Ŋutsu Aɖe Si Xɔ Mawu Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se
Na Sɔhɛwo
Ŋutsu Aɖe Si Xɔ Mawu Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se
Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.
DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ 1 MOSE 12:1-4; 18:1-15; 21:1-5; 22:15-18.
Ðɔ ale si Abraham anya se le eɖokui me esime wòse be yeava nye ‘dzidzimevi’ aɖe si ŋugbe Mawu do, si ava ɖe vi na xexe blibo la katã ƒe tɔgbui la.
․․․․․
Alekee nèsusu be amedzro etɔ̃ siwo ŋu woƒo nu tso le 1 Mose 18:2 la ƒe dzedzeme anɔ?
․․․․․
Aleke nèkpɔ nudzɔdzɔ si ŋu woƒo nu tso le 1 Mose 18:6-8 la le susu mee? (Nenɔ susu me na wò be Abraham yina ƒe 100 lɔƒo xɔ ge ɣemaɣi.)
․․․․․
WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆE.
Ɣeyiɣi didi kae tso Yehowa ƒe ŋugbedodo na Abraham be adzi ŋutsuvi aɖe kple ɣeyiɣi si me wova dzi Isak la dome? (Gbugbɔ xlẽ 1 Mose 12:4 kple 21:5.)
․․․․․
Kakaɖedzi kawoe Yehowa na Abraham le ɣeyiɣi siwo katã me wònɔ lalam? (Xlẽ 1 Mose 12:7; 13:14-17; 15:1-5, 12-21; 17:1, 2, 7, 8, 15, 16.)
․․․․․
Nu kae Yehowa wɔ na Abraham esime Abraham menɔ kakam ɖe edzi be yeate ŋu agadzi vi o? (Gbugbɔ xlẽ 1 Mose 15:3-5, 12-21.)
․․․․․
Alekee Yehowa na numekɔkɔ tso ‘dzidzimevi’ la ŋu vivivi?
․․․․․
TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI . . .
Ale si wòhiã be míaxɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi ase.
․․․․․
Ale si Yehowa ɖea eƒe tameɖoɖowo fiana vivivi.
․․․․․
NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?
․․․․․