Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Ʋɛ Aɖewo Aɖu Dzi Hena Ame Geɖewo Ƒe Viɖe

Ame Ʋɛ Aɖewo Aɖu Dzi Hena Ame Geɖewo Ƒe Viɖe

 Ame Ʋɛ Aɖewo Aɖu Dzi Hena Ame Geɖewo Ƒe Viɖe

TSO apostoloawo ƒe ɣeyiɣi me ke la, Mawu le Kristotɔ wɔnuteƒewo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe me tɔwo tiam tso ameƒomea me hele wo xɔm abe viwo ene. Tɔtrɔ blibo si vaa ame siawo siwo woxɔ abe viwo ene ƒe agbe me la wɔe be Mawu ƒe Nya la ƒo nu tso wo ŋu be wodzi wo yeyee. Taɖodzinu si le amedzidzi yeyee sia ŋue nye be wòatrɔ asi le Mawu ƒe subɔla siawo siwo wogbugbɔ dzi la ŋu be woava nye dziɖulawo le dziƒo. (2 Timoteo 2:12) Bene dziɖulanyenye ƒe ɖoƒe sia nasu wo si la, wofɔa wo tso ku me woɖanɔa agbe le dziƒo. (Romatɔwo 6:3-5) Woakpe ɖe Kristo ŋu le dziƒo “[aɖu] fia ɖe anyigba la dzi.”—Nyaɖeɖefia 5:10; 11:15.

Gake Mawu ƒe Nya la gblɔ be ame bubu siwo womegbugbɔ dzi o la hã akpɔ ɖeɖe mavɔ. Le Biblia (Hebri Ŋɔŋlɔawo kple  Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo siaa) me la, woƒo nu tso nyateƒe si wònye be Mawu ɖoe be yeaɖe amewo ƒe hatsotso eve la ŋu—dziɖulawo ƒe ha sue aɖe si me tɔwo anɔ agbe le dziƒo, kple ameha gã aɖe si me tɔwo anɔ anyigba dzi anye dziɖuɖu ma teviwo. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi nya si apostolo Yohanes ŋlɔ na haxɔsetɔ siwo nye ame siwo wodzi yeyee. Egblɔ tso Yesu ŋu be: “Eyama nye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, ke hã, menye ɖe mía tɔ [ha sue la] ɖeɖe ko ta o, ke ɖe xexe blibo la [ameha gã la] hã tɔ ta.”—1 Yohanes 2:2.

Nenema kee apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nuwɔwɔ la [ameha gã la] ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le Mawu ƒe viwo [ha sue la] ƒe ɖeɖe fia la lalam.” (Romatɔwo 8:19-21) Gɔmesese kae le apostolo Yohanes kple Paulo ƒe nya siawo ŋu? Efia be: Ame siwo wogbugbɔ dzi la ava nye dziƒodziɖuɖu aɖe me tɔwo. Taɖodzinu kae le esia ŋu? Be woahe viɖe mavɔwo avae na ame miliɔn geɖe, siwo anye Mawu ƒe dziɖuɖua teviwo le anyigba dzi. Eya ta Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.”—Mateo 6:10.

Nyateƒenya sia si ku ɖe hatsotso eve ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu la dze le Hebri Ŋɔŋlɔawo hã me. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi nya si Yehowa gblɔ na Yesu tɔgbui Abraham, be: “Anyigba dzi dukɔwo [ameha gã la] katã ayra wo ɖokuiwo to wò dzidzime la [ha sue la] dzi.” (1 Mose 22:18, NW) Ɛ̃, dukɔwo katã ate ŋu akpɔ yayra to Abraham ƒe “dzidzime” la dzi.

Ame kae nye “dzidzime” ma? Yesu Kristo kple ame siwo wodzi yeyee, ame siwo Mawu xɔ abe viwo ene lae nye dzidzime ma. Apostolo Paulo ɖe nu me be: “Ne Kristo tɔe mienye la, ekema Abraham ƒe dzidzimee mienye vavã.” (Galatiatɔwo 3:16, 29) Ke yayra kawoe dukɔwo katã me tɔwo akpɔ to “dzidzime” sia dzi? Mɔnukpɔkpɔ si nye be Mawu nagakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu eye woanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi la asu wo si. Hakpala David gblɔ nya ɖi be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29; Yesaya 45:18; Nyaɖeɖefia 21:1-5.

Nyateƒee, ame ʋɛ aɖewo koe anye dziɖulawo le dziƒo, ke hã, dziƒodziɖuɖu sia ƒe viɖewo—agbenɔnɔ tegbee le anyigba dzi kple yayra siwo katã akpe ɖe eŋu—ayi na ame geɖewo. Neva eme be mia kple wò ƒomea mianɔ ame siwo akpɔ yayra mavɔ siwo Mawu Fiaɖuƒea ahe vɛ la dome.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Woatsɔ agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ayra ame miliɔn geɖewo. Ànɔ wo domea?