Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Siwo Nana Wonyea Dutanyanyuigblɔla Kpɔdzidzedze

Nu Siwo Nana Wonyea Dutanyanyuigblɔla Kpɔdzidzedze

Gilead Suku Ƒe Klass 126 Lia Nuwuwu

Nu Siwo Nana Wonyea Dutanyanyuigblɔla Kpɔdzidzedze

AMEHA aɖewo siwo dzidzɔ yɔ mo na fũu la va ƒo ƒu ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe si le Patterson, New York, hena wɔna tɔxɛ aɖe. Memleɖa, March 14, 2009, dzi ye, eye ŋkeke sia nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 126 lia nuwuwu ƒe ŋkeke. Woaɖo klass sia nuwulawo ɖe dukɔ 22 me bene woaɖaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia.—Mateo 24:14.

Ðeko sukuviawo wu ɣleti atɔ̃ ƒe hehexɔxɔ memie si wotu ɖe Biblia dzi bene wòakpe ɖe wo ŋu woanye Kristotɔ dutanyanyuigblɔla kpɔdzidzedzewo nu teti koe nye ema. Sukunuwuwɔnawo nye mɔnukpɔkpɔ mamlɛtɔ si asu wo si abe ƒuƒoƒo ene be woase aɖaŋuɖoɖo nyui siwo akpe ɖe wo ŋu woaɖo taɖodzinu ma gbɔ.

Nɔviŋutsu Anthony Morris, si nye Yehowa Ðasefowo Ƒe Dziɖuha la me tɔ si nɔ zi me na wɔnaawo la ɖo ŋku edzi na vavalawo be ƒe 1943 mee wote hehenana dutanyanyuigblɔlawo le Gilead Sukua. Tso ɣemaɣi la, ame siwo wona hehee le suku sia la le ŋusẽ nyui kpɔm ɖe xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le mɔ ɖedzesi aɖe nu.

Nuƒolaa ɖe nu me be, togbɔ be agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖi gbɔ Yesu ƒe apostolowo be wonye “ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo” hã la, enɔ na tsitretsiɖeŋula mawo be woalɔ̃ ɖe edzi be esi apostoloawo nɔ Yesu ŋu kpɔ tae wote ŋu ƒo nu dzideƒotɔe ɖo. (Dɔwɔwɔwo 4:13) Hehe si sukunuwulaawo hã xɔ kpe ɖe wo ŋu be woaƒo nu dzideƒotɔe.

“Miganye Ame Ŋkume Kpɔlawo O” ye nye tanya wɔdɔɖeamedzi si me Nɔviŋutsu Robert Ciranko, si naa kpekpeɖeŋu Dziɖuhaa ƒe Nuŋɔŋlɔkɔmitia la, dzro. Eɖe nu me be, eteƒe madidi o, sukunuwulaawo ado go ame siwo ƒe dekɔnu kple kɔnyinyiwo to vovo sãa. Ke hã, ame siawo dome nɔnɔ kple gbeƒãɖeɖe na wo manye kuxi aɖeke na sukunuwulaawo o, ne wona Yehowa ƒe nukpɔsusu su wo si. Le Dɔwɔwɔwo 10:34 ƒe nya nu la, “Mawu mekpɔa ame ŋkume o,” si fia be medea asixɔxɔ ame ƒomevi aɖewo ŋu wu bubuwo o. (Dɔwɔwɔwo 10:35) Nɔviŋutsu Ciranko gblɔ na wo be: “Ne Mawu ƒe nukpɔsusu le mia si, eye miebua ame sia ame si le miaƒe anyigbamama yeyea me la be ate ŋu ava nye ame si ŋu Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖo la, miate ŋu akpɔ dzidzedze le miaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me.”

“Nu Si Hiã La Su Mia Si”

Nɔviŋutsu Samuel Herd, si nye Dziɖuhaa me tɔ la, dze eƒe nuƒoa gɔme be: “Kposɔ ƒe dzedzeme medoa dzidzɔ na ame aɖewo o, gake eyae nye lã si hiã hesɔ nyuie na mɔzɔzɔ le gbedadaƒo.” Le mɔ ma ke nu la, nu si hiã bene dutanyanyuigblɔlawo nakpɔ dzidzedze le woƒe anyigbamamawo me la su wo si. Nu atɔ̃ siwo akpe ɖe wo ŋu.

1. Lɔlɔ̃ na Yehowa. (Mateo 22:37, 38) Sukunuwulaawo ɖee fia xoxo be yewoɖoe kplikpaa be yewoasubɔ Yehowa.

2. Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze. Kposɔ dzraa nunyiame ɖo ɖe kpo si le dzime nɛ la me. Ke hã, medzudzɔa nuɖuɖu o, eye wòzãa esi wòdzra ɖo la ne mekpɔ nuɖuɖu aɖeke o. Nenema kee mele be dutanyanyuigblɔlawo naɖo ŋu ɖe nu siwo wosrɔ̃ le Gilead Sukua la ɖeɖe ko ŋu ahadzudzɔ gbɔgbɔmenu ɖuɖu o, ke boŋ ele be woayi edzi atsɔ Mawu ƒe Nya la anɔ wo ɖokuiwo nyim.

3. Lɔlɔ̃ na amewo. (Mateo 22:39) Sukuviawo ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu.

4. Ðokuitsɔtsɔ na faa. (Psalmo 110:3) Ne nu te dutanyanyuigblɔla aɖe ŋu belibeli la, Yehowa ado ŋusẽ geɖee.—Yesaya 40:29.

5. Ðekakpuimeŋusẽ. Abe ale si kposɔ tsɔa edola zɔa mɔ le gbedadaƒoe ene la, ate ŋu ava hiã be dutanyanyuigblɔla aɖe ‘natsɔ’ ehavi Kristotɔ aɖe si le nɔnɔme sesẽ aɖe me tom le mawusubɔsubɔ me. Esia wɔwɔ abia ŋusẽ geɖe, gake ɖekakpuimeŋusẽ ƒomevi aɖe su dutanyanyuigblɔlawo si hena esia wɔwɔ.

Wɔnaa Ƒe Akpa Vevi Bubuwo

Michael Burnett, si nye Gilead sukua ƒe nufialawo dometɔ ɖeka la kɔ nu me be yevuziwo hã nɔ nunana siwo Yakob ɖo ɖe Egipte dziɖula aɖe la dome. (1 Mose 43:11) Nunyiame geɖewo nɔa yevuzi me. Sukunuwulaawo ɖu gbɔgbɔmeyevuzi geɖewo le woƒe sukua deɣi. Nufiame vevi siwo wòle be dutanyanyuigblɔlawo natsɔ awɔ dɔe dometɔ aɖewoe nye ale si wòle vevie be woakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nunanawo ŋu ahasrɔ̃ ale si woalɔ̃ anyigbamama yeye si me woaɖo wo ɖo lae.

Mark Noumair, si hã nye Gilead sukua ƒe nufialawo dometɔ ɖeka la ɖe nu me be Mawu ƒe Nya la le abe “nunya kotoku” ene. (Hiob 28:18, NW) Ele be míaʋu Biblia la ahazã nunya si le eme. Ne dutanyanyuigbɔgblɔdɔa meva le abe ale si sukunuwulaawo kpɔ mɔ nɛ ene o la, anyo be woaɖo ŋku apostolo Paulo dzi. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖoe ɖe ye ŋutɔ dedu me wòɖawɔ dɔ le afi ma hena ƒe asieke sɔŋ. Paulo mese veve gblɔ be esi yenye “dɔwɔnu tiatia” ta la, afi bubue wòle be woaɖo ye ɖo o, ke boŋ ewɔ dɔ kutrikukutɔe le afi sia afi si woɖoe ɖo. (Dɔwɔwɔwo 9:15, 28-30) Lɔlɔ̃ ɖe tiatia siwo Yehowa wɔna dzi menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ame bubu si ɖo kpɔɖeŋu nyui le go sia mee nye Yonatan. Esi Yonatan nyae be Yehowae tia David be wòaɖu fia ta la, edze eŋu be yeado alɔe.

Sukuviawo va wɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si le gbeƒãɖeɖedɔa me le woƒe sukudeɣia la ƒe wɔwɔfiawo le akpa si ƒe tanyae nye, “Mawu Ƒe Amewo Ƒoa Nu Dzinɔameƒotɔe” la me. Wo dometɔ geɖewo dze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kple amewo. Wobia gbe ame etɔ̃ aɖewo siwo le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la le akpa si kplɔe ɖo, si ƒe tanyae nye “Yehowa Ƒe Habɔbɔ La Dzra Wo Ðo” me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe nu me ku ɖe hehe si wòxɔ, si kpe ɖe eŋu be wòwɔ nu aduadu kple Mawu ƒe habɔbɔa la ŋu.

“Kpɔ Dzidzɔ Le Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa Me”

Azɔ Gerrit Lösch, si hã nye Dziɖuhaa me tɔ la, kpɔ wɔnaa ƒe akpa vevitɔ, si ƒe tanyae nye, “Kpɔ Dzidzɔ Le Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa Me” dzi. Eɖe nu me be dɔwɔna geɖe siwo amewo buna be ‘wodoa dzidzɔ na ame’ la menana wokpɔa dzidzɔ vavã aɖeke o. (Lododowo 14:13; Nyagblɔla 2:10, 11) Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nana wokpɔa dzidzɔ si nɔa anyi ɖaa, togbɔ be esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o hã. Gilead Sukua dede bia kutrikuku geɖe, gake ena dzidzeme geɖe enuwulaawo.

Nu geɖewo li siwo nana Kristotɔ vavãwo kpɔa dzidzɔ. Dzidzɔ Mawu la ƒe subɔlawoe wonye. (Psalmo 33:12; 1 Timoteo 1:11) Wole gbɔgbɔmeparadiso me fifia, eye Biblia do ŋugbe be eteƒe madidi o woanɔ anyigba si azu paradiso la dzi. Wonya tameɖoɖo si le agbea ŋu—si nye be woasubɔ Yehowa ahakafui. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wonye ame siwo gbɔ Yehowa kple Yesu melɔ̃a nu le o.

Nuƒolaa gblɔ kpee be: “Miakpɔ dzidzɔ le miaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me ne miesrɔ̃ ale si miana nu siwo le mia si la nadze mia ŋu.” Lɔlɔ̃ɖeɖe fia amewo kple ale si woawo hã woalɔ̃ mí nye nu bubu si hã nana wokpɔa dzidzɔ. Eya ta miŋe aɖaba ƒu ame bubuwo ƒe vodadawo dzi tsɔ wu be miana woanɔ fu ɖem na mi. Miwɔ nyui na amewo, mikpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, eye miɖo dze tso nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo siwo su mia si la ŋu. (Psalmo 41:2, 3; Dɔwɔwɔwo 20:35) Viviedodonu le gbeƒãɖeɖedɔa me hã nana wokpɔa dzidzɔ.—Luka 11:28.

Nɔviŋutsu Lösch ƒo nya ta be: “Miheyi abe dutanyanyuigblɔla kpɔdzidzɔwo ene; mikpɔ gome le dzidzɔdonamenuwɔnawo me le mɔ si sɔ nu, gake miaƒe nu vevitɔ nanye Yehowa, dzidzɔ Mawu la, kafukafu kple didi be yewoana ame bubuwo hã nakpɔ dzidzɔ.”

Le gbedonamelɛta siwo tso dukɔ vovovowo me xexlẽ vɔ megbe la, Anthony Morris tsɔ sukunuwulaawo ƒe ɖaseɖigbalẽwo na wo. Emegbe, klass 126 lia delaawo dometɔ ɖeka xlẽ lɛta si woŋlɔ na Dziɖuha la. Woɖe ale si gbegbe wokpɔ ŋudzedze ɖe Gilead Sukua dede ŋu la gblɔ le lɛta sia me.

Le nyataƒonyaa me la, zimenɔla la ɖe nu me be, mɔnu kple ɖoɖo siwo dzi “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la tona naa nunyiame kple mɔfiame Yehowa ƒe amewo la le abe ‘ƒunukpeƒewo kple lãmeka’ siwo léa ŋutilã la ɖe te ene. (Mateo 24:45; Kolosetɔwo 2:18, 19) Ne Gilead sukunuwulaawo wɔ nu aduadu kple ame siwo Mawu tia be woaxɔ ŋgɔ la, woakpɔ dzidzedze le woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ bliboe me.—2 Timoteo 4:5.

[Aɖaka si le axa 30]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKAWO

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 6

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 22

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 56

Wonye atsu kple asi: 28

Ƒe si woxɔ le mama dedie nu: 32.8

Ƒe si wole nyateƒea me le mama dedie nu: 17.9

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama dedie nu: 13.5

DUKƆ SIWO ME WOÐO WO ÐO

Woɖo sukunuwulaawo ɖe Benin, Bolivia, Bulgaria, Burkina Faso, Cameroon, Costa Rica, Ghana, Guatemala, Honduras, Kenya, Liberia, Madagascar, Mozambique, Nicaragua, Panama, Paraguay, Peru, Romania, Sierra Leone, South Africa, Togo, kple Uganda.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 126 lia Nuwulawo

Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖe sia ɖe dzi.

(1) Kirchhoff, K.; Nichols, C.; Guzmán, Y.; Coil, H.; Becker, O.; De Simone, A. (2) Manzanares, A.; Bouvier, E.; Peddle, J.; Mason, H.; Braz, J. (3) Lee, J.; Forte, A.; Boucher, T.; Marsh, A.; Leighton, S.; Glover, M. (4) Kambach, H.; Jones, T.; Ferreira, A.; Morales, J.; Chicas, S.; Davis, B.; Dormanen, E. (5) Dormanen, B.; Nichols, J.; Pacho, T.; Titmas, L.; Bouvier, E.; Kirchhoff, A. (6) Leighton, G.; Pacho, A.; Van Campen, B.; Manzanares, A.; Rivard, A.; Lee, Y.; Titmas, L. (7) Boucher, M.; Coil, K.; Marsh, C.; Guzmán, J.; Jones, W.; Kambach, J. (8) Glover, A.; Ferreira, G.; Mason, E.; Forte, D.; Davis, N.; Chicas, O.; Rivard, Y. (9) Braz, D.; Van Campen, D.; Morales, A.; De Simone, M.; Becker, M.; Peddle, D.