Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Marko Mena Ta O

Marko Mena Ta O

Fia Nu Viwòwo

Marko Mena Ta O

MARKO ŋlɔ Biblia gbalẽ ene siwo me Yesu ƒe agbemeŋutinya le la dometɔ ɖeka. Eyae nye kpuitɔ kekeake kple esi xexlẽ le bɔbɔe wu. Ame kae nye Marko? Èsusu be enya Yesua?— * Na míakpɔ dodokpɔ sesẽ siwo me Marko to, eye míakpɔ nu si na Marko yi edzi kpɔtɔ nye Kristotɔ ɖa.

Woyɔ Marko ƒe ŋkɔ zi gbãtɔ le Biblia me esime Fia Herodes Agripa na wolé Petro de gaxɔ me. Le zã aɖe me la, mawudɔla aɖe va ɖe Petro le gaxɔa me, eye Petro dzo yi ɖe Marko dada, Maria, si nɔ Yerusalem la ƒe me enumake. Ƒe ewo le Yesu ƒe ku, le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia megbee woɖe Petro le gaxɔ me.—Dɔwɔwɔwo 12:1-5, 11-17.

Ènya nu si tae Petro yi Maria ƒe me ɖoa?— Anɔ eme be enya Maria ƒe ƒomea me tɔwo, eye enya be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒoa ƒu ɖe eƒe aƒe me. Marko nɔvi Barnaba zu Yesu ƒe nusrɔ̃la xoxoxo, ne mede ɖeke o la, tso keke ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste Ŋkekenyuia dzi ke. Woƒo nu tso ale si wònyo dɔme na nusrɔ̃la yeyewo ɣemaɣi la ŋuti le Biblia me. Eya ta anɔ eme be Yesu nya Maria kple via Marko kpakple tasiyɔvia Barnaba.—Dɔwɔwɔwo 4:36, 37; Kolosetɔwo 4:10.

Marko ŋlɔ ɖe eƒe Nya Nyui Gbalẽa me be le zã si me wolé Yesu la, ɖekakpui aɖe si do aklalawu “ɖeɖe ko” la nɔ eteƒe. Marko ŋlɔe bena, esi futɔwo lé Yesu la, ɖekakpuia si. Ame kae nèsusu be ɖekakpui ma anya nye?— Ɛ̃, anya nɔ eme be Marko ŋutɔ ye! Eya ta esi Yesu kple eƒe apostoloawo do go zã ma me la, anɔ eme be Marko tsɔ awu aɖe do kpatakpata hekplɔ wo ɖo.—Marko 14:51, 52.

Le nyateƒe me la, Marko de ha kple Mawu subɔla geɖewo eye wòkpɔ nudzɔdzɔ wɔnuku geɖe siwo ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu hã teƒe. Anɔ eme hã be enɔ eteƒe esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe nusrɔ̃lawo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi, eye ede ha kplikplikpli kple Mawu ƒe subɔla wɔnuteƒewo abe Petro ene. Ezɔ kple nɔvia Barnaba, si do go Saul hekpe ɖe eŋu to eɖeɖefia Petro me, esime Yesu ɖe eɖokui fia Saul le ŋutega me anɔ abe ƒe etɔ̃ lɔƒo ene megbe, hã. Le ƒe aɖewo megbe la, wodɔ Barnaba ɖe Tarso be wòaɖado go Saul le afi ma.—Dɔwɔwɔwo 9:1-15, 27; 11:22-26; 12:25; Galatiatɔwo 1:18, 19.

Le ƒe 47 M.Ŋ. me la, wotia Barnaba kple Saul be woawɔ dutanyanyuigbɔgblɔ dɔ. Wokplɔ Marko ɖe asi, gake emegbe Marko va trɔ le wo yome gbugbɔ yi Yerusalem, evɔ womegblɔ susu si tae wòtrɔ le wo yome o. Saul, ame si wova yɔa eƒe Roma ŋkɔ Paulo na la do dziku ɖe eŋu. Eye meŋe aɖaba ƒu nu si Marko wɔ, si wòbu ŋkubiãnyae, la dzi o.—Dɔwɔwɔwo 13:1-3, 9, 13.

Esi Paulo kple Barnaba trɔ gbɔ tso dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔa me la, woka ale si gbegbe wokpɔ dzidzedzee la ta na nusrɔ̃lawo. (Dɔwɔwɔwo 14:24-28) Le ɣleti aɖewo megbe la, woa kple eve la woɖoe be yewoagbugbɔ aɖasrã nusrɔ̃la yeyeawo akpɔ le afi siwo yewogblɔ nya nyuia le tsã. Barnaba di be yewoakplɔ Marko ɖe asi, gake ènya nu si Paulo ya susua?— Eya ‘mebui be esɔ o,’ elabena le woƒe mɔzɔzɔ gbãtɔa me la, Marko va gblẽ wo ɖi hetrɔ va aƒe. Nu si dzɔ kplɔe ɖo la anya na Marko nalé blanui godoo!

Paulo kple Barnaba do dziku vevie, eye esi “woʋli nya kpli wo nɔewo dzikutɔe” megbe la, woklã mɔ tso wo nɔewo gbɔ. Barnaba kplɔ Marko ɖe asi yi ɖaɖe gbeƒã le Kipro, eye Paulo ya tia Sila woyi ɖasrã nusrɔ̃la yeyeawo kpɔ, abe ale si woa kple Barnaba woɖoe le gɔmedzedzea me ene. Anya te ɖe Marko dzi vevie be yeƒe nuwɔnae he masɔmasɔ de Paulo kple Barnaba dome loo!—Dɔwɔwɔwo 15:36-41.

Míenya nu si tae Marko trɔ le wo yome do ŋgɔ o. Ðewohĩ susu nyui aɖewo anya nɔ esi. Aleke kee wòɖale o, edze ƒãa be Barnaba ka ɖe edzi be magawɔ nenema ake o. Eye etɔ dzɔ be eka ɖe eyama dzi nenema. Elabena Marko meva trɔ le eyome o. Emegbe Marko kple Petro woɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔ dɔ le keke Babilon ke. Petro ɖo eƒe gbedonamewo ɖe nusrɔ̃lawo tso keke afi ma ke hegblɔ kpee be: “Nenema kee nye vinye Marko hã.”—1 Petro 5:13.

Ale si Petro kple Marko wowɔ dɔ kplikplikpli la wɔ nuku ŋutɔ! Esia gadzena nyuie ne míele Marko ƒe Nya Nyui Gbalẽa xlẽm. Marko ŋlɔ nudzɔdzɔ siwo teƒe Petro ŋutɔ kpɔ la ɖe eƒe nuŋlɔɖia me. Abe kpɔɖeŋu ene la, dzro ahom si tu le Galilea Ƒua dzi la ŋuti nudzɔdzɔa me le Nya Nyui Gbalẽ vovovoawo me kpɔ. Marko ya yɔ afi si tututu Yesu mlɔ anyi ɖo kple nu si tututu dzi wòmlɔ le tɔdziʋua me. Edze ƒãa be Petro si nye tɔƒodela koe ate ŋu ade dzesi nu siawo agblɔ nɛ. Ðe manyo be mía ŋutɔwo míaxlẽ ŋutinya sia si dze le Mateo 8:24; Marko 4:37, 38; kple Luka 8:23 la atsɔ asɔ kple wo nɔewo oa?

Emegbe esi Paulo nɔ gaxɔ me le Roma la, ekafu Marko le ale si wòkpe ɖe eŋu nuteƒewɔwɔtɔe ta. (Kolosetɔwo 4:10, 11) Eye esi wogava de Paulo ga me le teƒe ma ke la, eŋlɔ agbalẽ na Timoteo hebia tso esi be wòakplɔ Marko vae, heɖe eme be: “Enye kpeɖeŋutɔ nyui aɖe nam le subɔsubɔ gome.” (2 Timoteo 4:11) Vavãe, subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ nyuiwo va su Marko si le esi mena ta o ta!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Ne èle nyati sia xlẽ na ɖevi aɖe la, fli kpui sia tɔgbiwo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie ahaɖe mɔ na ɖevia be wòagblɔ eƒe susu.

Nyabiasewo:

○ Afi kae Marko nɔ, eye nu ka tae nàte ŋu agblɔ be anya nya Yesu?

○ Ame kawo koŋue kpe ɖe Marko ŋu?

○ Nudzɔdzɔ kae ate ŋu ana Marko nana ta hafi?

○ Alekee míewɔ nya be apostolo Paulo gava kpɔ ŋudzedze ɖe Marko ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ame kae ɖekakpui sia anya nye? Nu kae le dzɔdzɔm ɖe edzi, eye nu ka tae?

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Yayra kawoe Marko kpɔ le esi mena ta o ta?