Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Korinto—“Dugã Si Ðo Kpo Ðe Melidzeƒe Eve Dzi”

Korinto—“Dugã Si Ðo Kpo Ðe Melidzeƒe Eve Dzi”

 Korinto—“Dugã Si Ðo Kpo Ðe Melidzeƒe Eve Dzi”

NE ÈLÉ ŋku ɖe Greece dukɔa ƒe anyigbatata ŋu la, akpɔe be dukɔa ƒe akpa gãtɔ nye ƒukpo afã kple nu si dze abe ƒukpo gã aɖe ene le anyiehe gome. Anyigba lɛ aɖe tsia anyigba eve siawo ɖekae, eye anyigba lɛ sia ƒe akpa si mekeke kura o la anɔ abe kilometa 6 ene. Anyigba lɛ sia si woyɔna be Korinto ƒe ƒudomenyigba bíi la tsia Peloponnese ƒukpo afã si le anyiehe gome la kple dukɔa ƒe akpa gãtɔ si le dziehe gome la ɖekae.

Vevienyenye bubu aɖe hã le ƒudomenyigba bíi la ŋu. Woyɔnɛ be atsiaƒu ƒe tɔdzisasrã, elabena Saronik Ƒukɔme, si de nu ɣedzeƒe Mediterranea kple Aegea Ƒua me la le eƒe ɣedzeƒe gome, eye Korinto Ƒukɔme, si yi ɖade nu ɣetoɖoƒe Mediterranea, Adriatik Ƒua, kple Ionia Ƒua me, hã le eƒe ɣetoɖoƒe gome. Esiawo katã titinae Korinto dugã, si nye teƒe vevi aɖe si apostolo Paulo tɔna ɖo le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔwo me, si ƒe ŋkɔ nyɔ le eƒe nudzedziname kple kesinɔnu geɖeawo kple agbe maɖɔʋuwo nɔnɔ ta la le.

Dugã Si Le Afi Si De Edzi

Wotso Korinto dugã la ɖe anyigba lɛ vevi sia ƒe ɣetoɖoƒe gome. Melidzeƒe eve le dugã sia me, ɖeka le eƒe ƒudomenyigba bíi la ƒe go si me, eye evelia hã le eƒe go kemɛ—siwo ƒe ŋkɔwo nye Lechaeum, le ɣetoɖoƒe gome, kple Kenxrea, le ɣedzeƒe gome. Esia ta Helatɔ anyigbaŋutinunyala Strabo ɖɔ Korinto be enye “dugã si ɖo kpo ɖe melidzeƒe eve dzi.” Asitsamɔ siwo to anyigba ƒuƒui  kple atsiaƒu dzi geɖe Korinto dua me la na wòva le teƒe deamedzi aɖe, si na eƒe ŋkɔ nyɔ le asitsanyawo me, eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe anyigba ƒuƒui dzi mɔ siwo ge ɖe dua me le dziehe kple anyiehe gome kpakple afi siwo meliwo tona le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe gome ge ɖe eme la siaa dzi le asitsanyawo me.

Tso keke blema ke la, meli siwo tsoa ɣedzeƒe (Asia Sue, Siria, Foinike, kple Egipte) kple ɣetoɖoƒe (Italy kple Spain) la kua woƒe agbatsɔʋuwo vaa afi sia, eye woɖea agbaawo ɖe melidzeƒeawo dometɔ ɖeka hedea wo ʋu kilometa ʋɛ aɖewo yia ƒudomenyigba bíi la ƒe akpa kemɛ. Woɖea agbaawo dea tɔdziʋu bubuwo me le afi ma heyia mɔzɔzɔa dzi. Wohea tɔdziʋu suewo toa ƒudomenyigba bíi la dzi to mɔ aɖe si woyɔna be diolkos la dzi.—Kpɔ  aɖaka si le axa 27.

Nu ka tae tɔdzimɔzɔlawo lɔ̃a mɔ si to ƒudomenyigba bíi la dzi la boŋ zazã? Elabena esia nana woƒoa asa na kilometa 320 ƒe mɔzɔzɔ to ƒu dzi aƒo xlã Peloponnese ƒutato siwo dzi ahom sesẽwo tuna le ƒe afɔkuwo. Malea Ƒutato, si ŋu wogblɔna le be, “Ne ète kpɔ be yeaxa mɔ ato Malea Ƒutatoa ŋu la, ke màgatrɔ agbɔ va aƒe o” la koŋue ƒudzimɔzɔlawo ƒoa asa na.

Kenxrea—Melidzeƒe Si Nyrɔ La Dzego

Kenxrea melidzeƒe, si didi tso Korinto ƒe ɣedzeƒe gome gbɔ anɔ abe kilometa 11 ene lae nye tɔdziʋu siwo katã toa Asia Ƒu gã la dzi la ƒe ʋudzeƒe mamlɛa. Egbea la, eƒe afã nyrɔ le anyigbaʋuʋu siwo dzɔ le ƒe alafa enelia M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo la ta. Strabo ɖɔ Kenxrea be enye melidzeƒe si tɔdziʋu geɖewo va tɔna ɖo eye eƒe kesinɔnuwo do agbogbo ŋutɔ, eye Roma xexemenunyala Lucius Apuleius hã yɔe be “melidzeƒe gã si dukɔ geɖewo ƒe meliwo vana kabakaba.”

Le Romatɔwo ƒe dziɖuɣi la, melidzeƒea ƒe ʋudzeƒe eve ƒokpli aɖe si do ta ɖe atsiaƒua me, si ƒe dzedzeme ɖi sɔfɔkpa la, nɔ anyi, si keke meta 150 va se ɖe 200, eye wònɔ abe agbo si nu ʋuawo tona gena ɖe melidzeƒea ene. Meli siwo ƒe didime de meta 40 gɔ̃ hã te ŋu tɔna ɖe afi ma. Tomenukuku si wowɔ le eƒe anyieheɣetoɖoƒe gome la na woke ɖe gbedoxɔ aɖe, si wobu be enye mawunɔ Isis ƒe kɔkɔeƒe la, ƒe akpa aɖewo ŋu. Nuto aɖe si me wotu xɔ geɖewo ɖo si nɔ melidzeƒea ƒe go kemɛ la anya nye mawunɔ Aphrodite ƒe gbedoxɔ. Wobua mawunɔ eve siawo be wonye mawu tɔxɛ siwo kpɔa tɔdzimɔzɔlawo ta.

 Anɔ eme be tɔdzimɔzɔzɔ ƒe asitsatsa siwo yia edzi le melidzeƒea lae na apostolo Paulo wɔ dɔ le Korinto abe avɔgbadɔwɔla ene. (Dɔwɔwɔwo 18:1-3) Agbalẽ si nye In the Steps of St. Paul gblɔ be: “Ne vuvɔŋɔliwo le ɖoɖom la, dɔ geɖe va doa agbogbo ɖe avɔgbadɔwɔla siwo le Korinto, siwo ganye abalawɔlawo la, dzi. Esi meli gbogbo aɖewo va xɔa melidzeƒe eveawo fũu le vuvɔŋɔlia be woagbugbɔ ɖɔɖɔɖowo awɔ le wo ŋu, eye mɔzɔzɔ megayia edzi o ta la, Lechaeum kple Kenxrea melidzraɖolawo te ŋu kpɔa dɔ na ame ɖe sia ɖe si ate ŋu atɔ abala la be woawɔ.”

Esi Paulo nɔ Korinto hena ɣleti 18 megbe la, eɖo meli tso Kenxrea yi Efeso le ƒe 52 M.Ŋ. me lɔƒo. (Dɔwɔwɔwo 18:18, 19) Le ƒe ene aɖewo megbe la, woɖo Kristo hame aɖe ɖe Kenxrea. Biblia gblɔ na mí be Paulo bia tso Kristotɔ siwo nɔ Roma la si be woana kpekpeɖeŋu nyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Foibe, si nɔ “Kenxrea hamea” me la.—Romatɔwo 16:1, 2.

Egbea la, ame siwo ɖia tsa yia Kenxrea ƒulɔgo la ƒua tsi zɔzrɔ̃e si te melidzeƒea ƒe akpa siwo nyrɔ ƒe nu gbagbãwo le la. Wo dometɔ akpa gãtɔ menya gɔ̃ hã be ƒe alafa geɖewo va yi la, nuto sia ƒe ŋkɔ nyɔ le Kristotɔwo ƒe dɔwo kple asitsanyawo me o. Alea kee wònɔ le Korinto ƒe melidzeƒe evelia, si nye Lechaeum la hã gome le ƒudomenyigba bíi la ƒe ɣetoɖoƒe gome.

Lechaeum—Ɣetoɖoƒegomegbo La

Wodo ablɔ aɖe si woyɔna be Lechaeum Mɔ, si didi kilometa 2, la tso Korintotɔwo ƒe asi gã me tẽe yi eƒe ɣetoɖoƒemelidzeƒe si nye Lechaeum. Mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo ku ƒuta la ƒe akpa aɖe hetu melidzeƒea ɖe afi ma, eye woli kɔ ke si woku la ƒe ɖe ɖe ƒua ta be wòakpɔ meli siwo wode seke ɖi la ta be ya sesẽ si ƒona tso atsiaƒua dzi la nagahe wo adzoe o. Ɣeaɖeɣi va yi la, melidzeƒe siae nye gãtɔ kekeake le Mediterranea nutoa me. Tomenukulawo ke ɖe akaɖixɔ aɖe, si nye mawu Poseidon ƒe kpememe si lé dzo si nɔ bibim ɖe asi la ƒe akpa aɖewo ŋu.

Afɔtoƒewo, duxɔ gãwo, gbedoxɔwo, kple sɔti siwo dome fiasewo le la nɔ Lechaeum Mɔ, si toga woɖo gli eve ɖo, la to keŋ. Afi siae Paulo anya do go ame siwo nɔ asi ɖim ŋkubiãtɔe, nukpoloeƒolawo, fiasetɔwo, kluviwo, asitsalawo, kple bubuawo le—si na wònye teƒe si sɔ nɛ nyuie hena gbeƒã ɖeɖe.

Menye asitsaƒe koe Lechaeum nye o, ke enye aʋawɔʋuwo ƒe nɔƒe hã. Ame aɖewo gblɔna be Korintotɔ meliwɔla si ŋkɔe nye Ameinocles lae to tɔdziʋu siwo ƒe go eveawo akɔfa etɔ̃etɔ̃ nɔna, siwo nye aʋawɔʋu sesẽ siwo nɔ anyi le blema la dometɔ aɖewo, la vɛ le Lechaeum meliwɔƒe le ƒe 700 D.M.Ŋ. me lɔƒo. Atenetɔwo zã aʋawɔʋu mawo le woƒe futɔ siwo nye Persia ʋakɔwo dziɖuɖu me le Salami le ƒe 480 D.M.Ŋ. me.

 Teƒe sia si nye melidzeƒe si amewo mevɔna le o tsã la va zu “tɔgba yibɔ siwo to aƒlawo mie ɖo.” Naneke meɖee fia be melidzeƒe gãtɔ kekeake siwo nɔ Mediterranea nutoa me tsã la dometɔ ɖeka nɔ teƒe sia ƒe alafa geɖewo va yi o.

Menɔ Bɔbɔe Na Kristotɔ Siwo Nɔ Korinto La O

Menye asitsaƒe koe Korinto melidzeƒeawo nye o, ke wonye teƒe siwo ŋusẽkpɔɖeamedzi geɖewo va xɔ aƒe ɖo hekpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe dua me tɔwo dzi vevie. Le nyateƒe me la, ame geɖewo va tsaa asi le melidzeƒe siawo si wɔe be kesinɔnuwo do agbogbo ɖe dua me. Korinto dua kpɔ kesinɔnu geɖe to adzɔxɔxɔ le melidzeƒea kple mɔtahoxɔxɔ ɖe agbawo tsɔtsɔ to ʋumɔwo dzi me kpakple ɖe melitoƒeawo zazã ta. Korintotɔwo xɔa adzɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi mɔwo hã dzi toto ta. Le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo la, adzɔ vovovo siwo Dukɔa xɔna le asiwo me kple ɖe melidzeƒeawo zazã ta la sɔ gbɔ ale gbegbe be wova dzudzɔ adzɔxɔxɔ le dukɔmeviwo si.

Korintotɔwo gakpɔ ga geɖe tso adzɔxɔxɔ le adzɔdola siwo va tsi dua me hã si me. Wo dometɔ geɖe ƒo wo ɖokuiwo ɖe agbeɖuɖu blibaa me. Korintotɔwo gakpɔ kesinɔnu geɖe hã tso ƒudzimɔzɔla geɖe siwo va nɔa dua me gbɔ. Abe ale si Strabo gblɔe ene la, wozãa woƒe ga faa. Dua me tɔwo wɔa dɔ geɖe na wo, siwo dometɔ aɖee nye meliwo dzadzraɖo.

Le Paulo ƒe ŋkekeawo me la, woka nya ta be ame 400,000 sɔŋ ye nɔ dua me, eye Roma, Aleksandria, kple Siriatɔwo ƒe du si nye Antioxia koe nye du siwo me amewo sɔ gbɔ le wui ɣemaɣi. Helatɔwo, Romatɔwo, Siriatɔwo, Egiptetɔwo, kple Yudatɔwo nɔ Korinto dua me. Le eƒe melidzeƒeawo ta la, mɔzɔlawo, amedzro siwo vaa kamedefefewɔƒewo, aɖaŋudɔwɔlawo, xexemenunyalawo, asitsalawo kple bubuawo vaa dua me edziedzi. Amedzro siawo tsɔa nunanawo vaa gbedoxɔa me hesaa vɔ na mawuawo. Esiawo katã na Korinto va zu dugã si me kesinɔnuwo kple agbeɖuɖu bɔ ɖo—ke hã, eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo hã li.

Agbalẽ si nye In the Steps of St. Paul gblɔ be: “Esi melidzeƒe eve nɔ Korinto dua ƒe go eveawo dzi ta la, dukɔ vovovo me tɔ gbogbo siwo ƒe meliwo va tɔna ɖe melidzeƒea la ƒe agbenɔnɔ dzeakaɖawo kpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒomevi vovovoawo dzi.” Ɣedzeƒetɔwo kple Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe agbe manyatalenu kple nu gbegblẽ wɔwɔ vovovowo va ƒokpli ɖe dua me nyamaa. Esia wɔe be Korinto va zu agbe dzeakaɖa nɔnɔ kple kesinɔnuwo didi vivivo ƒe du—du si me agbe gbegblẽ nɔnɔ kple gbɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo bɔ ɖo wu le blema Hela. Ne wogblɔ be ame aɖe le agbe nɔm abe Korintotɔwo ene la, àse egɔme be enye agbe maɖɔʋu kple agbe gbegblẽ nɔla.

Ale si kesinɔnuwo didi vivivo kple agbe gbegblẽ nɔnɔ bɔ ɖe dua me la nye tetekpɔ na Kristotɔwo ƒe xɔsemeléle ɖe asi. Ehiã be woaxlɔ̃ nu Yesu yomedzela siwo nɔ Korinto la be woalé tenɔnɔ nyui me ɖe asi le Mawu ŋkume. Eya ta esɔ nyuie be Paulo ƒo nu tsi tsitre ɖe ŋukeklẽ, adzodada, kple makɔmakɔnyenye ŋu vevie le lɛta siwo wòŋlɔ ɖo ɖe Korintotɔwo me. Ne èle lɛta mawo si tso gbɔgbɔ me xlẽm la, ɖikeke mele eme o be àde dzesi ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo gbegbe wòle be Kristotɔ siwo nɔ afi ma nakpe akɔ kpli la godoo.—1 Korintotɔwo 5:9, 10; 6:9-11, 18; 2 Korintotɔwo 7:1.

Ke hã, kɔdzɔkplidu sia ƒe nyuiƒewo hã li. Nya yeyewo ɖeɖe ɖe go bɔ ɖe dua me ŋutɔ. Dua me tɔwo lɔ̃na faa xɔa nukpɔsusu yeyewo wu du bubu siwo me Paulo de. Biblia ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be: “Esi Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe dukɔ me tɔwo va xɔ aƒe ɖe blema melidzeƒedu sia me ta la, nukpɔsusu, xexemenunya, kple subɔsubɔ ŋuti nya yeye ɖe sia ɖe ƒomevi te ŋu sua dua me tɔwo si bɔbɔe.” Esia wɔe be woɖe mɔ ɖe subɔsubɔ ƒomevi vovovowo ŋu le dua me, eye edze ƒãa be esiae na wònɔ bɔbɔe na Paulo be wòaɖe gbeƒã le afi ma.

Korinto ƒe melidzeƒe eveawo—Kenxrea kple Lechaeum—wɔ akpa vevi aɖe le ale si kesinɔnuwo bɔ ɖe dua me eye wòxɔ ŋkɔ la me. Gake melidzeƒe siawo na agbenɔnɔ le Korinto nye tetekpɔ na Kristotɔwo. Nenema kee wòle le míaƒe xexea me egbea hã. Ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo, abe kesinɔnuwo didi vivivo kple agbe gbegblẽ nɔnɔ ene, ate ŋu ana ame kple Mawu dome ƒomedodo naɖo afɔku me. Eya ta anyo be míawo hã míawɔ ɖe nya siwo tso gbɔgbɔ me, siwo Paulo tsɔ xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Korinto la dzi.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 27]

 DIOLKOS LA—AGBAWO TSƆTSƆ TO ANYIGBA ƑUƑUI DZI

Le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me ƒe nuwuwu lɔƒo, esi agbagba siwo wodze be woaɖe tsimɔ aɖe do kpo nu la, Periander, si nye Korinto dziɖula, na wodo mɔ aɖe aɖaŋutɔe be woate ŋu atsɔ agbawo ato ƒudomenyigba bíi la dzi ayi eƒe akpa kemɛ. * Mɔ sia si woyɔ be diolkos, si gɔmee nye “he to edzi” la, nye mɔ aɖe si wotsɔ kpe gbadza gãwo doe heɖe mɔwo tsogae heda ati siwo ŋu wosi ami ɖo la ɖe wo me keŋ. Wodea agba siwo woɖe le meliwo me le melidzeƒewo la tasiaɖamwo me henana kluviwo hea wo toa mɔ sia dzi yina eƒe go kemɛ. Ɣeaɖewoɣi wohea tɔdziʋu sue siwo wodo agba na la hã toa mɔ sia dzi yia eƒe go kemɛ.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 29 Kpɔ nyati si nye “Korinto Tsimɔ La Kple Eƒe Ŋutinya,” si dze le December 22, 1984, ƒe yevugbe me Nyɔ! axa 25-27 me la hena egbegbe tsimɔ si le Korinto la tutu ŋutinyawo.

[Anyigbatata si le axa 25]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

GREECE

Korinto Ƒe Ƒudomenyigba Bíi

Lechaeum Melidzeƒe

Blema Korinto

Kenxrea

Korinto Ƒukɔme

Saronik Ƒukɔme

Peloponnese

IONIA ƑU

Malea Ƒutato

AEGEA ƑU

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Agbatsɔmeliwo toa Korinto Tsimɔ la dzi egbea

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Lechaeum Melidzeƒe

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Kenxrea Melidzeƒe

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 25]

Todd Bolen/Bible Places.com