Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Kplɔa Ðeviwo Be Woava Zu Mawudɔlawo Le Dziƒoa?

Ðe Mawu Kplɔa Ðeviwo Be Woava Zu Mawudɔlawo Le Dziƒoa?

Exlẽlawo Bia Be

Ðe Mawu Kplɔa Ðeviwo Be Woava Zu Mawudɔlawo Le Dziƒoa?

Ne ɖevi aɖe ku la, xɔlɔ̃wo dzea agbagba be yewoafa akɔ na ƒome si dzi kua dzɔ ɖo. Ame aɖewo gblɔna be, “Anye be Mawu hiã mawudɔla bubu le dziƒo.” Ðe susu le nya sia me na wòa?

Ne nyateƒee wònye be Mawue nana ɖeviwo kuna le esi wòhiã mawudɔla geɖe le dziƒo ta la, ke ema afia be mesea veve ɖe ame nu kura o, eye be enye tagbɔsesẽtɔ. Gake Biblia megblɔ nenema kura o. (Hiob 34:10) Vifofo dɔmenyotɔ aɖeke maxɔ ɖevi aɖe le edzilawo si sesẽe be yeana yeƒe ƒomea nasɔ gbɔ ɖe edzi o. Ke hã, dzila amegbetɔ aɖeke ƒe dɔme metrɔna ɖe ame ŋu de Yehowa, ame si ƒe nɔnɔme ɖedzesi nye lɔlɔ̃ la, nu o. (1 Yohanes 4:8) Lɔlɔ̃ deto si le esi la maɖe mɔ nɛ be wòawɔ nu tagbɔsesẽtɔe alea gbeɖe o.

Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe Mawu le mawudɔla bubuwo hiãm kpee le dziƒoa?’ Biblia gblɔ be Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã nyo hede blibo. (5 Mose 32:4) Mawudɔla miliɔn geɖe siwo eya ŋutɔ wɔ tẽe la nye dɔ si wòwɔ de go bliboe, eye naneke meto le eme o. (Daniel 7:10) Ðe wòanye be Mawu menya mawudɔla agbɔsɔsɔ si wòhiã la oa? Menye nenemae kura o! Kakaɖedzitɔe la, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la mawɔ vodada ma tɔgbi akpɔ o. Enye nyateƒe be Yehowa tia amegbetɔ aɖewo be yeana gbɔgbɔŋutilã wo bene woava ɖu fia le yeƒe Fiaɖuƒea me le dziƒo, ke hã, menye ɖeviwoe woanye le ɣeyiɣi si me woaku o.—Nyaɖeɖefia 5:9, 10.

Susu bubu si ta Mawu makplɔ ɖeviwo tso anyigba dzi be woava zu mawudɔlawo le dziƒo o enye be, esia mawɔ ɖeka kple tameɖoɖo si le esi tso gɔmedzedzea me na ɖeviwo o. Mawu gblɔ na Adam kple Xawa le Eden bɔa me be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.” (1 Mose 1:28) Ðeviwo nye Mawu ƒe nunana, eye ewɔ amegbetɔwo be woadzi vi ale be eƒe gɔmedzetameɖoɖo be ameƒomea me tɔ nuteƒewɔlawo nayɔ anyigba dzi la nava eme. Meɖoe gbeɖe be ɖeviwo naku kukpo bene yeatrɔ wo woava zu gbɔgbɔmenuwɔwɔwo o. Biblia ɖo kpe edzi be, ɖeviwo nye “domenyinu tso Yehowa gbɔ.” (Psalmo 127:3) Ðe Yehowa, lɔlɔ̃ ƒe Mawu la, axɔ nunana aɖe si wòtsɔ na dzilawo la le wo sia? Kura o!

Ðevi ƒe ku nana woléa blanui vevie, eye wònyea nuxaxa kple vevesese geɖe na ame. Ke ɖe mɔkpɔkpɔ aɖe li na dzila siwo le nu xam laa? Biblia do ŋugbe be Mawu ava fɔ ame miliɔn geɖe siwo ku la ɖe tsitre le paradiso me le anyigba sia dzi. Wò ya kpɔe ɖa ko, woafɔ ɖeviwo woanɔ lãmesẽ blibo me eye woagava wɔ ɖeka kple woƒe lɔlɔ̃tɔwo. (Yohanes 5:28, 29) Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be ɖeviwo natsi, woase vivi le agbe me, eye woasrɔ̃ nu tso eyama kple eƒe tameɖoɖo na anyigba la ŋu. Eya ta ɖevi siwo ku la mezu mawudɔlawo le dziƒo o, ke boŋ wole lalam hena tsitretsitsi le paradiso me le anyigba dzi. Ɣemaɣi, le mía Wɔla la ƒe belélename lɔlɔ̃tɔe me la, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa akpɔ dzidzɔ le Yehowa Mawu subɔsubɔ me yi ɖe mavɔmavɔ me.