Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia La Le Agbe Le Gbegbɔgblɔ Si Ku Gɔ̃ Hã Me

Biblia La Le Agbe Le Gbegbɔgblɔ Si Ku Gɔ̃ Hã Me

 Biblia La Le Agbe Le Gbegbɔgblɔ Si Ku Gɔ̃ Hã Me

ƑE ALAFA aɖewoe nye esi va yi la, gbegbɔgblɔ siwo wodona le xexea me la ƒe afã ya teti nu yi. Wogblɔna be gbe aɖe ku ne meganye ame aɖewo koŋ degbe o. Le gɔmesese sia nu la, wobua Latingbe be “enye gbegbɔgblɔ si ku,” togbɔ be ame geɖewo srɔ̃nɛ eye wòkpɔtɔ nye gbegbɔgblɔ vevi si wodona le Vatican City hã.

Latingbe mee woɖe Biblia gbãtɔwo kekeake dometɔ aɖewo gɔme ɖo. Ðe Biblia gɔmeɖeɖe mawo siwo woŋlɔ ɖe gbegbɔgblɔ si megale tsia dzi o me la ate ŋu “anɔ agbe” ahakpɔ ŋusẽ ɖe Biblia xlẽlawo dzi egbea? Biblia siwo gɔme woɖe ɖe gbe ma me ƒe ŋutinya wɔdɔɖeamedzia akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia ma ŋu.

Latingbe Me Biblia Xoxotɔwo Kekeake

Latin ye nye Romatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ gbãtɔ. Gake esi apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kristotɔ siwo nɔ dugã ma me la, Helagbe mee wòŋlɔe ɖo. * Ema menye kuxi o, elabena ame siwo nɔ teƒe ma doa gbe evea siaa. Esi wònye be ame siwo nɔ Roma la dometɔ geɖe nye Ɣedzeƒetɔ siwo doa Helagbe ta la, wogblɔ be dua va le Hela du zum. Wodoa gbe vovovowo le Roma Fiaɖuƒea ƒe nuto vovovoawo me, gake esi fiaɖuƒea va nɔ ta kekem ɖe edzi la, ame geɖe wu va nɔ Latingbea dom. Esia wɔe be wova ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gɔme tso Helagbe me yi Latingbe me. Edze ƒãa be ƒe alafa evelia M.Ŋ. mee wodze dɔ sia gɔme le Dziehe Afrika.

Woyɔa gɔmeɖeɖe vovovoawo be Vetus Latina, alo Latin gɔmeɖeɖe Xoxotɔ. Latingbe me Biblia gɔmeɖeɖe blibo si wotsɔ asi ŋlɔ la dometɔ aɖeke meli egbea o. Vetus Latina ƒe akpa siwo ŋu woke ɖo kple esiwo blemanuŋlɔlawo zã le woƒe nuŋlɔɖiwo me ɖee fia be menye agbalẽ blibo ɖekae wònye o. Ke boŋ edze ƒãa be gbegɔmeɖela vovovowoe ɖe egɔme le teƒe vovovowo le ɣeyiɣi vovovowo me. Eya ta le esi teƒe be wòanye Biblia blibo ɖeka la, enye gɔmeɖeɖe vovovo siwo gɔme woɖe tso Helagbe me.

Agbagba siwo ame vovovowo dze be yewoaɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo gɔme ɖe Latingbe me la he kuxi aɖewo vɛ. Le ƒe alafa enelia M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo la, Augustine gblɔ be “ame sia ame si ƒe asi su Helagbe me asinuŋɔŋlɔ Biblia aɖe dzi eye wobui be gbegbɔgblɔ eveawo ŋuti sidzedze aɖe su ye si—eɖanye sidzedze sue aɖe koe hã—tena kpɔ be yeaɖe Biblia gɔme” ɖe Latingbe me. Augustine kple ame bubuwo se le wo ɖokui me be Biblia gɔmeɖeɖe siwo nɔ anyi la sɔ gbɔ akpa eye womeka ɖe edzi be woɖe wo gɔme nyuie o.

Biblia Si Gɔme Jerome Ðe

Ame si dze agbagba be woakpɔ ta na kuxi siwo do mo ɖa le Biblia gɔme ɖeɖe me lae nye Jerome, ame si subɔ ɣeaɖewoɣi abe agbalẽŋlɔla ene na Damasus, si nye bisiɔp nɔ Roma le ƒe 382 M.Ŋ. me. Bisiɔp la bia tso Jerome si be wòagbugbɔ ato Nya Nyui Gbalẽ siwo woŋlɔ ɖe Latingbe me la me, eye Jerome wu dɔ sia nu le ƒe ʋɛ aɖewo ko me. Eye wòtrɔ ɖe Biblia gbalẽ bubu siwo woŋlɔ ɖe Latingbe me la me toto ŋu.

Jerome ƒe gɔmeɖeɖea, si wova yɔ emegbe be Vulgate la nye gɔmeɖeɖe vovovo siwo nu woƒo ƒu ɖekae. Septuagint, si nye Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖeɖe ɖe Helagbe me, si nu wowu le ƒe alafa  evelia D.M.Ŋ. me la dzie Jerome kpɔ hafi trɔ asi le eƒe Psalmowo gɔmeɖeɖea ŋu. Egbugbɔ to Nya Nyui Gbalẽawo me, eye wòɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa gã aɖe hã gɔme tso Hebrigbe me yi Latingbe me. Anɔ eme be ame bubuwoe gbugbɔ to Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa susɔeawo me. Wova tsɔ Vetus Latina Biblia la ƒe akpa aɖewo de Jerome ƒe Vulgate la me emegbe.

Ame geɖewo meda asi ɖe Jerome ƒe gɔmeɖeɖea dzi gbã o. Augustine gɔ̃ hã he nya ɖe eŋu. Gake vivivi la, eva zu Biblia bliboa gɔmeɖeɖe nyuitɔ kekeake. Le ƒe alafa enyilia kple asiekelia me la, agbalẽnyalawo abe Alcuin kple Theodulf ene te gbegbɔgblɔ kple nuŋɔŋlɔ me vodada siwo ge ɖe Jerome ƒe gɔmeɖeɖea me le esi wogbugbɔe ŋlɔ enuenu ta la ɖɔɖɔɖo. Ame bubuwo mae ɖe ta vovowo me bene Ŋɔŋlɔawo me nyawo didi nanɔ bɔbɔe. Esi wova to agbalẽtamɔ̃wo vɛ la, Jerome ƒe gɔmeɖeɖea ye nye Biblia gbãtɔ si wotsɔ mɔ ta.

Trent Aɖaŋuɖotakpekpe si wowɔ le ƒe 1546 me la mee Katoliko ha la yɔ Jerome ƒe gɔmeɖeɖea le be Vulgate. Takpekpe sia me nɔlawo da asi ɖe Biblia sia dzi be woɖe egɔme “wòsɔ pɛpɛpɛ,” si na wòva zu Katolikotɔwo ƒe Biblia vevitɔ. Le ɣeyiɣi ma ke me la, takpekpea me tɔwo bia be woagbugbɔ ato eme. Woɖoe be kɔmiti tɔxɛ aɖewo nakpɔ dɔa dzi, gake Papa Sixtus V tsi dzi vevie be yeakpɔe be wowu dɔ sia nu eye edze ƒãa be esi wòka ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutetewo dzi akpa ta la, etso nya me be ye ŋutɔ yeawu dɔa nu. Papa sia ku le ƒe 1590 me  esi wote Biblia sia si ŋu wòtrɔ asi le la tata teti ko. Enumake papatenɔlawo gbe nu le eƒe Biblia sia si wogblɔ be vodadawo yɔ taŋ la gbɔ hena wodzudzɔ etata.

Le ƒe 1592 me la, Papa Clement VIII na woɖe Biblia gɔmeɖeɖe yeye aɖe ɖe go si wova yɔ mlɔeba be Sixtine Clementine ƒe gɔmeɖeɖe. Biblia sia va zu Katolikotɔwo ƒe gɔmeɖeɖe vevi aɖe hena ɣeyiɣi aɖe. Sixtine Clementine ƒe Vulgate siae Katolikotɔwo zã tsɔ ɖe Biblia gɔme ɖe gbe bubuwo me, abe Antonio Martini ƒe Biblia si gɔme woɖe ɖe Italygbe me, si nu wowu le ƒe 1781 me la ene.

Egbegbe Latingbe Me Biblia Aɖe

Le ƒe alafa 20 lia me la, nuŋlɔɖiwo ŋuti ɖeklemiɖelawo na eme kɔ be ele be woagbugbɔ atrɔ asi le Vulgate gɔmeɖeɖea ŋu abe ale si ko wònɔ le gɔmeɖeɖe bubuwo hã gome ene. Eya ta le ƒe 1965 me la, Katoliko Sɔlemeha la ɖo Habɔbɔ aɖe si wòde Vulgate Yeye ŋuti dɔ asi na be wòagbugbɔ asi atrɔ le Latingbe me gɔmeɖeɖea ŋu wòawɔ ɖeka kple ɣemaɣi me sidzedzewo. Woɖoe be woazã gɔmeɖeɖe yeye sia le Katoliko subɔsubɔwɔnawo me le Latingbe me.

Gɔmeɖeɖe yeye sia ƒe akpa gbãtɔ do le ƒe 1969 me, eye le ƒe 1979 me la, Papa John Paul II da asi ɖe Nova Vulgata la dzi. Mawu ƒe ŋkɔ Iahveh dze le kpukpui geɖe siwo dome 2 Mose 3:15 kple ta 6:3 hã le la me le tata gbãtɔa me. Ke hã, abe ale si kɔmitia me tɔ ɖeka gblɔe ene la, “wogbugbɔ tsɔ Dominus [‘Aƒetɔ’] ɖo Iahveh” teƒe le ƒe 1986.

Katolikotɔ agbalẽnyalawo kura gɔ̃ hã va he nya ɖe Nova Vulgata la ŋu abe ale si ko wònɔ le Vulgate la hã gome le ƒe alafa aɖewo siwo do ŋgɔ me ene. Togbɔ be taɖodzinu si le gɔmeɖeɖe sia ŋue nye be wòana subɔsubɔha siwo katã be yewonye Kristotɔwo nawɔ ɖeka hã la, ame geɖe bui be enye kplamatsedonu na Biblia gɔmeɖela siwo le subɔsubɔha bubuwo me, le esi woɖoe  be wòanye esi koŋ dzi woakpɔ aɖe Biblia gɔme ɖe gbe bubuwo me ta. Le Germany la, Nova Vulgata la va na nyaʋiʋli ɖo Protestanttɔwo kple Katolikotɔwo dome ku ɖe asitɔtrɔ le Biblia gɔmeɖeɖe si dzi subɔsubɔha vovovowo ada asi ɖo ŋu. Protestanttɔwo tsɔ nya ɖe Katolikotɔwo ŋu le esi wote tɔ ɖe edzi be gɔmeɖeɖe yeyea nawɔ ɖeka kple Nova Vulgata la ta.

Togbɔ be womega doa Latingbe le teƒe geɖewo o hã la, Biblia si le Latingbe me la kpɔa ŋusẽ ɖe exlẽla miliɔn geɖewo dzi le mɔ si le tẽ kple esi mele tẽ o nu. Ekpɔ ŋusẽ ɖe nyagbe geɖe siwo wozãna le subɔsubɔ me la dzi le gbegbɔgblɔ geɖewo me. Gbegbɔgblɔ ka ke mee Mawu ƒe Nya la ɖale o, ŋusẽ kpɔtɔ nɔa eŋu, eye wòle ame miliɔn geɖe siwo le agbagba dzem be yewoanɔ agbe woawɔ ɖeka kple nufiafia xɔasi siwo le eme la dzi toɖoɖotɔe la ƒe agbenɔnɔ trɔm.—Hebritɔwo 4:12.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Kpɔ nyati si nye “Ènyaa?” si le axa 13 hena susu si tae woŋlɔ Kristotɔwo ƒe Ŋɔŋlɔawo ɖe Helagbe me ɖo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 23]

Papa John Paul II da asi ɖe Nova Vulgata la dzi. Mawu ƒe ŋkɔ si nye Iahveh, dze le eƒe tata gbãtɔa me.

[Aɖaka si le axa 21]

GƆMEÐEÐE SIWO DZI WOAÐO ŊKUI LE ŊUTINYA ME

Ale si woɖe nya aɖewo gɔme le Vetus Latina Biblia si gɔme woɖe tso Helagbe me me la nye nu si dzi woaɖo ŋkui le ŋutinya me. Esiawo dometɔ ɖekae nye ale si woɖe Helagbe me nya di·a·theʹke, alo “nubabla” gɔme. (2 Korintotɔwo 3:14) Ale si woɖe nya sia gɔmee wɔe be va se ɖe egbea la, ame geɖe kpɔtɔ yɔa Hebri Ŋɔŋlɔawo be Nubabla Xoxo, eye woyɔa Hela Ŋɔŋlɔawo be Nubabla Yeye.

[Aɖaka si le axa 23]

MƆFIAME SIWO ŊU WOHE GLÃKA LE

Le Vatikan Mawusubɔsubɔ Kple Sakramento Kɔkɔewo Ŋuti Nufiaha ƒe numetoto hena ƒe ene sɔŋ megbe la, woɖe agbalẽ si nye Liturgiam authenticam (Subɔsubɔkɔnu Vavãwo) si me mɔfiamewo le la ɖe go le ƒe 2001 me. Katolikohaa ŋuti nunyala geɖe he glãka le mɔfiame mawo ŋu vevie.

Le mɔfiameawo ƒe nya nu la, esi wònye be Nova Vulgata lae nye Biblia si Sɔlemehaa ŋutɔ ɖe ɖe go ta la, ele be wòanye esi dzi woakpɔ hafi aɖe bubu ɖe sia ɖe gɔme, nenye be eƒe akpa aɖewo mesɔ kple blematɔ gbãtɔawo o hã. Ne wowɔ ɖe mɔfiame sia dzi le Biblia aɖe gɔmeɖeɖe me ko hafi Katolikohaa ŋgɔnɔlawo ada asi ɖe edzi. Mɔfiamea gblɔ be le Katolikotɔwo ƒe Bibliawo me la, ele be “wòaɖe Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkɔ si wotsɔ Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene (YHWH) ŋlɔ la” gɔme ɖe “gbe bubuawo me” be Dominus, alo “Aƒetɔ,” abe ale si wòdze le Nova Vulgata ƒe tata evelia me ene—togbɔ be “Iahveh” dze le tata gbãtɔa me hã. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 29 Kpɔ nyati si nye “Vatikan Dze Agbagba Be Yeana Woadzudzɔ Mawu Ƒe Ŋkɔa Zazã,” si dze le axa 30.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Biblia si gɔme Alcuin ɖe ɖe Latingbe me, ƒe 800 M.Ŋ.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

From Paléographìe latine, by F. Steffens ()

[Nɔnɔmetata siwo le axa 22]

Sixtine Clementine Vulgate, 1592

[Nɔnɔmetata siwo le axa 22]

2 Mose 3:15, Nova Vulgata, 1979

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© 2008 Libreria Editrice Vaticana