Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

 Ènyaa?

Aleke Mawu bu ɣletivimefakaka si yi edzi le Israel viwo dome lae?

Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe ɣletivimefakaka gɔme be enye “nusɔsrɔ̃ tso ɣletinyigbawo, ɣe, ɣleti, kple ɣletiviwo ƒe zɔɖeɖe ŋuti le esi woxɔe se be woƒe zɔɖeɖea tea ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzi ta.” Ne anyigbaa le xlã ƒom ɣea ƒe sia ƒe la, anyigbadzinɔlawo kpɔnɛ be ɣletivihatsotsowo ƒe nɔƒe nɔa tɔtrɔm. Tso blema ke la, amewo nɔa ŋku lém ɖe tɔtrɔ siawo ŋu hegblɔna be gɔmesese tɔxɛ aɖe le wo ŋu.

Anɔ eme be blema Babilontɔwo, siwo subɔa ɣletiviwo kple ɣletivihatsotsowo lae to ɣletivimefakaka vɛ. Israel viwo hã va ƒo wo ɖokuiwo ɖe subɔsubɔ sia me esime wotra ɖa tso tadedeagu vavãtɔa gbɔ. Kaka Yuda Fia Yosiya ƒe ɣeyiɣiawo naɖo la, ɣletivimefakaka va xɔ aƒe ɖe dukɔa me keŋ. Ale si Mawu bu nuwɔna siae la me kɔ ƒãa. Ƒe alafa aɖewo do ŋgɔ la, Mose ƒe Sea gblɔ be ame sia ame si kpɔ gome le ɣletiviwo subɔsubɔ me la dze na ku.—5 Mose 17:2-5.

Afɔ siwo Fia Yosiya ɖe be yeatsɔ ana Yudatɔwo natrɔ ɖe tadedeagu dzadzɛtɔa ŋu la dometɔ aɖee nye sedede ɖe vɔsasa na “ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo katã” nu. Le Biblia ƒe nya nu la, fia la ɖe afɔ sia le esi wòdi “be yeadze Yehowa yome, eye yealé eƒe sewo” me ɖe asi ta. (2 Fiawo 23:3-5) Esia nye kpɔɖeŋu si wòle be ame siwo di be yewoade ta agu na Mawu le “gbɔgbɔ kple nyateƒe” me egbea la nasrɔ̃.—Yohanes 4:24.

Ame kawoe woyɔ le Dɔwɔwɔwo 28:11 be “Zeus Viwo”?

Biblia gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo ka nya ta be esi apostolo Paulo yina ɖe Roma la, eɖo tɔdziʋu aɖe tso Melite yi Puteoli, eye be dzesi si nɔ ʋua ŋu lae nye “Zeus Viwo.” (Dɔwɔwɔwo 28:11) Blema tɔƒodelawo kple ƒudzimɔzɔlawo zãa dzesi sia ŋutɔ.

Le Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe xotutuwo me la, woƒe mawu Zeus (alo Jupiter) kple mawunɔ Leda wodzi venɔvi eve, Castor kple Pollux. Wobua ‘Zeus Vi’ siawo be wonye ƒudzidelawo ƒe mawu siwo kpɔ ŋusẽ ɖe ya kple ƒutsotsoewo dzi. Eya ta wova subɔa wo abe tɔƒodelawo ƒe mawuwo ƒe tatɔwo ene. Ƒudzimɔzɔlawo saa vɔ na wo hedoa gbe ɖa na wo be woakpɔ yewo ta tso ahom me. Ame akpa gãtɔ xɔ edzi se be mawu venɔvi siawo ɖe woƒe ametakpɔŋusẽ fia to St. Elmo ƒe dzo, si nye keklẽ ƒomevi aɖe si dzena le tɔdziʋuwo ƒe abalatiwo tame ɣeaɖewoɣi ne ahom sesẽwo le tutum la dzi.

Castor kple Pollux subɔsubɔ va xɔ aƒe ɖe Helatɔwo kple Romatɔwo dome ŋutɔ, eye blemanuŋlɔɖi aɖe gblɔe kɔtɛ be subɔsubɔ sia nɔ nuto siwo ƒo xlã Kirene me, le Dziehe Afrika. Teƒe aɖe si te ɖe nuto sia ŋu le Alexandria, si le Egipte lae tɔdziʋu si ŋu woƒo nu tso le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me la tso.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Babilontɔwo ƒe nuŋlɔɖikpe si dzi wota Fia Nazimaruttash kple ɣletivihatsotsowo ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Denario gaku si dzi wota “Zeus Viwo” ɖo, ƒe 114-113 D.M.Ŋ.

[Picture Credit Lines on page 9]

Nuŋlɔɖikpe: Réunion des Musées Nationaux/Art Resource, NY; gaku: Courtesy Classical Numismatic Group, Inc./cngcoins.com