuwo te ŋu kpɔa nu nyuie ŋutɔ, eye ɖeko wòtsɔ lãgbalẽ si dzi woŋlɔ nuawo ɖo la do ɖe dzi le kekeli nu ko te ŋu xlẽ nuŋlɔɖi gbãtɔ si nɔ edzi. Egbea la, nukpɔmɔ̃ deŋgɔwo kple keklẽŋusẽ tɔxɛwoe agbalẽnyalagãwo zãna tsɔ wɔa nu sia tɔgbi.

Tischendorf gbugbɔ ŋlɔ nuŋlɔɖi gbãtɔ si wòte ŋu xlẽ le Codex Ephraemi la dzi la hetae le ƒe 1843 kple ƒe 1845 me. Esia na wòxɔ ŋkɔ abe Helatɔwo ƒe blemanuŋɔŋlɔwo ŋuti nunyalagã ene.

Codex Ephraemi la ƒe didime nye sentimeta 31, eye eƒe kekeme nye sentimeta 23, eye eyae nye asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo ƒe axawo dzi woŋlɔ nu ɖo le agbaka ɖeka ko me la dometɔ xoxoetɔ kekeake. Le eƒe agbalẽ ɖeɖe 209 siwo ŋu woke ɖo dome la, Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽwoe le wo dometɔ 145 sɔŋ dzi, negbe Tesalonikatɔwo evelia kple Yohanes evelia koe mele eme o. Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo siwo gɔme woɖe ɖe Helagbe me lae le eƒe akpa susɔeawo.

Egbea la, France Dukɔa ƒe Agbalẽdzraɖoƒe si le Paris ye woda asinuŋɔŋlɔgbalẽ sia ɖo. Womenya afi si tututu woŋlɔe le o, togbɔ be Tischendorf bui be anye Egypt ye hã. Agbalẽnyalagãwo bua Codex Ephraemi la be enye Helagbe me Biblia vevi ene siwo me nyawo wotsɔ ŋɔŋlɔdzesi gãwo ŋlɔ la dometɔ ɖeka, eye susɔeawoe nye Sinaitic, Alexandrine, kple Vatican 1209, siwo katã nye asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo woŋlɔ le ƒe alafa enelia kple atɔ̃lia M.Ŋ. me.

Wokpɔ gbedeasi siwo le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me la ta na mí le mɔ wɔnuku vovovowo nu, abe ale si kpɔɖeŋu si me míedzro fifia ɖee fia ene. Togbɔ be le go sia me la, ame aɖe si mekpɔ vevienyenye si le Biblia me nuŋlɔɖi siawo ŋu o la tutu wo ɖa hã la, wote ŋu gava ke ɖe wo ŋu. Esia na míegakpɔ kakaɖedzi si gbegbe le apostolo Petro ƒe nya siawo ŋu be: ‘Yehowa ƒe nya nɔa anyi tegbee.’—1 Petro 1:25.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Wonya Tischendorf nyuie be eyae ke ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo, siwo gɔme woɖe ɖe Helagbe me, si nye xoxoetɔwo kekeake siwo ŋu woke ɖo dometɔ ɖeka, la ŋu le St. Catherine ƒe subɔsubɔsaɖagaxɔ si le Sinai toa ƒe agu nu la me. Asinuŋɔŋlɔgbalẽ mae woyɔna be Codex Sinaiticus.

[Nuwo ƒe nɔnɔme/​Nɔnɔmetata si le axa 16]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Codex Ephraemi Syri la, si nye asinuŋɔŋlɔgbalẽ vevi si dzi Tischendorf (1815-1874) te ŋu xlẽ Ŋɔŋlɔawo me nya siwo wotutu ɖa la le

ŊƆŊLƆAWO ME NYA SIWO NƆ EDZI GBÃ

HELAGBE ME MAWUNYA SI WOVA ŊLƆ ÐE EDZI

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Bibliothèque nationale de France

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Codex Sinaiticus, si ŋu woke ɖo le St. Catherine ƒe Subɔsubɔsaɖagaxɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Tischendorf