Kpɔ Ðokuiwò Ta Tso Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Si Me
Kpɔ Ðokuiwò Ta Tso Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Si Me
MALAITA ƒukpo si le Solomon Islands la ƒe saɖeaganuto aɖe mee wonyi James le. Tso eƒe ɖevime ke la, wofiae be ele be wòade bubu gbɔgbɔwo ŋu. Egblɔ be: “Meva susu me nam kpɔ be mayɔ gbɔgbɔwo be woawɔ nuvevi ame bubuwo o, gake nyemesusui be mate ŋu ase vivi le agbe me ne nyemezãa rarafono [si nye gbɔgbɔwo yɔyɔ be woakpe ɖe ame ŋu ƒe nuwɔnawo] be woakpɔ tanye o.”
Abe ale si ko wòle le ame bubu siwo le xexea ƒe akpa geɖewo gome ene la, Solomon Islands tɔwo xɔe se be gbɔgbɔwo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu alo awɔ nuvevi ame. Le nyateƒe me la, Melanesiatɔ geɖewo mevɔ̃na na yeaɖi gbɔgbɔ nyuiwo o, ke boŋ wokpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu.
Woɖea gbɔgbɔwo dzi xɔxɔ se fiana le mɔ vovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, le James ƒe ɖevime la, ɣesiaɣi si nyɔnuwo nya se xevi si woyɔna le wo gbɔ be korokoro ƒe xɔxlɔ̃ ko la, wotsɔa dzodzodzoetsitsi yɔa wo viwo dea xɔ. Nu ka tae? Woxɔe se be xevia ƒe xɔxlɔ̃ nye dzesi be wole nuvevi wɔ ge ame aɖe.
Kɔƒea me tɔ aɖewo tsɔa kpe ɣi tɔxɛ aɖe tsina ɖe woƒe agbowo nu. James hã wɔ nu sia hexɔe se be kpea akpɔ ye ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me. Eye ne eɖu ŋdɔnu vɔ le dɔme la, efɔa nu kui sia nu kui si susɔ la keŋkeŋ tsɔ dea akplo me ɖatsɔ ƒua gbe emegbe. Nu si koŋ tae wòwɔnɛ nenemae nye be evɔ̃na be dzoɖuametɔ aɖe ava lɔ wo aɖatsɔ aɖu dzo ye yeadze dɔ.
Togbɔ be nuwɔna siawo tututu mabɔ ɖe dukɔ si me nèle me o hã la, ɖewohĩ abe ale si wònɔ le James gome ene la, wò hã ewɔ nu siwo amewo wɔna tsɔ kpɔa wo ɖokui ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me la dometɔ aɖewo kpɔ. Ðewohĩ exɔe se be ame ɖokui ƒoƒo ɖe nu siawo me le vevie hena ame ɖokui ta kpɔkpɔ.
Ne edea asixɔxɔ Biblia ŋu la, ɖikeke mele eme o be àdi be yeanya ale si wòɖo biabia siwo gbɔna la ŋu: (1) Aleke gbɔgbɔ vɔ̃wo ate ŋu agblẽ nu le ŋuwòe? (2) Ðe wɔwɔ ɖe kɔnyinyi aɖewo dzi ate ŋu ana be gbɔgbɔ vɔ̃wo nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwòa? (3) Aleke nàwɔ akpɔ takpɔkpɔ vavãtɔ tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me ahakpɔ dzidzɔ?
Ale Si Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Gblẽa Nu Le Ame Ŋu
Biblia ɖee fia be menye ame kukuwo ƒe gbɔgbɔe gbɔgbɔ vɔ̃wo nye o. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Le nyateƒe me la, gbɔgbɔ vɔ̃wo nye mawudɔla dzeaglã siwo wɔ ɖeka kple Satana hetena kpɔ be yewoable amegbetɔwo.—Nyaɖeɖefia 12:9.
Ŋɔŋlɔawo gblɔe eme kɔ ƒãa be míehiã takpɔkpɔ tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me. Apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Efeso la be: “Míele kame tem, menye kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ kple . . . gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.” Apostolo Petro ɖɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia, Satana Abosam, be ele “abe dzata, si le gbe ɖem ene, eye wòle ame dim be yeami.”—Efesotɔwo 6:12; 1 Petro 5:8.
Mɔ vevitɔ si dzi Satana tona gblẽa nu le amewo ŋue nye wo beble, wo fuflu alo wo tete kpɔ be woawɔ nu si medzea Mawu ŋu o. Biblia gblɔ be Satana “yia edzi trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.” (2 Korintotɔwo 11:14) Ewɔa eɖokui abe gbɔgbɔ si kpɔa ame ta ene, evɔ le nyateƒe me la, tameɖoɖo vɔ̃ ye le esi. Satana gbãa ŋku na amewo ƒe tamesusu be woaganya nyateƒe si ku ɖe eya ŋutɔ kple Mawu ŋu la o. (2 Korintotɔwo 4:4) Taɖodzinu ka tae wòblea amewo ɖo?
Satana di vevie be woade ta agu na ye, eye wòhea amewo dea eyama subɔsubɔ me, woawo ŋutɔwo ɖanya alo womenya o. Esime Mawu ŋutɔ ƒe Vi, Yesu, nɔ anyigba dzi la, Satana di be ‘wòadze klo ade ta agu’ na ye. Yesu gblɔ be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi be, ‘Yehowa wò Mawu ye wòle be nàde ta agu na.’” (Mateo 4:9, 10) Yesu gbe be yemawɔ naneke si adze abe ɖe yele ta dem agu na Satana ene o.
Yehowae nye gbɔgbɔ si ƒe ŋusẽ ƒo gbɔgbɔwo katã tɔ ta, eya ta maɖe mɔ woagblẽ nu le ame siwo ɖoa toe la ŋu ɖikaa o. (Psalmo 83:19; Romatɔwo 16:20) Gake hafi míaƒe nu nadze Yehowa Mawu ŋu abe Yesu ene la, ele be míaƒo asa na nuwɔna ɖe sia ɖe si anye Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ. Le esia ta la, ehiã be míanya kɔnu alo kɔnyinyi siwo katã nye subɔsubɔ ƒe bubu dede gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu la. Aleke nàte ŋu awɔ esiae?
De Dzesi Kɔnu Siwo Medzea Mawu Ŋu O
Yehowa Mawu xlɔ̃ nu eƒe ame siwo nɔ anyi le blema, si nye Israel viwo, be woagasrɔ̃ kɔnu siwo dukɔ siwo ƒo xlã wo wɔna la dometɔ aɖeke o. Egblɔ be: “Ame aɖeke meganɔ dowòme, si [anye] bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, [alo dzoɖuametɔ o.]” Biblia gblɔ be: ‘Ame sia me, si le nu siawo wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.’—5 Mose 18:10-12.
Eya ta ne èle ŋugble dem tso kɔnu siwo bɔ ɖe miaƒe nutoa me ŋu la, àte ŋu abia ɖokuiwò be: Ðe afakadzesiwo dzi xɔxɔ se dzena le kɔnua mea? Ðe wòɖenɛ fiana be akunyawɔwɔ ƒe ametakpɔŋusẽ le nu siwo me agbe mele o sia? Ðe wòlɔ dzoɖuɖu ame alo ametakpɔkpɔ tso dzotɔwo si me ɖe emea? Ðe wòlɔ bubu tsɔtsɔ na gbɔgbɔ aɖe si to vovo na Yehowa alo eteƒenɔla Yesu, ɖe emea?—Romatɔwo 14:11; Filipitɔwo 2:9, 10.
Ehiã vevie be nàtsri kɔnu ɖe sia ɖe si me nu siawo yia edzi le. Nu ka tae? Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ be: “Miate ŋu anɔ nu ɖum le ‘Yehowa ƒe kplɔ̃’ ŋu, aganɔ nu ɖum le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋu o.” Ena wòdze ƒãa be ame siwo dzea agbagba be yewoadze Mawu kple gbɔgbɔ bubuwo siaa ŋu la ‘le nanam be Yehowa naʋã ŋu.’ (1 Korintotɔwo 10:20-22) Yehowa Mawu dia ɖokuitsɔtsɔna blibo, eye edze nɛ hã.—2 Mose 20:4, 5.
Bu biabia sia hã ŋu kpɔ: Ðe kɔnua doa nukpɔsusu si nye be nu siwo ame wɔna la ƒe agba mele edzi o la ɖe ŋgɔa? Le kpɔɖeŋu me, woƒoa nu tsia tsitre ɖe ahasiwɔwɔ kple gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ŋu le nuto geɖewo me eye Biblia hã meda asi ɖe nuwɔna siawo dzi o. (1 Korintotɔwo 6:9, 10) Gake le Pasifik nuto aɖewo me la, womebua fɔ nyɔnuvi ne egblɔ be ɖe “woda gbe ɖe mɔ me na ye,” * si nye gbɔgblɔ be ɖe woto gbɔgbɔyɔyɔ dzi na yekpɔ gome le gbɔdɔdɔ me o.
Gake Biblia fia nu be míawo ŋutɔe atsɔ míaƒe nuwɔnawo me tsonuwo ƒe agba. (Romatɔwo 14:12; Galatiatɔwo 6:7) Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu gbãtɔ Xawa, gblɔ be Satanae ble ye yegbe toɖoɖo Mawu, hegblɔ be: “Da lae blem, eye meɖui.” Ke hã, Yehowa bu fɔ Xawa ɖe eƒe nuwɔnawo ta. (1 Mose 3:13, 16, 19) Abia akɔnta tso míawo hã mía si ɖe míaƒe nuwɔnawo ta.—Hebritɔwo 4:13.
Nu Kae Wòle Be Nàwɔ?
Ne èdi be yeƒe nu nadze Mawu ŋu eye yeanɔ agbe ɖe Biblia me dzidzenuwo nu la, ele be nàwɔ nu kpata atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me. Dzianukwaretɔ siwo nɔ Efeso le ƒe alafa gbãtɔa me la ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le go sia me. Be woavo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me la, woƒo gbɔgbɔyɔgbalẽ siwo katã nɔ wo si la nu ƒu “eye wotɔ dzo wo le amewo katã ƒe ŋkume.”—Dɔwɔwɔwo 19:19.
Do ŋgɔ na dzotɔtɔ agbalẽawo la, ame siawo “vana ʋua woƒe nuwɔnawo me hegblɔa wo le dutoƒo.” (Dɔwɔwɔwo 19:18) Esi nu siwo Paulo fia wo tso Kristo ŋu la de dzi gbɔ na wo ta la, eʋã wo wogblẽ woƒe gbɔgbɔyɔgbalẽwo dome. Wowɔ tɔtrɔwo le ale si wobua wo gbɔ dekɔnuwoe hã gome.
Nyateƒee, mele bɔbɔe be woaɖe asi le dekɔnu siwo mesɔ o la ŋu o. Nenemae wònɔ le James si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ la hã gome. Yehowa Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kplii eye nu siwo wòsrɔ̃ la do dzidzɔ nɛ ŋutɔ. Gake ekpɔtɔ kpɔa gome le rarafono zazã me. Esi wòdzro eɖokui me kpɔ le kɔnu siawo gome la, ekpɔe be yenya xɔ Yehowa ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe etsɔme ŋu la dzi se ya, gake ebui be hafi yeate ŋu akpɔ ye ɖokui ta tso afɔkuwo me la, ehiã be yealé dekɔnu mawo me ɖe asi.
Nu kae va kpe ɖe James ŋu wòtrɔ eƒe nukpɔsusu? Egblɔ be: “Medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpɔ tanye eye be mate ŋu aɖo ŋu ɖe eyama ŋu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, meɖe asi le dekɔnu mawo ŋu.” Ðe nuvevi aɖe wɔe emegbea? James gblɔ be: “Kura o. Elabena mesrɔ̃ ale si maka ɖe Yehowa dzi. Meva kpɔ ale si Yehowa ate ŋu anye xɔlɔ̃ kplikplikpli na ame la dze sii.” Le nyateƒe me la, ƒe adree nye esia si James le subɔsubɔm abe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela ene hele kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu siwo Biblia fia.
Nu ka tae màsrɔ̃ James ƒe kpɔɖeŋua o? Lé ŋku ɖe kɔnu siwo yia edzi le miaƒe nutoa me ŋu, eye nàzã wò “tamebubu ŋutete” atsɔ akpɔe ɖa be wowɔ ɖeka kple “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu” hã. (Romatɔwo 12:1, 2) Eye nàlé dzi ɖe ƒo ahagbe nu le aʋatsodzixɔsewo gbɔ keŋkeŋ. Ne èwɔ nenema la, kakaɖedzi asu asiwò be Yehowa ‘axɔ wò’ ahakpɔ tawò. (2 Korintotɔwo 6:16-18) Abe James ene la, àkpɔ Biblia me ŋugbedodo sia ƒe nyateƒenyenye be: “Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ̃ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.”—Lododowo 18:10.
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 18 Nyagbɔgblɔ sia ku ɖe nuwɔna si me woƒoa nu doa aŋgba tɔxɛ aɖe alo nuɖuɖu aɖe. Emegbe wotsɔa nu si dzi wowɔ nua ɖo la naa nyɔnuvia. Wogblɔna be aŋgba alo nuɖuɖua nana gbɔdɔdɔ ƒe lɔlɔ̃ nyɔna ɖe nyɔnuvia me ɖe ŋutsu aɖe ŋu. Nuwɔna sia to vovo na atike muame nana nyɔnuvi aɖe le eƒe manyamanya me ahadɔ kplii esi eya ŋutɔ medi hafi o. Le go evelia sia ya me la, nyɔnuvia meɖi fɔ o.
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
“Korokoro”
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Courtesy of Dr. Bakshi Jehangir
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Nyɔnuvi aɖe le nuɖuɖu kuiwo fɔm ɖa le anyigba be ame aɖeke nagava zã wo atsɔ aɖu dzo yewo o