Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Subɔsubɔhawo Katã Nyoa?

Ðe Subɔsubɔhawo Katã Nyoa?

MÍELE xexe aɖe si me subɔsubɔha vovovowo bɔ ɖo la me. Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa la ɖee fia be subɔsubɔha gã 19 kple subɔsubɔha sue 10,000 lɔƒo sɔŋ ye le xexea me godoo. Subɔsubɔha vovovo siawo na mɔnukpɔkpɔ amewo be woate ŋu awɔ tiatia le wo dome. Ke ɖe subɔsubɔha si nàtia la le veviea?

Ame aɖewo gblɔna be subɔsubɔha vovovoawo nye mɔ vovovo siwo kplɔa amewo yia teƒe ɖeka. Le woawo gome la, mɔ si ame aɖe tia la mele vevie o, elabena le woƒe susu nu la, mɔawo katã ɖo ta teƒe ɖeka ma ke. Wogblɔna be Mawu Ŋusẽkatãtɔ ɖeka koe li, eya ta ele be subɔsubɔhawo katã naɖo ta eyama gbɔ.

Ðe Mɔawo Katã Kplɔa Ame Yia Mawu Gbɔa?

Nu kae Yesu Kristo, si nye mawunyafiala siwo ŋu wodea bubui wu le ŋutinya me dometɔ ɖeka la gblɔ tso nya sia ŋu? Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Miyi ɖe agbo bii la me.” Nu ka tae? ‘Elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye ame siwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋɛwoe nye ame siwo kpɔnɛ.’—Mateo 7:13, 14, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me.

Ðe Yesu nɔ gbɔgblɔm be subɔsubɔha aɖewo kplɔa ame yia “tsɔtsrɔ̃” me nyateƒea? Alo ɖe wònɔ nu fiam be dzimaxɔsetɔwo koe le mɔ gbadza la dzi, eye ame siwo xɔ Mawu dzi se, eɖanye subɔsubɔha ka ke mee wole o, la le mɔ xaxɛ si kplɔa ame yia agbe me la dzia?

Esi Yesu gblɔ be mɔ eve koe li megbe teti la, egblɔ be: ‘Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti; ame siwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, evɔ le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo.’ (Mateo 7:15, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me) Emegbe egblɔ be: ‘Menye ame sia me, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe ame si le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.’ (Mateo 7:21, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me) Ne woyɔ ame aɖe be nyagblɔɖila, alo ne ame aɖe gblɔ be Yesue nye yeƒe “Aƒetɔ” la, susu le eme be míagblɔ be exɔ Mawu dzi se, ke menye dzimaxɔsetɔ o. Eya ta eme kɔ ƒãa be ɖe Yesu nɔ nu xlɔ̃m be menye subɔsubɔhawo katãe nyo o, eye be mele be míaxɔ mawunyafialawo katã dzi ase o.

Ðe Míate Ŋu Ade Dzesi Mɔ Xaxɛ La?

Esi wònye menye mɔawo katãe kplɔa ame yia Mawu gbɔ o ta la, aleke nàwɔ ake ɖe mɔ xaxɛ si kplɔa ame yia agbe me la ŋu le mɔ akpe geɖe siwo li la dome? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be yebu le du gã aɖe me. Eye èbia kpekpeɖeŋu amewo. Ame aɖe gblɔ na wò kakaɖedzitɔe be nàɖo ta ɣedzeƒe gome. Bubu hã gblɔ na wò be nàɖo ta ɣetoɖoƒe. Eye ame bubu hã gblɔ na wò be àte ŋu atia mɔ ɖe sia ɖe si dze ŋuwò. Mlɔeba la, mɔzɔla bubu aɖe ɖe mɔfiamegbalẽ aɖe si ŋu kakaɖedzi le la ɖe go hefia wò mɔ nyuitɔa. Emegbe etsɔ mɔfiamegbalẽa na wò be wòakpe ɖe ŋuwò le mɔa zɔzɔ me. Ðe kakaɖedzi geɖe wu masu asiwò be yeade teƒe si yim yele la oa?

Nenema kee míehiã mɔfiamegbalẽ aɖe si ŋu kakaɖedzi le hafi míate ŋu atia mawusubɔsubɔ ƒe mɔ nyuitɔa. Ðe agbalẽ aɖe li nenema? Ɛ̃, eli. Mɔfiamegbalẽ mae nye Biblia, si me míexlẽ le be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me.”—2 Timoteo 3:16, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me.

Anɔ eme be Biblia le mia degbe me, si nàte ŋu azã abe mawusubɔsubɔ ŋuti mɔfiamegbalẽ ene. Magazine sia talawo, siwo nye Yehowa Ðasefowo la, ta Biblia gɔmeɖeɖe aɖe si dzi woate ŋu aka ɖo, si nye New World Translation of the Holy Scriptures (woɖe Biblia sia ƒe akpa aɖe gɔme ɖe Eʋegbe me, si nye Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe). Gake ne menye Yehowa Ðasefoe nènye o la, àdi be yeazã Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo le numekukuwɔwɔ tso subɔsubɔha si nyo kple esi menyo o ŋu me. Eya ta le nyati sia kple etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me la, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me, si nye gɔmeɖeɖe si sɔlemehawo katã zãna la mee woyɔ nyawo tso.

Esi nèle nyati siwo kplɔe ɖo xlẽm la, tsɔ nu siwo nènya xoxo la sɔ kple nu si Biblia gblɔ. Yesu ƒe nya siwo ku ɖe ale si míawɔ ade vovototo subɔsubɔha si nyo kple esi menyo o dome ŋu la nenɔ susu me na wò. Egblɔ be: “Ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui; eye ati manyomanyo tsea ku manyomanyo. Ati nyui mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo hã mate ŋu atse ku nyui o.” (Mateo 7:17, 18) De ŋugble tso kutsetse nyui etɔ̃ pɛ ko, siwo Biblia gblɔ be woatsɔ ade dzesi ‘ati nyuia’ la ŋu kpɔ.