3 Srɔ̃ Nu Tso Nyateƒe Si Ku Ðe Yesu Ŋu La Ŋu
3 Srɔ̃ Nu Tso Nyateƒe Si Ku Ðe Yesu Ŋu La Ŋu
“Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.
NU KAE NYE MƆXENUA? Ame aɖewo adi be nàxɔe ase be Yesu menye ame ŋutɔŋutɔ si nɔ anyi kpɔ o. Ame bubuwo lɔ̃ ɖe edzi be enɔ anyi kpɔ ya, gake be amegbetɔ dzro aɖe si ku gbe aɖe gbe ke koe wònye.
ALEKE NÀWƆ AÐU MƆXENUA DZI? Srɔ̃ nusrɔ̃la Natanael ƒe kpɔɖeŋu. * Exɔlɔ̃ Filipo gblɔ nɛ be ewɔ na ye be yekpɔ Mesia la—“Yesu, Yosef vi, tso Nazaret.” Gake Natanael mexɔ Filipo ƒe nya la dzi se zi ɖeka o. Eɖo eŋu be: “Ðe nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaret mahã?” Ke hã ewɔ ɖe ale si Filipo kpee be eya ŋutɔ ‘neva kpɔe’ la dzi. (Yohanes 1:43-51) Aɖe vi na wò hã ne wò ŋutɔ èdzro nyateƒenya siwo ku ɖe Yesu ŋu la me kpɔ. Nu kae nàwɔ?
Ku ŋutinyamekpeɖodzi siwo ɖee fia be Yesu nɔ anyi kpɔ la me. Josephus kple Tacitus siwo nye ŋutinyaŋlɔla xɔŋkɔ siwo menye Kristotɔwo o la nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me. Woƒo nu tso Yesu Kristo ŋu be enye ame si nɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔ. Esi Tacitus nɔ nu ƒom tso ale si Roma Fiagã Nero da dzo si bi le Roma le ƒe 64 M.Ŋ. me ƒe fɔbubu ɖe Kristotɔwo dzi ŋuti la, eŋlɔ be: “Nero bla ame siwo dzi woda fɔbubua ɖo la, eye wòwɔ fu ha si wolé fui le esi wobui be wowɔ ŋunyɔnuwo ta, si dua me tɔwo yɔna be Kristotɔwo. Kristo, ame si ƒe ŋkɔ dzi wotu woƒe ŋkɔ [Kristotɔwo] ɖo la kpe tohehe sesẽ ƒe fu le Tiberio ƒe fiaɖuɣi le míaƒe mɔmefiawo dometɔ ɖeka, Pontio Pilato si me.”
Esi Encyclopædia Britannica, ƒe 2002 ƒe tata nɔ nu ƒom tso ale si ŋutinyaŋlɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia me ƒo nu tso Yesu kple Kristotɔ gbãtɔwo ŋui ŋu la, egblɔ be: “Nuŋlɔɖi ɖekaɖeka siawo ɖo kpe edzi be le blemaɣeyiɣiwo me la, ame siwo tsi tsitre ɖe Kristotɔnyenye ŋu gɔ̃ hã meke ɖi le Yesu ƒe anyinɔnɔ kpɔ ŋu o, si ŋu wotsɔ susu siwo ŋu kpeɖodzi mele o la ʋli nya le zi gbãtɔ le ƒe alafa 18 lia ƒe nuwuwu, kple emegbe le ƒe alafa 19 lia me, kpakple le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze.” Le ƒe 2002 me la, nyati aɖe dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Wall Street Journal me be: “Agbalẽnyalagã akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi xoxo be Yesu Nazaretetɔ la nɔ anyi kpɔ, negbe mawudzimaxɔselawo koe.”
Mateo 26:55, 56, 69-75) Esi wolé Yesu la, eyomedzelawo ka hlẽ. (Mateo 26:31) Gake eteƒe medidi o, eƒe nusrɔ̃lawo gatso ɖe dɔ ŋu. Petro kple Yohanes tsɔ dzinɔameƒo dze ŋgɔ ame siwo na wowu Yesu la. Dzo ɖo Yesu ƒe nusrɔ̃lawo me eye wokaka eƒe nufiafiawo le Roma Fiaɖuƒe bliboa me helɔ̃ faa be yewoaku tsɔ wu be yewoagbe nu le yewoƒe dzixɔsewo gbɔ.
Bu kpeɖodzi siwo ɖee fia be wofɔ Yesu ɖe tsitre ŋu kpɔ. Esi Yesu ƒe futɔwo lée la, eƒe nusrɔ̃la siwo nɔ eŋu kplikplikpli la gblẽe ɖi, eye vɔvɔ̃ na exɔlɔ̃ Petro gblɔ be yemenyae o. (Nu kae na wowɔ tɔtrɔ gã sia? Apostolo Paulo ɖe nu me be wofɔ Yesu tso ame kukuwo dome, eye “[wòɖe] eɖokui fia Kefas [Petro], emegbe la, ame wuieveawo.” Paulo gblɔ kpee be: “Le ema megbe la, eɖe eɖokui fia nɔvi siwo wu alafa atɔ̃ zi ɖeka.” Ame siwo kpɔ nudzɔdzɔ sia teƒe dometɔ geɖe kpɔtɔ nɔ agbe esime Paulo ŋlɔ nya mawo. (1 Korintotɔwo 15:3-7) Ne ame ɖeka alo eve aɖewo koe nye eteƒekpɔlawo la, anye ne anɔ bɔbɔe na ɖikelawo be woagbe edzi xɔxɔ ase. (Luka 24:1-11) Gake esi eteƒekpɔlawo wu ame alafa atɔ̃ ta la, ezu kpeɖodzi sẽŋu be wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.
VIÐE KAE ADO TSO EME? Woate ŋu atsɔ ame siwo xɔ Yesu dzi se heɖoa toe la ƒe nu vɔ̃wo ake wo, eye dzitsinya dzadzɛ ate ŋu asu wo si. (Marko 2:5-12; 1 Timoteo 1:19; 1 Petro 3:16-22) Ne woku la, Yesu do ŋugbe be yeafɔ wo ɖe tsitre “le ŋkeke mamlɛa dzi.”—Yohanes 6:40.
Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? * ƒe ta 4 lia si nye “Amekae Nye Yesu Kristo?,” kple eƒe ta 5 lia si nye “Tafe La—Mawu ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake” hena numeɖeɖe bubuwo.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
^ mm. 4 Nya Nyui Gbalẽ ŋlɔla siwo nye Mateo, Marko, kple Luka woyɔ Natanael be Bartolomeo.
^ mm. 10 Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Ku ŋutinyamekpeɖodzi siwo ɖee fia be Yesu nɔ anyi kpɔ la me abe ale si Natanael wɔe ene