Tenɔnɔ Ðe Nuxaxa Nu
Tenɔnɔ Ðe Nuxaxa Nu
“[Yakob viŋutsuwo] kple vianyɔnuwo katã fa akɔ nɛ ʋuu do kpoe; ke egblɔ bena: Matsɔ konyifafa ayi vinye gbɔe le tsiẽƒe boŋ. Ale fofoa fa nɛ ŋutɔ.”—1 MOSE 37:35.
BLEMAFOFO Yakob xa nu vevie le viaŋutsu ƒe ku ta. Egblɔ be yeaxa nu va se ɖe yeƒe kugbe. Abe Yakob ene la, ànya se le ɖokuiwò me be nuxaxa si yeƒe ame vevi aɖe ƒe ku do na ye la nu sẽ ale gbegbe be enu mate ŋu ayi gbeɖe o. Ðe nuxaxa vevie nenema fia be mèxɔ Mawu dzi se oa? Kura o!
Biblia gblɔ tso Yakob ŋu be enye ŋutsu si si xɔse nɔ. Wokafu Yakob ɖe xɔse ɖedzesi si nɔ esi la ta abe tɔgbuia Abraham kple fofoa Isak ke ene. (Hebritɔwo 11:8, 9, 13) Ɣeaɖeɣi la, ewɔ avu kple mawudɔla aɖe zã blibo gɔ̃ hã bene Mawu nayra ye! (1 Mose 32:24-30) Edze ƒãa be Yakob nye ame si tsia dzi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu vevie. Ekema nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yakob ƒe nuxaxaa me? Ame ate ŋu axɔ Mawu dzi se vevie, evɔ wòagaxa nu vevie ne eƒe ame vevi aɖe ku. Le dzɔdzɔme nu la, ne ame vevi aɖe ku na mí la, míexaa nu, eye esia sɔ hã.
Nu Kae Nye Nuxaxa?
Nuxaxa ate ŋu akpɔ ŋusẽ vovovowo ɖe mía dzi, gake le ame geɖewo gome la, vevesese le seselelãme gome koŋ ye ɖea fu na wo. Bu nu si dzɔ ɖe Leonardo dzi esime wòxɔ ƒe 14, eye dɔléle aɖe si gblẽa nu le ame ƒe dzi kple eƒe dzitodzito ŋu la wu fofoa kpata la ŋu kpɔ. Leonardo maŋlɔ ŋkeke si dzi nɔɖia gblɔ fofoa ƒe ku ŋu nya nɛ la be gbeɖe o. Gbã la, melɔ̃ xɔe se be nyateƒee o. Ekpɔ fofoa ƒe kukua le ameɖigbea, gake nya la katã dze nɛ abe gli wɔmoyaa aɖe ko ene. Leonardo mete ŋu fa avi o anɔ abe ɣleti ade sɔŋ ene. Zi geɖe la, edea dzesii be yenɔa ye fofo dzɔm be wòagbɔ tso dɔ me. Exɔ ƒe ɖeka blibo hafi wòva ŋɔ ɖe eme keŋkeŋ be ɖe ye fofo ku. Esi wòva ŋɔ ɖe eme la, èkpɔe be yetsi akogo ŋutɔ. Nu tsɛwo—abe gbɔgbɔ va aƒe ƒuƒlu me ene—nana wòɖoa ŋku edzi be ye fofo megali o. Zi geɖe la, metea ŋu léa eɖokui le ɣeyiɣi mawo me o, ɖeko wòwóa avi. Esusua fofoa vevie!
Abe ale si nu si dzɔ ɖe Leonardo dzi ɖee fia nyuie ene la, nuxaxa nu ate ŋu asẽ ŋutɔ. Dzidzɔnya si le emee nye be woate ŋu ado tso nɔnɔme sia me. Gake ate ŋu axɔ ɣeyiɣi aɖewo hafi. Abe ale si wòxɔa ɣeyiɣi hafi abi gãwo kuna ene la, nenema kee wòle le nuxaxa hã gome. Ate ŋu axɔ ɣletiwo, ƒe ʋɛ aɖewo, alo esi wu nenema hafi nàte ŋu aɖu nuxaxa dzi. Gake ale si nèsea veve vevie le gɔmedzedzea me la dzi aɖe kpɔtɔ le ɣeyiɣi aɖewo megbe, eye vivivi la, mɔkpɔkpɔ ate asiwò susu le agbe me, eye viɖe ava nɔ agbea ŋu nɔm na wò ake.
Nyatakakawo ɖee fia be nuxaxa wɔa akpa vevi aɖe le nuteɖeamedzi dzi ɖeɖe kpɔtɔ me, eye wòkpena ɖe ame ŋu wòtrɔna ɖe nɔnɔme yeyea ŋu. Akpa si ame si ku la wɔna tsã esime wònɔ agbe la tsi ƒuƒlu. Ehiã be woatrɔ ɖe agbenɔnɔ ŋu ame ma manɔmee. Nuxaxa ate ŋu ana míaɖe míaƒe seselelãmewo afia. Enye nyateƒe be amewo katã mexaa nu le mɔ ɖeka nu o. Gake edze abe nu ɖeka aɖe ya nyea nyateƒe ene: Nuxaxa dzi zizi ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò le susu me, seselelãme, kple ŋutilã me. Ke aleke nàte ŋu aɖe wò nuxaxa afia le *
mɔ si sɔ nu? Eŋuti ɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le Biblia me.Tenɔnɔ Ðe Nuxaxa Nu
Ame geɖe siwo ƒe ame vevi aɖe ku la kpɔe be nuƒoƒo ɖea vi ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nya si Hiob, ame aɖe si ƒe ŋutinya woŋlɔ ɖe Biblia me, si ƒe vi ewoawo katã ku eye afɔku bubuwo dzɔ ɖe edzi la, gblɔ ɖa. Egblɔ be: ‘Nye agbe le ŋu nyɔm na nye luʋɔ, eya ta mana konyifafa nado bababa, eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesesewo me.’ (Hiob 1:2, 18, 19; 10:1) De dzesii be ehiã be Hiob nana eƒe konyifafa “nado bababa.” Aleke wòawɔ esiae? Egblɔ be: “Maƒo nu.”
Paulo, ame aɖe si dada ku, gblɔ be: “Nu siwo kpe ɖe ŋunye dometɔ ɖekae nye be meƒoa nu tso danye ŋu.” Eya ta nuƒoƒo tso wò seselelãmewo ŋu na xɔlɔ̃ aɖe si dzi nèka ɖo ate ŋu ana gbɔdzɔe aɖe si nu wò. (Lododowo 17:17) Esime Yone dada ku la, ebia tso nɔvia Kristotɔwo si be woava nɔ ye srãm kpɔ edziedzi. Egblɔ be: “Nuƒoƒo na nye vevesesea dzi ɖe kpɔtɔ.” Wò hã àte ŋu akpɔe be nuƒoƒo tso wò seselelãmewo ŋu kple wo gbɔgblɔ na ame aɖe si sea veve ɖe ame nu ana wòanɔ bɔbɔe be nànɔ te ɖe enu.
Nuŋɔŋlɔ hã ate ŋu ana gbɔdzɔe wò. Ame siwo wòsesẽna na be woaƒo nu tso woƒe seselelãmewo ŋu la akpɔe be nuŋɔŋlɔ tso yewoƒe seselelãmewo ŋu anɔ bɔbɔe wu. Esi Saul kple Yonatan ku la, ŋutsu wɔnuteƒe David ŋlɔ konyifaha wɔnublanui aɖe si me wòɖe eƒe nuxaxa ememetɔ gblɔ le. Seselelãme ƒe ha sia va zu Biblia gbalẽ si nye Samuel Evelia ƒe akpa aɖe mlɔeba.—2 Samuel 1:17-27.
Avifafa hã ate ŋu ana míakpɔ gbɔdzɔe le seselelãme gome. Biblia gblɔ be: ‘Ɣeyiɣi li na nu sia nu, avifaɣi kura gɔ̃ hã li.’ (Nyagblɔla 3:1, 4) Ame aɖe si míelɔ̃ vevie ƒe ku nye “avifaɣi” vavã. Mele be wòakpe ŋu na mí be míefa avi esime míele nu xam o. Biblia ƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla geɖe siwo fa avi tsɔ ɖe woƒe nuxaxa fia la ŋu. (1 Mose 23:2; 2 Samuel 1:11, 12) “Aɖatsi ge le mo na” Yesu Kristo esime wòte ɖe exɔlɔ̃ Lazaro si ku eteƒe medidi o la ƒe yɔdo ŋu.—Yohanes 11:33, 35.
Nuxaxa dzi ɖuɖu bia dzigbɔɖi, elabena àkpɔe be sẽ kple sẽ ko la, wò nɔnɔme trɔna. Ðo ŋku edzi be mele be avifafa nakpe ŋu na wò o. Nuteƒewɔla geɖewo kpɔe be, esɔ be yewoafa avi ne yewole nu xam, eye esia wɔa akpa vevi aɖe le nuxaxa dzi ɖuɖu me.
Te Ðe Mawu Ŋu
Biblia gblɔ na mí be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Mɔ vevi aɖe si dzi míato ate ɖe Mawu ŋue nye gbedodoɖa. Mègabu akpa si gbedodoɖa wɔna la nu tsɛ gbeɖe o! Biblia do ŋugbe fakɔname sia be: ‘Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.’ (Psalm 34:19) Egana kakaɖedzi sia mí be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò.” (Psalmo 55:23) Bu esia ŋu kpɔ. Abe ale si míegblɔe va yi ene la, ame geɖe kpɔe be nuƒoƒo tso yewoƒe seselelãmewo ŋu na xɔlɔ̃ aɖe si dzi yewoka ɖo la ɖe vi na yewo ŋutɔ. Ðe maɖe vi geɖe ŋutɔ wu be míagblɔ míaƒe seselelãmewo na Mawu si do ŋugbe be yeafa akɔ na mí la oa?—2 Tesalonikatɔwo 2:16, 17.
2 Korintotɔwo 1:3, 4; Romatɔwo 12:12.
Paulo, ame si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, gblɔ be: “Ne nyemegate ŋu le te nɔm ɖe vevesesea nu o, eye mese le ɖokuinye me be nyemate ŋu ado dzi hã o la, medzea klo doa gbe ɖa na Mawu. Meɖea kuku nɛ be wòakpe ɖe ŋunye.” Paulo ka ɖe edzi be yeƒe gbedodoɖawo kpe ɖe ye ŋu ŋutɔ. Wò hã àde dzesii be “akɔfafa katã ƒe Mawu” la ana dzideƒo kple ŋusẽ si nàtsɔ anɔ te ɖe nuxaxa nu la wò wòanye gbe siwo nèdona ɖa kutrikukutɔe la ƒe ŋuɖoɖo.—Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔ La
Yesu gblɔ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la. Ame si ɖenɛ fiana be yexɔ dzinye se la, togbɔ be aku hã la, agagbɔ agbe.” (Yohanes 11:25) Biblia gblɔ be ame siwo ku la agava nɔ agbe ake. * Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖee fia be yeate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Ɣeaɖeɣi la, efɔ nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe 12 la ɖe tsitre. Aleke ɖevia dzilawo wɔ nui? “Gbɔgblɔ bu ɖe wo le dzidzɔ si gbegbe wokpɔ la ta.” (Marko 5:42) Le Dziƒofia Yesu Kristo ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, afɔ ame gbogbo aɖewo ɖe tsitre be woava nɔ agbe le anyigba dzi—gake ɣemaɣi la, ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye axɔ aƒe ɖi. (Dɔwɔwɔwo 24:15; 2 Petro 3:13) Bu dzidzɔ gã si gbegbe wòanye ne ame siwo ku la gbɔ agbe, eye wogava wɔ ɖeka kple woƒe ame veviwo ake la ŋu kpɔ!
Claudete si ƒe viŋutsu ku le yameʋufɔkua me la, tsɔ via Renato ƒe foto da ɖe eƒe nufamɔ dzi. Zi geɖe la, ekpɔa fotoa hegblɔna na eɖokui be: ‘Míado go le tsitretsitsia me.’ Leonardo kpɔnɛ le susu me ɖaa be wofɔ ye fofo ɖe tsitre le xexe yeye si ŋugbe Mawu do la me. Nyateƒee, tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa nye akɔfafatsoƒe ŋutɔŋutɔ aɖe na ame siawo kple ame gbogbo siwo ƒe ame veviwo ku la siaa. Ate ŋu afa akɔ na wò hã!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
^ mm. 8 Kpɔ nyati si nye “Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòanɔ Te Ðe Nuxaxa Nu” le magazine sia ƒe axa 18 va se ɖe 20 lia hena numedzodzro ku ɖe ale si nàkpe ɖe viwòwo ŋu woanɔ te ɖe ame vevi aɖe ƒe ku nu ŋu.
^ mm. 19 Ne èdi tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ si le Biblia me ŋuti numeɖeɖe bubuwo la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si Yehowa Ðasefowo ta ƒe ta 7 lia.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]
“Akɔfafa Katã Ƒe Mawu” La
“Woayra mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu kple Fofo, ame si nye dɔmetɔtrɔwo ƒe Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu.”—2 Korintotɔwo 1:3.
Mawunyakpukpui sia ɖee fia be Mawu ate ŋu akpe ɖe esubɔla wɔnuteƒewo ŋu woado dzi le kuxi alo kplamatsɛdonu ɖe sia ɖe si woado goe la me. Mɔ aɖe si dzi Yehowa ate ŋu ato afa akɔ na míe nye to mía xɔlɔ̃ alo ame vevi aɖe si nye haxɔsetɔ la dzi.
Leonardo si fofo ku la, ɖo ŋku nudzɔdzɔ aɖe si na ŋusẽdoame kple akɔfafae la dzi. Ðeko wògbɔ va aƒe mee nye ema, eye esi wòɖo ŋku edzi be ame aɖeke meli o la, ete avifafa hehehe. Edo go yi tsaɖibɔ aɖe si te ɖe wo ŋu la me henɔ anyi ɖe bentsi aɖe dzi, eye wòyi avia fafa dzi. Esime wònɔ avia fam la, eɖe kuku na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu. Kasia ame aɖe ku agbatsɔʋu aɖe va tɔ ɖe egbɔ, kaka Leonardo nakpɔa, nɔviaŋutsu Kristotɔ aɖee! Ŋutsua nɔ agbawo mam na asisiwo, gake etra mɔ. Eƒe afi ma vava ɖeɖe dzaa de dzi ƒo na Leonardo ŋutɔ.
Ɣeaɖeɣi la, aho aɖe se le eɖokui me be yetsi akogo eye wòlé blanui vevie. Avifafa dzi ko wònɔ, elabena edze abe mɔkpɔkpɔ aɖeke kura meganɔ esi o ene. Eƒo koko na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu. Esime wògakpɔtɔ nɔ gbea dom ɖa la, ame aɖe ƒo ka nɛ. Tɔgbuiyɔvianyɔnu ye nɔ kaa ƒom nɛ. Aho sia gblɔ emegbe be: “Míaƒe dzeɖoɖo kpui ma ɖeɖe dzaa na be dzi gaɖo ƒonye. Ðeko mese le ɖokuinye me be eƒe kaƒoƒoa nye gbe si medo ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋunye la ƒe ŋuɖoɖo.”
[Aɖaka si le axa 9]
Akɔfafa Na Amewo
“[Mawu] ame si faa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me, bene míato akɔfafa si Mawu tsɔ le akɔ fam na mía ŋutɔwoe la dzi afa akɔ na ame siwo le xaxa ɖe sia ɖe ƒomevi me tom la.”—2 Korintotɔwo 1:4.
Kristotɔ vavã geɖe ŋutɔ kpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye dze sii. Esi wofa akɔ na wo wote ŋu nɔ te ɖe woƒe ame vevi aɖe ƒe ku nu ta la, wokpɔe be yewosu te ade dzi ƒo na ame bubuwo ahafa akɔ na wo.
Bu Claudete si yi ɖasrãa amewo kpɔ edziedzi heƒoa nu na wo tso eƒe dzixɔse si wòtu ɖe Biblia dzi la ŋu kpɔ. Do ŋgɔ na via ƒe ku la, esrãa nyɔnu aɖe si ƒe vi ʋumenugbagbeviɣidɔ wu la kpɔ edziedzi. Eƒe sasrãkpɔa doa dzidzɔ na nyɔnua, gake nyɔnua sena le eɖokui me be Claudete mate ŋu ase yeƒe vevesesea gɔme na ye bliboe o. Gake esi Claudete ƒe viŋutsua ku megbe teti ko la, nyɔnua va srãe kpɔ hegblɔ nɛ be, ɖe yeva be yeakpɔe ɖa be egakpɔtɔ lé eƒe xɔse la me ɖe asi fifia si vi ku nɛ mahã. Ale si Claudete ɖe xɔse sẽŋu fia la wɔ dɔ ɖe nyɔnua dzi si wɔe be wòlɔ̃ Claudete le Biblia srɔ̃m kplii edziedzi eye wòyi edzi le akɔfafa geɖe kpɔm tso Mawu ƒe Nya la me.
Esi Leonardo fofo ku megbe la, eɖoe be yeasrɔ̃ tokunɔgbe ale be yeate ŋu agblɔ Biblia me gbedeasi fakɔname la na tokunɔwo. Ekpɔe be agbagba si yedze be yeakpe ɖe tokunɔwo ŋu la ɖe vi na ye ale gbegbe. Egblɔ be: “Nu siwo kpe ɖe ŋunye mete ŋu nɔ te ɖe nuxaxa nu dometɔ ɖekae nye nye didi be makpe ɖe tokunɔwo ŋu woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu. Mezã nye ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe le kpekpeɖeŋunana wo me. Nye nuxaxa trɔ zu dzidzɔ esi nye Biblia nusrɔ̃vi gbãtɔ xɔ nyɔnyrɔ! Le nyateƒe me la, tso esime fofonye ku la, esiae nye zi gbãtɔ si dzi gadzɔm vevie le agbe me.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Nuƒoƒo tso wò seselelãmewo ŋu ate ŋu ana nàkpɔ gbɔdzɔe
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Nuŋɔŋlɔ ate ŋu aɖe vi le nuxaxa ɖeɖe fia me
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Nuxexlẽ tso tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu ate ŋu anye akɔfafatsoƒe ŋutɔŋutɔ aɖe
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Yesu do tsitretsitsi ƒe ŋugbe na ame siwo ɖenɛ fiana be yewoxɔ edzi se la